Yehowa Ƒe Dzidzɔ Enye Míaƒe Mɔ̃ Sesẽ
“Ŋkeke sia ŋu kɔ na mía Aƒetɔ la, migaxa nu o; elabena dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu enye miaƒe mɔ̃ sesẽ.”—NEXEMYA 8:10.
1, 2. (a) Nukae nye mɔ̃ sesẽ? (b) Aleke Dawid ɖee fia be yesi Yehowa tso?
MƆ̃ SESẼ si ɖeke mesɔ kple o ye Yehowa nye. Ke nukae nye mɔ̃ sesẽ? Enye teƒe aɖe si ŋu wotɔ glikpɔ ɖo alo afisi ametakpɔnu bubuwo le, dedienɔƒe alo teƒe si woate ŋu asi ayi atsi agbe. Dawid si nɔ anyi le blema Israel la bu Mawu be enye yeƒe mɔ̃ sesẽ. Le kpɔɖeŋu me, bu tame le ha aɖe si me nyawo Dawid gblɔ na Dziƒoʋĩtɔ la “le ɣeyiɣi, si me Yehowa ɖee tso eƒe futɔwo katã si me kpakple Saul,” Israel-fia, “si me” la ŋu kpɔ.—Psalmo 18:1.
2 Dawid tsɔ nya siawo dze ha ʋãme ma gɔmee: “Yehowa, nye ŋusẽ, nyemelɔ̃a nu le gbɔwò o; Yehowa, nye agakpe, nye mɔ̃ kple nye xɔnametɔ; Mawu, nye aga, si mesi tso, nye akpoxɔnu, nye xɔname ƒe dzo kple nye bebeƒe!” (Psalmo 18:2, 3) Esi Fia Saul nyã ame dzɔdzɔe Dawid de gbe madzemadzee eye wònɔ eyome tim la, Dawid si Yehowa tso, abe alesi woasi ayi mɔ̃ sesẽ mee be woasi le dzɔgbevɔ̃e nu ene.
3. Nukatae Yudatɔ siwo nɔ anyi le Ezra ŋɔli ‘tu aglo gã aɖe’?
3 Dzidzɔ si Yehowa nana la nye mɔ̃ sesẽ si ŋu kakaɖedzi le na nuteƒewɔla siwo zɔa eƒe mɔwo dzi. (Lododowo 2:6-8; 10:29) Gake be dzidzɔ si tsoa Mawu gbɔ la nasu amewo si la, ele be woalɔ̃ awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Le esia gome la, bu tame le nusi dzɔ le Yerusalem le ƒe 468 D.M.Ŋ. me ŋu kpɔ. Agbalẽŋlɔla Ezra kple ame bubuwo xlẽ Se la eme kɔ nyuie ale be wose egɔme. Eyome wode dzi ƒo na dukɔa be: “Miyi, ne miaɖu aminu, eye miano aha vivi, miɖo ɖe ɖe amesiwo si ɖeke mele o la, elabena ŋkeke sia ŋu kɔ na mía Aƒetɔ la, migaxa nu o; elabena dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu enye miaƒe mɔ̃ sesẽ.” Esi Yudatɔwo tsɔ sidzedze si su wo si la wɔ dɔe eye woɖu Agbadɔmeŋkekenyuiwo la, ‘wotu aglo gã aɖe.’ (Nexemya 8:1-12) Ŋusẽ ɖo amesiwo ‘dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu nye mɔ̃ sesẽ na’ la ŋu hena eƒe tadedeagu kple eƒe subɔsubɔdɔ wɔwɔ. Esi Yehowa ƒe dzidzɔ nye woƒe mɔ̃ sesẽ ta la, ele be míakpɔ mɔ be Yehowa ƒe amewo hã akpɔ dzidzɔ egbea. Ke nukawoe nye nusiwo ta dzi dzɔa wo egbea la dometɔ aɖewo?
‘Mikpɔ Dzidzɔ si Wu Gbɔgblɔ’
4. Nukae nye Yehowa ƒe amewo ƒe dzidzɔtsoƒe vevi aɖe?
4 Susu vevi siwo ta dzi dzɔa wo dometɔ ɖekae nye ɖoɖo si Yehowa wɔ be woakpe ta ɖekae. Yehowa Ðasefowo ƒe nutome gã kple nutome sue takpekpewo naa wokpɔa dzidzɔ egbea, abe alesi tututu ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyui siwo Israel-viwo ɖuna nyea dzidzɔ na woe ene. Wogblɔ na Israel-viwo be: “Ŋkeke adre sɔŋ naɖu [agbadɔmeŋkekenyui] na Yehowa, wò Mawu la le teƒe, si Yehowa atia; elabena Yehowa, wò Mawu la, ayra wò le nusiwo katã nèwɔ dɔ kpɔ, kple wò asinudɔwo katã me, eye nakpɔ dzidzɔ wòatso me.” (Mose V, 16:13-15) Ẽ, Mawu di be ‘woakpɔ dzidzɔ si wu gbɔgblɔ.’ Esia ke wodi tso Kristotɔ vavãtɔwo si, elabena apostolo Paulo xlɔ̃ nu haxɔsetɔwo be: “Dzi nadzɔ mi le Aƒetɔ la me ɖaasi; megale egblɔm bena: Dzi nadzɔ mi!”—Filipitɔwo 4:4.
5. (a) Nukae nye dzidzɔ, eye aleke Kristotɔwo wɔna wòsua wo si? (b) Aleke míawɔ dzi nadzɔ mí togbɔ be míetoa dodokpɔwo me hã?
5 Esi Yehowa di be dzi nadzɔ mí ta la, ena dzidzɔ mí wònye eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetsewo dometɔ ɖeka. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Ke nukae nye dzidzɔ? Enye vivisese ƒe seselelãme aɖe si ɖoa ame me ne wole mɔ kpɔm na nu nyui aɖe alo ne nu nyui aɖe su ame si. Dzidzɔ nye nudzedziname vavãtɔ ƒe nɔnɔme si ɖoa ame me, alo aseyetsotso gɔ̃ hã. Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetse sia léa mí ɖe te le dodokpɔ me. “[Yesu] do dzi kpe [fuwɔameti] ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.” (Hebritɔwo 12:2) Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ be: “Nɔvinyewo, ne miege ɖe tetekpɔ bubu ƒomeviwo me la, mibui dzidzɔ sɔŋ, esi mienya bena, miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ wɔa dzidodo.” Gake ne míenya nusi míawɔ le dodokpɔ aɖe ŋu o ɖe? Ke míate ŋu atsɔ kakaɖedzi ado gbe ɖa abia nunya si míatsɔ akpɔ egbɔe. Ne míewɔ nu wòsɔ ɖe dziƒonunya nu la, akpe ɖe mía ŋu míaɖɔ kuxia ɖo alo míanɔ te ɖe dodokpɔ siwo anɔ fu ɖem na mí matɔmatɔe nu eye Yehowa ƒe dzidzɔ mabu le mía me o.—Yakobo 1:2-8.
6. Ƒomedodo kae le dzidzɔ kple tadedeagu vavã dome?
6 Dzidzɔ si Yehowa nana la doa ŋusẽ mí be míatsɔ awɔ mawusubɔsubɔ vavãtɔ lae. Emae dzɔ le Nexemya kple Ezra ƒe ŋkekeawo me. Yudatɔ siwo Yehowa ƒe dzidzɔ nye mɔ̃ sesẽ na ɣemaɣi la xɔ ŋusẽdodo be woatsɔ ado tadedeagu vavãtɔ ɖe ŋgɔe. Eye esi wodo Yehowa ƒe tadedeagu ɖe ŋgɔ la, woƒe dzidzɔ dzi ɖe edzi. Alea ke wògale egbea hã. Esi míedea ta agu na Yehowa ta la, nu geɖe li siwo tae dzi adzɔ mí vevie ɖo. Mina míadzro nu gbogbo siwo tae míekpɔa dzidzɔ ɖo la dometɔ ʋee bubu aɖewo me kpɔ.
Ƒomedodo Kple Mawu to Kristo Dzi
7. Le Yehowa gome la, susu ka tae Kristotɔwo kpɔa dzidzɔ ɖo?
7 Ƒomedodo kplikplikpli si le mía kple Yehowa dome wɔe be míenye amesiwo kpɔa dzidzɔ wu le anyigba dzi. Hafi míava zu Kristotɔwo la, míenye amegbetɔƒome madzɔmadzɔ siwo “ƒe nyasã do viviti, eye wonye amedzrowo le Mawu ƒe agbe la gome” la me tɔwo. (Efesotɔwo 4:18) Aleke gbegbe dzi dzɔa mí enye si be míeganye Yehowa ƒe futɔwo azɔ o! Gake ebia agbagbadzedze be eƒe amenuveve nakpɔtɔ anɔ mía dzi. Ele be ‘míanɔ xɔse la me, abe amesiwo gɔme woɖo anyi eye wole tsitre sesĩe ene, eye míagana woate mí ɖa tso nyanyui ma ƒe mɔkpɔkpɔ la gbɔ o.’ (Kolosetɔwo 1:21-23) Míate ŋu akpɔ dzidzɔ be Yehowa he mí va Via gbɔe abe alesi Yesu ŋutɔ ƒe nyawo gblɔe ene be: “Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm ɖa lae hee vɛ o.” (Yohanes 6:44) Ne ƒomedodo xɔasi si le mía kple Mawu dome to Kristo dzi nye nu xɔasi na mí nyateƒe la, míakpɔ nyuie be míagawɔ naneke si ate ŋu agblẽ eme o.
8. Aleke Yesu na míele dzidzɔ kpɔmee?
8 Nuvɔ̃wo tsɔtsɔke to Yesu ƒe tafevɔsa la dzixɔxɔse me nye nusi ta míakpɔ dzidzɔ gã aɖe ɖo elabena esia dzie wòto be ƒomedodo te ŋu le mía kple Mawu dome. Esi mía tɔgbui Adam bua wɔ nuvɔ̃ la, ehe ku va ameƒomea katã dzi. Gake apostolo Paulo ɖe nu me be: “Mawu ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃, si wòtsɔ lɔ̃ mí la fia bena, esime míeganye nuvɔ̃wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.” Paulo gaŋlɔ hã be: “Alesi to vodada ɖeka me fɔbubu va amewo katã dzi la, nenema ke to nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖeka me agbe ƒe afiatsotsoname hã va amewo katã dzi. Elabena alesi to ame ɖeka ƒe tomaɖomaɖo me wowɔ ame geɖewo zu nuvɔ̃wɔlawo la, nenema ke to ame ɖeka ƒe toɖoɖo me hã woawɔ ame geɖewo woazu ame dzɔdzɔewo.” (Romatɔwo 5:8, 18, 19) Dzidzɔ kae nye si wònye na mí be edze Yehowa Mawu ŋu be yeaɖe Adam ƒe dzidzime siwo wɔ lɔlɔ̃ mɔnuɖoɖo sia ŋudɔ la!
Mawusubɔsubɔblɔɖe Kple Numekɔkɔ
9. Nukatae dzi dzɔa mí le mawusubɔsubɔ gome?
9 Ablɔɖekpɔkpɔ tso Babilon Gã la, alakpasubɔsubɔha ƒe xexemefiaɖuƒea, si me hã nye nu bubu si tae dzi adzɔ mí ɖo. Mawu ƒe nyateƒe lae wɔ mí ablɔɖeviwoe. (Yohanes 8:32) Eye vovo tso subɔsubɔhawo ƒe gbolo sia si me fia be míegakpɔa gome le eƒe nuvɔ̃wo me o, míegaxɔa eƒe fuwɔamewo ne míava tsrɔ̃ kplii o. (Nyaɖeɖefia 18:1-8) Blanuilénya aɖeke mele nusiawo katã siwo me míesi tsoe la me o!
10. Numekɔkɔ kae mí Yehowa ƒe amewo míexɔna?
10 Mawu ƒe Nya la gɔmesese kple eŋudɔwɔwɔ le míaƒe agbenɔnɔ me nye nu bubu siwo tae dzi adzɔ mí ɖo. Esi míevo tso alakpasubɔsubɔhawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi si me la, gbɔgbɔmenugɔmesese si me le kɔkɔm ɖe edzi ɖaa si mía Fofo si le dziƒo nana mí to “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi la sua mía si. (Mateo 24:45-47) Le amesiwo katã le anyigba dzi dome la, amesiwo tsɔ wo ɖokui katã ɖe adzɔgbe na Yehowa koe xɔa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la eye woyraa wo be woase eƒe Nya kple lɔlɔ̃nu gɔme. Ele abe alesi Paulo gblɔe ene be: “Mawu ɖee fia mí [nusiwo wòdzra ɖo ɖi na amesiwo lɔ̃a eyama] to eƒe gbɔgbɔ la dzi; elabena gbɔgbɔ la dzroa nuwo katã me kpɔna keke Mawu ƒe nu gogloawo me ke.” (Korintotɔwo I, 2:9, 10) Ele be míada akpe eye dzi nadzɔ mí be míele nugɔmesese si me le kɔkɔm ɖe edzi ɖaa la xɔm abe alesi Lododowo 4:18 gblɔe ene be: “Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nɔa kɔkɔm ɖe dzi, vaseɖe esime ŋu kena keŋ ene.”
Fiaɖuƒe Mɔkpɔkpɔ la Kple Agbe Mavɔ Kpɔkpɔ
11. Aleke ame bubuwo hã wɔna sea Fiaɖuƒe mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname la?
11 Míaƒe Fiaɖuƒe mɔkpɔkpɔ la hã na míekpɔa dzidzɔ. (Mateo 6:9, 10) Mí Yehowa Ðasefowo míeɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒea ɣeyiɣi didi aɖee nye sia be eya koe nye ameƒomea katã ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble tso ƒe 1931, ƒe si me míexɔ ŋkɔ Yehowa Ðasefowo le tameɖoɖo kplikpaa aɖe si dzi wolɔ̃ ɖo kple dzidzɔ le takpekpe 51 siwo wowɔ le xexeame ƒe teƒe vovovowo la ŋu kpɔ. (Yesaya 43:10-12) Wota tameɖoɖo kplikpaa ma kple takpekpea me nuƒo vevi aɖe si J. F. Rutherford (si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi) ƒo ɖe agbalẽvi si nye The Kingdom, the Hope of the World me. Wota tameɖoɖo bubu si dzi woda asi ɖo le takpekpe ma me, si me wobu fɔ Kristodukɔa le ɖe eƒe xɔsegbegbe kple fewuɖuɖu le Yehowa ƒe nuxlɔ̃ame ŋu ta la hã ɖe eme. Eɖe gbeƒã hã be: “Mawu ƒe fiaɖuƒe lae nye xexeame ƒe mɔkpɔkpɔ, eye mɔkpɔkpɔ bubu aɖeke megali o.” Le ɣleti ʋee aɖewo ko me la, Yehowa Ðasefowo mã agbalẽvi sia ƒe agbɔsɔsɔ si wu miliɔn atɔ̃ ɖe anyigba la ƒe afisiafi. Tso ɣemaɣi ke la, míetea gbe ɖe edzi zi gbɔ zi geɖe be Fiaɖuƒe lae nye ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia.
12. Agbe ƒe mɔkpɔkpɔ siwo me dzidzɔ le kae wotsɔ ɖo amesiwo subɔa Yehowa ŋkume?
12 Agbe nɔnɔ le Fiaɖuƒedziɖuɖua te tegbee ƒe mɔkpɔkpɔ hã dzɔa dzi na mí. Mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname si nye agbenɔnɔ le dziƒo le Kristotɔ amesiaminawo ƒe ‘alẽha sue’ la si. Apostolo Petro ŋlɔe be: “Woakafu Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi gbugbɔ mí gadzi le eƒe nublanuikpɔkpɔ geɖe la nu hena mɔkpɔkpɔ gbagbe to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome la me, hena domenyinyi magblẽmagblẽ, maƒoɖi, maluxe, si wodzra ɖo ɖi le dziƒo na mí.” (Luka 12:32; Petro I, 1:3, 4) Egbea Yehowa Ðasefowo ƒe akpa gãtɔ le mɔ kpɔm na agbe mavɔ nɔnɔ le Paradiso me le Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te. (Luka 23:43; Yohanes 17:3) Naneke megale ame bubu aɖeke si le anyigba sia dzi si woatsɔ asɔ kple mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname si le mía si la o. Aleke gbegbe wòle be míade asixɔxɔ gã mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname siawo ŋui enye esi!
Nɔviwo ƒe Habɔbɔ si Woyra
13. Aleke wòle be míabu míaƒe dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔ lae?
13 Dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔ si ko dzi Mawu da asi ɖo me nɔnɔ hã nye nu bubu si ta míakpɔ dzidzɔ gã aɖe ɖo. Dzidzɔtɔe la, míawo sie zɔhɛ nyuitɔwo kekeake le le anyigba dzi. Yehowa Mawu ŋutɔ ƒo nu tso míaƒe ŋkekea ŋu eye wògblɔ be: “Maʋuʋu dukɔwo katã, eye woahe dukɔwo katã ƒe nu vevitɔ vɛ, eye matsɔ ŋutikɔkɔe ayɔ xɔ sia taŋ.” (Xagai 2:7) Nyateƒee, Kristotɔwo katã nye blibomadelawo. Gake Yehowa he amesiawo va eɖokui gbɔe to Yesu Kristo dzi. (Yohanes 14:6) Esi wònye amesiwo Yehowa bu be wonyo ye ŋu ye wòhe va eɖokui gbɔe ta la, míaƒe dzidzɔ agba go ne míetsɔ dadavilɔlɔ̃ lɔ̃ woe, ne míede asixɔxɔ wo ŋu, ne míewɔ dɔ kpli wo ɖekae le mawumedɔwo me, eye míekpe ɖe wo ŋu le woƒe dodokpɔwo me, hedo gbe ɖa ɖe wo ta.
14. Dzideƒonya kawoe míakpɔ le Petro I, 5:5-11?
14 Esiawo katã ana míakpɔ dzidzɔ. Le nyateƒe me la, Yehowa ƒe dzidzɔe nye míaƒe gbɔgbɔ me nɔviwo ƒe habɔbɔ la ƒe mɔ̃ sesẽ le xexeame katã. Ẽ, wotia mí katã yome eye míekpea fu bubuwo hã. Gake ele be esia nate mí aƒo ƒu ɖekae abe Mawu ƒe anyigba dzi habɔbɔ vavãtɔ la me tɔwo ene. Abe alesi Petro gblɔe ene la, ele be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, eye míatsɔ míaƒe dzimaɖeɖiwo katã ada ɖe eyama dzi elabena míenya be etsɔa ɖe le eme na mí. Ele be míanɔ ŋudzɔ elabena Abosam le didim be yeavuvu mí, gake menye míawo ɖeɖe dzaa koe o, elabena Petro gagblɔ kpee be: “Minɔ tsitre sesĩe ɖe eyama ŋuti le xɔse me, esi mienyae bena, fukpekpe mawo ke [vaa] mia nɔvi, siwo le xexeame la dzi.” Eye dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔ sia magbã akpɔ o, elabena woka ɖe edzi na mí be ‘ne míekpe fu vi aɖe vɔ ko la, Mawu awu míaƒe hehenana la nu eye wòali ke mí, ado ŋusẽ mí.’ (Petro I, 5:5-11) Bu eŋu kpɔ. Míaƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ si me dzidzɔ le la anɔ anyi tegbetegbe!
Agbe si Ŋu Tameɖoɖo Le
15. Nukatae míate ŋu agblɔe be tameɖoɖo le Yehowa Ðasefowo ƒe agbenɔnɔ ŋu?
15 Míekpɔa dzidzɔ le xexe sia si me xaxawo yɔ la me elabena tameɖoɖo le míaƒe agbe ŋu. Wotsɔ subɔsubɔdɔ aɖe si naa mía kple ame bubuwo míekpɔa dzidzɔ la de asi na mí. (Romatɔwo 10:10) Mɔnukpɔkpɔ si nye dzidzɔe wònye vavã be míenye Mawu ƒe hadɔwɔlawo. Paulo gblɔ le esia ŋu be: “Amekae nye Apolo? Amekae nye Paulo? Subɔlawo wonye, amesiwo dzi mieto xɔ dzi se la, eye amesiame le abe alesi Aƒetɔ la nae ene. Nye la medo nu, Apolo de tsii, ke Mawue nana wotsina nyuie. Eyata amesi do nu la, menye naneke o, eye amesi de tsii hã, menye naneke o, ke Mawu, si na tsitsi lae boŋ. Ke amesi le nu dom kple amesi le tsi demi la, wo kpakple eve le ɖeka, hafi amesiame axɔ ye ŋutɔ ƒe fetu le ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ la nu. Elabena Mawu ƒe hadɔwɔlawo míenye; Mawu ƒe agble kple Mawu ƒe xɔtutu miawo mienye.”—Korintotɔwo I, 3:5-9.
16, 17. Kpɔɖeŋu kawoe míate ŋu agblɔ atsɔ aɖo kpe edzi be Yehowa ƒe amewo nɔa agbe si me dzidzɔ kple tameɖoɖo le?
16 Míate ŋu agblɔ kpɔɖeŋu geɖe atsɔ afia be ne míesubɔ Yehowa le nuteƒewɔwɔ me la, ana tameɖoɖo nanɔ míaƒe agbe ŋu eye dzidzɔ nayɔ mía me. Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye nyagbɔgblɔ si gbɔna: “Metsa ŋku le Fiaɖuƒe Akpata si me amewo yɔ [le enuʋugbe] la me eye mekpɔ nye ƒomea me tɔ enyi, mía kple srɔ̃nye kpakple mía vi etɔ̃awo kple wo srɔ̃wo hã míele eme. . . . Mía kple srɔ̃nye míenɔ agbe si ŋu tameɖoɖo kple dzidzɔ le vavã le Mawu subɔsubɔ me.”
17 Eganyea dzidzɔ na ame be woanyae be woate ŋu adze dzidzɔgbenɔnɔ si ŋu tameɖoɖo vavãtɔ le la gɔme le Yehowa subɔsubɔ me ne woxɔ ƒe ɖesiaɖe. Le kpɔɖeŋu me, nyɔnu aɖe si srɔ̃ Biblia ƒe nyateƒea le ame tsitsiwo dzikpɔƒe aɖe la xɔ nyɔnyrɔ̃ zu Yehowa Ðasefo esi wòxɔ ƒe 102. Esia wɔe be wòtsɔ tameɖoɖo si me dzidzɔ le wu eƒe agbe nui le ‘Mawu vavã la vɔvɔ̃ kple eƒe sewo me léle ɖe asi me.’—Nyagblɔla 12:13.
Mɔ̃ Sesẽ si Meʋãna O
18. Nukae míate ŋu awɔ atsɔ aɖu blanuiléle dzi eye míadzi míaƒe dzidzɔ ɖe edzi?
18 Yehowa ƒe dzidzɔ la nye mɔ̃ sesẽ si meʋãna o na nuteƒewɔlawo. Gake dzidzɔ sia ƒe mía si nɔnɔ mefia be míagato nɔnɔme sesẽwo abe esi ʋã Yesu wògblɔ le Getsemane-bɔa me be: “Nye luʋɔ le nu xam kakaka vaseɖe ku me” la ene me o. (Marko 14:32-34) Mítsɔe ko be ɖokuitɔdidinuwo yometiti na míeléa blanui. Ekema mina míatrɔ míaƒe agbenɔnɔ. Ne míaƒe dzidzɔ dzi ɖe kpɔtɔ le esi míele Ŋɔŋlɔawo me gbanɔamedzi kpekpe aɖe tsɔm ɖokuitɔmadimaditɔe la, ɖewohĩ míate ŋu awɔ asitɔtrɔ siwo aɖe agba la le mía dzi vie eye dzi nagadzɔ mí. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa atsɔ dzidzɔ ayra míi ne míedina be míadze eŋu eye míeʋlina sesĩe be míawɔ aʋa kple nuvɔ̃ŋutilã la, xexeme vɔ̃ɖi sia, kpakple Abosam.—Galatiatɔwo 5:24; 6:14; Yakobo 4:7.
19. Aleke wòle be míabu mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe si su mía si le Mawu ƒe habɔbɔa mee?
19 Le susu siwo me míedzro kple bubu geɖe ta la, míekpɔa dzidzɔ gã aɖe. Míeɖanye gbeƒãɖelawo le hamea me alo míele ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ ƒomevi aɖe wɔm o, mí katã míate ŋu awɔ dɔ geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me si adzi míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ ɖe edzi godoo. (Korintotɔwo I, 15:58) Mɔnukpɔkpɔ kawoe ɖasu mía si le Yehowa ƒe habɔbɔa me o, mina míada akpe ɖe wo ta eye míatsɔ dzidzɔ ayi míaƒe dzidzɔ Mawu lɔlɔ̃ la ƒe subɔsubɔ kɔkɔea dzii.—Timoteo I, 1:11.
20. Nukae nye míaƒe mɔnukpɔkpɔ gãtɔ kekeake, eye nuka dzie míate ŋu aka ɖo?
20 Mɔnukpɔkpɔ si wònye be Yehowa ƒe ŋkɔ la nanɔ mía ŋu be míenye eƒe Ðasefowo la nye susu vevi aɖe si tae míekpɔa dzidzɔ ɖo ale gbegbe. Nyateƒee, míede blibo o, eye míedoa go tetekpɔ geɖewo, gake mina yayra wɔnuku siwo wònye na mí be míanye Yehowa Ðasefowo la nanɔ ŋku dzi na mí. Eye miɖo ŋku edzi be míaƒe Dziƒofofo lɔlɔ̃ la mado ŋukpe mí akpɔ gbeɖe o. Míate ŋu aka ɖe edzi be woayra mí ɣesiaɣi ne Yehowa ƒe dzidzɔ nye míaƒe mɔ̃ sesẽ.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
◻ Nukae nye ‘Yehowa ƒe dzidzɔ’?
◻ Aleke Kristotɔwo wɔna dzidzɔ vavãtɔ sua wo si?
◻ Nukawoe nye susu siwo ta Yehowa Ðasefowo kpɔa dzidzɔ la dometɔ aɖewo?
◻ Nukatae Yehowa ƒe dzidzɔ nye mɔ̃ sesẽ si meʋãna o?