HADZIDZI 101
Mina Míawɔ Dɔ Le Ðekawɔwɔ Me
Tatatɔ
1. Mawu ɖe mí tso xexea me
Va eƒe amewo dome.
Ðekawɔwɔ, ŋutifafa
Na míekpɔa dzidzɔ gã.
Míelɔ̃ ɖekawɔwɔ;
Evivina loo!
Mawu de dɔ geɖe mía si;
Efiaa mɔ mí to Vi la dzi.
Mina míaɖo toe, asubɔe,
Ne míawɔ dɔ ɖekae.
2. Do gbe ɖa be míawɔ ɖeka.
Nyo dɔme na ’mewo katã.
Lɔlɔ̃ ana míakpɔ dzidzɔ;
Ŋutifafa míakpɔ.
Ŋutifafa faa dzi,
Naa dzidzeme mí.
Ne míelɔ̃ mía nɔviwo la,
Ma’u ana ŋutifafa mí.
Ke míanɔ ɖekawɔwɔ me
Ahasubɔe tegbee.
(Kpɔ Mika 2:12; Zef. 3:9; 1 Kor. 1:10 hã.)