“Nubabla Xoxo” alo “Hebri Ŋɔŋlɔawo”—Kae Sɔ?
KRISTODUKƆA me tɔ geɖe zãa nya siwo nye “Nubabla Xoxo” kple “Nubabla Yeye” egbea tsɔ ƒoa nu tso Biblia ƒe akpa siwo woŋlɔ ɖe Hebrigbe alo Aramgbe kple Helagbe me ŋu. Gake ɖe Biblia da asi ɖe nya siawo zazã dzia? Eye susu kawo tae Yehowa Ðasefowo meŋlɔa nya siawo ɖe woƒe agbalẽwo me o?
Nyateƒee, edze abe ɖe Korintotɔwo II, 3:14, le Eʋegbe Biblia me kple gɔmeɖeɖe xoxo bubuwo, abe Germaniatɔwo ƒe Septembertestament Martin Luther ƒe gɔmeɖeɖe gbãtɔ (1522) ene, da asi ɖe esia dzi. Kpukpui sia xlẽ le Eʋegbe Biblia me be: “Wona woƒe tamesusuwo sẽ. Elabena vaseɖe egbegbe sia la nutsyɔnu sia gale nubabla xoxo ƒe xexlẽ la dzi, eye womekloe o, elabena woɖenɛ ɖa le Kristo me.”
Gake agbalẽ 39 siwo amewo yɔna be “Nubabla Xoxo” lae apostolo la wɔnɛ le afisia? Helagbe me nya si gɔme woɖe le afisia be “nubabla” ye nye di·a·theʹke. Germania-mawunyaŋununya ƒe numekugbalẽ xɔŋkɔ Theologische Realenzyklopädie gblɔ le Korintotɔwo II, 3:14 ŋu be ‘alesi woxlẽ di·a·theʹke’ tsãtɔ le kpukpui ma me sɔ kple ‘Mose xexlẽ’ le kpukpui si kplɔe ɖo me. Eyata egblɔ be ‘di·a·theʹke tsãtɔ’ tsi tre ɖi na Mose ƒe Sea, alo ne awu la, na Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ Atɔ̃awo. Metsi tre ɖi na Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia o.
Hebri Ŋlɔŋlɔawo ƒe akpa aɖe, Se ƒe nubabla xoxo, si Mose ŋlɔ ɖe eƒe Agbalẽ Gbãtɔ Atɔ̃awo me koe apostolo la wɔnɛ; menye Hebri kple Aramgbe me Ŋɔŋlɔawo katãe wòwɔnɛ o. Hekpe ɖe eŋu la, mele gbɔgblɔm be Kristotɔwo ƒe ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me nuŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me la nye “nubabla yeye” o, elabena nya sia medze le Biblia ƒe teƒe aɖeke o.
Ele be míade dzesii hã be Helagbe me nya di·a·theʹke si Paulo zã le afisia la gɔmeɖeɖe ŋutɔŋutɔe nye “nubabla.” (Kpɔ New World Translation of the Holy Scriptures—With References me Nya Bubuwo 7E, axa 1585, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc., ta le ƒe 1984 me hena numeɖeɖe bubuwo.) Eyata fifi gɔmeɖeɖe geɖe xlẽna wòsɔ be “nubabla xoxo,” alo “old covenant” ɖe “old testament” teƒe le Eŋlisigbe me.
Esia ta “National Catholic Reporter” gblɔ be: “Nya ‘Nubabla Xoxo’ ana wòadze nu ɖigbɔ alo tsigãdzinu godoo.” Gake agbalẽ ɖekae Biblia bliboa nye, eye eƒe akpa aɖeke mezu tsigãdzinu alo nu “xoxo” o. Eme gbedasiwo katã sɔ tso Hebrigbe me agbalẽ gbãtɔ dzi vaseɖe agbalẽ mamletɔ si le Helagbe me dzi. (Romatɔwo 15:4; Timoteo II, 3:16, 17) Eyata susu nyuiwo li siwo tae míezãa nya siawo siwo wotu ɖe nukpɔsusu masɔmasɔwo dzi o, eye míezãa “Hebri Ŋɔŋlɔawo” kple “Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo,” siwo sɔ wu boŋ.