HADZIDZI 19
Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu La
1. Oo, Yehowa, mía Fofo Fiagã,
Akpe na wò ɖe zã sia ta!
Enye zã si me nèɖe wò lɔlɔ̃, nunya,
Dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ fia.
Ŋutitotoa kpɔ wò dukɔa ta;
Wotrɔ dzo le ablɔɖe me.
Ƒe geɖe megbe Yesu kɔ eƒe ʋu ɖi
Be wò nyagblɔɖi sia nava ’me.
2. Oo, míeda ’kpe ɖe wò lɔlɔ̃ ta;
Ètsɔ Viwò na ɖe mía ta.
Abolo la kple wain la
nye kpɔɖeŋu na
Viwò ƒe ʋu kple ŋutilã.
Míedi vevie be Ŋkuɖodzi sia
Natsi míaƒe susu me ɖaa,
Be míada ’kpe na wò ɖe
Viwò lɔlɔ̃a ta;
’Yae tsɔ eƒ’agbe na ɖe mía ta.
3. Oo, Ŋusẽkatãtɔ Yehowa,
Míeva ƒo ƒu ɖe ŋkuwòme
Be míada ’kpe na wò be nèdɔ Viwò ɖa
Wòva xe fe sia ɖe mía ta.
Míedi vevie be Ŋkuɖodzi sia
Nado ŋusẽ mí katã be
Mɔ si Kristo fia la dzi
míazɔ gbe sia gbe
Be agbe mavɔ nasu mía si.
(Kpɔ Luka 22:14-20; 1 Kor. 11:23-26 hã.)