Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta
Gbeƒãɖeɖe le Ɣeyiɣi Vɔ̃wo Me
APOSTOLO PAULO gblɔe ɖi be “le ŋkeke mamleawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava.” (Timoteo II, 3:1) Aleke nya mawo va emee nye si! Amesiwo le El Salvador le Titina Amerika kpɔ nya sesẽ sia teƒe ɣeyiɣi didi aɖe. Wowɔ dukɔmeviʋa ƒe ewo kple edzivɔ le dukɔ ma me si he fukpekpe kple ku vɛ na ame akpe geɖe. Aʋa la ke fifia, gake fukpekpe kpɔtɔ li. Nuvlowɔwɔ dzi ɖe edzi kabakaba le aʋa la megbe. Wo gbɔ television dzi nyagblɔla aɖe gblɔ nyitsɔ laa be: “Ʋunyaʋunyawɔwɔ kple adzodada va zu míaƒe gbesiagbebolo fifia.”
Womeɖe Yehowa Ðasefowo le nuvlowɔwɔ ƒe fievododo sia me o. Fiafiwo dze kpɔ ge ɖe Fiaɖuƒe Akpata geɖe me hefi nuƒomɔ̃wo. Edzɔ zi geɖe be sɔhɛwo ƒe nuvlowɔha siwo tsɔ tu ɖe asi la va dze Fiaɖuƒe Akpatawo dzi esime Kristotɔwo ƒe kpekpewo le edzi yim, eye wofi ga, gaƒoɖokuiwo, kple nu xɔasi bubuwo le vavalawo ŋu. Adzodalawo wu Ðasefo geɖe gɔ̃ hã esi wole woƒe gbesiagbedɔwo wɔm.
Togbɔ be kplamatsedonu siawo li hã la, Yehowa Ðasefo siwo le El Salvador yi edzi le dɔ wɔm sesĩe le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me. Wowɔa esia le wɔwɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me nuxlɔ̃menya sia dzi me be: “Woaɖe gbeƒã nyanyui la afia dukɔwo katã gbãgbiagbã.” (Marko 13:10) Ame geɖe gale dukɔ sia me siwo le Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔ si le Biblia me la dim, eye Ðasefoawo le agbagba dzem be yewoaɖo wo dometɔ ɖesiaɖe gbɔ. Vomeɖaseɖiɖi va zu gbeƒãɖeɖe ƒe mɔnu nyui aɖe.
Esi wonɔ dɔ dam na Ðasefo aɖe le kɔ aɖe dzi la, ewɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ tsɔ ƒo nu na dɔnɔ bubuwo tso Mawu ƒe ŋugbedodo siwo le Biblia me ŋu. Dɔnɔ aɖe si ƒe dɔléle nu sẽ la fa konyi nublanuitɔe be: “Eteƒe madidi hafi maku o!” Gake dɔnɔa ƒe fukpekpe meɖe dzi le Ðasefoa ƒo be wògbe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia gbɔgblɔ nɛ o. Ke boŋ exlẽ Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi ƒe agbalẽ si Yehowa Ðasefowo ta la sesĩe na ŋutsua. Ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, Ðasefoa dzo le kɔa dzi henɔ bubum nublanuitɔe be ŋutsua le eƒe kuba dzi.
Ƒe ene megbe la, eva hiã be Ðasefoa nayi woawɔ atike nɛ le kɔ bubu dzi. Esi wònɔ afima la, dɔnɔa aɖe te ɖe eŋu hegblɔ be: “Èɖo ŋku dzinyea?” Ŋutsu si wòdo go ƒe ene sɔŋ enye sia, ŋutsu si wòbu be enɔ kukum lae! Aleke wòdzɔ dzi nɛ hewɔ mo yaa nɛ enye si esime ŋutsua dzo kplae hegblɔ be: “Fifia nye hã menye Yehowa Ðasefo!” Ŋutsua xɔ etsɔ me mɔkpɔkpɔ si le Biblia me la, esrɔ̃ Biblia kple Yehowa Ðasefowo, eye etsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa. Menye ɖeko wònye Ðasefo ko o, ke enɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm abe gbesiagbe mɔɖela ene ƒe eve kple edzivɔ.
Le nya sia me la, nyateƒea ƒe ku siwo woƒã le vomeɖaseɖiɖi me ɖo dzi si xɔa nya gbɔ. Kpekpe ɖe amewo ŋu be woava nyateƒea ƒe sidzedze gbɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ sia ʋãa Kristotɔ vavãwo be woayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi togbɔ be míele “ɣeyiɣi vɔ̃wo” me hã.