INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 56 axa 134-axa 135 mm. 1
  • Yosiya Lɔ̃ Mawu Ƒe Se La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yosiya Lɔ̃ Mawu Ƒe Se La
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yosiya Dze Xɔlɔ̃ Nyuiwo
    Fia Nu Viwòwo
  • Yosiya Ðokuibɔbɔla La Ƒe Nu Dze Yehowa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Israel Fia Nyui Mamlɛtɔ
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Yosiya Tiae Be Yeawɔ Nu Si Le Eteƒe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 56 axa 134-axa 135 mm. 1
Safan le agbalẽ aɖe xlẽm na Fia Yosiya

NUSƆSRƆ̃ 56

Yosiya Lɔ̃ Mawu Ƒe Se La

Ƒe enyi koe Yosiya xɔ esime wòzu Yuda-fia. Ɣemaɣi la, ameawo wɔa madziki eye wosubɔa trɔ̃wo. Esi Yosiya xɔ ƒe 16 la, edze agbagba srɔ̃ ale si wòasubɔ Yehowa le mɔ nyuitɔ nu. Esi wòxɔ ƒe 20 la, eɖe legbawo kple vɔsamlekpuiwo ɖa le anyigba la dzi. Eye esi wòxɔ ƒe 26 la, ewɔ ɖoɖo be woaɖɔ Yehowa ƒe gbedoxɔa ɖo.

Nunɔlagã Hilkiya fɔ Yehowa ƒe Se la le gbedoxɔa me, anye be Mose ye ŋlɔ agbalẽ si wòfɔ la. Fia ƒe agbalẽŋlɔla Safan tsɔ agbalẽa vɛ na Yosiya eye wòxlẽ Se la sesĩe na fia la. Esi Yosiya se Sea me nyawo la, ede dzesii be dukɔa me tɔwo gbe toɖoɖo Yehowa ƒe geɖe. Fia Yosiya gblɔ na Hilkiya be: ‘Yehowa do dɔmedzoe ɖe mía ŋu vevie. Yi nàƒo nu kple Yehowa. Ne wòagblɔ nu si míawɔ la na mí.’ Yehowa ɖo woƒe nyaa ŋu na wo to nyɔnunyagblɔɖila Hulda dzi be: ‘Yudatɔwo gblẽm ɖi. Mahe to na wo, gake menye le Yosiya ƒe fiaɖuɣi o, elabena ebɔbɔ eɖokui.’

Hilkiya fɔ agbalẽ si me Yehowa ƒe Sea le

Esi Fia Yosiya se nyaa la, eyi gbedoxɔa me eye wòna Yudatɔwo va ƒo ƒu. Exlẽ Yehowa ƒe Se la na dukɔ bliboa wose. Yosiya kple ameawo katã do ŋugbe na Yehowa be yewoaɖo toe tso dzi me.

Ƒe gbogbo aɖewo va yi si Yudatɔwo megaɖu Ŋutitotoa kpɔ o. Gake esi Yosiya xlẽe le Sea me ameawo se be ele be woaɖu Ŋutitotoa ƒe sia ƒe la, egblɔ na dukɔa be: ‘Míaɖu Ŋutitotozã na Yehowa.’ Emegbe Yosiya wɔ ɖoɖo be yewoasa vɔwo eye wògawɔ ɖoɖo hã be hadzilawo nadzi ha le gbedoxɔa me. Dukɔa ɖu Ŋutitotozãa, emegbe woɖu Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkekenyui la ŋkeke adre. Tso Samuel ƒe ŋkekea me la, womegaɖu Ŋutitotozã sia tɔgbi kpɔ o. Yosiya lɔ̃ Mawu ƒe Sea vavã. Ðe nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ŋu vivia nuwòa?

“Wò nya nye akaɖi na nye afɔ, kple kekeli na nye toƒe.”—Psalmo 119:105

Nyabiasewo: Aleke Fia Yosiya wɔ nui esi wòse Mawu ƒe Sea me nyawo? Ðe Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe Yosiya ŋua?

2 Fiawo 21:26; 22:1–23:30; 2 Kronika 34:1–35:25

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe