INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 26 axa 66-axa 67 mm. 1
  • Ŋkutsala Wuieveawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkutsala Wuieveawo
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋkutsala 12 La
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nusi Dzi Yosua Ðo Ŋkui
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Tso Dzi Blibo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Nya Vevi Siwo Tso Yosua ƒe Agbalẽ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 26 axa 66-axa 67 mm. 1
Israel ŋutsu aɖewo le ŋku tsam le Kanaan-nyigba dzi

NUSƆSRƆ̃ 26

Ŋkutsala Wuieveawo

Israel-viwo dzo le Sinai Toa gbɔ eye woto Paran gbedzi yi teƒe si woyɔna be Kades. Yehowa gblɔ na Mose le afi ma be: ‘Dɔ ŋutsu wuieve, ame ɖeka natso to ɖe sia ɖe me ne woayi ava tsa ŋku le Kanaan-nyigba si matsɔ ana Israel-viwo la dzi.’ Eya ta Mose tia ŋutsu wuieve eye wògblɔ na wo be: ‘Miyi Kanaan ne miakpɔ ɖa be anyigba la nyo na agbledede hã. Mikpɔe ɖa be ameawo sesẽ loo alo womesesẽ o, eye mikpɔe ɖa hã be avɔgbadɔwo mee wole loo alo duwo mee wole.’ Ŋkutsala wuieveawo, siwo dome Yosua kple Kaleb le la dze mɔ yi Kanaan.

Israel-viwo le nyatoƒoe tom si wɔe be dzi ɖe le wo ƒo

Le ŋkeke 40 megbe la, ŋkutsalaawo trɔ gbɔ eye wotsɔ gbotsetsewo, yevuboɖawo kple waintsetsewo ɖe asi gbɔe. Ŋkutsalaawo gblɔ be: ‘Anyigba la nyo, gake ameawo sesẽ eye wole du siwo ŋu woɖo gli kɔkɔwo ɖo la me.’ Eye Kaleb gblɔ be: ‘Míate ŋu aɖu wo dzi. Mina míayi enumake!’ Ènya nu si ta Kaleb gblɔ nya ma? Elabena eya kple Yosua woɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Gake ŋkutsala ewo mamlɛawo ya gblɔ be: ‘Gbeɖe! Ameawo dzɔ atsu! Ðeko míele abe ʋetsuviwo ene le wo ŋkume.’

Dzi ɖe le Israel-viwo ƒo. Woto nyatoƒoe eye wogblɔ na wo nɔewo be: ‘Mina míaɖo kplɔla bubu ne míatrɔ ayi Egipte. Nu ka tae wòle be míayi teƒe ma ne woawu mí?’ Yosua kple Kaleb gblɔ na wo be: ‘Migagbe toɖoɖo Yehowa o, eye migavɔ̃ o. Yehowa akpɔ mía ta.’ Gake Israel-viwo meɖo to wo o. Wodi be yewoawu Yosua kple Kaleb gɔ̃ hã!

Nu kae Yehowa wɔ? Egblɔ na Mose be: ‘Le nu siwo katã mewɔ na Israel-viwo megbe la, wogbe toɖoɖom. Eya ta woanɔ gbeadzi ƒe 40, eye woaku ɖe afi sia. Wo viwo kple Yosua kpakple Kaleb koe ayi anyigba si ƒe ŋugbe medo be matsɔ ana wo la dzi.’

“Mi xɔseʋɛtɔwo, nu ka tae vɔvɔ̃ ɖo mi alea?”—Mateo 8:26

Nyabiasewo: Nu kae dzɔ esi ŋkutsala wuieveawo trɔ gbɔ tso Kanaan? Aleke Yosua kple Kaleb ɖee fia be yewoɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu?

4 Mose 13:1–14:38; 5 Mose 1:22-33; Psalmo 78:22; Hebritɔwo 3:17-19

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe