Àkafu Yehowaa?
“MAWU, wò kafukafu de anyigba ƒe mlɔenu abe wò ŋkɔ ke ene.” Korax-viwo ƒe nyagblɔɖiha ƒe hagbe aɖewoe nye siawo. (Psalmo 48:11) Yehowa Ðasefo miliɔn geɖe ƒe hadziha gã aɖe to gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia dzi le Mawu kafum egbea hele eƒe ŋkɔ ɖem fia amewo. Ne míagblɔe la, ‘wode anyigba ƒe mlɔenu ke’ esi wole esia wɔm le anyigba kple ƒukpo 232 dzi, kple le gbegbɔgblɔ siwo wu 300 me.
Nukae ʋãa amesiwo ƒe kɔnuwo, hadomegbenɔnɔ, kple gbegbɔgblɔ to vovo be woakafu Yehowa? Woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe Nya Biblia ŋu kple eme sidzedze vavãtɔe nye susu vevi si tae. Gbɔgbɔ me nyateƒea ɖe wo tso aʋatsodzixɔsewo kple mawusubɔsubɔdzixɔsewo abe dzo mavɔ ŋuti nufiafia siwo wɔa amewo kluvii ene me. (Yohanes 8:32) Nyateƒea kpena ɖe wo ŋu hã be wokpɔa ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nɔnɔme wɔnukuwo, abe lɔlɔ̃, ŋusẽ, nunya, kple dzɔdzɔenyenye ene si ŋu nublanuikpɔkpɔ kpe ɖo la ŋu. Ne dzimedzɔdzɔetɔwo va se nusita Mawu tsɔ eƒe Tenuvi Yesu Kristo savɔe be wòanye tafe na ameƒomea gɔme nyuie la, eʋãa wo be woakafu Yehowa ahasubɔe.
Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia gblɔ be dziƒohadziha aɖe do ɣli be: “Mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.” (Nyaɖeɖefia 4:11) Menye ɖe wokpɔe be agbae wònye le yewo dzi tae wokafunɛ nenema o. Ke bubudede Yehowa ŋu tae.
Kafu Mawu to Nyanyuia Gbɔgblɔ Me
Ne ame aɖe le Yehowa kafum la, Yesu Kristo, Mawu kafula gãtɔ, ƒe kpɔɖeŋu nyui la srɔ̃m wòle. Yesu ƒe afɔɖoƒewo yomedzedze bia be woakpɔ gome le gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia me. (Mateo 4:17, 23; 24:14) Gbeƒãɖeɖedɔ sia va zu Yehowa kafukafudɔ vevitɔ kekeake le xexeame godoo.
Gbeƒãɖeɖedɔ sia le vevie ale gbegbe be Biblia gblɔe eme kɔ be edo ka kple ɖeɖekpɔkpɔ. Romatɔwo 10:13-15 xlẽ be: “Amesiame, si ayɔ [Yehowa] ƒe ŋkɔa dzi la, woaɖee. Azɔ aleke woayɔ amesi dzi womexɔ se o la mahã? Ke aleke woaxɔ amesi ŋutinya womese kpɔ o la dzi ase mahã? Ke aleke woase nya, ne nyanyuie gbeƒãɖela aɖeke mele wo si o mahã? Ke aleke woaɖe gbeƒã, ne womedɔ wo ɖa hafi o mahã? Abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: ‘Nyagblɔla, siwo gblɔa ŋutifafanya kple nyanyui la ƒe afɔwo nyo loo!’”
Yehowa Ðasefowo tsɔ gaƒoƒo biliɔn ɖeka kple vɔ wɔ gbeƒãɖeɖedɔa le ƒe si va yi ɖeɖeko me. Eye nu nyui ka gbegbe enye si do tso Mawu kafukafu sia me! Amesiwo ade 314‚000 va kpe ɖe kafukafuhadziha la ŋu esi woxɔ nyɔnyrɔ̃ tsɔ ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi.
Ke nya kae míate ŋu agblɔ le ame 12,288,917 siwo va Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le ƒe 1994 me ŋu? Wo dometɔ siwo wu 7,000,000 mele Yehowa kafum abe nyanyuigbeƒãɖelawo ene haɖe o. Gake wɔna vevi sia teƒe si wode ate ŋu ana ame miliɔn geɖe nagava kpe ɖe kafukafuhadziha la ŋu mlɔeba. Nukae míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ɖetsɔlemetɔ siawo ŋu be woava zu Yehowa kafulawo?
Kpekpeɖeŋu si Li
Ðewohĩ ɖetsɔlemetɔ geɖe ƒe didie nye be yewoakafu Yehowa, gake woase le wo ɖokui me be yewomate ŋu aɖo nudidiawo gbɔ o. Anyo be woaɖo ŋku nya siwo hakpala la gblɔ dzi be: “Mewu mo dzi ɖe toawo ŋu, afika xɔname atso ava nama? Nye xɔname atso Yehowa, dzi kple anyigbawɔla gbɔ.” (Psalmo 121:1, 2) Edze ƒã be Yerusalem-towo ŋue hakpala la wu eƒe mo dzi ɖo, afisi Yehowa ƒe gbedoxɔ kple teokrasidziɖuɖu ƒe anyigba dzi fiazikpui nɔ. Míate ŋu atsɔ esia aƒo nya tae wòasɔ be Yehowa kple eƒe habɔbɔ ɖeɖeko gbɔe kpekpeɖeŋu si hiã le Mawu kafukafu kple Fiaɖuƒegbedasia gbɔgblɔ me tsona.—Psalmo 3:5; Daniel 6:11.
Egbea la, amesiwo dina be yewoakafu Yehowa ate ŋu akpɔ mɔ be eƒe anyigba dzi habɔbɔ akpe ɖe yewo ŋu lɔlɔ̃tɔe. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa Ðasefowo wɔa aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kple ɖetsɔlemetɔwo tsɔ kpena ɖe wo ŋu. Hehenadɔ sia bia nu geɖe wu Biblia ƒe nufiafiawo sɔsrɔ̃ ko. Ekpena ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòava kpɔ ŋudzedze ɖe nusi srɔ̃m wòle kple habɔbɔ si zãm Yehowa le ŋuti.
Esia ta Ðasefo si le Biblia-nusɔsrɔ̃a wɔm kpɔna egbɔ be menye nusrɔ̃via ƒe susu me koe nyateƒe yeyeawo nage ɖe o, ke be woage ɖe eƒe dzi hã me. Eye mele be nufiala la nagbe alesi Yehowa le Eƒe habɔbɔa zãm be Eƒe tameɖoɖo nava eme le anyigba dzi fiafia nusrɔ̃via o. Agbalẽ gbadza si nye Yehowa Ðasefowo—Wole Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Ðekae le Xexeame Katã kple videokasɛt si nye Jehovah’s Witnesses—The Organization Behind the Name kpe ɖe amewo ŋu zi geɖe le esia wɔwɔ me.
Kristotɔwo ƒe kpekpewo hã wɔa akpa vevi aɖe le kpekpe ɖe amesiwo ava nye Yehowa kafulawo ŋu me. Woate ŋu akpe nusrɔ̃via be wòade Kristotɔwo ƒe kpekpewo le Biblia-nusɔsrɔ̃a ƒe gɔmedzeɣi ke. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ava kpɔ vevienyenye si le hame kpekpewo katã dede kple gomekpɔkpɔ le wo me ŋu adze sii. (Hebritɔwo 10:24, 25) Dzikpɔlawo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu xɔasi haxɔsetɔwo kple amesiwo ava zu Yehowa kafulawo to ɖoɖowɔwɔ ɖe kpekpe siwo atu ame ɖo ahana kpekpeɖeŋu ame le gbɔgbɔ me ŋu me.
Mikpe Ðe Ðeviwo Ŋu Woakafu Yehowa
Ðeviwo le ame geɖe siwo ate ŋu ava zu nyanyuia ƒe gbeƒãɖelawo le etsɔ me kpuie dome. Vevietɔ Biblia da agba ɖe vifofowo dzi be woanyi wo viwo “le [Yehowa] ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.” (Efesotɔwo 6:4) Ne dzila mawuvɔ̃lawo nyi wo viwo nyuie la, didi ate ŋu anyɔ ɖe ɖevi suewo gɔ̃ hã me be woakafu Yehowa.
Nyɔnuvi aɖe si le Argentina te ɖe hamemegãwo ŋu enuenu ɣleti geɖe be woakpe ɖe ye ŋu yeadze anye Fiaɖuƒe gbeƒãɖela. Medidi o edzilawo kple hamemegãwo lɔ̃ ɖe edzi be yewoana mɔe wòazu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃. Ele Fiaɖuƒegbedasia gblɔm nyuie le aƒewo me xoxo. Togbɔ be ƒe atɔ̃ koe nyɔnuvi sia xɔ eye menya nuxexlẽ o hã la, elé afisiwo wòake ɖe Biblia-kpukpui aɖewo ŋu le ɖe susu me. Ne eke mawunyakpukpui aɖe la, ebiana tso aƒemenɔlaa si be wòaxlẽe eye emegbe eɖea eme nɛ.
Eme kɔ be hamemegãwo kple dzilawo siaa ate ŋu awɔ nu nyui geɖe to dzidede ƒo kple kpekpe ɖe amesiwo le ŋgɔ yim be yewoazu Yehowa kafulawo ŋu me.—Lododowo 3:27.
Ƒomedodo Mavɔ Kple Yehowa
Ke ne wò ŋutɔ èle ha dem kple Yehowa Ðasefowo ɣeyiɣi aɖe enye sia gake mèkpe ɖe wo ŋu le woƒe gbeƒãɖeɖedɔa me o ɖe? Anyo be nàbia nya siwo gbɔna la ɖokuiwò, ‘Ðe mexɔe se be meke ɖe nyateƒea ŋu eye be Yehowa ɖeka koe nye Mawu vavã laa? Ðe meka ɖe edzi be Mawu ƒe Fiaɖuƒea koe akpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔa? Ðe megbe alakpasubɔsubɔwo kple xexeame ƒe kɔnuwo kple nuwɔna siwo medzea Yehowa ŋu o la katã? Ðe melɔ̃ Mawu kple eƒe nudidi dzɔdzɔeawo veviea?’ (Psalmo 97:10) Ne àte ŋu aɖo biabia siawo ŋu le nyateƒe me be ẽ la, ke nukae xe mɔ na wò be màkafu Yehowa o?—Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 8:36.
Yehowa kafukafu bia nu geɖe wu gbeƒãɖeɖe nyanyuia ko. Ne èxɔ sidzedze vavãtɔ, xɔse le asiwò, eye nèle Mawu ƒe nudidiwo dzi wɔm la, ehiã be nàna wò ŋutɔ kple Mawu dome ƒomedodo nasẽ ɖe edzi. Aleke nàwɔe? Eyae nye be nàɖe adzɔgbe nɛ le gbedodoɖa me ahaxɔ nyɔnyrɔ̃ ɖe tsime atsɔ aɖo kpe edzi. Agbe mavɔe wotsɔ ɖo mía ŋkume. Eyata wɔ ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi fifi laa be: “Miyi ɖe agbo bii la me; elabena agbo la keke, eye mɔ la le gbadza, si kplɔa amewo yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewo nye amesiwo le edzi yina ɖe eme. Elabena agbo la le biie, eye mɔ la hã xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me, eye ame ʋeewo nye amesiwo kpɔnɛ.”—Mateo 7:13‚ 14.
Esi fifi nuɖoanyia ɖo eƒe nuwuwu ŋɔdzitɔe vɔ ta la, menye heheɖemegbeɣie nye esia o. Wɔ nu kpata be nàtu ƒomedodo mavɔ ɖo kple Yehowa. Le nyateƒe me la, fifiae wòle be míaɖo biabia si nye be Àkafu Yehowaa? la ŋu nyuie.