INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lvs ta 13 axa 172-186
  • Ðe Azãɖuɖuwo Katã Dzea Mawu Ŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Azãɖuɖuwo Katã Dzea Mawu Ŋua?
  • Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • Xlẽe le “Mawu Ƒe Lɔlɔ̃” me
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • AFI KAE KRISTMAS ÐUÐU DZƆ TSO?
  • NYA KAE BIBLIA GBLƆ TSO DZIGBEZÃÐUÐU ŊU?
  • AFI SI EASTER (ALO PÂQUES) ÐUÐU DZƆ TSO
  • KUKƆNUWO
  • SRƆ̃KPEKPE SIWO DZEA MAWU ŊU
  • AHANOKPLUWO DODO ÐE DZI
  • “MI AME SIWO LƆ̃A YEHOWA, MITSRI VƆ̃”
  • DE BUBU YEHOWA ŊU LE WÒ NUƑOƑO KPLE NUWƆNA ME
  • Ðe Azãɖuɖuwo Katã Dzea Mawu Ŋua?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Tiae Be Yeasubɔ Mawu
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Subɔsubɔhawo ƒe Vovototo ƒe Kuxi La
    Yehowa Ðasefowo Kple Sukudede
  • Ŋkekenyuiewo Kple Azãɖuɖuwo
    Suku kple Yehowa Ðasefowo
Kpɔ Bubuwo
Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
lvs ta 13 axa 172-186
Nɔvinyɔnu aɖe gbe be yemaɖo atsyɔ̃ na Kristmasti o

TA 13

Ðe Azãɖuɖuwo Katã Dzea Mawu Ŋua?

“Midze agbagba ɖe sia ɖe be nu siwo miewɔna la nadze Aƒetɔ la ŋu.”—EFESOTƆWO 5:10.

1. Nu kae wòle be míawɔ ale be míaƒe tadedeagu nadze Yehowa ŋu, eye nu ka tae?

YESU gblɔ be: “Nyateƒetadeagulawo ade ta agu na Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me, elabena le nyateƒe me la, ame siawo tɔgbi dimee Fofo la le be woade ta agu na ye.” (Yohanes 4:23; 6:44) Ele be mí katã ‘míadze agbagba ɖe sia ɖe be míana nu siwo míewɔna la nadze Aƒetɔ la ŋu.’ (Efesotɔwo 5:10) Gake esia menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Satana dzea agbagba be yeaflu mí ale be míawɔ nu siwo medzea Yehowa ŋu o.—Nyaɖeɖefia 12:9.

2. Ƒo nu tso nu si dzɔ le Sinai-toa gbɔ la ŋu.

2 Aleke Satana dzea agbagba be yeaflu mí? Mɔ ɖeka si dzi wòtonae nye be wòana míatɔtɔ le nu si nye nyui kple vɔ̃ ŋu. Bu nu si dzɔ ɖe Israel dukɔa dzi esime woƒu asaɖa anyi ɖe Sinai-toa gbɔ la ŋu kpɔ. Mose yi ɖe toa dzi eye dukɔa nɔ elalam be wòatrɔ agbɔ va asaɖaa me. Mlɔeba esi wolalae ʋuu wòglo wo la, wogblɔ na Aron be wòawɔ mawu na yewo. Ewɔ sikalegba aɖe si le abe nyivi ene la na wo. Eyome dukɔa ɖu azã. Woɖu ɣe ƒo xlã sikanyivia eye wode ta agu nɛ. Wosusu be ne yewode ta agu na sikanyivia la, ke yewole ta dem agu na Yehowa. Ke hã, togbɔ be dukɔa susui be yewole ‘azã ɖum na Yehowa’ hã la, esia mewɔe be nu si wɔm wonɔ la nye nu nyui o. Yehowa bui be enye trɔ̃subɔsubɔ, eye wo dometɔ geɖe ku. (2 Mose 32:1-6, 10, 28) Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Mègana ame aɖeke naflu wò o. ‘Mègaka asi nu makɔmakɔ aɖeke ŋu o,’ na Yehowa nafia wò nu si nye nyui kple nu si nye vɔ̃.—Yesaya 52:11; Ezekiel 44:23; Galatiatɔwo 5:9.

3, 4. Nu ka tae wònyo be míalé ŋku ɖe afi si azã siwo ame geɖe ɖuna la dzɔ tso ŋu?

3 Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, ena hehe eƒe apostolowo be woaɖo kpɔɖeŋu le subɔsubɔ dzadzɛ tsɔtsɔ na Mawu me. Le Yesu ƒe ku megbe la, eƒe apostoloawo yi edzi fia nu nusrɔ̃la yeyewo tso Yehowa ƒe gɔmeɖosewo ŋu. Gake le apostoloawo ƒe ku megbe la, aʋatsonufialawo tsɔ susu totrowo, trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnuwo kple azãɖuɖuwo va hamea me. Wotrɔ ŋkɔ na trɔ̃subɔlawo ƒe azã aɖewo gɔ̃ hã ale be wòadze abe Kristotɔwo ƒe azãwoe wonye ene. (2 Tesalonikatɔwo 2:7, 10; 2 Yohanes 6, 7) Azã mawo dometɔ geɖe gabɔ egbea eye wodoa aʋatsodzixɔsewo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ gɔ̃ hã ɖe ŋgɔ.a—Nyaɖeɖefia 18:2-4, 23.

4 Le xexea me godoo egbea la, azãwo kple ŋkekenyuiwo nɔa vevie na ame geɖe. Ke hã, esi nèyi edzi le nu srɔ̃m tso ale si Yehowa bua nuwo ŋui ŋu la, ɖewohĩ àva kpɔe be ele be nàwɔ asitɔtrɔ le ale si nèbua azã aɖewoe la ŋu. Esia manɔ bɔbɔe ya o, gake ka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ŋuwò. Na míalé ŋku ɖe afi si azã aɖewo siwo ame geɖe ɖuna la dzɔ tso ŋu ale be míate ŋu anya ale si Yehowa bua woe.

AFI KAE KRISTMAS ÐUÐU DZƆ TSO?

5. Nu kae ɖo kpe edzi be menye December 25 lia dzie wodzi Yesu o?

5 Le xexea ƒe akpa geɖe la, amewo ɖua Kristmas le December 25 lia dzi. Ame geɖe susui be ŋkeke mae nye Yesu ƒe dzigbe. Biblia megblɔ ŋkeke si dzi wodzi Yesu alo ɣleti si me wodzii gɔ̃ hã o, gake ena míenya nane tso ƒea ƒe ɣeyiɣi si me wodzii le ŋu. Luka ŋlɔ bena esi wodzi Yesu le Betlehem la, ‘alẽkplɔlawo nɔ gbedzi’ nɔ woƒe lãhawo ŋu dzɔm. (Luka 2:8-11) Le December me le Betlehem la, vuvɔ wɔna, eye tsi kple sno hã dzana, eya ta alẽkplɔlawo matsi gbedzi kple woƒe lãhawo le zã me o. Nu kae esia fia mí? Wodzi Yesu le ɣeyiɣi si me yame ƒe nɔnɔme de ame dzi me, ke menye le December me o. Biblia kple ŋutinya me kpeɖodziwo siaa ɖee fia be wodzii ɣeaɖeɣi le ɣleti siwo míeyɔna egbea be September alo October la me.

6, 7. (a) Aleke Kristmas kɔnu siwo bɔ egbea la dze egɔmee? (b) Nu kae wòle be wòaʋã mí be míana nu amewo?

6 Ke aleke Kristmas ɖuɖu dze egɔmee? Edzɔ tso trɔ̃subɔlawo ƒe azãwo, abe Romatɔwo ƒe azã si nye Saturnalia, si woɖuna na agbledede ƒe mawu si woyɔna be Saturn ene la me. Numekugbalẽ aɖe (The Encyclopedia Americana) gblɔ be: “Saturnalia, si nye Romatɔwo ƒe azã aɖe si woɖuna le December titina ƒe wɔnawo mee Kristmas ƒe dzidzɔkpɔkpɔ kɔnuwo dometɔ geɖe dzɔ tso. Le kpɔɖeŋu me, azã ma mee woɖe aglotutu gãwo, nunana amewo, kple bosomikaɖiwo sisi tsoe.” Azɔ hã, woɖua Persiatɔwo ƒe ɣemawu Mithra ƒe dzigbe le December 25 lia dzi.

7 Ke hã, ame akpa gãtɔ siwo ɖua Kristmas egbea la mebua afi si wòdzɔ tso, si nye trɔ̃subɔsubɔ me la ŋu o. Ðeko wobua Kristmas ɖuɖu be enye mɔnukpɔkpɔ na yewo be yewoade ha kple yewoƒe ƒometɔwo, aɖu nu viviwo ahana nu yewo nɔewo. Ele eme be míelɔ̃ míaƒe ƒometɔwo kple mía xɔlɔ̃wo, eye Yehowa di be ye subɔlawo nana nu wo nɔewo. Biblia gblɔ na mí le 2 Korintotɔwo 9:7 be: “Ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.” Yehowa medi be míana nu amewo le ŋkeke tɔxɛwo ko dzi o. Edzɔa dzi na Yehowa ƒe amewo be yewoana nu amewo eye yewoade ha kple yewo xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo le ƒea ƒe ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me, eye womekpɔa mɔ be woaɖo eteƒe na yewo o. Wonaa nu amewo le esi wolɔ̃ wo ta.—Luka 14:12-14.

Nɔvinyɔnu aɖe gbe be yemaɖo atsyɔ̃ na Kristmasti o

Ne míenya afi si azãɖuɖuwo dzɔ tso la, akpe ɖe mía ŋu míanya nenye be míaƒo asa na wo

8. Ðe ɣletivimefakalawo tsɔ nunanawo vɛ na Yesu esime wònye vidzĩ kokoea? Ðe eme.

8 Susu si tae ame geɖe naa nu le Kristmas ɖuɣie nye be wogblɔna be nunyala etɔ̃ tsɔ nunanawo vɛ na Yesu esime wònye vidzĩ kokoe le lãkpo me. Nyateƒee wònye be ŋutsu aɖewo va kpɔ Yesu ɖa eye wotsɔ nunanawo vɛ nɛ. Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, enye nu si bɔ be amewo natsɔ nunanawo ayi na ame vevi aɖe. (1 Fiawo 10:1, 2, 10, 13) Gake ɖe nènya be Biblia gblɔ be ŋutsu mawo nye ɣletivimefakalawo, si fia be wonye akunyawɔlawo eye womesubɔa Yehowa oa? Azɔ hã, menye esime Yesu nye vidzĩ kokoe le lãkpo me ye woyi ɖakpɔe ɖa o. Woyi ɖakpɔe esime wònye “ɖevi” eye wònɔ aƒe aɖe me.—Mateo 2:1, 2, 11.

NYA KAE BIBLIA GBLƆ TSO DZIGBEZÃÐUÐU ŊU?

9. Dzigbezã kawo ŋue woƒo nu tsoe le Biblia me?

9 Dzidzɔŋkekee gbe si gbe wodzi vi la nyena. (Psalmo 127:3) Gake ema mefia be ele be míaɖu dzigbezã o. Bu nya sia ŋu kpɔ: Dzigbezã eve ko ŋue woƒo nu tsoe le Biblia me. Ðeka nye Egiptetɔwo ƒe Farao aɖe ƒe dzigbezã, eye evelia nye Fia Herodes Antipa ƒe dzigbezã. (Xlẽ 1 Mose 40:20-22; Marko 6:21-29.) Dziɖula eveawo siaa menye Yehowa subɔlawo o. Le nyateƒe me la, Biblia megblɔ tso Yehowa subɔla aɖeke ŋu be eɖu eƒe dzigbezã o.

10. Aleke Kristotɔ gbãtɔwo bua dzigbezãɖuɖui?

10 Numekugbalẽ aɖe (The World Book Encyclopedia) gblɔ be Kristotɔ gbãtɔwo “bua dzigbezãɖuɖu be enye trɔ̃subɔlawo ƒe azã.” Alakpadzixɔsewo dzie wotu dzigbezãɖuɖu ƒe kɔnuwo ɖo. Le kpɔɖeŋu me, blema Helatɔwo xɔe se be gbɔgbɔ aɖe nɔa eteƒe hafi wodzia ame sia ame, eye gbɔgbɔ ma kpɔa amea ta. Eye woxɔe se be gbɔgbɔ ma do ƒome kple mawu si ƒe dzigbeŋkeke dzi wodzi amea le. Tsɔ kpe ɖe trɔ̃subɔlawo ƒe dzixɔse mawo ŋu la, dzigbezãɖuɖu do ƒome kple ɣletivimefakaka.

11. Nɔnɔme kae Yehowa di be wòanɔ mía si ɖe nunana amewo ŋu?

11 Ame geɖe sena le wo ɖokui me be yewoƒe dzigbe nye ŋkeke tɔxɛ si dzi wòle be amewo nakpɔ dzidzɔ ɖe yewo ŋu ahaɖe lɔlɔ̃ afia yewo. Gake míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia míaƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo le ƒea ƒe ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me, ke menye le ŋkeke ɖeka aɖe ko dzi o. Yehowa di be míanye nunalawo kple ame siwo nyoa dɔme na amewo ɣesiaɣi. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 20:35.) Míekpɔa ŋudzedze ɖe nunana xɔasi si nye agbe si wòna mí la ŋu gbe sia gbe, ke menye le míaƒe dzigbe ko o.—Psalmo 8:3, 4; 36:9.

Dzila aɖewo le nu nam wo viŋutsuvi

Kristotɔ vavãwo naa nu amewo le esi wolɔ̃ wo ta

12. Mɔ ka nue míaƒe kugbe ate ŋu anyo wu míaƒe dzigbe le?

12 Nyagblɔla 7:1 gblɔ be: “Ŋkɔ nyui nyo wu ami xɔasi, eye kugbe nyo wu dzigbe.” Mɔ ka nue míaƒe kugbe ate ŋu anyo wu míaƒe dzigbe le? Le míaƒe dzigbe la, míekpɔ wɔ naneke le agbe me haɖe o, eɖanye nyui alo vɔ̃ o. Gake ne míezãa míaƒe agbe tsɔ subɔa Yehowa eye míewɔa nyui na amewo la, ke míele “ŋkɔ nyui” wɔm na mía ɖokuiwo, eye Yehowa aɖo ŋku mía dzi ne míeku gɔ̃ hã. (Hiob 14:14, 15) Yehowa ƒe amewo meɖua woawo ŋutɔwo alo Yesu ƒe dzigbezã o. Le nyateƒe me la, Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia koe nye wɔna si wòde se be míatsɔ aɖo ŋku ye dzi.—Luka 22:17-20; Hebritɔwo 1:3, 4.

AFI SI EASTER (ALO PÂQUES) ÐUÐU DZƆ TSO

13, 14. Nu ka tae Kristotɔ vavãwo meɖua Easter o?

13 Easter si Kristodukɔa ɖuna la nye wɔna si wogblɔna be yewotsɔ le ŋku ɖom Kristo ƒe tsitretsitsi tso ku me dzi. Gake ɖe Kristo de se be míaɖo ŋku yeƒe tsitretsitsi dzia? Ao, megblɔe o. Blemaŋutinyagbalẽwo na míenya be Kristotɔ gbãtɔwo meɖu Easter o, eye be blema trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnuwo mee wòdzɔ tso. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Easter ɖuɖu ŋuti nya aɖeke mele Nubabla Yeyea me o. . . . Ɣeyiɣi tɔxɛwo ƒe kɔkɔenyenye ƒe susu aɖeke menɔ Kristotɔ gbãtɔwo si o.”—The Encyclopœdia Britannica.

14 Ðe wòadze Yehowa ŋu be woaɖu azã si wobe enye ŋkuɖoɖo Via ƒe tsitretsitsi dzi evɔ wònye azã si dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ mea? Kura o. (2 Korintotɔwo 6:17, 18) Le nyateƒe me la, Yehowa megblɔ gbeɖe be míaɖo ŋku Yesu ƒe tsitretsitsi dzi o.

KUKƆNUWO

15. Nu ka tae Kristotɔ vavãwo ƒoa asa na kukɔnu aɖewo?

15 Kukɔnu geɖewo li siwo Kristotɔ vavãwo ƒoa asa na. Ne ame ku la, enye nu si bɔ be woadɔ ŋu na amea. Le yɔdoa to la, ƒometɔ kplikplikpliwo lɔa ke asiʋlo ɖekaɖeka kɔna ɖe aɖakaa dzi alo daa seƒoƒowo ɖe edzi hafi xea ke ɖe edzi. Kɔnu bubu aɖewo hã li siwo wogawɔna le ŋkeke ʋɛ aɖewo, ɣleti aɖewo alo ƒe aɖewo gɔ̃ hã megbe le amea ƒe ku megbe. Amewo wɔa nu siawo katã le esi woxɔe se be kukuawo ate ŋu akpe ɖe agbagbeawo ŋu alo awɔ nu vevi wo ta. Gake Biblia gblɔ be kukuawo “meganya naneke kura o.” Eya ta ame siwo di be yewoanɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃a me la ƒoa asa na kɔnu ɖe sia ɖe si do ƒome kple ame kukuwo subɔsubɔ.—Nyagblɔla 9:5, 10.

SRƆ̃KPEKPE SIWO DZEA MAWU ŊU

16, 17. Nu kawo ŋue wòle be míabu ne míele ɖoɖo wɔm ɖe srɔ̃kpekpe ŋu?

16 Dzidzɔŋkekee srɔ̃ɖegbe nyena. Srɔ̃ɖekɔnuwo le vovovo le xexea me godoo. Zi geɖe la, amewo mebua afi si srɔ̃ɖekɔnuwo dzɔ tso ŋu o, eya ta anɔ eme be womenyana be kɔnu aɖewo dzɔ tso trɔ̃subɔlawo ƒe dzixɔsewo me o. Gake ele be ŋutsu kple nyɔnu siwo le ɖoɖo wɔm ɖe woƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu la nakpɔ egbɔ be yewoƒe srɔ̃kpekpea adze Yehowa ŋu. Ne wonya afi si srɔ̃ɖekɔnuwo dzɔ tso la, esia awɔe be woawɔ nyametsotso nyuiwo.—Marko 10:6-9.

17 Amewo xɔe se be srɔ̃ɖekɔnu aɖewo hea ‘dzɔgbenyui’ vanɛ na srɔ̃tɔ yeyeawo. (Yesaya 65:11) Le kpɔɖeŋu me, le teƒe aɖewo la, amewo wua mɔlu alo nu mawo tɔgbi ɖe srɔ̃tɔ yeyeawo dzi. Woxɔe se be nu sia wɔwɔ ana srɔ̃tɔawo nadzi viwo, woakpɔ dzidzɔ, eye woanɔ agbe didi, eye be akpɔ wo ta tso vɔ̃ me. Gake ele be Kristotɔwo naɖɔ ŋu ɖo ale be woaƒo asa na kɔnu ɖe sia ɖe si do ƒome kple alakpasubɔsubɔ.—Xlẽ 2 Korintotɔwo 6:14-18.

18. Biblia me gɔmeɖose bubu kawoe ku ɖe srɔ̃kpekpe ŋu?

18 Kristotɔwo adi be yewoƒe srɔ̃kpekpe nanye dzidzɔŋkeke si ŋu bubu le si anye dzidzɔɣi na ame siwo katã va wɔnaa teƒe. Ele be ame siwo ava Kristotɔwo ƒe srɔ̃kpeƒe la naɖɔ ŋu ɖo be woagagblɔ nya madzetowo, gbegblẽnyawo, alo nya siwo made bubu srɔ̃tɔ yeyeawo kple ame bubuwo ŋu o. (Lododowo 26:18, 19; Luka 6:31; 10:27) Le Kristotɔwo ƒe srɔ̃kpeƒewo la, ele be woaƒo asa na “ame ƒe nunɔamesiwo fiafia adegbeƒoƒotɔe.” (1 Yohanes 2:16) Ne èle ɖoɖo wɔm ɖe wò srɔ̃kpekpe ŋu la, kpɔ egbɔ be nuwo yi edzi nyuie ale be nàgate ŋu aɖo ŋku ŋkeke ma dzi kple dzidzɔ.—Kpɔ Dzesidenya 28 lia.

AHANOKPLUWO DODO ÐE DZI

19, 20. Afi kae ahanokpluwo dodo ɖe dzi dzɔ tso?

19 Le srɔ̃kpeƒewo kple kplɔ̃ɖoƒe bubuwo la, enye nu si bɔ be amewo nado ahanokpluwo ɖe dzi alo akpe ahanokpluwo. Ne wole esia wɔm la, ame aɖe gblɔa nyuidinamenyawo eye ame bubuawo hã doa woƒe kpluwo ɖe dzi. Aleke wòle be Kristotɔwo nabu nuwɔna siae?

20 Numekugbalẽ aɖe (International Handbook on Alcohol and Culture) gblɔ be ahanokpluwo dodo ɖe dzi dzɔ tso blema trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnu aɖe “si me woƒoa tsi kɔkɔe aɖe ɖi na mawuwo le” la me. Wowɔa esia “tsɔ biaa dzɔgbenyui wònyea gbe wodona ɖa kpuie be, ‘míebia agbe didi!’ alo ‘míebia lãmesẽ!’” Le blema la, amewo doa woƒe kpluwo ɖe dzi tsɔ biaa yayra tso woƒe mawuwo gbɔ. Gake menye mɔ ma dzie Yehowa tona yraa ame o.—Yohanes 14:6; 16:23.

“MI AME SIWO LƆ̃A YEHOWA, MITSRI VƆ̃”

21. Wɔna kple azã bubu kawo tɔgbie wòle be Kristotɔwo naƒo asa na?

21 Ne èle nya me tsom nenye be yeaɖu azã aɖe loo alo yemaɖui o la, de ŋugble le nɔnɔme kple nuwɔna siwo yia edzi le eme la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le wɔna kple azã aɖewo me la, amewo ɖua ɣe siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me, amewo noa aha tsu, eye amewo nɔa agbe gbegblẽ gɔ̃ hã. Ɣeaɖewoɣi la, wɔna mawo doa ŋutsu kple ŋutsu kpakple nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ alo dulɔlɔ̃ ɖe ŋgɔ. Ne míekpɔa gome le wɔna mawo me la, ɖe wòafia be míelé fu nu si Yehowa lé fui nyateƒea?—Psalmo 1:1, 2; 97:10; 119:37.

22. Nu kae ate ŋu akpe ɖe Kristotɔ ŋu wòanya nenye be yeakpɔ gome le wɔna aɖe me alo aƒo asa nɛ?

22 Ele be Kristotɔwo naɖɔ ŋu ɖo etɔxɛe be woaƒo asa na azãɖuɖu siwo medea bubu Mawu ŋu o. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ne miele nu ɖum alo le nu nom alo le nu bubu aɖe wɔm la, miwɔ nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu.” (1 Korintotɔwo 10:31; kpɔ Dzesidenya 29 lia.) Ele eme be menye azãɖuɖuwo katãe do ƒome kple agbe gbegblẽ nɔnɔ, alakpasubɔsubɔ, alo dulɔlɔ̃ o. Ne wɔna alo azã aɖe metsi tre ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu o la, ele be míawo ŋutɔwo míatso nya me nenye be míakpɔ gome le eme alo míaƒo asa nɛ. Ele be míabu ale si míaƒe nyametsotsowo akpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzii hã ŋu.

DE BUBU YEHOWA ŊU LE WÒ NUƑOƑO KPLE NUWƆNA ME

23, 24. Aleke míate ŋu aɖe nu si tae míeɖua azã aɖewo o la me na míaƒe ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o?

23 Anɔ eme be mègakpɔa gome le azãɖuɖu siwo medea bubu Yehowa ŋu o la me o. Gake ɖewohĩ esia ana wò ƒometɔ siwo menye Yehowa Ðasefowo o la dometɔ aɖewo nasusu be mègalɔ̃ yewoƒe nya o alo be mègadi be yeade ha kpli yewo o. Ðewohĩ woƒe susue nye be ŋkekenyuiwo ɖuɣi koe ganye mɔnukpɔkpɔ na ƒomea be woawɔ nu ɖekae. Nu kae nàte ŋu awɔ le go sia me? Mɔ vovovowo li siwo dzi nàte ŋu ato aka ɖe edzi na wo be yelɔ̃ wo eye be wole vevie na ye. (Lododowo 11:25; Nyagblɔla 3:12, 13) Ðewohĩ àte ŋu awɔ ɖoɖo miade ha ɖekae le ɣebubuɣiwo.

24 Ne wò ƒometɔwo di be yewoanya nu si tae nèkpɔe be ŋkekenyui aɖewo ɖuɖu mesɔ o la, àte ŋu akpɔ numeɖeɖewo le míaƒe agbalẽwo me kple le jw.org nyatakakadzraɖoƒea siwo akpe ɖe ŋuwò nàɖo nya ŋu na wo. Mègaƒo nu wòadze abe ɖe nèle agbagba dzem be yeaɖu wo dzi le nyaʋiʋli me alo be yeaƒoe ɖe wo nu woabu nuwo ŋu abe ale si nèbunɛ ene o. Kpe ɖe wò ƒomea ŋu woakpɔe be èbu nya geɖe ŋu hafi tso nya me na ɖokuiwò. Wɔ nu tufafatɔe eye nàna wò nyawo “nadze to ɣesiaɣi, eye dze nanɔ eme.”—Kolosetɔwo 4:6.

25, 26. Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu woalɔ̃ Yehowa ƒe gɔmeɖosewo?

25 Ele vevie be mí katã míase susu siwo tae míetso nya me be míaɖu azã aɖewo o la gɔme nyuie. (Hebritɔwo 5:14) Míaƒe taɖodzinue nye be míadze Yehowa ŋu. Eye ne dzilawoe míenye la, ele be míagbɔ dzi ɖi akpe ɖe mía viwo ŋu woase Biblia me gɔmeɖosewo gɔme ahalɔ̃ wo. Ne Yehowa va nye ame ŋutɔŋutɔ na wo la, woawo hã woadi be yewoadze eŋu.—Yesaya 48:17, 18; 1 Petro 3:15.

26 Edzɔa dzi na Yehowa ne ekpɔ mí míele míaƒe ŋutete katã wɔm be míasubɔe le dzadzɛnyenye kple anukwareɖiɖi me. (Yohanes 4:23) Gake ame geɖe susuna be manya wɔ be ame nanye anukwareɖila le xexe maɖianukware sia me o. Gake nyateƒee nya ma nyea? Na míadzro esia me le ta si kplɔe ɖo me.

a Àte ŋu akpɔ numeɖeɖewo tso azã aɖewo koŋ ŋu le Watch Tower Publications Index (Index des publications Watch Tower), Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ Na Yehowa Ðasefowo kple le jw.org.

BIBLIA ƑE GƆMEÐOSEWO

1 ELE BE NU SIA NU SI MÍEWƆNA NADE BUBU YEHOWA ŊU

“Ne miele nu ɖum alo le nu nom alo le nu bubu aɖe wɔm la, miwɔ nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu.”—1 Korintotɔwo 10:31

Aleke míate ŋu atso nya me nyuie le azã siwo míaɖu la ŋu?

  • Lododowo 15:15; Nyagblɔla 3:12, 13; Dɔwɔwɔwo 20:35; 2 Korintotɔwo 9:7

    Yehowa di be míase vivi na agbea. Edi be míana nu amewo ahanyo dɔme na amewo gbe sia gbe, ke menye le ŋkeke tɔxɛwo ko dzi o.

  • 2 Mose 32:1-6; Nyaɖeɖefia 12:9

    Menye ɣesiaɣie wònɔa bɔbɔe be míanya nu si míawɔ o. Satana dzea agbagba be yeaflu mí ne míagakpɔ vovototo le nyui kple vɔ̃ dome o.

  • Yohanes 8:32; Hebritɔwo 5:14

    Nya afi si azã siwo ame geɖe ɖuna la dzɔ tso ale be nàte ŋu anya nenye be wodzea Yehowa ŋu.

2 AZÃ SIWO AME GEÐE ÐUNA LA DZƆ TSO TRƆ̃SUBƆSUBƆ ME

“Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi.”—Yohanes 8:32

Afi kae azãɖuɖu aɖewo dzɔ tso?

  • 2 Korintotɔwo 6:14-18; 2 Yohanes 6, 7

    Le apostoloawo ƒe ku megbe la, aʋatsonufialawo tsɔ trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnuwo kple azãɖuɖuwo va hamea me eye wotrɔ ŋkɔ na wo ne wòadze abe Kristotɔwo ƒe azãwoe wonye ene. Amewo gaɖua azã siawo dometɔ geɖe egbea. Ðewoe nye Easter kple Kristmas.

  • Luka 2:8-11

    Le xexea ƒe akpa geɖe la, woɖua Kristmas le December 25 lia dzi. Gake menye ŋkeke ma dzie wodzi Yesu o.

  • 1 Mose 40:20-22; Marko 6:21-29

    Kristotɔ gbãtɔwo meɖu dzigbezã o. Biblia meƒo nu nyui tso dzigbezãwo ɖuɖu ŋu o.

3 TSO NYA ME NYUIE LE AZÃ SIWO NÀÐU ŊU

“Midze agbagba ɖe sia ɖe be nu siwo miewɔna la nadze Aƒetɔ la ŋu.”—Efesotɔwo 5:10

Azã kple wɔna kawo ƒomevie wòle be Kristotɔwo naƒo asa na? Ne eva hiã be nàtso nya me le azã aɖe ɖuɖu ŋu la, bia ɖokuiwò be:

  • Yesaya 52:11; 1 Korintotɔwo 4:6; 2 Korintotɔwo 6:14-18; Nyaɖeɖefia 18:4

    Alakpasubɔsubɔ, alo gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ gɔ̃ hã mee wòdzɔ tsoa?

  • Yeremiya 17:5-7; Dɔwɔwɔwo 10:25, 26; 1 Yohanes 5:21

    Ðe azãa alo wɔnaa dea bubu tɔxɛ amegbetɔ, habɔbɔ, alo dukɔa ƒe dzesi aɖe ŋua?

  • Dɔwɔwɔwo 10:34, 35; 17:26

    Ðe wòdoa dukɔ alo ameƒomevi aɖewo ɖe dzi be wonyo wu bubuwoa?

  • Psalmo 97:10; 1 Korintotɔwo 2:12; Efesotɔwo 2:2; 1 Petro 4:3

    Ðe wòdea dzi ƒo na amewo be woano aha tsu, anɔ agbe gbegblẽ alo awɔ nu bubu siwo doa ‘xexea ƒe gbɔgbɔ’ ɖe ŋgɔa?

  • Romatɔwo 14:21

    Ne meƒo ɖokuinye ɖe azãɖuɖu sia me ɖe, ɖe wòagblẽ nu le nye ŋutɔ alo ame bubuwo ƒe dzitsinya ŋua?

  • Romatɔwo 12:1, 2; Kolosetɔwo 4:6; 1 Petro 3:15

    Ne metiae be maƒo asa na azã sia la, aleke mate ŋu aɖe susu siwo tae la me na ame bubuwo?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe