HADZIDZI 133
Sɔhɛwo—Misubɔ Yehowa Fifia
Tatatɔ
1. Mí sɔhɛwo míexɔ’asi na Mawu.
Edi vevie be yeakpe ɖe mía ŋu.
Yehowa ƒe lɔlɔ̃ na mí de to.
Míasubɔe kple míaƒe ŋusẽ blibo.
2. Mía dzilawo kpɔa mía ta; míabu wo.
Míaganɔ aglã dzem ɖe wo ŋu o.
Esia ado dzidzɔ na Yehowa,
Ana be míanye Exɔlɔ̃wo ɖaa.
3. Míasubɔ Yehowa tso ɖevime.
Míalɔ̃ nyateƒea vevie tso dzi me.
Míato míaƒe adzɔgbeɖeɖe dzi
Ado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi.
(Kpɔ Ps. 71:17; Kony. 3:27; Ef. 6:1-3 hã.)