INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w94 1/15 axa 2-4
  • Ðe Womate Ŋu Atsi Aʋawɔwɔ Nu Oa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Womate Ŋu Atsi Aʋawɔwɔ Nu Oa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Wòhiã le Amegbetɔ ƒe Agbenɔnɔ Mea?
  • Nusiwo Hea Aʋawɔwɔ Vɛ
  • Aʋawɔwɔ
    Nyɔ!—2017
  • Aleke Etsɔme Anɔ Na Aʋawɔwɔ?
    Nyɔ!—1999
  • Ame Si Le Megbe Na Aʋawɔwɔ Kple Fukpekpe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Ale Si Mawu Bua Aʋawɔwɔe Egbea
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
w94 1/15 axa 2-4

Ðe Womate Ŋu Atsi Aʋawɔwɔ Nu Oa?

AƲAWƆWƆ nye nublanuinya si ŋu woƒoa nu tsoe le nyadzɔdzɔwo me. Ðikeke mele eme o be ŋutasesẽ ŋuti nyatakaka siawo ɖea fu na wò. Gake ɖewohĩ àbia be nukatae woazã aʋawɔnuwo le masɔmasɔ geɖe gbɔ kpɔkpɔ me? Ðe amewo masrɔ̃ alesi woanɔ anyi le ŋutifafa me akpɔ oa?

Edze abe alesi woawɔ atsi aʋawɔwɔ nu la sesẽ wu AIDS ƒe atike kpɔkpɔ ene. Le ƒe alafa 20 lia me la, dukɔ blibowo wɔ ɖoɖo ɖe aʋawɔwɔ ŋu, woɖo ame miliɔn geɖe ɖe aʋagbedzi, eye wotsrɔ̃ dugã alafa geɖewo. Edze abe ɖe amewo wuwu le agbɔsɔsɔ gã me mawu enu o ene. Aʋawɔnusitsatsa si me wokpɔa viɖe geɖe le si yia edzi la nana xexemeʋakɔwo—kple adzameʋawɔlawo—yia edzi kpɔa ŋusẽ.

Esi aʋawɔnuwo nu le sesẽm wu ta la, asrafo siwo tsia aʋa ƒe agbɔsɔsɔ yi dzi boo. Wowu asrafo miliɔn 65 siwo wɔ aʋa le Xexemeʋa I me ƒe afã kple edzivɔ alo de abi wo ŋu. Anɔ abe ƒe blaetɔ̃ ene la, atɔmikbɔmb eve ko wu Japantɔ 150,000 siwo menye asrafowo o. Tso esime wowɔ Xexemeʋa II la, aʋawɔwɔ va keke ta ɖe edzi wu. Gake amewo kuna le wo me wu, vevietɔ amesiwo menye asrafowo o siwo dometɔ 80 le alafa ɖesiaɖe mee nɔa amesiwo tsia aʋa dome.

Ewɔ mo yaa be ame geɖewo tsɔtrɔ̃ sia va eme le ɣeyiɣi si me wodze agbagba geɖe wu be woagana dukɔwo natsɔ aʋawɔwɔ akpɔ wo dome masɔmasɔwo gbɔ o la me. Esi xexemedukɔ sesẽ eveawo dome nyaʋiʋliwo wu enu la, amewo kpɔ mɔ vevie be ŋutifafa ƒe xexemenuɖoanyi yeye aɖe ava. Gake ŋutifafa meva anyigba la katã dzi kpɔ o. Nukatae?

Ðe Wòhiã le Amegbetɔ ƒe Agbenɔnɔ Mea?

Ŋutinyaŋlɔla kple amegbetɔŋutinunyala aɖewo gblɔ be womate ŋu atsi aʋawɔwɔ nu o—wogblɔ be ehiã gɔ̃ hã—elabena agbagbadzedze be nɔnɔmewo nanyo ɖe edzi ƒe akpa aɖee wònye. Aʋawɔwɔŋutinyaŋlɔla Friedrich von Bernhardi si dzi susu sia kpɔ ŋusẽ ɖo la gblɔ le ƒe 1914 me be wowɔa aʋa “be wòahe ŋgɔyiyi vɛ le amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ, hadomegbenɔnɔ, kple agbenyuinɔnɔ gome.” Susuae nye be aʋawɔwɔ nye mɔ si dzi woato aɖe ame alo dukɔ beliwo ɖa akpɔtɔ esiwo ŋu ŋutete le wu ɖi.

Nya siawo tɔgbe mafa akɔ na ame miliɔn geɖe siwo aʋawɔwɔ na wozu ahosi kple tsyɔ̃eviwo la o. Susu sia mesɔ ɖe agbenyuinɔnɔ ƒe gɔmeɖose nu o eye wònye aɖabaŋeŋe aƒu nɔnɔme sesẽ siwo egbegbe ƒe aʋawɔwɔ hena vɛ hã dzi. Aʋawɔtugã megbea amesiwo ŋu ŋutete le wu la wuwu o, eye bɔmb wua ame sesẽwo kple ame beliwo siaa.

Esi Adolf Hitler ŋe aɖaba ƒu xexemeʋa gbãtɔ me nufiame wɔdɔɖeamedziwo dzi la, edi be ŋusẽ gã nasu ye si to asrafoʋadziɖuɖu me. Eŋlɔ le eƒe agbalẽ si nye Mein Kamp me be: “Ameƒomea kpɔ ŋgɔyiyi le aʋawɔwɔ si anɔ anyi ɖaa me, eye ŋutifafa mavɔ koe esia mahe vɛ o. . . . Ele be amesi sesẽ wu la naɖu dzi eye mele be wòawɔ ɖeka kple ame beli o.” Gake esi teƒe be Hitler nana ameƒomea navo la, ena ame miliɔn geɖe bu woƒe agbe boŋ eye wòtsrɔ̃ anyigbagã aɖe.

Gake ne aʋawɔwɔ mehiã le amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ me o la, ke nukae ʋãa ameƒomea wòle eɖokui wum? Ŋusẽ kawoe naa dukɔwo wɔa “ŋkumaʋumaʋunu” siawo?a Nya siwo gbɔna nye nu ɖedzesi siwo doa kplamatse ŋutifafawɔlawo ƒe agbagbadzedze nyuiwo la ƒe ɖewo.

Nusiwo Hea Aʋawɔwɔ Vɛ

Dumevinyahehe. Dumevinyahehe si dunyahelawo kple aʋafiawo ɖena fiana zi geɖe la nye nu sẽŋu siwo doa aʋawɔwɔ ɖe ŋgɔ la dometɔ ɖeka. Wowɔ aʋa geɖe le “dukɔ ƒe nuwo” ta kpɔkpɔ alo “dukɔ ƒe bubu” ta ʋiʋli ta. Ne dumevinyahehe ƒe susu nyui alo gbegblẽa kpɔ dzidzedze la, woabu amedzidzedze adãtɔe gɔ̃ hã be enye nu nyui si woawɔ atsɔ agblẽ futɔwo ƒe aʋawɔnuwo dome hafi woava zã wo ɖe ame ŋu.

Gbevovodolawo dome fuléle. Nutowo me ƒe aʋawɔwɔ geɖe dzea egɔme heva doa gã ɖe edzi le fuléle si le ameƒomeviwo, gbevovodolawo, kple dukɔwo dome ɣeyiɣi didi ta. Dukɔmeviʋa wɔwɔ le afisi nye Yugoslavia tsã, le Liberia, kple le Somalia nye esia ƒe kpɔɖeŋu siwo dzɔ nyitsɔ laa.

Hoʋiʋli le ganya kple asrafonyawo me. Le ɣeyiɣi siwo me ŋutifafa nɔ anyi do ŋgɔ na Xexemeʋa I la, Europa-dukɔ siwo si ŋusẽ nɔ la dzra aʋakɔ gãwo ɖo. Germania kple Britania Gã ʋli ho le aʋawɔtɔdziʋuwo wɔwɔ me. Esi wònye dukɔ gã siwo kpɔ gome le amewo wuwu me vevie xɔe se be aʋawɔwɔ ana yewoagakpɔ ŋusẽ ɖe edzi eye wòahe viɖe geɖe vɛ na yewo le ganya gome ta la, mɔ va ʋu ɖi ɖe aʋawɔwɔ ŋu.

Subɔsubɔhawo dome fuléle. Subɔsubɔhawo dome masɔmasɔwo ate ŋu agblẽ nu geɖe vevietɔ ne ameƒomeviwo dome mamã kpe ɖe eŋu. Aʋawɔwɔ siwo yi edzi le Lebanon kple Ireland ƒe anyiehe gome kpakple aʋa siwo India kple Pakistan wowɔ la tso subɔsubɔhawo dome fuléle gbɔ.

Aʋadɔla si womekpɔna o. Biblia la ɖee fia be Satana Abosam si nye “xexe sia me mawu” la le dɔ wɔm fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. (Korintotɔwo II, 4:4) Esi dzi le ekum vevie eye “vovoɣi vi aɖe” koe li nɛ ta la, nɔnɔmewo le gbegblẽm ɖe edzi, esiwo me aʋawɔwɔ siwo na nɔnɔme wɔnublanui si me anyigba le la gale gbegblẽm ɖe edzi wu la hã le.—Nyaɖeɖefia 12:12.

Womate ŋu aɖe nusiawo siwo hea aʋawɔwɔ vɛ la ɖa bɔbɔe o. Plato gblɔe le ƒe siwo wu 2,000 siwo va yi me be “ame kukuwo koe kpɔ aʋawɔwɔ ƒe nuwuwu.” Ðe dziɖeleameƒonya siawo nye nyateƒe si dzi wòle be míatsɔ vevesese alɔ̃ ɖoa? Alo ɖe susu aɖe li si ta míakpɔ mɔ be xexe aɖe si me aʋawɔwɔ meli o ava gbeɖekaa?

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Napoléon ye gblɔ be aʋawɔwɔ nye “ŋkumaʋumaʋunuwɔna.” Esi wònye asrafo ƒe geɖe le eƒe tsitsime eye wònye asrafomegã ƒe 20 sɔŋ ta la, ekpɔ alesi aʋawɔwɔ nye ŋkumaʋumaʋunue teƒe ŋutɔŋutɔ.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]

Cover: John Singer Sargent’s painting Gassed (detail), Imperial War Museum, London

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Instituto Municipal de Historia, Barcelona

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe