INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w94 3/15 axa 3-7
  • Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua—Zi Nenie Wòle Be Woaɖui?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua—Zi Nenie Wòle Be Woaɖui?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Azã Ðeka La
  • Apostolowo ƒe Ðoɖoa Ðo Afɔku Me
  • Nyahehe aɖe Nɔ Ta Kekem
  • Woda Asi Ðe Xɔsegbegbe la Dzi
  • Ke Egbea Ya Ðe?
  • Nukata Wòle Be Nàɖu Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu Ƒe Azã La?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • “Ŋkeke Sia Nanye Ŋkuɖodzigbe Na Mi”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nu Ka Tae Ale Si Yehowa Ðasefowo Wɔa Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua To Vovo Na Subɔsubɔha Bubuwo Tɔ?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
  • Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua Fia Nu Vevi aɖe na Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
w94 3/15 axa 3-7

Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua—Zi Nenie Wòle Be Woaɖui?

KRISTMAS, Easter, “ame kɔkɔewo” ƒe ŋkekewo. Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo ɖua ŋkeke kple azã geɖewo. Gake ènya azã nenie Yesu Kristo de se na eƒe nusrɔ̃lawo be woaɖua? Ŋuɖoɖoae nye, Ðeka ko! Kristotɔnyenye Gɔmeɖoanyila mede se be woaɖu azã bubuawo dometɔ aɖeke o.

Eme kɔ ƒã be nenye azã ɖeka koe Yesu ɖo anyi la, ke azã vevi ŋutɔe wònye. Ele be Kristotɔwo naɖui abe alesi tututu Yesu de se be woaɖui ene. Azã kae nye azã tɔxɛ sia?

Azã Ðeka La

Yesu ɖo azã sia anyi le ŋkeke si wòku dzi. Eɖu Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekea kple eƒe apostoloawo. Emegbe etsɔ Ŋutitotobolo maʋãmaʋã ƒe ɖe na wo, hegblɔ be: “Esiae nye nye ŋutilã, si wona le mia ta.” Ema megbe, Yesu tsɔ kplu si me wein le na wo hegblɔ be: “Kplu siae nye nubabla yeye le nye ʋu me, si wokɔ ɖe anyi le mia ta.” Egblɔ hã be: “Miwɔ esia hena ŋkuɖoɖo dzinye.” (Luka 22:19, 20; Korintotɔwo I, 11:24-26) Woyɔa azã sia be Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu, alo Ŋkuɖodzi. Eyae nye azã ɖeka kolia si Yesu de se na esubɔlawo be woaɖu.

Sɔlemeha geɖewo gblɔna be yewoɖua azã sia kpena ɖe yewoƒe azã bubuawo katã ŋu, gake alesi wo dometɔ geɖe ɖunɛ la to vovo na alesi Yesu de se be woaɖui. Ðewohĩ vovototo si ɖe dzesi wue nye alesi woɖua azã la edziedzii. Sɔlemeha aɖewo ɖunɛ ɣleti sia ɣleti, kwasiɖa sia kwasiɖa, alo gbesiagbe kura gɔ̃ hã. Nya siae nɔ susu me na Yesu esime wògblɔ na eyomedzelawo be: ‘Miwɔ esia hena ŋkuɖoɖo dzinyea’? The New English Bible gblɔ be: “Miwɔ esia wòanye nye ŋkuɖodzi.” (Korintotɔwo I, 11:24, 25) Zi nenie woɖua nane ƒe ŋkuɖodzizã? Zi geɖe la, zi ɖeka ƒe ɖeka koe woɖunɛ.

Ðo ŋku edzi hã be, esi Yesu ɖo azã sia anyi vɔ megbee wòku le Yudatɔwo ƒe ɣletiŋkeke si nye Nisan 14 lia dzi.a Emae nye Ŋutitotoŋkekea, si nye azã si ɖoa ŋku ɖeɖe gã si Yudatɔwo kpɔ le Egipte le ƒe alafa 16 lia D.M.Ŋ me dzi na wo. Alẽvi si wotsɔ sa vɔ ɣemaɣi la na Yudatɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo kpɔ ɖeɖe esime Yehowa ƒe dɔla wu Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã.—Mose II, 12:21, 24-27.

Aleke esia kpe ɖe mía ŋu be míase nya la gɔmee? Kristotɔ apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Wowu míaƒe ŋutitotolẽvi, si nye Kristo.” (Korintotɔwo I, 5:7) Yesu ƒe kua nye Ŋutitotovɔsa gãtɔ si ʋu mɔ na ameƒomea be woakpɔ ɖeɖe si wɔ nuku sã wu. Eyata Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia va xɔ ɖe Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoa teƒe na Kristotɔwo.—Yohanes 3:16.

Ŋutitotoa nye azã si woɖuna ƒe sia ƒe. Eyata susu le eme be woaɖu Ŋkuɖodzia hã nenema ke. Ŋutitotoŋkeke—si dzi Yesu ku le la—dzea Yudatɔwo ƒe ɣleti si nye Nisan ƒe ŋkeke 14 lia dzi ɣesiaɣi. Eyata ele be woaɖo ŋku Kristo ƒe kua dzi zi ɖeka le ƒe me wòadze ɣletiŋkeke si sɔ kple Nisan 14 lia dzi. Le ƒe 1994 me la, ŋkeke ma dze Memleɖa, March 26 lia dzi le ɣeɖoto megbe. Gake nukatae Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo meɖo ŋkeke sia wònye azã tɔxɛ ƒe ŋkeke o? Ne míeyi ŋutinya me vie la, ana míakpɔ ŋuɖoɖo na nyabiabia sia.

Apostolowo ƒe Ðoɖoa Ðo Afɔku Me

Ðikeke aɖeke mele eŋu o be le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, amesiwo Yesu ƒe apostolowo fia nui la ɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua pɛpɛpɛ abe alesi wòde se na woe ene. Gake le ƒe alafa evelia megbe la, ame aɖewo vanɔ azãɖuɣia trɔm. Woɖu Ŋkuɖodzia le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ (si woyɔna fifia be Kwasiɖagbe) dzi, ke menye le ŋkeke si dze Nisan 14 lia dzi la dzi o. Nukatae wowɔ nusia?

Le Yudatɔwo gbɔ la, ŋkeke ɖeka dzea egɔme tso fiẽ ga ade vaseɖe ŋkeke si kplɔe ɖo ƒe ɣeyiɣi ma ke me. Yesu ku le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Nisan 14 lia si dze egɔme tso Yawoɖa fiẽ vaseɖe Fiɖa fiẽ dzi. Wofɔe ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃agbe le Kwasiɖagbe ŋdikanya. Ame aɖewo di be yewoaɖu Yesu ƒe ku ƒe ŋkuɖodzizã le kwasiɖa ƒe ŋkeke ɖoɖi aɖe koŋ dzi ƒe sia ƒe tsɔ wu be yewoaɖui le ŋkeke si dze Nisan 14 lia dzi. Wobu Yesu ƒe tsitretsiŋkekea hã be ele vevie wu eƒe kugbe. Susu sia tae wotia Kwasiɖagbe.

Yesu de se be woaɖo ŋku yeƒe ku dzi ke menye yeƒe tsitretsitsi dzi o. Eye esi wònye be Yudatɔwo ƒe Ŋutitoto la dzea ŋkeke vovovowo dzi ƒe sia ƒe le Gregory ƒe ɣletigbalẽ si míezãna fifia nu ta la, ɖeko wòsɔ le dzɔdzɔme nu be nenema kee wòanɔ le Ŋkuɖodzia hã gome. Eyata ame geɖe lé ɖoɖo gbãtɔa me ɖe asi eye woɖua Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua le Nisan 14 lia dzi ƒe sia ƒe. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, wova yɔ wo be Quartodecimans si gɔmee nye “Ŋkeke Wuieneliatɔwo.”

Agbalẽnyala aɖewo va de dzesii be “Ŋkeke Wuieneliatɔ” siawo nɔ apostoloawo ƒe kpɔɖeŋu gbãtɔ yome dzem. Ŋutinyaŋlɔla aɖe gblɔ be: “Le ŋkeke si dzi woɖua Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua gome la, enye nyateƒe be ŋkeke si dzi Ŋkeke Wuieneliatɔwo ƒe sɔlemeha siwo le Asia ɖunɛ le la sɔ kple Yerusalem-sɔlemeha la tɔ. Le ƒe alafa 2 lia me esi sɔlemeha siawo nɔ woƒe Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖum la, woɖo ŋku ɖeɖe si Kristo ƒe kua he vɛ la dzi le Nisan 14 lia dzi.”—Studia Patristica.

Nyahehe aɖe Nɔ Ta Kekem

Togbɔ be ame geɖe siwo le Asia Sue dze apostolowo ƒe kpɔɖeŋua yome hã la, woɖo Kwasiɖagbe ɖi koŋ hena azã la ɖuɖu le Roma. Le ƒe 155 M.Ŋ. me lɔƒo la, Polycarp si tso Smirna eye wònye Asia-hamewo teƒenɔla la ɖi tsa yi Roma hena nya sia kple kuxi bubuwo me dzodzro. Nublanuitɔe la, nugɔmesese aɖeke meva le nya sia me o.

Irenaeus si tso Lyons ŋlɔ le lɛta aɖe me be: “Anicetus hã mete ŋu ble Polycarp nu be wòagaɖu azã si wòɖu ɣesiaɣi kple Yohanes mía Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃la kple apostolo bubuawo siwo wòde ha kpli la o; nenema kee Polycarp hã mete ŋu ble Anicetus nu be wòaɖui o, elabena Anicetus gblɔ be ele be yealé ame tsitsi siwo dze ŋgɔ na ye la ƒe kɔnu me ɖe asi.” (Eusebius, Agbalẽ 5 lia, ta 24) De dzesii be wogblɔ be Polycarp nɔ te ɖe apostoloawo ƒe sedede dzi esime Anicetus ya he susu yi ame tsitsi siwo nɔ Roma do ŋgɔ nɛ ƒe kɔnuwo dzi.

Nyaʋiʋli sia va do gã ɖe edzi le ƒe alafa evelia M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo. Le ƒe 190 M.Ŋ. me lɔƒo la, wova tia ame aɖe si ŋkɔe nye Victor be wòanye Romatɔwo ƒe bisiɔp. Exɔe se be ele be woaɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua le Kwasiɖagbe, eye wòbia tso dziɖula bubu geɖe si wòate ŋui la si be woada megbe na ye. Victor zii ɖe Asia-hameawo dzi be woatrɔ ɖe Kwasiɖagbe ɖoɖoa ŋuti.

Esi Polycrates si tso Efeso nɔ amesiwo le Asia Sue la teƒe henɔ nya la ŋu ɖom la, egbe tanana le amedzizizi ma me. Egblɔ be: “Míeɖua azã la le ŋkekea dzi naneke matrɔmatrɔe, míetsɔa naneke kpenɛ alo ɖea ɖeke le eme o.” Emegbe eyɔ ame geɖe siwo nya nu tso nya la ŋu ƒe ŋkɔ, siwo dome apostolo Yohanes hã nɔ. Egblɔ be: “Amesiawo katã ɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua le ŋkeke wuienelia dzi abe alesi Nyanyuiawo gblɔe ene, wometra [tso alesi woɖunɛ gbɔ] le mɔ aɖeke nu o.” Polycrates gblɔ kpe ɖe eŋu be: “Nɔviwo, le gonyeme la, . . . ŋɔdzidodowo metsoa dzika ƒo nam o. Elabena apostoloawo gblɔ be, Ele be míabu Mawu awu amewo.”—Eusebius, Agbalẽ 5 lia, ta 24.

Nyaŋuɖoɖo sia medzɔ dzi na Victor o. Ŋutinyagbalẽ aɖe gblɔ be “eɖe Asia Sɔlemehawo katã le Sɔlemeha la me, eye wòŋlɔ lɛta mã na Sɔlemeha siwo katã da asi ɖe eƒe nya dzi be woagade ha kpli wo o.” Gake “nunyala kple veviedola siwo katã nɔ eƒe akpa dzi la meda asi ɖe eƒe tameɖoɖo kplikpa kple nuwɔwɔ kpatakpata nenema dzi o, amesiawo dometɔ geɖe ŋlɔ lɛta sesẽwo ɖo ɖee tsɔ ɖo aɖaŋu nɛ . . . be woana lɔlɔ̃, ɖekawɔwɔ, kple ŋutifafa nanɔ anyi.”—Antiquities of the Christian Church si Bingham ŋlɔ, Agbalẽ 20 lia, ta 5.

Woda Asi Ðe Xɔsegbegbe la Dzi

Togbɔ be wogblɔ tsitretsiɖeŋunya mawo hã la, ɖeko Kristotɔ siwo nɔ Asia Sue la yi edzi ɖe wo ɖokui ɖe aga le ŋkeke si dzi woaɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ƒe nya la me. Wonɔ ŋkekeawo trɔm ʋeʋeʋe le teƒe bubuwo hã. Ame aɖewo ɖu azã bliboa tso Nisan 14 lia ʋuu va ɖo Kwasiɖagbe si kplɔe ɖo dzi. Ame aɖewo nɔ azãa ɖum edziedzi wu—woɖunɛ Kwasiɖagbe ɖesiaɖe.

Le ƒe 314 M.Ŋ. me la, wodze agbagba le Aɖaŋuɖotakpekpe si wowɔ le Arles (France) la me be yewoazi Romatɔwo ƒe ɖoɖoa ɖe amewo dzi eye yewoaxe mɔ ɖe ɖoɖo bubu ɖesiaɖe nu. Ŋkeke Wuieneliatɔwo mena ta o. Fiagã Konstantino trɔ̃subɔla la yɔ sɔlemehawo ƒe takpekpe aɖe si nye Nikaea Aɖaŋuɖotakpekpea le ƒe 325 M.Ŋ. me be yeatsɔ akpɔ nya sia kple nya bubu siwo nɔ mamã dem amesiwo be yewonye Kristotɔwo le yeƒe fiaɖuƒea me la gbɔ. Wode se be amesiwo katã le Asia Sue la nawɔ ɖe Romatɔwo ƒe ɖoɖoa dzi.

Anyo ŋutɔ be míade dzesi susu vevi siwo wodo ɖa be woatsɔ atɔ te Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖuɖu abe alesi wòle le Yudatɔwo ƒe ɣletigbalẽa dzii ene la dometɔ ɖeka. A History of the Christian Councils si K. J. Hefele ŋlɔ la gblɔ be: “Wo gblɔ be medze kura be azã sia si le kɔkɔe wu ɖesiaɖe la nadze Yudatɔ siwo nuvlowɔwɔ si dzi ŋɔ wu ɖesiaɖe yɔ asi me na, eye woƒe tamesusuwo do viviti la ƒe kɔnuwo (ɣeyiɣikɔntabubuwo) dzi o.” (Babla 1, axa 322) J. Juster si ƒe nya woŋlɔ ɖe Studia Patristica, Babla IV, ƒe 1961 tɔ ƒe axa 412 me la gblɔ be wobu ɖoƒe ma nɔnɔ be enye “‘gbɔɖiame ƒe ŋukpenanuwɔwɔ’ ɖe Gbedoxɔa ŋu si ku dzi na Sɔlememegãwo.”

Esia nye fuléle Yudatɔwo le woƒe subɔsubɔ ta! Wobu amesiwo ɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le eƒe kugbeŋkekea dzi be wonye Yuda-subɔsubɔdzidelawo. Woŋlɔ be be Yudatɔe Yesu ŋutɔ hã nye eye be eɖe gɔmesese si le ŋkekea ŋu fia to eƒe agbe si wòtsɔ sa vɔe ɖe ameƒomea ta ɣemaɣi la me. Tso ekema dzi la, wobu fɔ Ŋkeke Wuieneliatɔwo eye woti wo yome be wonye aglãdzelawo kple amesiwo hea kɔmamãwo vɛ. Wode se le Antioxia Aɖaŋuɖotakpekpe si wowɔ le ƒe 341 M.Ŋ. me be mele be woade ha kpli wo o. Gake wo dometɔ geɖe ganɔ anyi kokoko le ƒe 400 M.Ŋ. me, eye ame ʋee aɖewo kpɔtɔ lé woƒe dzixɔsea me ɖe asi ɣeyiɣi didi aɖe le ema megbe.

Tso ŋkeke mawo me ke la, Kristodukɔa mete ŋu gawɔ ɖe Yesu ƒe gɔmedzeɖoɖoa dzi o. Nufialagã William Bright lɔ̃ ɖe edzi be: “Esi wova ɖo ŋkeke tɔxɛ aɖe koŋ si nye Fiɖa Kɔkɔe ɖi be woatsɔ ɖo ŋku Kristo ƒe Fukpekpe do ŋgɔ na eƒe ku dzi la, womeɖo ŋkui kaba ne woaɖe Ŋutitotozã ŋuti kɔnuwɔwɔ siwo Paulo Kɔkɔe tsɔ wɔ ɖeka kple vɔsakua la ɖa o: wotsɔ Ŋutitotozã la kpe ɖe Tsitretsitsizã la ŋutɔŋutɔ ŋuti, eye susu vovovo siwo tɔtɔ la dze egɔme le Kristodukɔa ƒe kɔnuwɔwɔ ƒe gbegbɔgblɔ siwo nye Helagbe kple Latingbe me.”—The Age of the Fathers, Babla 1, axa 102.

Ke Egbea Ya Ðe?

Àbia be ‘le ƒe gbogbo siwo va yi megbe la, ɖe wòhiã kokoko be woanya ŋkeke si dzi woaɖu Ŋkuɖodzia lea?’ Ẽ, ehiã. Amesiwo tea tɔ ɖe woa ŋutɔwo ƒe susuwo dzi siwo le didim be yewoazi amewo dzi la trɔ nu geɖe. Amewo dze woa ŋutɔwo ƒe susuwo yome le esi teƒe be woaɖo to Yesu Kristo. Apostolo Paulo ƒe nuxɔxlɔ̃a va eme wòdze ƒã be: “Menya bena, le nye dzodzo megbe la amegãxi nyanyrawo laɖo mía [Kristotɔwo] dome, amesiwo makpɔ alẽha la ta o; eye le mia ŋutɔwo dome la ŋutsu, siwo gblɔa nya dàdawo la, latsi tre, be woahe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui yome.”—Dɔwɔwɔwo 20:29, 30.

Toɖoɖo ƒe nyae fɔ ɖe te. Azã ɖeka koe Yesu ɖo anyi na Kristotɔwo be woaɖu. Biblia gblɔ ɣeyiɣi kple alesi woaɖui la eme kɔ ƒã. Ameka tututue ate ŋu atrɔ ɖoɖo ma? Ŋkeke Wuieneliatɔ siwo nɔ anyi va yi la lɔ̃ faa woti wo yome heɖe wo le hame tsɔ wu be woana ta le nya sia me.

Ado dzidzɔ na wò be nànyae be Kristotɔ siwo dea bubu Yesu ƒe didi ŋu eye woɖua eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le ŋkeke si dzi wòɖoe anyi dzi la gakpɔtɔ le anyigba dzi. Le ƒe sia me la, Yehowa Ðasefowo akpe ta le woƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me le xexeame godoo le fiẽ ga 6:00 megbe le Memleɖa, March 26 lia si dzi Nisan ƒe ŋkeke 14 lia dze egɔme tsoe la dzi. Emegbe woawɔ nusi tututu Yesu gblɔ be ele be woawɔ le ɣeyiɣi vevi sia dzi la. Nukatae màɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua kple wo o? Ne ènɔ wɔnaa teƒe la, wò hã àte ŋu aɖee afia be yedea bubu Yesu Kristo ƒe didiwo ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Nisan si nye Yudatɔwo ƒe ƒeɣleti gbãtɔ la dzea egɔme ne dzinu yeye do zi gbãtɔ. Eyata Nisan 14 lia dzea ŋkeke si dzi dzinua sɔ tẽgble dzi ɣesiaɣi.

[Aɖaka si le axa 6]

“TAFEVƆSA XƆASI MA”

Yesu ƒe tafevɔsa la de ŋgɔ sã wu esi wòanye nufiafia dzro ko. Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Amegbetɔvi la hã menye ɖe wòva bena, woasubɔ ye o; ke boŋ bena, yeasubɔ, eye bena, yeatsɔ yeƒe agbe la ana le ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.” (Marko 10:45) Egblɔ hã be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a [ameƒomea ƒe] xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Le ame kukuwo gome la, tafevɔsa la ʋu tsitretsitsi kple agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ na wo.—Yohanes 5:28, 29.

Yesu ƒe ku si le vevie ŋutɔ la dzie woɖoa ŋkui le Aƒetɔa ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖuɣi. Eƒe vɔsa ɖe vi geɖe ŋutɔ! Nyɔnu aɖe si dzila mawuvɔ̃lawo na hehee eye wòzɔ le Mawu ƒe nyateƒea me ƒe geɖe la ɖe eƒe akpedada gblɔ le nya siawo me be:

“Míekpɔa mɔ na Ŋkuɖodzia. Enyea nu tɔxɛ ɖe edzi ƒe sia ƒe. Meɖo ŋkui be esi míenɔ fofonye lɔlɔ̃a ƒe kuteƒe le ƒe 20 enye esi va yi la, melé ŋku ɖe eƒe ŋutilãkukua ŋu ʋuu eye megava kpɔ ŋudzedze vavãtɔ si tso dzi me la ɖe tafevɔsa la ŋu. Do ŋgɔ na ema la, nusi mesrɔ̃ ɖe susu me koe wònye. Oo, menya ŋɔŋlɔawo keŋ kple alesi maɖe wo mee ale gbegbe! Gake esi mese ku ƒe veve ŋutɔŋutɔ ko hafi nye dzi yɔ kple dzidzɔ le nusi woawɔ na mí to tafevɔsa xɔasi ma dzi ta.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe