HADZIDZI 102
Míakpe Ðe Ame Siwo Gbɔdzɔ Ŋu
Tatatɔ
1. Gbɔdzɔgbɔdzɔwo sɔ gbɔ
Le mí katã ŋu.
Gake Yehowa lɔ̃a mí
Kpena ɖe mía ŋu,
Kpɔa nublanui na mí,
Ðea lɔlɔ̃ gã fiaa mí.
’Ya ta míalɔ̃ mía nɔvi’o,
Akpe ɖe wo ŋu.
2. Ne mía nɔviwo gbɔdzɔ,
Míagblẽ wo ɖi o.
Míaƒe dzideƒonyawo
Ado ŋusẽ wo.
Mía Mawu tɔ wozu,
Ana be woasẽ ŋu.
Míase veve ɖe wo nu,
Afa ’kɔ na wo.
3. Mía nɔvi siwo gbɔdzɔ
Hiã ŋusẽdodo.
’Gabu fɔ wo gbeɖe o,
Nyo dɔme na wo.
Wɔ nu ɖe wo ŋu nyuie,
Nàde dzi ƒo na wo.
Ne míekpe ɖe wo ŋu la,
Afa ’kɔ na wo.
Kpɔ Yes. 35:3, 4; 2 Kor. 11:29; Gal. 6:2 hã.)