INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w94 4/1 axa 29-31
  • ‘Gbe Alakpagliwo’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Gbe Alakpagliwo’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyateƒenyawo Dodo Kpɔ
  • Ŋusẽ Siwo Kɔ Wu Dzɔdzɔme Tɔ Ŋuti Gliwo
  • Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Ŋuti Nyawo Gbegbe
  • Te Esia Kpɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Yi Edzi Nànɔ Nusiwo Nèsrɔ̃ La Ŋudɔ Wɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Àwɔ Ðe Yehowa Ƒe Nuxlɔ̃ame Siwo Me Kɔ La Dzia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tsi Tsitre Ðe Abosam Ŋu
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
w94 4/1 axa 29-31

‘Gbe Alakpagliwo’

AMEWO ƒe nuteƒekpɔkpɔwo kple ŋutinyawo le Biblia me fũ. Menye ɖeko wo xexlẽ vivia mía nu o ke woɖea vi hã na mí. Apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kristo-hame si nɔ Roma bena: “Nusi ke woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔe le míaƒe nufiafia ta, bene míatsɔ ŋɔŋlɔawo ƒe dzidodo kple akɔfafa akpɔ mɔkpɔkpɔ.”—Romatɔwo 15:4.

Paulo ŋutɔ gblɔ nuteƒekpɔkpɔwo. Biblia gblɔ le Paulo kple Barnaba ŋu le woƒe dutanyanyuigbɔgblɔmɔzɔzɔ gbãtɔ ƒe nuwuwu be: “Esi wova [Siriatɔwo ƒe Antioxia], eye woƒo hamea nu ƒu la, woka nu gã, siwo Mawu wɔ kpli wo la ta na wo.” (Dɔwɔwɔwo 14:27) Ðikeke mele eme o be nuteƒekpɔkpɔ siawo de dzi ƒo na nɔviawo ŋutɔ.

Gake menye nuteƒekpɔkpɔwo katãe tua ame ɖo o. Gbɔgbɔ ʋã Paulo wòxlɔ̃ nu Timoteo be: “Gbe yakagli makɔmakɔ, siwo nyagãwo tona.” (Timoteo I, 4:7) Eye wòŋlɔ na Tito be Kristotɔ nuteƒewɔlawo ‘magaɖo to Yudatɔwo ƒe gliwo kple amesiwo trɔ tso nyateƒe gbɔ la ƒe sededewo o.’—Tito 1:14.

Nukawoe nye yakagli alo nyakpakpa siawo? Woɖe nya eveawo siaa tso Helagbe me nya myʹthos (“gli”) me. The International Standard Bible Encyclopaedia gblɔ be nya sia fia “(mawusubɔsubɔ me) ŋutinya si menye nu ŋutɔŋutɔ kura o.”

Ŋutinya siawo bɔ ɖe amesiwo nɔ anyi le Paulo ƒe ŋkekea me la dome ŋutɔ. Kpɔɖeŋu ɖekae nye Tobit ƒe agbalẽ si metso gbɔgbɔ me o, si ɖewohĩ woŋlɔ ƒe alafa eve do ŋgɔ na Paulo ŋɔli. Ŋutinya sia gblɔ le Tobit si nye Yudatɔ mawuvɔ̃la ŋu be eƒe ŋku gbã esi xevimi ge ɖe eƒe ŋku dzi. Emegbe edɔ via Tobias be wòava lĩ fe vɛ na ye. Esi wòdze mɔ la, mawudɔla aɖe fia mɔe be wòva fɔ tɔmelã aɖe ƒe dzi, aklã, kple vevee. Emegbe eva do go ahosi aɖe si togbɔ be eɖe srɔ̃ zi gbɔ zi adre hã la, ekpɔtɔ nye ɖetugbi nɔaƒe elabena gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe va wu ŋutsuawo katã le srɔ̃ɖeŋkekea ƒe zã me. Mawudɔla la na Tobias ɖe nyɔnua eye wòtɔ dzo tɔmelã la ƒe dzi kple aklã tsɔ nyã gbɔgbɔ vɔ̃ lae. Tobias tsɔ tɔmelã la ƒe vevee ʋu ŋku na fofoa emegbe.

Eme kɔ ƒã be ŋutinya sia menye nyateƒe o. Le eƒe nukokoedoname kple alesi wòde aʋatsodzixɔse dzii megbe la, vodada hã le eme. Le kpɔɖeŋu me, nuŋlɔɖia gblɔ be Tobit kpɔ Israel ƒe anyiehetoawo ƒe aglãdzedze kple aboyoɖeɖe Israel-viwo yi Niniwe teƒe, evɔ Israel ƒe ŋutinya me nudzɔdzɔ siawo dome didi ƒe 257 sɔŋ. Gake ŋutinya la gblɔ be ƒe 112 ye Tobit xɔ hafi ku.—Tobit 1:4, 11; 14:1, The Jerusalem Bible.

Gli siawo mewɔ ɖeka kple ‘nyateƒenya, siwo le blibo . . . ƒe kpɔɖeŋu’ siwo Mawu subɔla nuteƒewɔlawo ɖe gbeƒãe la o. (Timoteo II, 1:13) Wonye nyakpakpa siwo mesɔ kple ŋutinya me nyateƒewo o, nya siwo tɔgbe nyagã mavɔ̃mawuwo gblɔna. Esiawoe nye ŋutinya siwo wòle be Kristotɔwo nagbe.

Nyateƒenyawo Dodo Kpɔ

Ŋutinya mawo tɔgbe bɔ egbea hã. Paulo ŋlɔ bena: “Ɣeyiɣi le vava ge, esime womaxɔ nufiafia, si le blibo la o; ke boŋ, . . . woaɖe to ɖa le nyateƒe la ŋuti, eye woatrɔ ayi gliwo gbɔ.” (Timoteo II, 4:3, 4) Ŋusẽ siwo kɔ wu amegbetɔwo ŋuti glitotowo bɔ ɖe anyigba ƒe akpa aɖewo eye wo sese dzɔa dzi na ame geɖe. Eyata nunya le eme be Kristotɔwo ‘nado’ mawusubɔsubɔ me ŋutinyawo ‘akpɔ’ be wowɔ ɖeka kple Biblia la hã.—Hiob 12:11.

Edze ƒã be ŋutinya geɖe mewɔ ɖeka kple Biblia la o. Le kpɔɖeŋu me, le xexeame ƒe akpa geɖe la, ŋutinya siwo da asi ɖe edzi be amegbetɔ ƒe luʋɔ mekuna o la bɔ. Ŋutinya siawo gblɔ alesi ame kunae eye emegbe wògadzɔna vidzĩi alo abe gbɔgbɔ, lã, alo ame ene le teƒe bubu.

Gake Mawu ƒe Nya la ɖee fia be amegbetɔ ƒe luʋɔ menye nu makumaku o; luʋɔ kuna. (Xezekiel 18:4) Hekpe ɖe eŋu la, Biblia gblɔ be kukuawo meganɔa agbe le yɔdo me o, womebua tame, ƒoa nu, alo wɔa naneke o. (Nyagblɔla 9:5, 10; Romatɔwo 6:23) Eyata amesiwo wotsɔa aʋatsoŋutinya siwo da asi ɖe edzi be luʋɔ mekuna o blena la le abe alesi Paulo gblɔe ene be, “woɖe to ɖa” le Biblia ƒe “nufiafia, si le blibo” la ŋuti.

Ŋusẽ Siwo Kɔ Wu Dzɔdzɔme Tɔ Ŋuti Gliwo

Ŋutinya bubuwo ƒoa nu tsoa adzetɔwo kple afakalawo ƒe nutsuwɔwɔwo ŋuti. Le kpɔɖeŋu me, le Afrika ƒe akpa aɖewo la, wogblɔna be ŋusẽ triakɔwo le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe dɔla siawo si, wote ŋu trɔa wo ɖokui alo ame bubuwo zua nutatawo, kesewo, kple xeviwo; wote ŋu dzona le yame va wɔa nusiwo ta woɖo gbe ɖo; wote ŋu dzena gabuna; wote ŋu toa gliwo me; eye wote ŋu kpɔa nusiwo woɖi ɖe tome gɔ̃ hã.

Alesi ŋutinya mawo bɔe kple alesi ame geɖe xɔ wo dzi see la ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe Kristo-hamea me tɔ aɖewo hã dzi woaxɔe ase be wonye nyateƒe. Ðewohĩ woasusui be togbɔ be amegbetɔwo ŋutɔ mate ŋu awɔ nu mawo o hã la, amesiwo xɔa ŋusẽ triakɔwo tso gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo nye gbɔgbɔ vɔ̃wo gbɔ ya ate ŋui. Nusi dze abe kpeɖodzi ene na nyataƒoƒo siae nye Tesalonikatɔwo II, 2:9, 10, esi gblɔ be: “Ame ma ƒe vava lanye le Satana ƒe ŋusẽdɔwɔwɔ nu: Le aʋatsokaka ƒe ŋusẽ kple dzesiwo kple nukunuwo katã kple madzɔmadzɔnyenye ƒe amebeble katã me le amesiwo le tsɔtsrɔ̃m la dome; elabena womexɔ nyateƒe ƒe lɔlɔ̃, bene woaxɔ wo o.”

Togbɔ be enye nyateƒe be ŋɔŋlɔ sia ɖee fia be Satana ate ŋu awɔ ŋusẽdɔwo hã la, egblɔ hã be Satana gbɔe “aʋatsokaka ƒe ŋusẽ kple dzesiwo” kpakple “madzɔmadzɔnyenye ƒe amebeble” tsona. Biblia ɖee fia zi geɖe be Satanae nye ameblela gãtɔ si nye “xexeame katã blela.” (Nyaɖeɖefia 12:9) Ebi ɖe alesi wòana amewo naxɔ nusiawo dzi ase be wonye nyateƒe la me ŋutɔ.

Esia ta zi geɖe la, womate ŋu aka ɖe amesiwo ƒo wo ɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔ kple adzewɔwɔ me ƒe ɖaseɖiɖiwo kple woƒe numeɖeɖewo gɔ̃ hã dzi o. Ame mawo axɔe ase anukwaretɔe be yewokpɔ alo yewosee nanewo dzɔ ɖe yewo dzi kpɔ; gake le nyateƒe me la, naneke medzɔ nenema o. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo bunɛ be yewoƒo nu kple ame kukuwo ƒe gbɔgbɔ. Gake vodadae wowɔ, ɖe woble wo, Satana flu wo. Biblia gblɔ be ame kukuwo “yi aʋli me.”—Psalmo 115:17.

Esi Abosam nye aʋatsokala ɣesiaɣi ta la, ele be míake ɖi ŋusẽ siwo kɔ wu dzɔdzɔme tɔ ŋuti gliwo ƒe nyateƒenyenye ɣesiaɣi. Wo dometɔ geɖe nye aʋatsodzixɔse ƒe susu siwo wokpa nya kpe le wo gbugbɔgagblɔ me.

Gli siawo toto ake doa Satana Abosam si nye aʋatsokafofo ƒe didiwo ɖe ŋgɔ. (Yohanes 8:44) Wodea gbɔgbɔyɔyɔnuwɔna siwo nyɔa ŋu na Yehowa la ƒe didi amewo me. (Mose V, 18:10-12) Wozua vɔvɔ̃ kple aʋatsodzixɔse ƒe ɖɔ si ɖea amewo. Mewɔ nuku o be Paulo ɖo aɖaŋu na Kristotɔwo be “womagaɖo to gliwo o.”—Timoteo I, 1:3, 4.

Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Ŋuti Nyawo Gbegbe

Ke ne ŋutinyawo dze nyateƒenyawoe ya ɖe? Ɣeaɖewoɣi la, wogblɔa alesi gbɔgbɔwo alo gbɔgbɔyɔlawo lɔ̃na ɖe Yehowa ƒe gãnyenye kple eƒe Ðasefowo ƒe nyaƒetoto dzii la ŋu nyawo. Ðe wòle be Kristotɔwo nanɔ ŋutinya siawo gblɔma?

Ao, mele be woanɔ egblɔm o. Biblia gblɔ be esi gbɔgbɔ makɔmakɔwo do ɣli be Yesue nye Mawu ƒe Vi la, ‘egbe nya na wo vevie ŋutɔ bena, ne woagana woanya ye o.’ (Marko 3:12) Nenema ke esi afakagbɔgbɔ aɖe ƒoe ɖe nyɔnuvi aɖe nu be wòyɔ Paulo kple Barnaba be “Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe dɔlawo” kple “agbexɔxɔmɔ” ƒe gbeƒãɖelawo la, Paulo nyã gbɔgbɔ la doe le eme. (Dɔwɔwɔwo 16:16-18) Yesu, Paulo, alo Biblia-ŋlɔlawo dometɔ aɖeke meɖe mɔ na gbɔgbɔ vɔ̃wo be woaɖi ɖase le Mawu ƒe tameɖoɖowo alo esubɔla tiatiawo ŋuti o.

Anyo be míade dzesii hã be Yesu Kristo nɔ agbe le gbɔgbɔmenutowo me hafi va anyigba dzi. Enya Satana nyuie. Gake Yesu metsɔ Satana ƒe nuwɔnawo ƒe ŋutinyawo do nukokoe na eƒe nusrɔ̃lawo o, eye megblɔ nusiwo Satana ate ŋu awɔ kple nusiwo mate ŋu awɔ o la ŋu nyawo na wo o. Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo menye Yesu xɔlɔ̃wo o. Ame nyanyãwo, aglãdzelawo, nu kɔkɔe tsrilawo, kple Mawu ƒe futɔwoe wonye. Biblia gblɔ nusi wòle be míanya la na mí. Egblɔ amesiwo gbɔgbɔ vɔ̃wo nye, alesi woblea amewoe, kple alesi míate ŋu aƒo asa na woe la na mí. Eɖee fia be Yehowa kple Yesu ƒe ŋusẽ kpe wu gbɔgbɔ vɔ̃wo tɔ. Eye efia nu be ne míesubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe la, gbɔgbɔ vɔ̃wo mate ŋu agblẽ nu le mía ŋu ɖaa o.—Yakobo 4:7.

Eyata susu nyui aɖe tae Kristotɔwo gbea gli kple aʋatsoŋutinya siwo doa amesiwo tsia tre ɖe Mawu ŋuti ƒe didiwo ɖe ŋgɔ ɖo. Alesi Yesu ‘ɖi ɖase na nyateƒe lae’ la, nenema eyomedzelawo hã wɔna egbea. (Yohanes 18:37) Wowɔa Biblia ƒe nuxlɔ̃amenya sia dzi nunyatɔe be: “Nusiwo nye nyateƒe, . . . misusu nusiawo ŋuti!”—Filipitɔwo 4:8.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Ele be Kristotɔ vavãwo natsri gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo katã keŋkeŋ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe