INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w94 1/1 axa 26-27
  • Ðevi Siwo ‘Ðoa Ŋu Ðe Yehowa Ŋu’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðevi Siwo ‘Ðoa Ŋu Ðe Yehowa Ŋu’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tadedeagu Na Mawu Le Nyateƒe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • ‘Tso Ðeviwo ƒe Nu Me’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
w94 1/1 axa 26-27

Ðevi Siwo ‘Ðoa Ŋu Ðe Yehowa Ŋu’

MENYE sɔhɛwo ko gbɔe ɖekadzedze alo tugbedzedze tso aƒe ɖo o, eye menye ame tsitsiwo ɖeɖeko gbɔe nunya le o. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 11:22; Nyagblɔla 10:1.) Ke boŋ amesiwo si ɖekadzedze alo tugbedzedze mavɔ kple nunya vavãtɔ le lae nye amesiwo ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu eye wogblɔna tso dzi blibo me le eŋu be: “Nye Mawu nènye.”—Psalmo 31:15; Lododowo 9:10; 16:31.

Le xexeame katã la, ŋutsuvi dzeɖekɛ kple nyɔnuvi dzetugbe siwo le agbɔ sɔm ɖe edzi li, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa, amesiwo toa Mawu subɔsubɔ kple gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia me ɖenɛ fiana be yewonye nunyalawo. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le Sabrina si xɔ ƒe enyi la ŋu kpɔ.

Sabrina le Germania eye wòle klass evelia me. Eyae nye Yehowa Ðasefo gbãtɔ si va suku ma. Nublanuitɔe la, eƒe sukuhatiwo ɖe ŋku tɔe henɔ edzum vaseɖe gbesigbe nufiala bia tso sukuviawo si be woatsɔ agbalẽ si wolɔ̃ wu la vɛ. Sabrina tso nya me be yeatsɔ Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo ayii. Togbɔ be enɔ vɔvɔ̃m le zã si do ŋgɔ me hã la, edzra ɖo ɖe sukua ŋu nyuie. Esi sukuvi 26 ye le sukuxɔa me ta la, enyae be yemate ŋu akpɔ ɣeyiɣi sɔ gbɔ o. Gake eɖo tame be yemaɖe mɔ ame aɖeke natso yeƒe dzeɖoɖoa dzi o, eye eka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ye ŋu. Le ŋkeke si woɖo dzi la, nufiala bia be amekae tsɔ eƒe agbalẽ vɛ eye wòdi be yeaɖee afia gbã hã. Nukutɔe la, Sabrina ɖeɖekoe tsɔ agbalẽa vɛ. Etsi tre ɖe sukuviawo ƒe ŋkume eye wòdze nuƒoƒo gɔme, exlẽ nyawo hetsɔ nɔnɔmetata siwo le agbalẽa me fia wo eye wòɖe eme be Biblia dzie wotu nusianu ɖo. Esi wòwu enu la, ebia be: “Amekae adi be yeaxɔ agbalẽ sia ƒe ɖe?” Etsɔ ɖeka na nufiala la eye wòtsɔ wo ame ewo na eƒe sukuxɔhati aɖewo le ŋkeke siwo kplɔe ɖo dzi. Nya si nufiala la te ŋu gblɔ le eƒe dzeɖoɖoa ŋu koe nye be: “Nyemekpɔ nusia tɔgbe kpɔ o.” Sabrina ye xɔ dzeside gbogbotɔ ɖe eƒe dɔ la ta.

Le nyateƒe me la, Ðasefo vi geɖewo nye nyanyui gbeƒãɖela siwo dzi dzɔna le suku. Erika, gbeƒãɖela si xɔ ƒe 11 le Mexico nye esia ƒe kpɔɖeŋu bubu. Wofia nui tso ɖevime be wòalɔ̃ Yehowa. Edzea agbagba ŋutɔ le eƒe sukudɔdasiwo me. Eƒe dɔdasiawo dometɔ ɖekae nye be wòaŋlɔ nu le AIDS kple atama kple aha nono ƒe numamenyenye ŋuti. Ezã Nyɔ! ƒe magazineawo tsɔ dzra ɖo nyuie eye eyae xɔ dzesi gbogbotɔ. Eƒe nufiala bia afisi wòkpɔ nya mawo le lae eye wòtsɔ magazine siwo ƒo nu tso nyati mawo ŋu la nɛ. Emegbe nufiala la wɔ magazineawo ŋudɔ tsɔ dzro nyati mawo me kple sukuviawo katã. Erika ƒe agbenɔnɔ, eƒe bubudede eƒe nufiala ŋu, kple eƒe dzidzedzekpɔkpɔ le sukudɔwo me na wòdze na nunanawo, ɖaseɖigbalẽwo, kple sukufe ƒe akpa aɖe si woaxe nɛ ƒe mɔnukpɔkpɔwo xɔxɔ. Gake ekpɔe be yeƒe dzidzekpɔkpɔ gãtɔe nye be yeɖe ye ɖokui fia be yenye Yehowa Ðasefo, yete ŋu na Biblia-srɔ̃gbalẽwo, eye yedo Mawu ƒe ŋkɔ ɖe dzi.

Shannon, ŋutsuvi si xɔ ƒe ewo, amesi le New Zealand hã ƒe kpɔɖeŋu li. Eƒe ŋku ɖeka koe le nu kpɔm; dɔdzẽ gbã ŋku evelia nɛ le eƒe vidzĩme. Esi Shannon xɔ ƒe adre la, dadaa dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo. Gake esi wòdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme eteƒe medidi o la, eva nɔ agbe gbegblẽ nɔm kple ŋutsu aɖe si menye srɔ̃a o eye wòtso nya me be yeadzudzɔ nua sɔsrɔ̃. Shannon ɖe kuku be yeƒe Biblia-nusɔsrɔ̃a nayi edzi. Wolɔ̃ ɖe edzi nɛ. Ðasefoa ganɔ vavam eye mlɔeba aƒea me tɔ etɔ̃awo katã srɔ̃ Biblia eye woyi ŋgɔ le gbɔgbɔ me. Esi Shannon dada kple dadaa srɔ̃ ɖe wo nɔewo le se nu vɔ megbe la, woxɔ nyɔnyrɔ̃.

Gbeɖeka Shannon kple nutome sue dzikpɔla srɔ̃ yi gbeadzi. Aƒemenɔla aɖe bia Shannon be: “Nukae wɔ ŋku na wò?” Eɖo eŋu be: “Dɔdzẽ ye wɔe nam eye eva hiã be woaɖee. Eteƒe madidi o Yehowa awɔ yeye ɖe eteƒe nam le Paradisoa me eye nya siae míedi be míagblɔ na wò tae míeva ɖo.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe