INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w94 1/1 axa 10-19
  • Si Yehowa Tso

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Si Yehowa Tso
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo ƒe Hadziha Gã Aɖe
  • Sitsoƒe si Míanɔ
  • Gbeƒãɖeɖe Kple Dzideƒo
  • ‘Dɔmenyo Gbogbo si Wodzra Ðo Ði’
  • ‘Tsɔ Yehowa Ƒe Ŋkɔ Wɔ Wò Sitsoƒee’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
w94 1/1 axa 10-19

Si Yehowa Tso

“Yehowa, wòe mesi tso.”—PSALMO 31:2.

1. Aleke Psalmo 31 ka ɖe Yehowa ƒe ŋutete be wòanye sitsoƒe na mí la dzi na míi?

WOTSƆ gbe vivi aɖe dzi ha le ŋutsu aɖe ŋu, amesi togbɔ be ɖeɖi te eŋu le susu kple ŋutilã me hã la, eda eɖokui ɖe Yehowa dzi. Hadzidzi kɔkɔe ma ƒe hagbewo gblɔ be xɔse ɖua dzi. Ŋutsu sia kpɔ bebeƒe le Ŋusẽkatãtɔ la ƒe asi si le klalo be yeaxɔ nɛ la me tso eyometila siwo ɖee ɖe enu si me. Eƒe psalmo la gblɔ be: “Yehowa, wòe mesi tso, mègana ŋu nakpem akpɔ gbeɖe o! Tsɔ wò dzɔdzɔenyenye la ɖem!”—Psalmo 31:2.

2. (a) Sɔti eve kawo dzie míate ŋu anɔ te ɖo aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be enye míaƒe mɔ̃ sesẽ? (b) Mawu ka ƒomevie nye Yehowa?

2 Sitsoƒe ɖeka koe le hakpala la si—eyae nye nyuitɔ kekeake! Ne woake ɖi le nu bubuwo ŋu hã la, nyateƒe sia gakpɔtɔ li be: Yehowae nye eƒe mɔ̃ sesẽ, eƒe sitsoƒe. Eƒe dzideƒo nɔ te ɖe sɔti sesẽ eve dzi. Gbãtɔe nye eƒe xɔse si Yehowa mado ŋukpee o, eye eveliae nye Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye si fia be magblẽ Eƒe dɔla ɖi tegbee akpɔ gbeɖe o. Menye Mawu si doa ŋukpe esubɔla nuteƒewɔlawoe Yehowa nye o; medoa kpo eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ o. Mawu nyateƒetɔ si ɖoa eteƒe na amesiwo ɖoa ŋu ɖe eŋu bliboe lae wònye. Xɔse ava kpɔ teƒeɖoɖo mlɔeba! Ðeɖekpɔkpɔ ava godoo!—Psalmo 31:6, 7.

3. Aleke hakpala la kafu Yehowae?

3 Esi hakpala la tsɔ gbeɖiɖi vovovowo tso esiwo me nublanuigbe si me konyifafa kple nuxaxa dze le dzi va ɖo dzidzɔgbe si me dzideƒonyawo le dzi nɔ eƒe ha la kpamee la, ŋusẽ ɖo eŋu le ememe. Ekafu Yehowa le Eƒe nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ ta. Edzi ha be: “Woakafu Yehowa, elabena eɖe eƒe amenuveve fiam nukutɔe le du sesẽ me.”—Psalmo 31:22.

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo ƒe Hadziha Gã Aɖe

4, 5. (a) Hadziha gã kae le Yehowa kafum egbea, eye aleke wowɔ esia le subɔsubɔƒe si va yi me? (Kpɔ akɔntabubua le axa 12-15.) (b) Mɔ ka nue Ŋkuɖodzia valawo ƒe xexlẽme ɖee fia le be ame geɖe siwo le didim be yewoawɔ ɖeka kple Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo ƒe hadziha la li? (Kpɔ akɔntabubua.) (d) Amewo ƒe hatsotso kae le míaƒe hamea me, siwo ate ŋu age ɖe hadziha la me?

4 Gɔmesese si de ŋgɔ wu va le psalmo ma me nyawo ŋu egbea. Tsitretsiɖeŋula vɔ̃ɖi, dzɔdzɔmefɔku, alo gakuxi aɖeke mate ŋu atsi kafukafuhawo dzidzi na Yehowa nu o; Yehowa ƒe amenuveve sɔ gbɔ na eƒe amewo vavã. Le subɔsubɔƒe si va yi me le xexeame katã la, hadziha gã si me tɔwo ƒe agbɔsɔsɔ gãtɔ nye 4,709,889 le anyigba 231 dzi la dzi Mawu ƒe Fiaɖuƒe gbedasia ƒe ha. Yehowa ƒe Dziƒodziɖuɖu si le Kristo Yesu si me nye sitsoƒe si mado ŋukpe wo o. Fiaɖuƒe gbeƒãɖela siawo siwo tso hame 73,070 me la tsɔ gaƒoƒo si ƒe ƒuƒoƒoe nye 1,057,341,972 wɔ nyanyuigbɔgblɔdɔ lae le ƒe si va yi me. Esia na ame 296,004 tsɔ nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu dzii. Eye nu wɔnuku ka teƒee nye si Mawu ƒe Nufiafia Dukɔwo Dome Takpekpe si wowɔ le Kiev, Ukraine, le ƒe si va yi ƒe August me la valawo katã kpɔ. Wokpɔ nusi medzɔ kpɔ o si nye Kristotɔ vavãwo ƒe hatsotso gbogbotɔ ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ si ɖeke mesɔ kple o la teƒe! Abe alesi wogblɔe ɖi ɖe Yesaya 54:2, 3 ene la,Mawu ƒe amewo le agbɔ sɔm ɖe edzi wu tsã.

5 Gake ame bubu siwo le didim be yewoanye Mawu ƒe Fiaɖuƒea teviwo hã le mɔ dzi gbɔna be yewoage ɖe hadziha la me. Le ƒe si va yi me la, ame gbogbo siwo ƒe xexlẽmee nye 11,865,765 ye va Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖuƒe. Míele mɔ kpɔm be amesiawo dometɔ akpa gãtɔ adze be woadzi Fiaɖuƒeha la tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru le subɔsubɔƒe sia me. Aleke gbegbe esia aku dzi na Satana Abosam, nyateƒea ƒe futɔ la, enye si!—Nyaɖeɖefia 12:12, 17.

6, 7. Gblɔ alesi Yehowa kpe ɖe dzinyuitɔ aɖe ŋu be wòɖu gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fuɖename dzii la fia.

6 Satana adze agbagba be yeaxe mɔ na ame bubuwo be woagadzi ha akpe ɖe hadziha gã ma ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, gbeƒãɖelawo kpɔe le Thailand be gbɔgbɔ vɔ̃wo le fu ɖem na ame geɖe. Gake Yehowa kpe ɖe anukwaretɔ geɖewo ŋu be wovo tso wo si me. Esi ŋutsu aɖe tsɔ numemeekpɔkpɔ yi ɖe nuwɔla aɖe gbɔ vɔ megbe la, gbɔgbɔ vɔ̃wo va kpɔ ŋusẽ ɖe edzi ƒe ewo sɔŋ. Edze agbagba to nunɔla aɖe ƒe kpekpeɖeŋu me be yeado le woƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te gake mekpɔ tɔtrɔ aɖeke o. Yehowa Ðasefo aɖe si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela la dze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii eye wòfia mɔ ɖeka kolia si dzi wòato avo tso gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽ te lae tso Biblia me—nyateƒea ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu esi, wòaxɔ Yehowa Mawu dzi se, eye wòaƒo koko nɛ le gbedodoɖa me.—Korinetotɔwo I, 2:5; Efesotɔwo 4:6, 7; Timoteo I, 2:3, 4.

7 Gbesigbe wodzro nya sia me ƒe zã me la, ŋutsua ku drɔ̃e fofoa kukua eye fofoa do ŋɔdzi nɛ be wòatrɔ ɖe eƒe ŋɔliyɔyɔ ŋu. Eƒe ƒomea va nɔ fu kpem. Esi ŋutsua medi be yeana ta o ta la, eyi eƒe Biblia sɔsrɔ̃a dzi eye wòdze kpekpewo dede gɔme. Mɔɖela la ɖe eme le nusɔsrɔ̃ mawo dometɔ ɖeka me be ɣeaɖewoɣi la, nusiwo wozãna le gbɔgbɔyɔyɔ me ate ŋu aʋu mɔ na gbɔgbɔ vɔ̃wo be woaɖe fu na amesiwo le agbagba dzem be yewoado le woƒe ŋusẽ te. Ŋutsua ɖo ŋku edzi be gbesami aɖe si yezãna tsã la le ye si. Ekpɔe dze sii azɔ be ele be yeatsɔe aƒu gbe. Esi wòtsɔe ƒu gbe ko la, gbɔgbɔ vɔ̃wo megaɖe fu nɛ kpɔ o. (Tsɔe sɔ kple Efesotɔwo 6:13; Yakobo 4:7, 8.) Wo kple srɔ̃a wole ŋgɔ yim le woƒe nusɔsrɔ̃a me nyuie eye wodea kpekpewo edziedzi va xɔa Biblia me nufiamewo.

8, 9. Kplamatsedonu bubu kawo hã dzie Fiaɖuƒe gbeƒãɖela aɖewo ɖu?

8 Afɔklinu bubuwo hã ate ŋu ate nyanyuia ƒe ɖiɖi ɖe to. Le gakuxi sesẽ si le Ghana ta la, woɖe asi le dɔwɔlawo ŋu. Nuwo ƒe asi yi dzi bobobo si na wòsesẽ ŋutɔ be agbemenuhiahiã veviwo gɔ̃ hã nasu ame si. Aleke Yehowa ƒe amewo le nu wɔm le nɔnɔme sia mee? Womeɖoa ŋu ɖe wo ɖokui ŋu o ke boŋ Yehowa ŋue woɖoa ŋu ɖo. Le kpɔɖeŋu me, gbeɖeka ŋutsu aɖe gblẽ agbalẽkotoku si nu wotre la ɖe alɔdzedɔwɔƒea ƒe amedzroxɔƒea ƒe kplɔ̃ dzi. Cedi 100,000 alo ɣleti etɔ̃ ƒe fetu suetɔ kekeake si woxena ɣemaɣie nɔ agbalẽkotokua me. Womenya nunala si gbɔ agbalẽkotokua tso o gake woŋlɔ ɖe agbalẽ si wotsɔ bla ga lae dzi be: “Dɔ ge le asinye gake Yehowa na mekpɔ dɔ bubu. Meda akpe na eya kple Via Kristo Yesu. Metsɔ nye nudzɔdzɔ sue sia le nanam be woatsɔ akpe asi ɖe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia kaka ŋu hafi nuwuwua naɖo.”—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 9:11.

9 Kpekpewo dede kpena ɖe mía ŋu míenaa hehe amesiwo va le kpekpem ɖe hadziha gã si le kafukafuha dzim na Yehowa ŋu. (Tsɔe sɔ kple Psalmo 22:23.) Hame aɖe si woyɔna be El Jordán le Honduras ƒe dziehekpa dzi. Nukae ɖe dzesi vevie le hame sia ŋu? Eyae nye woƒe kpekpewo dede nuteƒewɔwɔtɔe. Le gbeƒãɖela 19 siwo le hamea me dome la, wo dometɔ 12 tsoa tɔsisi gã aɖe kwasiɖa sia kwasiɖa hafi vaa kpekpe. Esia wɔwɔ mesesẽ le kuɖiɣi o elabena wote ŋu zɔa kpewo dzi tsoa tɔa. Gake nuwo trɔna le tsidzaɣi. Tɔ sue ma va zua tɔʋu gã si kplɔa nusianu si le eƒe mɔ dzi dzonae. Be woakpɔ kuxi sia gbɔ la, ele be nɔviŋutsuawo kple nɔvinyɔnuawo nanya tsiƒuƒu nyuie. Hafi woatso tɔa la, wotsɔa woƒe nusrɔ̃ƒedewuwo dea gago me eye wotsɔa aŋekotoku tua enu. Tsiƒula nyuitɔ kekeake zãa gagoa abe mɔfianu si etɔwo kplɔna ɖo ene eye wòkplɔa wo tsoa tɔae. Ne woɖo tɔa godo dedie la wotutua ŋui, doa awu heyia Fiaɖuƒe Akpata me kple dzidzɔ eye wonɔa dzadzɛ hã nyuie!—Psalmo 40:10.

Sitsoƒe si Míanɔ

10. Nukata míate ŋu atrɔ ɖe Yehowa ŋu le xaxaɣiwo?

10 Gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖale fu ɖem na wò tẽ alo nu bubu aɖewoe te ɖe dziwò o, Yehowa ate ŋu anye wò mɔ̃ sesẽ. Bia eƒe kpekpeɖeŋu le gbedodoɖa me. Eléa to ɖe eƒe amewo ƒe hũɖeɖe suetɔ kekeake gɔ̃ hã ŋu nyuie. Hakpala la kpɔ esia ƒe nyateƒenyenye eye wòŋlɔ be: “Ƒu to anyi ɖe ŋunye, ɖem asi tsɔtsɔe; zu agakpe, si nye sitsoƒe nam, kple mɔ̃ sesẽ, ne nàxɔ nam! Elabena wòe nye nye agakpe kple nye mɔ̃ sesẽ, eye àlé nye alɔnu akplɔm le wò ŋkɔ la ta. Àɖem le ɖɔ si, woɖo nam la me, elabena wòe nye nye sitsoƒe!”—Psalmo 31:3-5.

11. Ðe nusita Yehowa ƒe sitsoƒe menye ɣeyiɣi kpui aɖe ko ƒe nɔƒe o la me.

11 Menye ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe sitsoƒe koe Yehowa nyena na mí o ke boŋ enyea sitsoƒe si dzi ame aɖeke mate ŋu adze o, afisi míate ŋu anɔ dedie le. Eƒe amekpɔkplɔ kple mɔfiame medoa ŋukpe eƒe amewo o. Mawu ƒe ŋusẽ aɖi gbɔ Satana kple eƒe gbetsivɔ̃wo ƒe aɖaŋu vɔ̃wo katã. (Efesotɔwo 6:10, 11) Ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe la, aɖe mí le Satana ƒe mɔ̃tetrewo me. (Petro II, 2:9) Le ƒe ene siwo va yi me la, woɖe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le se nu le dukɔ 35 me. Nenema ke le xexeame ƒe akpa siwo hadomegbenɔnɔ, ganyawo, alo dunyahehe ƒe nɔnɔmewo xe mɔ na gbeƒãɖeɖe nyanyuia le me la, amesiwo le abe alẽwo ene dometɔ aɖewo ʋu yi afisi woate ŋu ava wo gbɔ le bɔbɔe wu. Japan nye afisiwo woʋu yi la dometɔ ɖeka.

12. Aleke mɔɖela aɖe si le Japan wɔ Yehowa eƒe mɔ̃ sesẽe?

12 Amedzro geɖewo va le dɔ wɔm le Japan eye woɖo hame gbogbo siwo me wogblɔa dutagbewo le ɖe afima. Nɔviŋutsu aɖe si le Japangbe hameawo dometɔ ɖeka me ƒe nuteƒekpɔkpɔ ɖe alesi gbegbe anyigbamamã si me tɔwo gblɔa dutagbewo le ku tsemee fia. Edi be yeava subɔ le afisi hiahiã la lolo le wu. Gake enɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ ewo wɔm xoxo le afisi wòle. Xɔlɔ̃awo dometɔ ɖeka gblɔ fefetɔe be: “Ne àyi afisi hiahiã lolo le wu la, ele be nàwɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ 20 le afima!” Wona dɔe eye wòʋu yi Hiroshima. Gake le ɣleti ene megbe la, Biblia-nusrɔ̃vi ɖeka koe nɔ esi. Gbeɖeka eyi Brazil-ŋutsu aɖe si doa Portugalgbe ko la gbɔ. Esi nɔviŋutsua mate ŋu aɖo dze kple ŋutsua o ta la, eƒle Portugalgbesrɔ̃gbalẽ. Esi wòsrɔ̃ dzeɖonya bɔbɔe ʋee aɖewo vɔ la, egatrɔ yi ŋutsua gbɔ. Esi nɔviŋutsua do gbe nɛ le Portugalgbe me la, ewɔ nuku nɛ ŋutɔ, eɖo nukomo eye wòʋu ʋɔa nɛ gbadzaa be wòage ɖe eme. Wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme. Eteƒe medidi o nɔviŋutsua va le Biblia-nusɔsrɔ̃ 22 wɔm, 14 le Portugalgbe me, 6 le Spaniagbe me, eye 2 le Japangbe me!

Gbeƒãɖeɖe Kple Dzideƒo

13. Nukatae mele be míana ame aɖeke nana Yehowa subɔsubɔ nakpe ŋu na mí o?

13 Yehowa ƒe amewo tsɔa dzideƒo dzia Fiaɖuƒeha lae kple xɔse blibo be Yehowae nye yewoƒe sitsoƒe. (Psalmo 31:15) Ŋu makpe wo o—Yehowa mana woƒe mo natsi dã o elabena awɔ ɖe nya si wògblɔ dzi. (Psalmo 31:18) Ŋu akpe Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo. Esi wode dɔ asi na Yehowa ƒe amewo be woaɖe gbeƒã gbedasi si medoa ŋukpe ame o ta la, ame bubuwo ƒe nuwɔna menana gbeƒãɖeɖe kpea ŋu na wo o. Menye nenemae Yehowa ʋãa amewo be woasubɔ Ye o eye Via hã mewɔe nenema o. Ne xɔse kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ kple amenuveve ŋu yɔ amewo ƒe dzime fũ la, dzi ƒe nɔnɔme nyui si le wo si lae ʋãa wo be woaƒo nu. (Luka 6:45) Eyata eɖanye ɣeyiɣi ƒe agbɔsɔsɔme kae míezãna le gbeadzi ɣleti sia ɣleti o, vevietɔ ne ɣeyiɣi mae nye míaƒe ŋutete la, enyo, ŋukpe mele eme o. Ðe Yesu kple Fofoa mekpɔ ŋudzedze blibo ɖe ahosia ƒe ga sue la ŋu oa?—Luka 21:1-4.

14. Nya kae nàte ŋu agblɔ le mɔɖeɖedɔa ŋu? (Kpɔ akɔntabubua hã.)

14 Le gbeƒãɖela siwo le agbɔ sɔm ɖe edzi gome la, gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ nye woƒe subɔsubɔ kple dzi blibo ƒe akpa aɖe—wonye ame 890,231 le ƒe si va yi ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ! Ne ŋgɔyiyi si wowɔ le ƒe si va yi me gayi edzi la, adzɔ be xexlẽme sia agbɔ 1,000,000 ŋu. Nuteƒekpɔkpɔ si gbɔna la ɖe alesi nɔvinyɔnu aɖe si le Nigeria wɔ ge ɖe mɔɖeɖedɔa mee fia. Eŋlɔe be: “Esi wòsusɔ vie mawu sekɛndrisuku nu la, meyi va kpe ɖe amesiwo aɖa nu na amesiwo va Yehowa Ðasefowo ƒe mɔɖelawo ƒe sukua la ŋu. Medo go nɔvinyɔnu eve siwo tsi wu mamanye. Esi mese be mɔɖelawo wonye va sukua la, mebia ɖokuinye be ‘ne ame eve mawo ate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa la, ke nukatae nyemate ŋu awɔe o?’ Eyata esi mewu suku nu la, nye hã meva zu gbesiagbe mɔɖela.”

15. Mɔ ka nue vomeɖaseɖiɖi aʋu mɔ na ame bubuwo le be woasi Yehowa atso?

15 Menye amesiamee ate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa ya o gake amesiame ate ŋu aɖi ɖase. Le Belgium la, nɔvinyɔnu aɖe si xɔ ƒe 82 yi lã ƒle ge le asime. Ekpɔe dze sii be dunyahehe me nyaʋiʋli siwo le edzi yim na lãdzralaa srɔ̃ tɔtɔ ŋutɔ. Eyata nɔvinyɔnua tsɔ trakt si nye Nukae Yehowa Ðasefowo Xɔ Se? kpe ɖe ga si wòtsɔ xe feae la ŋu. Esi nɔvinyɔnua trɔ yi fiasea me la, lãdzralaa srɔ̃ mehe ɖe megbe kura o, ebia nusi Biblia gblɔ le xexemeʋa etɔ̃lia ƒe dzɔdzɔ ŋui. Nɔvinyɔnua tsɔ agbalẽ si nye True Peace and Security—How Can You Find It? vɛ nɛ. Le ŋkeke ʋee aɖewo megbe esi nɔvinyɔnu tsitsia yi fiasea me la, lãdzralaa srɔ̃ bia nya geɖee. Nyɔnua ƒe nu wɔ nublanui na nɔvinyɔnua ŋutɔ; Biblia-nusɔsrɔ̃ koe wòawɔ kplii eye nyɔnua lɔ̃ ɖe edzi. Fifia lãdzralaa srɔ̃ di be yeaxɔ nyɔnyrɔ̃. Ke lãdzralaa ya ɖe? Exlẽ trakt la eye eya hã le Biblia srɔ̃m fifia.

‘Dɔmenyo Gbogbo si Wodzra Ðo Ði’

16. Aleke Yehowa tu dɔmenyo ɖo na eƒe amewoe?

16 Ðe Yehowa ‘meɖe eƒe amenuveve fia’ amesiwo sii tso ‘nukutɔe’ le ŋkeke mamle sesẽ siawo me oa? Abe fofo lɔlɔ̃tɔ si kpɔa viawo ta ene la, edzra dɔmenyo gbogbo aɖe ɖo ɖi na via siwo le anyigba dzi. Ena wole dzidzɔ kpɔm le eteƒekpɔlawo katã ŋkume, abe alesi hakpala la gblɔe ene be: “Wò dɔmenyo, si nètu ɖo na amesiwo vɔ̃a wò la, esi nèɖe fia amesiwo si wò tso le amegbetɔviwo ŋku me la, sɔ gbɔ loo!”—Psalmo 31:20, 22.

17-19. Nu nyui kae do tso ŋutsu tsitsi aɖe ƒe srɔ̃ɖeɖe le se nu le Ghana me?

17 Esia na xexemetɔwo va zu Yehowa subɔlawo ƒe anukwareɖiɖi teƒekpɔlawo eye wòwɔa nuku na wo. Le kpɔɖeŋu me, le Ghana la, ŋutsu aɖe si xɔ ƒe 96 yi amesi dea srɔ̃ɖeɖewo agbalẽ me gbɔ be wòade srɔ̃ si yeɖe le dekɔnu nu ƒe 70 sɔŋ enye ema la agbalẽ me. Ewɔ nuku na amegã la ŋutɔ eye wòbiae be: “Èka ɖe edzi be nusia tututue yedi be yeawɔa? Afisi nètsi va ɖo fifia?”

18 Ŋutsua gblɔ be: “Medi be mazu Yehowa Ðasefo be mate ŋu awɔ dɔ vevitɔ kekeake hafi nuwuwua nava—gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui dɔa. Dɔ sia kplɔa ame yia agbe mavɔ mee. Yehowa Ðasefowo wɔa dziɖuɖua ƒe sewo dzi, srɔ̃ɖeɖe dede agbalẽ me ƒe sea hã le eme. Eyata meɖe kuku dee agbalẽ me nam ko.” Amegã la ƒe nu ku. Ede srɔ̃ɖeɖea agbalẽ me nɛ eye ŋutsu tsitsia dzo kple dzidzɔ be yeɖe srɔ̃ ɖe se nu azɔ.—Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 12:2.

19 Emegbe amegã la bu nya siwo katã wòse la ŋu. “Yehowa Ðasefowo . . . dɔ vevitɔ kekeake . . . xexeame ƒe nuwuwu . . . Mawu ƒe Fiaɖuƒe . . . agbe mavɔ.” Esi wòtsi yaa le nusi esiawo katã fia le tɔgbui si xɔ ƒe 96 ƒe agbenɔnɔ me ŋu la, etso nya me be yeadi Ðasefowo ne yease nya bliboa gɔme nyuie. Elɔ̃ be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kple ye eye wòwɔ ŋgɔyiyi kabakaba. Egbea, amesia si dea srɔ̃ɖeɖe agbalẽ me la zu Ðasefo xɔnyɔnyrɔ̃. Eyata ne míeɖo to Yehowa le nusi ame bubuwo abu nu tsɛe gɔ̃ hã me la, ahe nu nyui gbogbo siwo míenya o vɛ na mí kple amesiwo kpɔa míaƒe agbenɔnɔ la hã.—Tsɔe sɔ kple Petro I, 2:12.

20. Aleke nɔvinyɔnuvi aɖe ƒe anukwareɖiɖi ɖi ɖase nyuie le Myanmar?

20 Ame tsitsi siwo na nyateƒea wɔ wo anukwareɖilawoe la ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na ɖevi siwo le xexe sia si me anukwaremaɖimaɖi bɔ ɖo la me. Nɔvinyɔnuvi aɖe le Myanmar. Etso ƒome dahe tsɛ aɖe si me ɖevi ewo le la me. Fofoa si xɔ dzudzɔ le dɔ me nye gbesiagbe mɔɖela. Gbeɖeka nɔvinyɔnua fɔ asigɛ aɖe si wotsɔ diamond wɔ le suku eye wòtsɔe yi na eƒe nufiala enumake. Le ŋufɔke esi sukuviawo va sukuxɔ me la, nufiala gblɔ alesi wofɔ asigɛa hetrɔe na nutɔae la na wo. Eye esi wònya be sukuvi bubuawo ya malɔ̃ atrɔ asigɛa vɛ o ta la, egblɔ na nɔvinyɔnuvia be wòatsi tre ɖe sukuviawo katã ŋkume agblɔ nusita wòwɔ nusia la na wo. Nɔvinyɔnua gblɔ be Yehowa Ðasefoe yenye eye be fififi alo anukwaremaɖimaɖinuwɔna ƒomevi aɖeke medzɔa dzi na yeƒe Mawu la o. Amesiame se nyaa le sukua katã eye wòʋu mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe na mía nɔvinyɔnuvia be wòaɖi ɖase na nufialawo kple sukuviawo siaa.

21. Ne ɖeviwo ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la, aleke woƒe agbenɔnɔ wɔa dɔ ɖe edzii?

21 Nufiala aɖe kafu Yehowa Ðasefowo nyuie le sukuxɔ me le Belgium. Elé ŋku ɖe eƒe sukuviawo dometɔ ɖeka si hã nye nɔvinyɔnuvi ƒe agbenɔnɔ ŋu eye wògblɔ be: “Fifia nye nukpɔsusu le Yehowa Ðasefowo ŋu trɔ. Nazãbubu na mesusui be woawoe nye amesiwo meɖea mɔ ɖe nu ŋu o wu. Togbɔ be womenaa ta le woƒe gɔmeɖosewo me o hã la, woɖee fia be yewoe nye amesiwo ɖea mɔ ɖe nu ŋu wu.” Nunana aɖe li koŋ nufialawo naa woƒe sukuvi nyuitɔwo ƒe sia ƒe. Nunana aɖe hã li wonana ɖe agbenɔnɔŋutise ƒe nusɔsrɔ̃ ta. Nufiala sia tsɔ ame etɔ̃ gbãtɔwo ƒe nunanawo na Yehowa Ðasefowo ƒe viwo ƒe etɔ̃ tsiã ɖe nu. Nenemae wònɔna na amesiwo ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe la zi geɖe.—Psalmo 31:24.

22. Aʋadziɖuɖu ƒe dzideƒonya kae wotsɔ wu Psalmo 31 nui, eye aleke ema akpe ɖe mía ŋu le nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamleawo mee?

22 Psalmo 31 wu enu kple aʋadziɖuɖu ƒe dzideƒonya siawo be: “Misẽ ŋu, eye milé dzi ɖe ƒo, mi amesiwo katã kpɔa mɔ na Yehowa la!” (Psalmo 31:25) Eyata esi míeɖo Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia ƒe ŋkekeawo ƒe nuwuwu la, le esi teƒe be Yehowa nagblẽ mí ɖi la, ate ɖe mía ŋu wu eye wòatsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ ade mía me. Yehowa nye nuteƒewɔla eye medoa kpo nu o. Eyae nye míaƒe sitsoƒe; eyae nye míaƒe mɔ̃ sesẽ.—Lododowo 18:10.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

◻ Nukata míate ŋu atsɔ kakaɖedzi awɔ Yehowa míaƒe sitsoƒee?

◻ Ðaseɖiɖi kae li be hadziha gã aɖe tsɔ dzideƒo le Fiaɖuƒe kafukafuhawo dzim?

◻ Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be Satana ƒe ɖɔ maɖe Yehowa ƒe amewo o?

◻ Kesinɔnu kae Yehowa dzra ɖo ɖi na amesiwo sinɛ tsona la?

[Nyaɖoɖo si le axa 12-15]

YEHOWA ÐASEFO SIWO LE XEXEA ME KATÃ ƑE ƑE 1993 SUBƆSUBƆƑEA ƑE AKƆNTABUBU

(Àkpɔe le agbalẽa ŋutɔ me)

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]

Amesiwo si Yehowa tso la zu Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo ƒe hadziha gã aɖe—ame 4,709,889 sɔŋ!

1. Senegal

2. Brazil

3. Chile

4. Bolivia

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe