INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w94 2/1 axa 25-29
  • Ðe Nèdea Bubu Ame Bubuwo Ŋu Ne Èle Aɖaŋu Ðom Na Woa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nèdea Bubu Ame Bubuwo Ŋu Ne Èle Aɖaŋu Ðom Na Woa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gome si Le Amegbetɔ Si le Dzɔdzɔme Nu be Woade Bubu Eŋu
  • Yehowa Wɔ Ame Kple Didi be Woade Bubu Eŋu
  • Gɔmeɖose Siwo Dea Bubu Ame Ŋu
  • De Bubu Amewo Ŋu—Tsi Tre Ðe Abosam Ŋu
  • De Bubu Yehowa Ŋu To Nuwɔwɔ Bubutɔe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Ètsɔa Bubu si Le Wo Ŋu Naa Woa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Asixɔxɔ si Amegbetɔ Dze Na Woadee Amesiame Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Asixɔxɔ si Amegbetɔ Dze Na Gomenɔamesi Si Dzi Wotua Afɔe Zi Geɖe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
w94 2/1 axa 25-29

Ðe Nèdea Bubu Ame Bubuwo Ŋu Ne Èle Aɖaŋu Ðom Na Woa?

ALEKE gbegbe aɖaŋu ɖoɖo na ame bubutɔe nyo eye wòɖea vi enye si! Edward gblɔ be: “Aɖaŋu nyui si woaɖo na ame le dɔmenyo kple ameŋububu me la naa ƒomedodo nyui nɔa amewo dome.” Warren gblɔ be: “Ne èkpɔe be aɖaŋuɖola la dea bubu ye ŋu le esi wòlɔ̃na faa ɖoa to sea yeƒe nya la, ewɔnɛ be aɖaŋuɖoɖoa nya xɔna bɔbɔe.” Norman hã gblɔ be: “Ne aɖaŋuɖola la de bubu ŋunye la, mete ŋu tena ɖe eŋu biaa aɖaŋuɖoɖoe.”

Gome si Le Amegbetɔ Si le Dzɔdzɔme Nu be Woade Bubu Eŋu

Aɖaŋuɖoɖo si me vividoɖeameŋu, xɔlɔ̃wɔwɔ, kple lɔlɔ̃ le la nya xɔna nyateƒe. Viɖe le eme be nàɖo aɖaŋu na ame abe alesi nàdi be woaɖoe na ye ene. (Mateo 7:12) Le esi teƒe be aɖaŋuɖola nyui nake ɖi alo abu fɔ amesi wòle aɖaŋu ɖom na la, egbɔa dzi ɖi sea nya si gblɔm amea le la eye wòdzea agbagba be yease nu gɔme na amea—eƒe tamebubu, eƒe nukpɔsusu, kple eƒe seselelãmewo.—Lododowo 18:13.

Ehiã be egbegbe aɖaŋuɖolawo kple Kristotɔ hamemegãwo hã naɖɔ ŋu ɖo be woade bubu amewo ŋu ne wole aɖaŋu ɖom na wo. Nukatae? Nusi koŋ tae nye be nɔnɔme si bɔ ɖe amewo domee nye be wowɔa nu ɖe ame bubuwo ŋu bubumadeameŋutɔe. Esia wɔnɛ be womewɔa nu ɖe woawo hã ŋu le bubumɔ nu o. Zi geɖe la, amesiwo nèbu be woade bubu ye ŋu boŋ ye medea bubu ame ŋu o, woɖanye agbalẽnyalawo, subɔsubɔhakplɔlawo, alo ame bubuwo o. Le kpɔɖeŋu me, amenyanyã le dɔwɔƒe nyea nu sesẽ na dɔtɔ kple dɔwɔvi siaa eye wòtena ɖe wo dzi. Eɖia gbɔ ame vevietɔ ne womewɔ nu ɖe amesi nyãm wole la ŋu le bubumɔ nu o. Vancouver Sun gblɔ be, ele be dɔnunɔlawo nanya alesi woagblɔ “nya sesẽ mae kpuie eme nakɔ bubutɔe ne wole amewo nyãm le dɔ me, be bubu si le amea ŋu nakpɔtɔ anɔ anyi pɛpɛpɛ.” Ẽ, amegbetɔ ɖesiaɖe dze be woawɔ nu ɖe eŋu le bubu me.

Wogblɔ le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Takpekpe Gã me be: “Wodzi amegbetɔwo katã ablɔɖemewoe eye bubu kple gomenɔamesi sɔsɔe le wo si. Wotsɔ tamebubu kple dzitsinya na wo eye ele be woatsɔ nɔvilɔlɔ̃gbɔgbɔ awɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu.” Esi womegale bubu dem amewo ŋu o ta la, esɔ be woƒo nu tso nɔnɔme sia ŋuti le Dukɔ Ƒoƒuawo kple Xexeame Katã ƒe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesi ƒe Sedede me ŋgɔdonya me. Wogblɔ be yewoda “asi ɖe amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo kple asixɔxɔ bubu si le amea ŋu la dzi.”

Yehowa Wɔ Ame Kple Didi be Woade Bubu Eŋu

Mawu si ŋu bubu le ye Yehowa nye. Eƒe Nya si gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ gblɔe wòsɔ be “keklẽ kple atsyɔ̃ɖoɖo le egbɔ” eye “[Eƒe] ŋutikɔkɔe gbagba gbɔ dziƒo ta.”—Kronika I, 16:27; Psalmo 8:2.

Esi bubu le Mawu ŋu eye wònye Xexeame Katã ƒe Dziɖula Gãtɔ ta la, ede bubu eƒe nuwɔwɔwo katã ŋu le dziƒo kple anyigba dzi. Via Kristo Yesu si nye Fia si ŋuti wokɔ, si le dzi ɖum lae nye amesiwo ŋu wode bubu mae dometɔ si ɖe dzesi wu. Dawid ŋlɔe le nyagblɔɖi me be: “Bubu kple atsyɔ̃ nètsɔ ɖe eŋu.”—Psalmo 21:6; Daniel 7:14.

Nublanuitɔe la, woda le amegbetɔ ƒe gomenɔamesi vevi sia dzi le ŋutinya katã me. Mawudɔla ŋusẽtɔ aɖe si ƒe nuwɔnawo na wòzu Satana Abosam la tɔ gbe Mawu ƒe dziɖulanyenye ƒe gome, eƒe dzɔdzɔenyenye, kple eƒe dzedze be wòaɖu dzi. Eɖe eƒe tomaɖomaɖo Yehowa fia le esia wɔwɔ me eye mede bubu Eƒe ŋkɔ gã la ŋu o esi wòtɔ gbe gome si le Esi be wòaɖu dzi ta. Ede bubu eɖokui ŋu fũ. Amegbetɔwo ƒe fia ŋusẽtɔwo, abe Nebukadnezar si nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣi ene, do wo ɖokui ɖe dzi le woƒe ‘ŋusẽ kple gãnyenye’ ta abe Abosam ke ene. Wotsi tre ɖe bubu si le Yehowa ŋu la ŋu eye wotsɔ bubu si womedze na o la na wo ɖokui. (Daniel 4:27) Satana ƒe ameteteɖeanyidziɖuɖu si le ameƒomea ƒe xexeame dzi ɖum la, ɖe bubu le amewo ŋu eye wògale edzi ko.

Woda wò ɖe anyi kpɔa? Ðe wona nèse le ɖokuiwò me kpɔ be yedze agɔ akpa, alo wodo ŋukpe wò, woɖi gbɔwò, alo wodo vlo wò esi wole aɖaŋu ɖom na wòa? André gblɔ be: “Mekpɔ be wometsɔ ɖeke le eme nam o, womese veve ɖe nunye o, womede bubu ŋunye o. Wona mese le ɖokuinye be nyemele ɖeke me o, esia na dzi ɖe le ƒonye, metsi dzimaɖi, eye melé blanui gɔ̃ hã.” Laura gblɔ be: “Amesi nèkpɔ be metsɔ ɖeke le eme na ye o la ƒe aɖaŋuɖoɖo menya xɔna o.”

Esia ta woxlɔ̃ nu Kristotɔ dzikpɔlawo be woawɔ nu ɖe Mawu ƒe alẽha la ŋu le bubu me. (Petro I, 5:2, 3) Ne nanewo dzɔ siwo me wòahiã le be nàɖo aɖaŋu na ame bubuwo be wòaɖe vi na wo la, aleke nàte ŋu akpɔ ɖokuiwò ta be màgasrɔ̃ xexemetɔ siwo vlododo ame meɖi naneke na o la ƒe tamesusu kple nuwɔnawo o? Nukae akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ bubu si le hati Kristotɔwo ŋu kple wò hã tɔwò ta?—Lododowo 27:6; Galatiatɔwo 6:1.

Gɔmeɖose Siwo Dea Bubu Ame Ŋu

Mawu ƒe Nya la megblẽ mí ɖi le nya sia me o. Aɖaŋuɖola nyui aɖo ŋu ɖe aɖaŋu si Mawu ƒe Nya la ɖo ŋu bliboe tsɔ wu be wòaɖo ŋu ɖe xexe sia me ƒe nunya ŋu. Aɖaŋuɖoɖo xɔasiwo le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me. Ne wozɔ ɖe wo dzi la, wodea bubu aɖaŋuɖola la kple amesi wòle nu fiamee la siaa ŋu. Eyata mɔfiame si Paulo na Timoteo si nye Kristotɔ dzikpɔlae nye be: “Megawo ɖe ame tsitsi ta o, ke boŋ xlɔ̃ nui abe fofo ene, ɖekakpuiwo abe nɔviŋutsuwo ene, nyɔnu tsitsiwo abe dadawo ene, ɖetugbiwo abe nɔvinyɔnuwo ene le dzadzɛnyenye katã me.” (Timoteo I, 5:1, 2) Nuxaxa, vevesese, kple tɔtɔ gbogbo kae nye si míaƒo asa na ne míewɔ ɖe gɔmeɖose siawo dzi!

De dzesii be nusi nana ame ƒe aɖaŋuɖoɖo nya xɔnae nye bubudede ame ŋu kple gome si le amea si be woawɔ nu ɖe eŋu le bubu kple lɔlɔ̃ me. Ele be Kristotɔ hamemegãwo kple dzikpɔla mɔzɔlawo nadze agbagba awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi eye woadi be yewoanya nusi tututu na amesi hiã na ɖɔɖɔɖo la bua tame hewɔa nu nenema. Ele be woadi be yewoase eƒe nukpɔsusu eye woadze agbagba ɖesiaɖe be yewomado ŋukpe amesi ŋu yewole kpekpem ɖo la, aɖi gbɔe, alo ado vloe o.

Abe hamemegã ene la, na nɔviwò nanya be yetsɔa ɖe le eme nɛ eye be yedi be yeakpe ɖe eŋu le eƒe kuxiwo me. Nu mae ɖɔkta nyui wɔna ne èyi eƒe dɔwɔƒe be wòado ye kpɔ. Eŋububu be woaɖe awu le ŋuwò ameŋumabumabutɔe le kɔdzi, ana nàtɔtɔ eye wòaɖi gbɔ wò. Aleke gbegbe wòadzɔ dzi na wòe nye si ne ɖɔkta aɖe de asixɔxɔ kple bubu ŋuwò be wòtsɔ nane tsyɔ na wò esime wòle dowòm kpɔ be yeakpɔ dɔ si lém nèle la! Nenema ke Kristotɔ aɖaŋuɖola si dea bubu si sɔ ame ŋu la nyoa dɔme hesẽa ŋu, gake edea bubu amesi wòle aɖaŋua ɖom na la hã ŋu. (Nyaɖeɖefia 2:13, 14, 19, 20) Le go bubu me la, aɖaŋuɖoɖo sesẽ si me ameŋububu kple veveseɖeamenu mele o la le ko abe alesi woaɖe awu le ŋuwò ene esi nye nusi ado ŋukpe wò, aɖi gbɔ wò, eye wòaɖe bubu le ŋuwò.

Teokrasi Subɔsubɔ Suku dzikpɔlawo dzea agbagba vevie be yewoaɖo aɖaŋu le bubu me. Ne wole aɖaŋu ɖom na ame tsitsi la, woɖea lɔlɔ̃ ma ke si woaɖe afia wo dzila ŋutɔŋutɔwo la fiana. Wobua ame ŋu, wɔa xɔlɔ̃, hedoa vivi ɖe ame ŋu. Ðetsɔleme sia hiã ŋutɔ. Ewɔnɛ be aɖaŋu nya ɖona eye wònya xɔna nyuie hã.

Hamemegãwo, nenɔ susu me na mi be aɖaŋuɖoɖo nyui doa ame ɖe ŋgɔ, edea dzi ƒo na ame, etua ame ɖo, eye wòdoa ŋusẽ ame. Efesotɔwo 4:29 gblɔ be: “Migana nya vlo aɖeke nado go tso miaƒe nu me gbeɖegbeɖe o, ke boŋ nya, si nyo na ŋgɔgbedede, ne ehiã la, bene wòana amenuveve amesiwo senɛ la.”

Mehiã be nàgblɔ nya vevee na ame alo wò numeɖeɖewo nasẽ o. Ke boŋ bubudede ame kemea ŋu kple didi be yeade asixɔxɔ kple bubu eŋu la aʋã wò be nàgblɔ nya la le dzideƒonamemɔnu be wòatui ɖo. Kafui nyateƒetɔe tso dzime ke ɖe nɔnɔme nyui siwo le esi ta do ŋgɔ na nya sia nya si nàgblɔ, tsɔ wu be nàte gbe ɖe nusiwo ana wòalé blanui eye wòakpɔ be yemele ɖeke me o la dzi. Ne hamemegãe nènye la, ekema wɔ wò ‘ŋusẽ’ ŋudɔ ‘tsɔ tu ame ɖo menye be nàtsɔ agblẽ woe o.’—Korintotɔwo II, 10:8.

Ẽ, ele be aɖaŋuɖoɖo ɖesiaɖe si atso Kristotɔ dzikpɔlawo gbɔ la nade dzi ƒo be wòanye amenuveve na amesiwo senɛ la. Mele be wòaɖe dzi le ame ƒo alo ado “vɔvɔ̃” na ame o. (Korintotɔwo II, 10:9) Ehiã be woade asixɔxɔ kple bubu amesi wɔ nuvɔ̃ gã aɖe gɔ̃ hã ŋu. Ele be woatsɔ dɔmenyo aɖo aɖaŋui nɛ gake woaka mo nɛ vevie be wòaʋãe be wòatrɔ dzime.—Psalmo 44:16; Korintotɔwo I, 15:34.

Enyo be míade dzesii be gɔmeɖose siawo ke le Mawu ƒe Se si wòde na Israel-viwo la me. Eɖe mɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo kple tohehe na ame le ŋutilã me gɔ̃ hã ŋu, le ɣeyiɣi ma ke me la, ekpɔa bubu si le ame ŋu la ta. Woɖe mɔ be woaƒo ame kple ati gake ‘eƒe xexlẽme nasɔ ɖe eƒe vodada nu’ ke magbɔ edzi o. Woɖo seɖoƒe na zi alesi wòaƒo amee be “womagaɖi gbɔ” nuvlowɔla la o.—Mose V, 25:2, 3.

Ðetsɔtsɔ le nuvɔ̃wɔla si trɔ dzime ƒe seselelãme me hã nye Yesu ƒe nɔnɔme vevi aɖe. Yesaya gblɔ ɖi le eŋu be: “Maɖe aƒla ŋeŋe la le enu o, eye matsi ɖovu bibi fiɖifiɖi la o. Ahe ɖoɖo la ayii le nyateƒe me.”—Yesaya 42:3; Mateo 12:17, 20; Luka 7:37, 38, 44-50.

Yesu ƒe nya siwo wògblɔ le eƒe Todzimawunya me la gaɖo kpe alesi nublanuikpɔkpɔ hiãe la dzi: “Nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.” (Mateo 7:12) Gɔmeɖose sia le vevie le ƒomedodo nyui tutu ɖo me ale gbegbe be ame geɖe yɔnɛ be Sikasedede (Agbenɔnɔŋutise). Abe Kristotɔ hamemegã ene la, aleke wòakpe ɖe ŋuwòe be nàwɔ nu ɖe ame bubuwo ŋu le dɔmenyo kple bubu me ne èle aɖaŋu ɖom na wo?

Nenɔ susu me na wò be ye hã yedaa vo. Abe alesi Yakobo gblɔe ene la, “mí katã míeda vo le nu geɖewo me.” (Yakobo 3:2) Ŋkuɖoɖo esia dzi akpe ɖe ŋuwò be nànya nuƒoƒo eye nàɖu wò seselelãmewo dzi ne eva hiã be nàƒo nu na ame bubuwo le woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋuti. De dzesi nusiwo ave wo. Esia akpe ɖe ŋuwò be nàƒo asa na glãkahehe eye mànɔ susu hem yi vodada viviviwo dzi o. Yesu te gbe ɖe esia dzi esime wògblɔ be: “Migadrɔ̃ ʋɔnu, ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o. Elabena ʋɔnudɔdrɔ̃, si miedrɔ̃ la, eya ke woatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu mi; eye dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã.”—Mateo 7:1, 2.

De Bubu Amewo Ŋu—Tsi Tre Ðe Abosam Ŋu

Satana trɔ asi le eƒe ayemɔwo ŋu be woaɖe bubu le ŋu wò, ana ŋu nakpe wò eye nàse le ɖokuiwò me be yemele ɖeke me o, eye mɔkpɔkpɔ nabu ɖe wò. De dzesi alesi wòzã amegbetɔ dɔtsɔla aɖe be wòna seselelãme gbegblẽwo ge ɖe nuteƒewɔla Hiob me ɖa. Alakpanuwɔla Elifaz gblɔ be: “Kpɔ ɖa, [Yehowa] meɖoa dzi ɖe eƒe subɔlawo ŋu o, eye wòbua tatra ɖe eƒe dɔlawo [mawudɔla kɔkɔewo] ke hã ŋu: ʋuu kekeke wòahayi [amegbetɔ nuvɔ̃me] anyixɔ me nɔlawo nye ge, amesiwo dzɔ tso anyi me, eye wolilia afɔ wo dzi abe agbagblaʋuiwo ene.” (Hiob 4:18, 19) Eyata Elifaz le gbɔgblɔm be Hiob mexɔ asi le Mawu gbɔ wu agbagblaʋui o. Le nyateƒe me la, Elifaz kple eƒe zɔhɛwo ƒe aɖaŋuɖoɖo mate ŋu atu Hiob ɖo o ke boŋ ate ŋu ana wòaŋlɔ ŋkeke nyui siwo me wònɔ gɔ̃ hã be. Le woƒe nukpɔsusu nu la, eƒe nuteƒewɔwɔ, hehenana ƒomea me tɔwo, ƒomedodo kple Mawu, kple dɔmenyo siwo katã wòwɔ va yi la nye nu gbɔlo.

Nenema ke nuvɔ̃wɔla siwo trɔ dzime ate ŋu ase le wo ɖokui me egbea, eye afɔkua li be woate ŋu ana ‘nuxaxa geɖe akpa nami wo.’ Hamemegãwo, ne miele aɖaŋu ɖom na nenem me siawo la, “mina miaƒe lɔlɔ̃ nu nasẽ” na wo eye miade bubu wo ŋu. (Korintotɔwo II, 2:7, 8) William gblɔ be: “Ne womede bubu ŋuwò o la, ewɔnɛ be aɖaŋuɖoɖo menya xɔna o.” Ele vevie be miado ŋusẽ woƒe xɔse be woxɔ asi le Mawu gbɔ. Miɖo ŋku edzi na wo be Yehowa “menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ [woƒe] dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si [woɖe] fia le eƒe ŋkɔ ta,” le ƒe siwo wotsɔ subɔ nuteƒewɔwɔtɔe me la be o.—Hebritɔwo 6:10.

Nu bubu kawo hãe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàde bubu ame bubuwo ŋu ne èle aɖaŋu ɖom na wo? De dzesii be esi Mawu wɔ amewo katã ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme nu ta la, bubu ƒe gome le wo katã si le dzɔdzɔme nu. Yehowa Mawu kple Yesu Kristo wodea asixɔxɔ wo ŋu; tafevɔsa kple tsitretsitsi ƒe mɔnuɖoɖo si wowɔ la ɖe nya sia ƒe nyateƒenyenye fia. Yehowa gade bubu Kristotɔwo ŋu esi “wòtsɔ [wo] ɖo subɔsubɔ la nu” hele wozãm be woaɖe kuku na dzidzime vɔ̃ɖi sia be woawɔ ŋutifafa kple Mawu.—Timoteo I, 1:12.

Hamemegãwo, miɖo ŋku edzi be mia nɔvi Kristotɔwo ƒe akpa gãtɔ anye amesiwo ava nye gɔmeɖoanyi si anɔ ameƒome yeye si anɔ anyigba si ŋuti wokɔ dzi la me tɔwo. Eyata esi woxɔ asi eye wole vevie la, wodze be woade bubu wo ŋu. Ne miele aɖaŋu ɖom na wo la, miɖo ŋku alesi Yehowa kple Yesu wobu woe la dzi eye miayi edzi awɔ mia tɔ sinua atsɔ akpe ɖe mia nɔviwo ŋu woase le wo ɖokui me be bubu kple asixɔxɔ le yewo ŋu le Satana ƒe amedzidzedzewo me.—Petro II, 3:13; tsɔe sɔ kple Petro I, 3:7.

[Aɖaka si le axa 29]

Aɖaŋuɖoɖo si Dea Bubu Ame Ŋu

(1) Kafui nyateƒetɔe tso dzime ke. (Nyaɖeɖefia 2:2, 2)

(2) Nye toɖola nyui. Gblɔ kuxia kple susu si ta nèle aɖaŋua ɖom la eme nakɔ le dɔmenyo me. (Samuel II, 12:1-14; Lododowo 18:13; Nyaɖeɖefia 2:⁠4)

(3) Tu wò aɖaŋuɖoɖoa ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi. Wò nya me nekɔ, megagbɔ eme o, de dzi ƒo, eye nàse veve ɖe ame nu. Mègaɖe bubu kple asixɔxɔ si le amesi nèle aɖaŋua ɖom na ŋu la ɖa o. (Timoteo II, 3:16; Tito 3:2; Nyaɖeɖefia 2:5, 6)

(4) Ka ɖe edzi na amesi nèle aɖaŋua ɖom na be yayra le aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ kple edziwɔwɔ me. (Hebritɔwo 12:7, 11; Nyaɖeɖefia 2:7)

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ele vevie be Kristotɔ hamemegãwo nade bubu ame bubuwo ŋu ne wole aɖaŋu ɖom na wo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe