Yehowa Ðasefowo Le Xexeame Katã—Bahamas
BAHAMAS DUKƆA—si nye ƒukpo 3,000 ƒe ƒuƒoƒo la le abe kɔmega dzeani aɖe ene si didi kilometa 900 si tsò Florida kple Cuba dome ƒu si ƒe tsiwo le abe dziŋgɔli ƒe amadede ene la me. Fiaɖuƒe gbeƒãɖela siwo le dzidzim ɖe edzi la le ame 267,000 siwo le afima la dome. Woƒe kafukafuha dzidzi nana míeɖoa ŋku Yesaya 42:10-12 ƒe nyawo dzi be: “Mi amesiwo toa atsiaƒu dzi, kple atsiaƒu me nuwo, mi ƒukpowo kple wo dzi nɔlawo, midzi ha yeye na Yehowa, miɖe gbeƒã eƒe kafukafu tso anyigba ƒe mlɔenu! . . . woado ɣli tso towo ƒe tsutsuẽƒe ke! Woade bubu Yehowa ŋu, eye woaɖe gbeƒã eƒe kafukafu le ƒukpowo dzi!”
Wotsi Tre Ðe Eƒe Xɔse Yeyea Ŋu
Le July 1992 me la, gbesiagbe mɔɖela (ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒe gbeƒãɖela) aɖe tsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ si nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi na eƒe dɔwɔhati aɖe. Esi ŋutsua xlẽ agbalẽa vɔ la, egblɔ le eɖokui me be, ‘Ele be maku subɔsubɔha sia me.’ Ede kpekpewo le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata eve me le kwasiɖa eve siwo kplɔe ɖo me. Emegbe wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii. Gake le kwasiɖa ade le eƒe Biblia sɔsrɔ̃ gɔmedzedze megbe ko la, nya sesẽ aɖe do mo ɖa si do eƒe xɔse yeyea kpɔ—eyae nye dzigbezãwo ɖuɖu.
Ŋutsu sia ƒe ƒomea kpɔa dzidzɔ ɖe azã siawo ɖuɖu ŋu ale gbegbe, gake eƒe lɔlɔ̃ na Mawu ƒe Nya la ʋãe be wòyi eƒe Biblia sɔsrɔ̃a dzi. Alesi eƒe Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea ŋuti sidzedze dzi ɖe edzii la, nenema ke gɔmesese si su esi le dzigbezãwo kple xexemetɔwo ƒe azãwo ɖuɖu kple alesi Yehowa bua woe ŋu dzi ɖe edzii.
Esime ŋutsu sia srɔ̃ wɔ ɖoɖo ɖe Fofowo ƒe Ŋkeke ƒe azã ɖuɖu ŋu la, ŋutsua gbe bubutɔe be yemayi o. Gake nyɔnua bu be ɖe ye srɔ̃a megalɔ̃ ye o eye wòtsɔ eƒe mawusubɔsubɔ ɖo ŋgɔ na ye kple ƒomea. Ŋutsua ɖe eme nɛ dɔmenyotɔe be nusi srɔ̃m yele tso Biblia me ŋudɔwɔwɔ le kpekpem ɖe ye ŋu be yeava zu srɔ̃ŋutsu kple vifofo ɖɔʋu. Mlɔeba la, nyɔnua va kpɔ dzidzɔ ɖe alesi ŋutsua lɔ̃ Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea ŋu eye wòlɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kple ye. Fifia ŋutsua wɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kple eƒe ƒomea. Eye dzidzɔ ka gbegbee nye si wòkpɔ le ƒe si va yi me ƒe “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpea me! Srɔ̃anyɔnua kple vianyɔnu va takpekpea hekpɔ eƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ teƒe.
Amesiwo Ʋu Va Afima Se Hadzidzi Yeyea
Haititɔ akpe geɖe siwo ʋu va tsi afima la le ɖeka wɔm kple Bahamatɔwo. Ehiã be woawo hã nase Fiaɖuƒea ƒe nyateƒea ƒe hadzidzi yeyea. Edzɔ dzi na Dasefo siwo le Bahamas be srɔ̃tɔ eve siwo nye Haiti Amerikatɔwo va afima. Amesiawo na kpekpeɖeŋu le ŋusẽdodo ƒuƒoƒo yeye siwo woɖo le Grand Bahama kple Abaco ƒukpowo dzi siwo me tɔwo nye Haititɔwo la me.
Nusi gakpe ɖe Haititɔ siwo tsɔa ɖe Fiaɖuƒe gbedasia me ŋue nye nutome gã takpekpe si nye gbãtɔ si wowɔ le Haitigbe me kpɔ le Bahamas tso July 31 vaseɖe August 1, 1993. Vavalawo ƒe agbɔsɔsɔ ɖo ame 214 eye adzɔgbeɖela yeye etɔ̃ xɔ nyɔnyrɔ̃. Haititɔ siwo srɔ̃ nyateƒea le Bahamas dometɔ geɖe trɔ yi wo deƒukpo dzi alo wova le teƒe bubu be yewoawɔ ɖeka kple Ðasefo siwo le teƒe mawo le kafukafuha dzidzi na Yehowa me.
[Aɖaka si le axa 8]
DUKƆA ƑE AKƆNTABUBU
1993 Subɔsubɔƒeaa
ÐASEÐILAWO ƑE AGBƆSƆSƆ: 1,294
ÐASEFO 1 NA AME: 197
ŊKUÐODZIA VALAWO: 3,794
MƆÐELAWO ƑE MAMÃ DEDIE: 186
BIBLIA NUSƆSRƆ̃ ƑE MAMÃ DEDIE: 1,715
NYƆNYRƆ̃XƆLAWO: 79
HAMEWO ƑE AGBƆSƆSƆ: 22
ALƆDZEDƆWƆƑE: NASSAU
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ 1994 Calendar of Jehovah’s Witnesses hena nyatakaka bubuwo.
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
Fiaɖuƒe Akpata gbãtɔ, kple alɔdzedɔwɔƒea, kpakple dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒeme
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
Ðasefowo le gbeƒã ɖem nyanyuia veviedodotɔe
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
Milton G. Henschel kple Nathan H. Knorr kple dutanyanyuigblɔlawo le Nassau ƒe 45 aɖewoe nye si va yi
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
Alɔdzedɔwɔƒe yeyea si ŋu wokɔ le February 8, 1992 dzi