HADZIDZI 16
Mikafu Yah Ðe Mesia Fiaɖuƒea Ta
1. Yehowa si ami na Via
Be wòanye Fia aɖu dzi.
Adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔenyenye me,
Ma’u ƒe lɔlɔ̃nu nava ’me.
(HAXE)
Mikafu Yah ɖe Fiaɖuƒea ta;
Mido kɔkɔ Kristo Fia la,
Mi nuteƒewɔla si’o dzea ’yome
hewɔa eƒe sewo dzi.
Mikafu Yah ɖe Fiaɖuƒea ta;
Miɖe gbeƒãe be Via zu Fia.
Ame si Ma’u tsɔ dziɖuɖu na be
wòakɔ eƒe ŋkɔ la ŋu.
2. Mawu tia ’mesiaminawo;
Egbugbɔ dzi wo yeyee
Be woaɖu fia kple Yesu Kristo
Awɔ anyigba la yeyee.
(HAXE)
Mikafu Yah ɖe Fiaɖuƒea ta;
Mido kɔkɔ Kristo Fia la,
Mi nuteƒewɔla si’o dzea ’yome
hewɔa eƒe sewo dzi.
Mikafu Yah ɖe Fiaɖuƒea ta;
Miɖe gbeƒãe be Via zu Fia.
Ame si Ma’u tsɔ dziɖuɖu na be
wòakɔ eƒe ŋkɔ la ŋu.
(Kpɔ Lod. 29:4; Yes. 66:7, 8; Yoh. 10:4; Nyaɖ. 5:9, 10 hã.)