INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lff nusɔsrɔ̃ 29
  • Nu Kae Dzɔna Ðe Ame Dzi Ne Eku?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kae Dzɔna Ðe Ame Dzi Ne Eku?
  • Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • SRƆ̃ NU BUBUWO
  • NU SIWO MÍESRƆ̃
  • KU NU ME TSO NYATIA ŊU
  • Afikae Ame Kukuwo Le?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Ðe Wòle Be Nàvɔ̃ Na Ame Kukuwoa?
    Nyɔ!—2009
  • Mɔkpɔkpɔ Kae Li Na Kukuawo?
    Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
  • Afi Kae Míeyina Ne Míeku?
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
Kpɔ Bubuwo
Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
lff nusɔsrɔ̃ 29
Nusɔsrɔ̃ 29 lia. Atsu kple asi aɖe le gbe dom ɖa le yɔdokpe aɖe ŋgɔ le ameɖiƒe.

NUSƆSRƆ̃ 29

Nu Kae Dzɔna Ðe Ame Dzi Ne Eku?

Tatatɔ
Tatatɔ
Tatatɔ

Ðe wòdzɔ ɖe dziwò kpɔ be ame aɖe si nèlɔ̃ vevie la kua? Le ɣeyiɣi sesẽ ma tɔgbi me la, ɖewohĩ àbia be: ‘Nu kae dzɔna ɖe ame dzi ne eku? Ðe míagate ŋu ava kpɔ míaƒe ame vevi siwo ku la ake gbe ɖeka?’ Àkpɔ nya fakɔname siwo Biblia tsɔ ɖo nya mawo ŋu la le nusɔsrɔ̃ sia kple esi kplɔe ɖo la me.

1. Nu kae dzɔna ɖe ame dzi ne eku?

Yesu tsɔ ku sɔ kple alɔ̃dɔdɔ ayi eme ʋĩi. Nu ka tae? Ne ame dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi la, menyana nu siwo le edzi yim le egbɔ o. Nenema kee ne ame ku la, meganyaa naneke o. Mesea veve o, eye mekpea fu hã o. Biblia gblɔ be: “Kukuawo meganya naneke kura o.”—Xlẽ Nyagblɔla 9:5.

2. Ne míenya nyateƒe si ku ɖe ku ŋu la, aleke esia ɖea vi na mí?

Ame geɖe vɔ̃na na ku, eye wovɔ̃na na ame kukuwo gɔ̃ hã! Gake nya si Biblia gblɔ tso ku ŋu la ate ŋu afa akɔ na wò. Yesu gblɔ be: “Nyateƒe la ana ablɔɖe mi.” (Yohanes 8:32) Wofia nu amewo le subɔsubɔha aɖewo me be luʋɔ makumaku le ame me si yia edzi nɔa agbe le ame ƒe ku megbe. Gake esia menye Biblia ƒe nufiafia o. Eya ta, ame aɖeke mekpea fu le ku megbe o. Azɔ hã, esi wònye be ame kukuwo meganya naneke o ta la, womate ŋu awɔ nu vevi mí o. Eya ta, mehiã be míawɔ naneke kple susu be woakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o, mele be míasubɔ wo o, eye mehiã be míado gbe ɖa ɖe wo ta hã o.

Ame aɖewo gblɔna be yewoate ŋu aƒo nu kple ame siwo ku. Gake esia manya wɔ gbeɖe o. Abe ale si míekpɔe va yi ene la, kukuawo “meganya naneke kura o.” Ame aɖewo susuna be yewoƒoa nu kple yewoƒe ame vevi siwo ku. Gake le nyateƒe me la, gbɔgbɔ vɔ̃ siwo wɔa wo ɖokuiwo abe woawoe nye ame siwo ku ene lae woƒoa nu kplii. Eya ta, ne míenya nyateƒe si ku ɖe ku ŋu la, esia kpɔa mía ta tso gbɔgbɔ vɔ̃wo si me. Yehowa xlɔ̃ nu mí be míagadze agbagba be míaƒo nu kple ame siwo ku o, elabena enyae be kadodo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo agblẽ nu le mía ŋu.—Xlẽ 5 Mose 18:10-12.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ nu bubu siwo Biblia fia ku ɖe ku ŋu. Esia ado ŋusẽ wò xɔse nàkpɔe be Mawu nye lɔlɔ̃, eye mewɔa funyafunya ame siwo ku la o.

Ŋutsu aɖe kple vianyɔnuvi eve nɔ anyi ɖe bentsi dzi le srɔ̃a kple ɖeviawo dada ƒe kunuwɔƒe. Xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo va be yewoafa akɔ na wo ahakpe ɖe wo ŋu.

3. Nu si tututu dzɔna ɖe ame siwo ku dzi

Le xexea me godoo la, dzixɔse vovovowoe le amewo si ku ɖe nu si dzɔna ɖe ame dzi ne eku la ŋu. Gake dzixɔse mawo katã mate ŋu anye nyateƒe o.

  • Le miaƒe nutoa me la, nya kae ame geɖe gblɔna tso nɔnɔme si me kukuawo le ŋu?

Mikpɔ VIDEOA be miakpɔ nu si Biblia fia ku ɖe nya sia ŋu.

VIDEO: Nɔnɔme Ka Mee Ame Kukuwo Le?—Videoa Ƒe Akpa Aɖe (1:19)

Nɔnɔmetata vovovoawo: Foto siwo woɖe tso video si nye ‘Nɔnɔme Ka Mee Ame Kukuwo Le?—Videoa Ƒe Akpa Aɖe’ la me. 1. Ame kuku aɖe si le aba dzi le kɔdzi. 2. Ŋutsu aɖe si nɔ anyi ɖe ame eve dome le keteke me la le alɔ̃ dɔm.

Mixlẽ Nyagblɔla 3:20, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Le mawunyakpukpui sia ƒe nya nu la, nu kae dzɔna ɖe ame dzi ne eku?

  • Ðe mawunyakpukpui sia ɖee fia be nane le ame me si yia edzi nɔa agbe le amea ƒe ku megbea?

Biblia na míenya be esime Yesu nɔ anyigba dzi la, exɔlɔ̃ vevi aɖe si nye Lazaro la ku. Mixlẽ Yohanes 11:11-14; ne miele exlẽm la, de dzesi nya si Yesu gblɔ tso Lazaro ŋu. Eyome, midzro nyabiase siawo me:

  • Nu kae Yesu tsɔ ku sɔ kple?

  • Nu kae esia fia mí tso nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu?

  • Aleke nèkpɔ nya si Biblia gblɔ tso ku ŋu lae?

4. Ne míenya nyateƒe si ku ɖe ku ŋu la, esia ɖea vi na mí

Ne míenya nyateƒe si ku ɖe ku ŋu la, esia awɔe be míaganɔ vɔvɔ̃m na ame kukuwo o. Mixlẽ Nyagblɔla 9:10, eye miadzro biabia sia me:

  • Ðe ame siwo ku la ate ŋu awɔ nu vevi mía?

Azɔ hã, nyateƒe si le Biblia me la kpɔa mía ta. Ewɔnɛ be míexɔa alakpanya si nye be ele be míawɔ nu be míadze kukuawo ŋu alo asubɔ wo la dzi se o. Mixlẽ Yesaya 8:19 kple Nyaɖeɖefia 4:11, eye miadzro biabia sia me:

  • Ne ame aɖe subɔa ame siwo ku alo dia kpekpeɖeŋu tso wo gbɔ la, aleke nèsusu be Yehowa ase le eɖokui me tso ame ma ŋu?

Nɔnɔmetata vovovoawo: Tɔgbui kukuwo subɔsubɔ ŋuti kɔnuwo. 1. Ŋutsu aɖe dze klo le gbe dom ɖa le yɔdokpe aɖe si gbɔ woda nuɖuɖu ɖo la ŋgɔ. 2. Ŋutsu etɔ̃ aɖewo le wo de kɔnu ƒe ɣe ɖum. 3. Ameha aɖe si me tɔwo ɖɔ amemo eye wolé ametakoli wɔwɔe gãwo ɖe asi le Ame Kukuwo Ƒe Azã aɖe ɖugbe.

Ne míeva nya nyateƒe si ku ɖe ku ŋu la, ekpena ɖe mía ŋu be míegakpɔa gome le kɔnu siwo medzea Yehowa ŋu o la me o

5. Ne míenya nyateƒe si ku ɖe ku ŋu la, esia faa akɔ na mí

Wofia nu ame geɖe be ne woku la, woakpe fu ɖe nu gbegblẽ siwo wowɔ va yi la ta. Gake efaa akɔ na mí be míanyae be ame aɖeke mekpea fu le ku megbe o—ame siwo wɔ nu vloewo gɔ̃ hã. Mixlẽ Romatɔwo 6:7, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Biblia gblɔ be ne ame ku la, Mawu megabua fɔe ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta o, eya ta, ɖe nèsusu be ame si ku la anɔ fu kpem ɖe nu siwo wòwɔ va yi la ta?

Zi ale si míeva le Yehowa nyam la, zi nenemae míaka ɖe edzi be mewɔa funyafunya ame siwo ku la o. Mixlẽ 5 Mose 32:4 kple 1 Yohanes 4:8, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Ðe Mawu si si nɔnɔme nyoameŋu siawo le la awɔ funyafunya ame kukuwoa?

  • Ðe nyateƒe si le Biblia me ku ɖe ku ŋu la fa akɔ na wòa? Nu ka tae?

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Mevɔ̃na be nye ame vevi siwo ku la le fu kpem.”

  • Ne ame aɖe gblɔ nya ma la, mawunyakpukpui kawoe nàte ŋu axlẽ atsɔ afa akɔ nɛ?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Ne ame ku la, ke eƒe agbe wu enu. Kukuawo mekpea fu o, eye womate ŋu awɔ nu vevi agbagbeawo hã o.

Numetoto

  • Nu kae dzɔna ɖe ame dzi ne eku?

  • Ne míenya nyateƒe si ku ɖe ku ŋu la, aleke esia ɖea vi na mí?

  • Ne míenya nyateƒe si ku ɖe ku ŋu la, aleke esia faa akɔ na mí?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Le nyati sia me la, àkpɔ nu si tututu nya “luʋɔ” si le Biblia me la fia.

“Nu Kae Nye Luʋɔ?” (Nyati sia le jw.org)

Ðe Mawu wɔa fu ame vɔ̃ɖiwo le dzo mavɔ mea? Àkpɔ ŋuɖoɖoa le nyati sia me.

Ðe Wowɔa Fu Amewo Le Dzo Mavɔ Me Nyateƒea? (3:07)

Ðe wòhiã be míavɔ̃ na ame kukuwoa?

Ame Kukuwo Ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò Alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea? (agbalẽ gbadza)

Le nyati sia me la, àkpɔ ale si ŋutsu aɖe kpɔ akɔfafa esi wòva nya nu si tututu dzɔna ɖe ame dzi ne eku.

“Ale Si Biblia Ðo Nye Biabiawo Ŋu Nyuie La Wɔ Nuku Nam Ŋutɔ” (Gbetakpɔxɔ, February 1, 2015)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe