HADZIDZI 54
“Mɔ Lae Nye Esi”
1. Mɔ aɖe li, ŋutifafa
Ƒe mɔ wònye.
Èsrɔ̃ nu tso eŋu,
Mɔ sia li tso blema.
Yesu fia nu tso ’ŋu
Nèse le Biblia me.
Ŋutifafamɔa li,
Yehowa ɖee fia mí.
(HAXE)
Mɔ lae nye ’si, Agbemɔ lae nye ’si.
Mègatrɔ o, Nɔvi kpɔ ŋgɔgbe tẽe!
Se Ma’u ƒe gbe be: “Mɔ lae nye ’si.
Gakpɔ megbe’o, ’labe mɔ lae nye ’si.”
2. Mɔ aɖe li, lɔlɔ̃
Vavã ƒe mɔ wònye.
Mawue fia mɔ sia mí,
Ena míeva dze sii.
Lɔlɔ̃ gã kae nye ’si!
Lɔlɔ̃ vavã wònye.
Lɔlɔ̃mɔ lae nye ’si,
Míazɔ edzi tegbee.
(HAXE)
Mɔ lae nye ’si, Agbemɔ lae nye ’si.
Mègatrɔ o, Nɔvi kpɔ ŋgɔgbe tẽe!
Se Ma’u ƒe gbe be: “Mɔ lae nye ’si.
Gakpɔ megbe’o, ’labe mɔ lae nye ’si.”
3. Mɔ aɖe li, agbe
Mavɔ ƒe mɔ wònye.
Mawue gblɔ na mí be
Mɔ nyuitɔ lae nye ’si.
Ŋutifafa, lɔlɔ̃
Kple agbemɔ wònye.
Mina míada akpe
Na mía Mawu gã la.
(HAXE)
Mɔ lae nye ’si, Agbemɔ lae nye ’si.
Mègatrɔ o, Nɔvi kpɔ ŋgɔgbe tẽe!
Se Ma’u ƒe gbe be: “Mɔ lae nye ’si.
Gakpɔ megbe’o, ’labe mɔ lae nye ’si.”
(Kpɔ Ps. 32:8; 139:24; Lod. 6:23 hã.)