INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • CO-pgm23 axa 7-8
  • Nyatakaka Na Takpekpea Valawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyatakaka Na Takpekpea Valawo
  • Ƒe 2023 Takpekpe Gã Ƒe Ðoɖowɔɖi
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyatakaka Na Takpekpea Valawo
    Ƒe 2024 Takpekpe Gã Ƒe Ðoɖowɔɖi
  • Nyatakaka Na Takpekpea Valawo
    Ƒe 2020 Takpekpe Gã Ƒe Ðoɖowɔɖi
  • Nyatakaka Na Takpekpea Valawo
    Ƒe 2025 Takpekpe Gã Ƒe Ðoɖowɔɖi
  • Nyatakaka Na Takpekpea Valawo
    Ƒe 2019 Takpekpe Gã Ƒe Ðoɖowɔɖi
Kpɔ Bubuwo
Ƒe 2023 Takpekpe Gã Ƒe Ðoɖowɔɖi
CO-pgm23 axa 7-8

Nyatakaka Na Takpekpea Valawo

ANYINƆƑEGBƆKPƆLAWO Wode dɔ asi na anyinɔƒegbɔkpɔlawo be woakpe ɖe ŋuwò. Míeɖe kuku, kpe asi ɖe wo ŋu bliboe, eye nàwɔ ɖe woƒe mɔfiafia dzi le ʋutɔtɔɖi, afi si woɖe mɔ be amewo nato, nɔƒeléleɖi, kple bubuawo me.

ANYINƆNƆ Míeɖe kuku mibu ame bubuwo ŋu. Ðo ŋku edzi be wò ƒometɔ kplikplikpliwo, mia kple ame siwo ɖo ʋu ɖeka va alo le aƒe ɖeka me, alo wò Biblia nusrɔ̃viwo koe nàte ŋu alé nɔƒe ɖi na. Míeɖe kuku migada nuwo ɖe zikpuiawo dzi ne menye ame aɖekee mielé teƒea ɖi na o.

ATIKEWƆƑE Miɖo ŋku edzi be dɔdzeamedzi kpatawo ko ƒe atikee wowɔna le afi sia.

LƆLƆ̃NU FAA DƆWƆWƆ Ne èdi be yeatsɔ ye ɖokui ana akpe asi ɖe takpekpea me dɔwo ŋua, míeɖe kuku yi Nyatakakawo Kple Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔwɔ Dzikpɔƒea.

NU BÚBUWO DAÐOƑE KPLE WO DIƑE Mitsɔ nu sia nu si miefɔa yi Nu Búbuwo Daɖoƒe Kple Wo Diƒe Dɔwɔƒea. Ne wò nane búa, vae dii le dɔwɔƒe sia. Ele be woakplɔ ɖevi siwo bú le wo dzilawo gbɔa ayi dɔwɔƒe sia. Gake be míagada agba geɖe ɖe ame siwo le dɔ wɔm le afi ma dzi oa, míeɖe kuku, milé ŋku ɖe mia viwo ŋu, eye miana woanɔ mia gbɔ.

NUDZƆDZƆ Wozã ga geɖe ɖe zikpuiwo, nuƒomɔ̃wo, videoɖemɔ̃wo, kple nu bubu geɖe siwo ana míase vivi na takpekpea eye wòakpe ɖe mía ŋu mía kple Yehowa dome ƒomedodoa me nasẽ ɖe edzia ŋu. Miaƒe lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wotsɔna xea fe siawoe, eye wotsɔnɛ kpea asi ɖe xexea me katã ƒe dɔa hã ŋu. Woda nudzɔɖaka siwo dzi woŋlɔ nu ɖo wòdze nyuiea ɖe teƒe vovovowo. Miate ŋu adzɔ nu to internet dzi hã le donate.jw.org. Míekpɔa ŋudzedze ɖe nudzɔdzɔ ɖe sia ɖe ŋu vevie. Dɔdzikpɔhaa le akpe dam na mi ɖe ale si miekpea asi ɖe Fiaɖuƒea ƒe dɔwo ŋu dɔmenyotɔe ta.

NYƆNYRƆXƆXƆ Zikpui siwo woɖo ɖi na ame siwo le nyɔnyrɔ xɔ gea anɔ nuƒolanɔƒea ŋgɔ. Ne tɔtrɔ aɖe va le esia ŋua, woaɖe gbeƒãe do ŋgɔ. Ame siwo le nyɔnyrɔ xɔ gea nanɔ anyi ɖe afi si wodzra ɖo ɖi na wo hafi nyɔnyrɔxɔnuƒoa nadze egɔme Memleɖa ŋdi. Ame sia ame netsɔ papahũ kple tsimeyiwu si sɔ ɖe asi.

KPEKPE TƆXƐ

Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo le habɔbɔa ƒe suku aɖe; wole ɖo tom vevie eye wole nuŋlɔɖi wɔm.

Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Suku

Míele ame siwo katã ŋu ŋutetea le eye wodi be yewoakeke yewoƒe subɔsubɔdɔa ɖe enua kpem be woade kpekpe si woawɔ kple ame siwo di be yewoade Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua le Kwasiɖagbe ŋdɔ me. Woaɖe gbeƒã teƒe si woawɔ kpekpe sia le kple gamea do ŋgɔ.

Si Ƒe Ðoɖo Yehowa Ðasefowo Ƒe Dɔdzikpɔhaa Wɔ

© 2023 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe