INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lmd nusɔsrɔ̃ 10
  • Di Vevie Be Yeakpe Ðe Amea Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Di Vevie Be Yeakpe Ðe Amea Ŋu
  • Lɔ̃ Amewo—Kpe Ðe Wo Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Yesu Wɔe
  • Nu Kae Míesrɔ̃ Tso Yesu Gbɔ?
  • Srɔ̃ Yesu
  • Srɔ̃ Nane Tso Nikodemo Ŋuti
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Yesu Fia Nu Nikodemo
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Kpe Ðe Wò Biblia Nusrɔ̃vi Ŋu Wòatso Nya Me Asubɔ Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Nu Fiafia Nikodemo
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
Kpɔ Bubuwo
Lɔ̃ Amewo—Kpe Ðe Wo Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo
lmd nusɔsrɔ̃ 10

NUSRƆ̃LAWO WƆWƆ

Yesu kple Nikodemo le dze ɖom le zã me le xɔxɔnu.

Yoh. 3:​1, 2

NUSƆSRƆ̃ 10

Di Vevie Be Yeakpe Ðe Amea Ŋu

Nya si Biblia gblɔ: “Edzɔ dzi na mí vevie be, menye Mawu ƒe nya nyui la ɖeɖe ko míatsɔ ana mi o, ke míawo ŋutɔ mía ɖokuiwo hãe, elabena mieva zu míaƒe lɔlɔ̃tɔwo.”—1 Tes. 2:8.

Ale Si Yesu Wɔe

Yesu kple Nikodemo le dze ɖom le zã me le xɔxɔnu.

VIDEO: Yesu Fia Nu Nikodemo

1. Kpɔ VIDEOA, alo xlẽ Yohanes 3:​1, 2. Eyome nàbu biabia siawo ŋu:

  1. Anye nu ka tae Nikodemo va Yesu gbɔ le zã me?—Kpɔ Yohanes 12:​42, 43.

  2. Esi Yesu lɔ̃ faa xɔ Nikodemo le zã mea, aleke esia ɖee fia be edi vevie be yeakpe ɖe amewo ŋu woava zu nusrɔ̃lawo?

Nu Kae Míesrɔ̃ Tso Yesu Gbɔ?

2. Ne míelɔ̃ amewoa, míadi vevie be míakpe ɖe wo ŋu woava zu nusrɔ̃lawo.

Srɔ̃ Yesu

3. Srɔ̃ nu kple nusrɔ̃via le teƒe kple game si sɔ nɛ dzi. Ðewohĩ nusrɔ̃via adi be yeasrɔ̃ nua le ŋkeke alo game aɖe koŋ dzi. Teƒe kae wòaɖe dzi ɖi le wu asrɔ̃ nua? Eƒe aƒe mea, dɔwɔƒea, alo teƒe bubu aɖea? Ne anya wɔa, srɔ̃ nu kple nusrɔ̃via le teƒe kple game si wòɖo na wò dzi.

4. Misrɔ̃ nua edziedzi. Ne wò ŋutɔ mate ŋu ayi egbɔ oa, mègana nusɔsrɔ̃a natsi eme o, ke boŋ kpɔe ɖa be ɖoɖo bubu kae yeawɔ hã. Le kpɔɖeŋu me:

  1. a. Ðe miate ŋu asrɔ̃ nua le ŋkeke bubu aɖe dzi le kwasiɖa mea?

  2. b. Ðe miate ŋu asrɔ̃ nua le fon alo videokadodo dzia?

  3. d. Ðe nàte ŋu ana gbeƒãɖela bubu aɖe navae srɔ̃ nua kpliia?

5. Do gbe ɖa be wò susu nanɔ eƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu. Ne nusrɔ̃via mete ŋu le nua srɔ̃m edziedzi o, alo ele sesẽm nɛ be wòawɔ nu siwo srɔ̃m wòle dzia, bia Yehowa wòado ŋusẽ wò nàyi edzi akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu. (Flp. 2:13) Anɔ eme be nɔnɔme nyui geɖe le nusrɔ̃via si, ta do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò wò susu nanɔ wo ŋu.

KPƆ MAWUNYAKPUKPUI SIAWO HÃ

Lod. 3:27; Dɔw. 20:35; 2 Kor. 12:15

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe