INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w94 1/15 axa 8-9
  • Yehowa Ðasefo Siwo Le Xexeame Katã—Philippine Dukɔa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Ðasefo Siwo Le Xexeame Katã—Philippine Dukɔa
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðaseɖiɖi le Suku
  • Fiaɖuƒe Gbedasia Le Afisiafi
  • ‘Tso Ðeviwo ƒe Nu Me’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Gblɔe Na Wo Be Yelɔ̃ Wo
    Yehowa Ðasefowo Ƒe Nuteƒekpɔkpɔwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
w94 1/15 axa 8-9

Yehowa Ðasefo Siwo Le Xexeame Katã—Philippine Dukɔa

ƑUKPO 7,083 siwo nye anyigba xɔdzo siwo dzi le klitsaklitsa siwo ƒo ƒu wɔ Philippines-dukɔ la le togbaka si ƒe akpa aɖe ge ɖe atsiaƒua me la ƒe dzigbe gome.a Eye ame 62,000,000 siwo le Philippines la lɔ̃na ɖoa dze le nya ɖesiaɖe kloe ŋu. Mokɔkɔɖeameŋu sia na Fiaɖuƒeɖaseɖiɖia le dzidzedze kpɔm.

Ðaseɖiɖi le Suku

Le Masbate-ƒukpoa dzi la, suku kɔkɔ dela si nye sɔhɛ la te ŋu ɖi ɖase na eƒe nufiala kple sukuviwo esime wonɔ dodokpɔ si me woaɖo nya ŋu le be nyateƒe alo aʋatsoe la wɔm. Egblɔ be:

“Nya si wogblɔe nye be, ‘Ne Mawu lɔ̃m la, mahe kuxiwo va dzinye alo ana makpe fu o.’ Esime nye nufiala lé ŋku ɖe míaƒe dodokpɔgbalẽwo ŋu la ekpɔe be nye sukuhatiwo katã ɖo eŋu be nyateƒee negbe nye ɖeka ko. Nye nufiala ɖe mɔ nam be maɖe nusita meɖo eŋu be aʋatsoe la me na sukuviawo. Megblɔ be menye Mawue hea kuxiwo vaa mía dzi o togbɔ be eɖea mɔ ɖe fukpekpewo ŋu eye wòɖea mɔ be woado mí akpɔ hã. Mezã nye Biblia si metsɔna yia suku ɣesiaɣi la eye mía kple sukuviawo míede ŋugble le Yohanes I, 4:8 ƒe nya siwo gblɔ be ‘Mawu enye lɔlɔ̃’ la ŋu. Le nye numeɖeɖea megbe la, nye nufiala se egɔme, etsɔ eƒe asi ƒo eƒe kplɔ̃a dzi hegblɔ be: ‘Marilou ye gblɔe nyuie.’ Nye koe te ŋu ɖo nya sia ŋu nyuie hexɔ dzesi gãtɔ ɖe eta.”

Fiaɖuƒe Gbedasia Le Afisiafi

Esime gbesiagbe mɔɖela (ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyui gbeƒãɖela) aɖe nɔ aƒeme yi aƒeme dɔa wɔm le Philippines ƒe akpa bubu la, edo go ɖevi etɔ̃ aɖewo dada. Nyɔnua ɖe ɖetsɔleme geɖe fia ɖe Fiaɖuƒe gbedasia ŋu eye esia na wònɔ bɔbɔe be wòdze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii. Nusɔsrɔ̃a yi edzi togbɔ be medzɔ dzi na srɔ̃a be ele Biblia ƒe nufiafiawo xɔm vevietɔ tso Yehowa Ðasefowo gbɔ o hã.

Ŋutsua ʋu kple eƒe ƒomea yi dugã bubu me kple susu be esia ana srɔ̃a nadzudzɔ hadede kple Ðasefowo. Gake eteƒe medidi hafi wokpɔ nyɔnu sia eye wogadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii o. Le nyateƒe me la, srɔ̃a kpɔ dziku vevie. Etsɔ dzikua yi eƒe dɔwɔƒee heɖe eƒe seselelãmea me na ame aɖe si ƒe ʋu wònɔ dzadzram ɖo. Ŋutsua menyae be amesia si ƒe ʋu wɔm wònɔ la nye Yehowa Ðasefo o.

Ðasefoa ɖe eme be ne srɔ̃a yi eƒe Biblia-nusɔsrɔ̃a dzi la aɖe vi geɖe na ƒome bliboa. Ate ŋu adze egɔme anɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔ wɔm tso aƒeme ke. Eɖo aɖaŋu be ate ŋu aɖe vi na srɔ̃ŋutsua ŋutɔ hã ne esrɔ̃ nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu.

Nukae do tso dzeɖoɖo sia me? Ŋutsua na ablɔɖe geɖe wu srɔ̃a be wòasrɔ̃ Biblia la eye wògaʋu kple ƒomea yi afisi nye woƒe aƒeme tsã. Nyɔnua wɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi le afima va zu Fiaɖuƒe gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃. Srɔ̃ŋutsua hã lɔ̃ be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple ye eye ƒome bliboa dze Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede gɔme.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ Yehowa Ðasefowo ƒe ƒe 1994 Ɣletigbalẽa hena nyatakaka bubuwo.

[Aɖaka si le axa 8]

DUKƆA Ƒe Akɔntabubu

1993 Subɔsubɔƒea

ÐASEÐILAWO ƑE AGBƆSƆSƆ: 116,576

ÐASEFO 1 NA AME: 549

ŊKUÐODZIA VALAWO: 357,388

MƆÐELAWO ƑE MAMÃ DEDIE: 22,705

BIBLIA NUSƆSRƆ̃ ƑE MAMÃ DEDIE: 94,370

NYƆNYRƆ̃XƆLAWO: 7,559

HAMEWO ƑE AGBƆSƆSƆ: 3,332

ALƆDZEDƆWƆƑE: MANILA

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Nu nyuiwo doa go tsoa ɖaseɖiɖi le asime me

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Manila

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe