Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo ka Nya ta
“Mawu Mekpɔa Ame Ŋkume O”
APOSTOLO Petro si gbɔgbɔ ʋã la ŋlɔ ƒe alafa wuiasiekee nye si va yi be: “Mawu mekpɔa ame ŋkume o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.” (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Le Yehowa Ðasefowo dome la, àkpɔ amesiwo tso ŋutigbalẽ kple subɔsubɔha vovovowo me. Wodia dzɔdzɔnyenye, eye wovɔ̃a Mawu hã. Yehowa xɔa wo katã vaa xexeme yeye habɔbɔa me, le kpɔɖeŋu me, abe alesi wòxɔ nyɔnu aɖe si nye Chadtɔ ene.
Nyɔnu sia ƒe dzi medze eme le subɔsubɔha si me wònɔ la me o. Ƒe ʋee aɖewo va yi la, exɔ agbalẽ si nye Your Youth—Getting the Best Out Of It, si Yehowa Ðasefowo ta la, eye aɖaŋuɖoɖo nyui siwo le agbalẽa me do dzidzɔ nɛ. Wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme eye enɔ anyi wowɔa nusɔsrɔ̃a ɣesiaɣi. Gake esi wode dzi ƒo nɛ be wòayi kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpata me la, melɔ̃ o. Nukatae? Togbɔ be srɔ̃ŋutsua metsi tre ɖe eƒe nusɔsrɔ̃a ŋu o hã la, egbe be yemaɖe mɔ nɛ wòade kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpata me o.
Esi srɔ̃nyɔnua di be yeayi nutome sue takpekpe la, Ðasefo si nɔ nu srɔ̃m kplii la tsɔ ɖoɖowɔɖia fia srɔ̃a, eye wòte gbe ɖe aɖaŋuɖoɖo nyui si woana la dzi. Elɔ̃ be ye srɔ̃ nade “zi ɖeka ma ko.” Ede takpekpea eye nuƒoawo katã dzɔ dzi nɛ. Esi wògblɔ nusi wòsrɔ̃ na srɔ̃a la, megatsi tre ɖe eƒe kpekpe bubuwo dede ŋu azɔ o. Alesi amesiwo le hamea me nye gbevovovodola siwo léa be na wo nɔewo vevie la do dzidzɔ nɛ. Emegbe ede nutome gã takpekpea eye eƒe nu ku esi wòkpɔ viawo bɔbɔ nɔ Ðasefo siwo tso dukɔ bubuwo me la ƒe ata dzi. Ðasefoawo ɖu nu kple ɖeviawo ɖekae, eye wowɔ nu ɖe wo ŋu abe ƒome ɖeka me wotso ene. Afisi wòwɔ nyametsotso le enye si.
Gake edo go tsitretsiɖeŋu le ema megbe. Togbɔ be le dzɔdzɔme nu la, evɔ̃na hã la, edze egɔme nɔ nyawo ŋu ɖom le kpekpewo me eye wònɔ te ɖe ƒometɔwo kple aƒelikawo ƒe dziɖeleameƒonyawo nu kple dzideƒo. Togbɔ be wo kple srɔ̃a nɔ anyi ƒe geɖe hã la, ahiãwɔwɔ si bɔ ɖe wo gbɔ la koe wònye nɔ wo dome. Aleke wòado nya ma ɖae be woaɖe ye le se nu? Esi wòdo gbe ɖa vevie na Yehowa vɔ megbe la, egblɔe na srɔ̃a eye eɖo eŋu nɛ be yeade ŋugble tso eŋu kpɔ. Mlɔeba la, elɔ̃ ɖe edzi eye woɖe wo nɔewo le se nu.
Ŋutsua nɔvinyɔnu aɖe si nɔ wo gbɔ la he kuxi geɖe vɛ, gake ŋutsua nɔ megbe na srɔ̃a. Emegbe srɔ̃ŋutsua fofo va srã wo kpɔ. Ede se na viaŋutsua be wòagbe srɔ̃a le esi wòɖo subɔsubɔha bubu me ta. Vifofoa gblɔ na via be yele klalo be yeaxe srɔ̃ɖenu ɖe “nyɔnu si nyo wu la ta.” Via ɖo eŋu nɛ be: “Gbeɖe, nyemagbee o. Srɔ̃nyɔnu nyui wònye. Ne eya ŋutɔ be yeadzo la, ema nye nya bubu, gake nyemanyae be nedzo o.” Nyɔnua de bubu toa ŋu, eye wòdze ŋukpe dzi nɛ. Gake esi wòtrɔ yi eƒe kɔƒe me la, ede se sesẽ aɖe ɖoɖee be negbe srɔ̃a. Egblɔ be ne ye via menyã srɔ̃a o la, ke meganye ye vi azɔ o. Viaŋutsua gaku ɖe srɔ̃a ŋu kokoko. Wòya bu dzidzɔ si srɔ̃nyɔnua kpɔ esi wòkpɔ srɔ̃a wɔ nyametsotso vevi ma la ŋu kpɔ.
Fifia edzɔa dzi na wo viŋutsu sue eveawo be woakplɔ wo dada ɖo ayi Fiaɖuƒe Akpata me. Wobia wo fofo gɔ̃ hã be wòaƒle kɔla na yewo esi wokpɔ nɔvi siwo katã ƒoa nuƒowo la be woblaa kɔla ta. Egbea nyɔnu sia nye nɔvinyɔnu nyɔnyrɔ̃xɔla.
Eya hã le Ðasefo kpɔdzidzɔ 345 siwo le gbeƒã ɖem Yehowa ƒe Fiaɖuƒe nyanyuia le Chad la dome, eye wòle dzidzɔ kpɔm be, “Mawu mekpɔa ame ŋkume o” vavã.