INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 2/15 axa 18-22
  • “Ha Sue, Megavɔ̃ O!”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Ha Sue, Megavɔ̃ O!”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ha Sue La
  • Woƒe Xexlẽme Dzi Ðe Kpɔtɔ
  • “Megavɔ̃ O”
  • Mɔkpɔkpɔ Tɔxɛ Aɖe
  • “Mikplɔ Mawu Ƒe Alẽha Si Le Miaƒe Dzikpɔkpɔ Te La”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • “Ameha Gã” Aɖe Kafua Fia La
    “Wò Fiaɖuƒe Nava”
  • Mikpe Ðe Ame Siwo Tra Ða Tso Alẽhaa Me Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 2/15 axa 18-22

“Ha Sue, Megavɔ̃ O!”

“Ha sue, megavɔ̃ o! Elabena edze mia Fofo la ŋu be, yeatsɔ fiaɖuƒe la na mi.”—LUKA 12:32.

1. Nya kawoe ɖo kpe Yesu ƒe nya siwo nye “Ha sue, megavɔ̃ o” la dzi?

“MIDI [Mawu ƒe] fiaɖuƒe la.” (Luka 12:31) Esi Yesu gblɔ nya siawo na eƒe nusrɔ̃lawo la, eva zu gɔmeɖose si kpɔ ŋusẽ ɖe Kristotɔwo ƒe susu dzi tso eƒe ŋkekea me vaseɖe mía tɔ me. Ele be Mawu ƒe Fiaɖuƒea naxɔ nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me. (Mateo 6:33) Gake le Luka ƒe nuŋlɔɖia me la, Yesu yi edzi gblɔ lɔlɔ̃ kple kakaɖedzi nyawo na Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo tɔxɛ aɖe. Egblɔ be: “Ha sue, megavɔ̃ o! Elabena edze mia Fofo la ŋu be, yeatsɔ fiaɖuƒe la na mi.” (Luka 12:32) Esi Yesu nye Alẽkplɔla Nyui ta la, enya be ɣeyiɣi sesẽwo dze ŋgɔ yeƒe nusrɔ̃lawo. Gake mele be woavɔ̃ o ne woyi edzi di Mawu ƒe Fiaɖuƒea. Eyata menye se sesẽwoe Yesu ƒe nuxlɔ̃amenyawo nye o. Ke boŋ ŋugbedodo si me lɔlɔ̃ le si na kakaɖedzi kple dzideƒo woe wonye.

2. Amekawoe nye ha sue la, eye nukata mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ le wo si?

2 Yesu nɔ nu ƒom na eƒe nusrɔ̃lawo, eye eyɔ wo be “ha sue.” Amesiwo Yehowa ‘atsɔ fiaɖuƒea ana’ la hãe wònɔ nu ƒom na. Ne wotsɔ ƒuƒoƒo sia sɔ kple ameha gbogbo siwo ava xɔ Yesu ƒe nyawo emegbe la, womesɔ gbɔ o nyateƒe. Wobu wo hã be wonye ame xɔasiwo elabena wotia wo hena fiadɔwo wɔwɔ le etsɔ me ɖedzesi aɖe me. Wo Fofo, Alẽkplɔla Gãtɔ Yehowa, yɔ ha sue la be woava nyi dome le dziƒo le Kristo ƒe Mesia Fiaɖuƒea me.

Ha Sue La

3. Ŋutikɔkɔe ƒe ŋutega kae Yohanes kpɔ le ha sue la ŋu?

3 Ekema amekawoe le ha sue sia si si mɔnukpɔkpɔ gã sia su la me? Amesiawoe nye Yesu Kristo yomedzela siwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na. (Dɔwɔwɔwo 2:1-4) Apostolo Yohanes ŋlɔ le wo ŋu esi wòkpɔ wo abe dziƒohadziha siwo lé saŋkuwo ɖe asi ene be: “Mekpɔ, eye kpɔ ɖa, alẽvi la le tsitre ɖe Zion-to la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo ƒe ŋgonu woŋlɔ eƒe ŋkɔ kple Fofoa ƒe ŋkɔ ɖo la, le eŋu. Nenem me siawo nye amesiwo meƒo ɖi wo ɖokui kple nyɔnuwo o; elabena ɖetugbiwo wonye. Amesiawo dzea Alẽvi la yome yia afisiafi, si wòyina. Amesiawo la woƒle wo tso amewo dome, be woanye ŋgɔgbetɔwo na Mawu kple alẽvi la. Eye womekpɔ aʋatsokaka aɖeke le woƒe nu me o; elabena wonye mokaka manɔŋutɔwo.”—Nyaɖeɖefia 14:1, 4, 5.

4. Ðoƒe kae le ha sue la si le anyigba dzi egbea?

4 Tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi ke la, gbɔgbɔmevi amesiamina siawo subɔ abe Kristo ƒe amedɔdɔwo ene le anyigba dzi. (Korintotɔwo II, 5:20) Woƒe ame susɔe aɖewo koe kpɔtɔ eye wonye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ƒe ha la me tɔ siwo subɔna ɖekae egbea. (Mateo 24:45; Nyaɖeɖefia 12:17) Tso ƒe 1935 me la, ‘alẽ bubu’ siwo nye Kristotɔ siwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le siwo de ame miliɔn geɖe fifia la va wɔ ɖeka kpli wo. Amesiawo kpena ɖe wo ŋu le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me le anyigba katã dzi.—Yohanes 10:16.

5. Nɔnɔme kae le ha sue la ƒe ame susɔewo si, eye nukata mele be woavɔ̃ o?

5 Nɔnɔme kae ha sue sia me tɔ susɔe siwo gale anyigba dzi la ɖena fiana? Esi wonya be yewoaxɔ ‘Fiaɖuƒe si meʋuʋuna o’ ta la, wowɔa woƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔe la le mawuvɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya me. (Hebritɔwo 12:28) Wokpɔnɛ ɖokuibɔbɔtɔe be mɔnukpɔkpɔ xɔasi ŋutɔ aɖe si me dzidzɔ geɖe le lae wona yewo. Wokpɔ “dzonu ɖeka, si ƒe asi sẽ ŋutɔ” si Yesu gblɔ esime wònɔ nu ƒom tso Fiaɖuƒea ŋu la. (Mateo 13:46) Esi xaxa gã la le aƒe tum la, Mawu ƒe amesiaminawo mele vɔvɔ̃m kura o. Togbɔ be wonya nusi gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe ameƒomea ƒe xexeame dzi kpuie le “Aƒetɔ ƒe ŋkeke gã, si nye atsyɔ̃ŋkeke la” dzi hã la, etsɔ me medzia ŋɔ na wo o. (Dɔwɔwɔwo 2:19-21) Nukatae woavɔ̃?

Woƒe Xexlẽme Dzi Ðe Kpɔtɔ

6, 7. (a) Nukata ha sue la me tɔ ʋee aɖewo koe kpɔtɔ le anyigba dzi? (b) Aleke wòle be amesiame nabu mɔkpɔkpɔ si le esii?

6 Le nyitsɔ laa ƒe ƒewo me la, ha sue la me tɔ siwo gale anyigba dzi ƒe xexlẽme va le sue ŋutɔ. Esia dze le ƒe 1994 Ŋkuɖodzia ƒe akɔntabubu me. Le Yehowa ƒe amewo ƒe hame siwo ade 75,000 siwo le xexeame katã dome la, ame 8,617 koe ɖee fia be yewonye ame susɔeawo to kpɔɖeŋunuawo ɖuɖu me. (Mateo 26:26-30) Gake amesiwo katã de ƒe xexlẽmee nye 12,288,917. Kristotɔ amesiaminawo nya be aleae wòle be wòanɔ. Yehowa ɖo xexlẽme tɔxɛ aɖe si nye 144,000 be woanye ha sue la, eye ele wo nu ƒom ƒu tso keke ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi ke. Eyata ha sue la me tɔwo yɔyɔ awu enu ne woƒe xexlẽme le dedem, eye ɖaseɖiɖi ɖee fia be yayratɔ tɔxɛ siawo katã nu ƒoƒo ƒu wu enu le ƒe 1935 me. Gake wogblɔe ɖi be alẽ bubuawo ya asɔ gbɔ ɖe edzi le nuwuɣia me ava zu “ameha gã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me.” Yehowa le ameha gã sia me tɔ siwo ƒe mɔkpɔkpɔe nye agbenɔnɔ le paradisonyigba dzi tegbee la katã nu ƒom ƒu tso keke ƒe 1935 me ke.—Nyaɖeɖefia 7:9; 14:15, 16; Psalmo 37:29.

7 Ha sue la me tɔ siwo gakpɔtɔ le anyigba dzi la ƒe akpa gãtɔ le woƒe ƒe 70, 80, kple 90 wo me fifia. Wo dometɔ ʋee aɖewo xɔ wu ƒe 100. Amesiawo katã nya be eɖanye ƒe kae yewoxɔ o, yewoato tsitretsitsi yi dziƒo me ava wɔ ɖeka kple Yesu Kristo mlɔeba, eye yewoaɖu fia kplii le eƒe ŋutikɔkɔe Fiaɖuƒea me. Ameha gã la me tɔwo anye Kristo Fia la tevi siwo anɔ anyigba dzi. Dzi nedzɔ amesiame ɖe nusi Yehowa dzra ɖo ɖi na amesiwo lɔ̃nɛ la ŋu. Menye mía ŋutɔe atia nusi míakpɔ mɔ na o. Yehowae tianɛ. Dzi ate ŋu adzɔ hatsotso eveawo siaa le woƒe etsɔ me mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname ta, eɖanye le Dziƒofiaɖuƒea me loo alo le paradisonyigba dzi le Fiaɖuƒe ma te o.—Yohanes 6:44, 65; Efesotɔwo 1:17, 18.

8. Afikae wotre ame 144,000 la nu se ɖo, eye nukae adzɔ ne wowu enu?

8 Ame 144,000 ƒe ha sue lae nye “Mawu ƒe Israel” si xɔ ɖe ŋutilã me Israel teƒe le Mawu ƒe tameɖoɖowo me. (Galatiatɔwo 6:16) Eyata amesiamina susɔeawoe nye Mawu ƒe gbɔgbɔ me dukɔ ma me tɔ siwo kpɔtɔ le anyigba dzi. Wole ame mamle siawo nu trem be Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu keŋkeŋ. Apostolo Yohanes kpɔ alesi esia dzɔe le ŋutega aɖe me, eye eka nya ta be: “Mekpɔ mawudɔla bubu le dodom tso ɣedzeƒe, eye Mawu gbagbe la ƒe nutrenu le esi, eye wòdo ɣli kple gbe gã ɖo ɖe mawudɔla ene, siwo wona ŋusẽe be, woawɔ vɔ̃ anyigba kple atsiaƒu la, wòle gbɔgblɔm bena: Migawɔ vɔ̃ anyigba alo atsiaƒu alo atiawo o, vaseɖe esime míatre mía Mawu ƒe dɔtsɔlawo ƒe ŋgowo nu. Eye mese amesiwo nu wotre la ƒe xexlẽme—wotre ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene nu le [gbɔgbɔ me] Israel-viwo ƒe toawo katã me.” (Nyaɖeɖefia 7:2-4) Esi gbɔgbɔ me Israel-viwo nutetredɔ sia yi ŋgɔ ɖo ta eƒe nuwuwu ta la, efia be nu dodzidzɔnamewo adzɔ kpuie. Egaɖe alesi “xaxa gã” si me mawudɔla eneawo aɖe asi le tsɔtsrɔ̃ ƒe ya eneawo ŋu ɖe anyigba dzi la tu aƒee la fia.—Nyaɖeɖefia 7:14.

9. Aleke ha sue la bua ameha gã siwo le dzidzim ɖe edzi lae?

9 Ameha gã la me tɔ siwo nu woƒo ƒu la ƒe xexlẽme de miliɔn geɖe xoxo. Aleke gbegbe esia dzɔa dzi na amesiamina susɔeawoe nye si! Togbɔ be alẽha suea me tɔ siwo gale anyigba dzi ƒe xexlẽme dzi le ɖeɖem kpɔtɔ hã la, wona hehe ameha gã la me tɔ siwo dze hedzra wo ɖo ɖe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ ŋu le Mawu ƒe anyigba dzi habɔbɔ si le ta kekem la me. (Yesaya 61:5) Abe alesi Yesu ɖee fia ene la, ame aɖewo atsi agbe le xaxa gã la me.—Mateo 24:22.

“Megavɔ̃ O”

10. (a) Amedzidzedze kae ava Mawu ƒe amewo dzi, eye nukae wòahe vɛ? (b) Nya kawoe wobia le mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu?

10 Woɖi gbɔ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo henyã wo ɖo ɖe anyigba dzi. Eya kple eyomedzelawo le agbagba dzem be yewoadze Yehowa ƒe amewo dzi kple yewoƒe ŋusẽ katã. Woyɔ amedzidzedze sia si wogblɔ ɖi le Biblia me la be Gog si tso Magog ƒe amedzidzedze. Amekawo koŋ Abosam tɔ ŋkui be yeadze wo dzi? Ðe menye ha sue, Mawu ƒe gbɔgbɔ me Israel, ƒe ame susɔe siwo le ŋutifafa me ‘le anyigba la titina’ lae oa? (Xezekiel 38:1-12) Ẽ, gake amesiamina anukwareɖilawo ƒe ha la ƒe ame susɔeawo kple woƒe zɔhɛ nuteƒewɔla siwo nye alẽ bubuawo akpɔ alesi Satana ƒe amedzidzedzea awɔe be Yehowa Mawu ana ŋuɖoɖo ɖe dzesi aɖee la teƒe. Ade nu nya la me eye wòahe “Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la” vɛ. (Yoel 3:4) Egbea la, dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la le dɔ vevi aɖe si nye agbeɖeɖedɔ wɔm hele nu xlɔ̃m amewo le alesi Yehowa ava de nu nyawo mee ŋu. (Maleaxi 4:5; Timoteo I, 4:16) Ðe nèle gome kpɔm le subɔsubɔ ma me hele gbeƒã ɖem Yehowa ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui laa? Ðe nàyi edzi awɔ nenema anye Fiaɖuƒegbeƒãɖela si mevɔ̃na oa?

11. Nukata dzideƒo hiã vevie egbea?

11 Le alesi xexeame ƒe nɔnɔme le fifia ta la, aleke gbegbe wòsɔ ɖe ɣeyiɣia nue nye si be ha sue la nawɔ ɖe nya si Yesu gblɔ na wo la dzii be: “Ha sue, megavɔ̃ o!” Dzideƒo sia le vevie ŋutɔ le nusiwo katã le eme vam ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo nu ta. Alẽha sue la me tɔ ɖesiaɖe kpɔa alesi wòhiã be wòado dzi vaseɖe nuwuwu la dzea sii. (Luka 21:19) Abe alesi Yesu Kristo, ha sue la ƒe Aƒetɔ kple Kplɔla, do dzi le anukwareɖiɖi me vaseɖe eƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe nuwuwu ene la, nenema ke wòle be ame susɔeawo dometɔ ɖesiaɖe nado dzii ahaɖi anukware.—Hebritɔwo 12:1, 2.

12. Abe Yesu ene la, aleke Paulo hã xlɔ̃ nu Kristotɔ amesiaminawoe be womegavɔ̃ o?

12 Ele be nukpɔsusu si nɔ apostolo Paulo si la ke nanɔ amesiaminawo katã si. De dzesi nya si apostolo Paulo si nye tsitretsitsi la ƒe gaglãgbe gbeƒãɖela amesiamina la gblɔ si sɔ kple Yesu ƒe nuxlɔ̃ame be woagavɔ̃ o. Paulo ŋlɔe bena: “Ðo ŋku Yesu Kristo, si tsi tre tso ame kukuwo dome, amesi tso Dawid ƒe ƒome me le nye nyanyui nu la dzi, nusi ŋuti mekpe fu ɖo yiɖase bablawo me, abe nuvɔ̃wɔla ene; gake womebla mawunya la o. Eyata medoa dzi le nuwo katã me le ame tiatiawo ta, bene woawo hã ƒe asi nasu xɔxɔ, si le Kristo Yesu me, kple ŋutikɔkɔe mavɔmavɔ la dzi. Nyateƒenya wònye: Ne míeku kpakplii la, míanɔ agbe hã kpakplii; ne míedo dzi la, míaɖu fia hã kpakplii; ne míegbe nu le egbɔ la, eyama hã lagbe nu le mía gbɔ; ne míenye nuteƒewɔlawo o la, eyama lanɔ anyi nuteƒewɔla; elabena mate ŋu agbe nu le eɖokui gbɔ o.”—Timoteo II, 2:8-13.

13. Kakaɖedzi sẽŋu kawoe le ha sue la me tɔwo si, eye nukae esia ʋãa wo be woawɔ?

13 Abe apostolo Paulo ene la, amesiamina susɔeawo ƒe ha sue la le lɔlɔ̃m faa be yewoado dzi le fukpekpe me esi yewole gbeƒã ɖem gbedasi sẽŋu si le Mawu ƒe Nya la me. Woƒe xɔse ƒo ke ɖe to sesĩe esi woyi edzi le ŋu ɖom ɖe Mawu ƒe ŋugbe si wòdo be yeaɖe wo ahana “agbefiakuku” wo ne wonye nuteƒewɔlawo vaseɖe ku me la ŋu. (Nyaɖeɖefia 2:10) Ne wofɔ wo ɖe tsitre hetrɔ woƒe nɔnɔme zi ɖeka la, woawɔ ɖeka kple Kristo be woaɖu fia kpakplii. Woƒe nuteƒewɔwɔ abe xexeame dzi ɖulawo ene me tsonu gã kae nye si!—Yohanes I, 5:3, 4.

Mɔkpɔkpɔ Tɔxɛ Aɖe

14, 15. Aleke ha sue la ƒe tsitretsitsimɔkpɔkpɔa nye etɔxɛe?

14 Ha sue la ƒe tsitretsitsimɔkpɔkpɔ la nye etɔxɛ. Le mɔ kawo nu? Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be ado ŋgɔ na “ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo” katã ƒe tsitretsitsi la. (Dɔwɔwɔwo 24:15) Nya lae nye be, amesiaminawo ƒe tsitretsitsia ŋutɔ anɔ ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu, abe alesi wòdze ƒã le Korintotɔwo I, 15:20, 23 ƒe nya siawo mee ene: “Kristo tsi tre tso ame kukuwo dome, eye wòzu amesiwo dɔ alɔ̃ la dome ŋgɔgbetɔ. Gake amesiame le ye ŋutɔ ƒe ɖoɖo nu: Gbãtɔ enye Kristo; emegbe la amesiwo le Kristo me le eƒe [anyinɔɣi] la.” Esi dzidodo kple xɔse si Yesu ɖe fia la tɔgbe le ha sue la si ta la, wonya nusi le wo lalam esi wole woƒe anyigba dzi dɔwo nu wum, vevietɔ tso esime Aƒetɔ vavã la va eƒe gbedoxɔ me be yeadrɔ̃ ʋɔnu le ƒe 1918 me.—Maleaxi 3:1.

15 Paul gagblɔ susu bubu si ta míabu tsitretsitsi sia be enye etɔxɛ la na mí. Eŋlɔe ɖe Korintotɔwo I, 15:51-53 be: “Mikpɔ ɖa, mele nya ɣaɣla gblɔm na mi: Mí katã míele alɔ̃ dɔ ge o; gake woatrɔ mí katã ƒe nɔnɔme, kasia le aɖabaƒoƒo ɖeka me, le kpẽkuku mamlea me . . . Elabena ele be, nu gbegblẽ sia nado magblẽmagblẽ, eye nu kuku sia nado makumaku.” Ha sue la me tɔ siwo aku le Kristo ƒe anyinɔɣi me la ŋue nya siawo ku ɖo. Magahiã be woadɔ alɔ̃ le ku me ɣeyiɣi didi o, eyata woado makumaku na wo, “kasia le aɖabaƒoƒo ɖeka me.”

16, 17. Aleke woyra Kristotɔ amesiaminawo etɔxɛe egbea le woƒe tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ŋu?

16 Le gɔmesese sia nu la, míate ŋu ase apostolo Yohanes ƒe nya siwo le Nyaɖeɖefia 14:12, 13 la gɔme nyuie. Eŋlɔ bena: “Afii ame kɔkɔe, siwo léa Mawu ƒe seawo kple Yesu ƒe dzixɔse me ɖe asi la, ƒe dzidodo le. Eye mese gbe aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena: Ŋlɔ bena: Woayra ame kuku, siwo ku le Aƒetɔ la me tso esia dzi heyina; ẽ, gbɔgbɔ la gblɔ bena, woadzudzɔ wo ɖokui tso woƒe agbagbadzedzewo me, elabena woƒe dɔwɔwɔwo dze wo yome.”

17 Teƒeɖoɖo tɔxɛ kae nye si le ha sue la ƒe ame susɔewo lalam! Woatsi tre enumake le woƒe ku megbe teti. Tɔtrɔ ɖedzesi kae nye si ame susɔeawo akpɔ ne woxɔ woƒe dɔdasi le gbɔgbɔmenutoa me! Esi ha sue la ŋuti kɔkɔ alea le edzi yim eye Biblia me nyagblɔɖi veviwo le eme vam la, mele be ha sue la me tɔ susɔeawo ‘navɔ̃ o’ nyateƒe. Eye woƒe mavɔ̃mavɔ̃ dea dzi ƒo na ameha gã siwo wòle be woatu dzideƒo ma tɔgbe ɖo esi wole mɔ kpɔm na ɖeɖe le xaxaɣi gãtɔ kekeake si ava anyigba dzi kpɔ la me.

18, 19. (a) Nukatae wòle be woawɔ nu kpata le ɣeyiɣi si me míele me? (b) Nukata mele be amesiaminawo kple ale bubuawo siaa navɔ̃ o?

18 Ŋkuɖoɖo ha sue la ƒe dɔwɔnawo dzi nana woa kple ameha gã la yia edzi vɔ̃a Mawu vavã la. Eƒe ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒoa ɖo, eye amenuveɣi si kpɔtɔ la le vevie ŋutɔ. Ɣeyiɣi si kpɔtɔ na amewo be woawɔ nu la le kpuie vavã. Gake míawo ya míevɔ̃na be Mawu ƒe tameɖoɖo ado kpo nu o. Ava eme godoo!

19 Wose gbe gã siwo ɖi le dziƒo la xoxo be: “Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la tɔ, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.” (Nyaɖeɖefia 11:15) Ẽ, Yehowa, Alẽkplɔla Gã la le eƒe alẽwo katã kplɔm to “toƒe dzɔdzɔewo le eƒe ŋkɔ la ta.” (Psalmo 23:3) Wokplɔ ha sue la yina woƒe dziƒofetua gbɔ vodadamanɔmee. Eye woaɖe alẽ bubuawo ahakpɔ wo ta le xaxa gã la me be woanɔ agbe mavɔ le anyigba dzi le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe Fiaɖuƒea me le Kristo Yesu ƒe dziɖuɖu te. Eyata togbɔ be ha sue la ŋue Yesu ƒe nyawo ku ɖo hã la, enye nyateƒe be susu li si ta wòle be Mawu ƒe subɔlawo katã siwo le anyigba dzi naɖo to eƒe nyawo be: “Megavɔ̃ o.”

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

◻ Nukata wòle be míakpɔ mɔ be ha sue la ƒe ame susɔewo ƒe xexlẽme dzi aɖe akpɔtɔ?

◻ Alekee nye amesiamina susɔewo ƒe nɔnɔme egbea?

◻ Nukata mele be Kristotɔwo navɔ̃ o togbɔ be Gog si tso Magog ƒe amedzidzedzea le aƒe tum hã?

◻ Nukata ame 144,000 ƒe tsitretsitsimɔkpɔkpɔa nye etɔxɛ, vevietɔ egbea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe