INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 28 axa 70-axa 71 mm. 1
  • Bileam Ƒe Tedzi Ƒo Nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Bileam Ƒe Tedzi Ƒo Nu
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tedzi Aɖe Ƒo Nu
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • 4 Mose Totoɖeme
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • Nya Vevi Siwo Tso Mose ƒe Agbalẽ Enelia Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Mikpɔ Nyuie le Aʋatsonufialawo Ŋu!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 28 axa 70-axa 71 mm. 1
Esi Bileam ƒe tedzia kpɔ mawudɔla aɖe le mɔa dzi la, etsyɔ akɔ anyi

NUSƆSRƆ̃ 28

Bileam Ƒe Tedzi Ƒo Nu

Israel-viwo nɔ gbeadzi ƒe 40 kloe. Woɖu du sesẽ geɖewo dzi. Fifia si wova le Moab tagba sẽ le Yordan-tɔsisia ƒe ɣedzeƒe gome la, ɣeyiɣia de be woayi ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi. Moab-fia Balak vɔ̃ be woava xɔ yeƒe anyigba le ye si. Eya ta edɔ ame ɖo ɖe Bileam be wòava Moab ava ƒo fi ade Israel-viwo.

Gake Yehowa gblɔ na Bileam be: ‘Mègaƒo fi de Israel-viwo o.’ Eya ta Bileam gbe be yemayi o. Fia Balak gadɔ ame ɖo ɖee zi evelia eye wògblɔ be yeatsɔ nu sia nu si wòdi la anɛ. Ke hã Bileam gbe kokoko. Eye Mawu gblɔ nɛ be: ‘Àte ŋu ayi, gake nu si magblɔ na wò koe nàgblɔ.’

Bileam de eƒe tedzi dzi eye wòɖo ta anyiehe yina Moab. Eɖoe be yeaƒo fi ade Israel-viwo togbɔ be Yehowa gblɔ nɛ be wòagawɔe o hã. Yehowa ƒe dɔla va tɔ ɖe mɔa dzi zi etɔ̃ sɔŋ. Bileam mete ŋu kpɔ mawudɔlaa o, gake Bileam ƒe tedzia ya kpɔe. Gbã la, tedzia dze le mɔa dzi yi gbe me. Emegbe tedzia yi ɖamimi ɖe gli aɖe ŋu eye wòmimi Bileam ƒe afɔ ɖe glia ŋu. Mlɔeba tedzi la tsyɔ akɔ anyi ɖe mɔa ƒe domedome. Bileam tsɔ ati ƒo tedzia zi etɔ̃ siawo katã.

Esi wòƒoe zi etɔ̃lia la, Yehowa na tedzia ƒo nu. Tedzia bia Bileam be: ‘Nu ka tae nèƒom zi etɔ̃ sɔŋ?’ Bileam ɖo eŋu be: ‘Èna medze bometsilae. Ne ɖe yi le asinyea ne mewu wò.’ Tedzi la biae be: ‘Èdom ƒe geɖe. Ðe mewɔ nu sia ɖe ŋuwò kpɔa?’

Azɔ Yehowa na Bileam kpɔ mawudɔla la. Mawudɔlaa gblɔ nɛ be: ‘Yehowa xlɔ̃ nu wò be mègaƒo fi de Israel-viwo o.’ Bileam gblɔ be: ‘Mewɔ nu vɔ̃. Matrɔ ayi aƒe.’ Gake mawudɔlaa gblɔ nɛ be: ‘Àte ŋu ayi Moab, gake nya si Yehowa gblɔ na wò la koe nàgblɔ.’

Ðe Bileam srɔ̃ nane tso nu siawo mea? Ao. Le esia megbe la, Bileam dze agbagba be yeaƒo fi ade Israel-viwo zi etɔ̃ sɔŋ, gake Yehowa na wòyra wo zi etɔ̃ sɔŋ boŋ. Emegbe Israel-viwo ho aʋa ɖe Moab ŋu eye wowu Bileam. Mèkpɔe be ne ɖe Bileam ɖo to Yehowa la, anye ne enyo wu oa?

“Mikpɔ nyuie le ŋukeklẽ ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu, elabena ne nu gbogbo aɖewo le ame si hã la, nu siawo mana agbee o.”—Luka 12:15

Nyabiasewo: Nu ka tae Bileam yi Moab? Esi wònɔ mɔa dzi yina la, nu kae dzɔ?

4 Mose 22:1–24:25; 31:8; Nehemiya 13:2; 2 Petro 2:15, 16; Yuda 11

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe