NUFIAMEÐAKA 9E
“Ɣeyiɣi Si Me Woaɖɔ Nuwo Katã Ðo”
DƆWƆWƆWO 3:21
Esi apostolo Petro ƒo nu tso “ɣeyiɣi si me woaɖɔ nuwo katã ɖo” ŋu la, ɖe wònɔ nya gblɔm ɖi tso ɣeyiɣi wɔnuku aɖe si ƒe didime adze egɔme tso esime woaɖo Kristo zi dzi wòazu Fia, eye wòayi edzi va se ɖe Ƒe Akpe Ðeka la ƒe nuwuwu ŋu.
Ƒe 1914—Woɖo Yesu Kristo wòzu Fia le dziƒo. Wogbugbɔ Mawu ƒe amewo ɖo te le gbɔgbɔ me le ƒe 1919 me
Ŋkeke Mamlɛawo
ARMAGEDON—Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua adze egɔme, eye “ɣeyiɣi si me woaɖɔ nuwo katã ɖo” la akeke ɖe enu ale be woayra amegbetɔ nuteƒewɔla siwo le anyigba dzi
Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu
ƑE AKPE ÐEKA DZIÐUÐUA ƑE NUWUWU—Yesu awu nuwo gbugbɔgaɖɔɖodɔwo katã nu eye wòatrɔ Fiaɖuƒea na Fofoa
Anyigba azu Paradiso tegbee
YESU ƑE DZIÐUÐU ANA . . .
Mawu ƒe ŋkɔ ŋu nakɔ
dɔnɔwo nahaya
ame tsitsiwo nazu ɖekakpui kple ɖetugbuiwo
ame kukuwo nagbɔ agbe
amegbetɔ nuteƒewɔlawo nade blibo
anyigba nazu Paradiso