AKPA ETƆ̃LIA
“Maƒo Mia Nu Ƒu”—Wodo Ŋugbe Be Woagbugbɔ Tadedeagu Dzadzɛa Aɖo Anyi
NYA VEVITƆ: Woƒo nu tso gbugbɔɖoanyia ŋu le Ezekiel ƒe nyagblɔɖiawo me
Wotsrɔ̃ Israel, eye xɔsegbegbe gblẽ ɖekawɔwɔ si le wo dome la me. Israel le ale si wògblẽ tadedeagu dzadzɛa eye wòƒo ɖi Mawu ƒe ŋkɔa la me tsonuawo kpɔm. Togbɔ be dzi ɖe le wo ƒo hã la, Yehowa na Ezekiel gblɔ nya vovovowo ɖi si na mɔkpɔkpɔ wo. Yehowa to kpɔɖeŋuwo kple ŋutega wɔdɔɖeamedziwo dzi de dzi ƒo na Israel-vi siwo woɖe aboyoe la kple ame siwo le mɔ kpɔm be woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi la siaa.