INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 4/1 axa 21-25
  • Nyametsotso si mewɔ be Mayi ŋgɔ atsi ɖe edzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyametsotso si mewɔ be Mayi ŋgɔ atsi ɖe edzi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Aʋa la Trɔ Míaƒe Agbenɔnɔ
  • Nusiwo Do Kplamatse Nye Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi
  • Mɔɖeɖedɔa Gɔmedzedze
  • Dutanyanyuigbɔgblɔdɔa Didi
  • Tɔtrɔ Ðe Dutanyigba Dzi Nɔnɔ Ŋu
  • Meɖi Tsa Yi United States
  • Meyi Edzi le Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi Wɔm
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 4/1 axa 21-25

Nyametsotso si mewɔ be Mayi ŋgɔ atsi ɖe edzi

ABE ALESI CARL DOCHOW GBLƆE ENE

“Àyi Ŋgɔ Aɖo Tsitsi Gbɔ alo Àde Megbe Ayi Nuvɔ̃ Me, Kae Nàtia?” ye nye June 15, 1948 ƒe Gbetakpɔxɔ me nyati aɖe ƒe tanya. Nyati ma ʋãm metrɔ tso gbɔgbɔmefɔku me le United States agbletakɔƒe va zu dutanyanyuigblɔla le South Amerika, si nye dɔ si mewɔ ƒe 43 sɔŋ.

WODZIM le March 31, 1914 me menye viŋutsuvi ene ƒe etɔ̃lia le atixɔ sue aɖe me le Vergas, Minnesota. Mekpɔ dzidzɔ le nye ɖevimeƒewo me. Meɖoa ŋku edzi be medea tɔƒo kple Fofonye. Gake Danye ya léa dɔ edziedzi, eye esi meɖo klass atɔ̃lia la, enɔ nam be madzudzɔ sukudede be mava kpe ɖe eŋu le aƒemedɔwo wɔwɔ me. Esi mexɔ ƒe 13 la, wokpɔe be dzitodzito me dɔdzẽ ƒe dɔe wòdze.

Danye nya be yemaganɔ agbe wòadidi boo o, eyata ete hehe nanam be maxɔ ɖe ye teƒe. Enɔa dzodoƒe nɔa nuɖaɖa kple abolomeme fiamem. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, efia nunyanyã, abɔdzikpɔkpɔ, kple koklo alafa ɖeka nyinyim. Ede dzi ƒo nam hã be maxlẽ Biblia ƒe ta ɖeka gbesiagbe, eye mexlẽnɛ togbɔ be nyemenya nuxexlẽ tututu o hã. Esi Danye na hehem ɣleti ewo megbe la, eku le January 27, 1928 dzi.

Aʋa la Trɔ Míaƒe Agbenɔnɔ

Esi Xexemeʋa II dze egɔme le September 1939 megbe la, wodoa gbe ɖa ɖe asrafowo ta Kwasiɖa sia Kwasiɖa le míaƒe Luther-sɔlemeha la me. Fonye Frank ɖoe be yemawu ame o, eyata esi wògbe be yemazu asrafo awɔ aʋa o la, wolée. Egblɔe esime wonɔ ʋɔnu drɔ̃mee be: “Miate ŋu ada tum faa hafi mawu ame maɖifɔwo!” Wodee mɔ ƒe ɖeka le McNeil Ƒukpo dzi le Washington State ƒuta.

Frank do go Yehowa Ðasefo siwo wu 300 siwo wode gaxɔ me le afima le esi womede akpa aɖeke dzi le aʋa me kura o ta. (Yesaya 2:4; Yohanes 17:16) Eteƒe medidi o edze hadede kpli wo gɔme eye exɔ nyɔnyrɔ̃ le afima le gaxɔ me. Eƒe agbenyuinɔnɔ na woɖe eƒe gaxɔmenɔɣi dzi kpɔtɔ wòzu ɣleti asieke. Le November 1942 me la, míese be woɖe asi le Frank ŋu, eye le ema megbe kpuie la, eƒo nu na mí tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia ŋu. Esi mí katã míedzro gbedasia me le míaƒe Biblia me megbe la, míekpɔe be nusi Frank nɔ mía fiam lae nye nyateƒea.

Nusiwo Do Kplamatse Nye Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi

Le ƒe 1944 me la, meʋu yi Malta-nuto me le Montana ɖanɔ tɔɖinye gbɔ. Nya ɖeka tɔgbe ye dzɔ ɖe mí katã dzi—mía srɔ̃wo gbe mí le míaƒe srɔ̃ɖeɖe ɣleti ade megbe. Edzɔ dzi nɛ be meva le kpekpem ɖe ye ŋu le agbledede kple nuɖaɖa me, eye míemãa viɖe siwo míekpɔna la sɔsɔe. Nyruinye gblɔ be manyi yeƒe agble si lolo agbleka 640 la dome ne menɔ ye gbɔ. Agbledede nɔ edzi dzem le ƒe mawo me ŋutɔ, eye edzɔ dzi nam ale gbegbe! Míeŋea nu fũ ƒe sia ƒe, eye míedzraa lu dzidzenu ɖeka dɔlar 3.16.

Gake tɔɖinye melɔ̃na be mayi Ðasefowo ƒe hame sue aɖe si le Malta ƒe kpekpewo o. Mexɔ nyɔnyrɔ̃ le June 7, 1947 me le Yehowa Ðasefowo ƒe nutome sue takpekpe si wowɔ le Wolf Point le tɔɖinye ƒe manyamanya me. Afimae nɔviŋutsu Kristotɔ aɖe kpem le be mava zu mɔɖela, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla. Togbɔ be enye nye dzimedidi be mazã nye agbe le mɔ sia nu hã la, megblɔ be tɔɖinye malɔ̃ be mazã ɣeyiɣi ma gbegbe le subɔsubɔdɔa me gbeɖe o.

Ema megbe kpuie la, tɔɖinye ʋu lɛta aɖe si xɔ̃nye aɖe ŋlɔ tsɔ de dzi ƒo nam be mava zu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla la hexlẽe. Nyruinye do dɔmedzoe vevie eye wòtsɔ tiatia sia ɖo nye ŋkume—àdzudzɔ gbeƒãɖeɖe loo alo àdzo le afisia. Tiatia la nyo ŋutɔ elabena melɔ̃ agbledede ale gbegbe be ɖewohĩ nye ŋutɔ nyemate ŋu adzo le ɖokuinye si o. Eyata metrɔ yi nye ƒomea gbɔ le Minnesota, eye wo katã woxɔ nyɔnyrɔ̃ fifia hedea ha kple Detroit Lakes Hamea.

Gbã la, nye ƒomea de dzi ƒo nam be mawɔ mɔɖeɖedɔa, gake le ƒe 1948 me la, wonɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm le gbɔgbɔ me. Ɣemaɣie nyati si nye “Àyi Ŋgɔ Aɖo Tsitsi Gbɔ alo Àde Megbe Ayi Nuvɔ̃ Me, Kae Nàtia?” do ŋusẽ si mehiã le gbɔgbɔ me lam. Exlɔ̃ nu be “nublanuinya gãwo ado tso eme godoo ne míeɖo koŋ gbe nuwɔwɔ ɖe sidzedze si le dzidzim ɖe edzi nu.” Nyatia gblɔ be: “Míate ŋu atɔ ɖe teƒe ɖeka agatrɔ yi megbe o, ke boŋ ele be míayi ŋgɔ le dzɔdzɔenyenye me. Ŋgɔyiyie nye nu nyuitɔ kekeake si ana míade megbe o, ke menye tɔtɔ ɖe teƒe ɖeka o.”

Togbɔ be nye ƒomea tsɔ nu bubuwo do taflatse hã la, mexɔe se be didi be woava zu kesinɔtɔwo koŋue nye kuxia. Wokpɔe be yewoakpɔ ga geɖe ne yewozã ɣeyiɣi geɖe ɖe agbledede ŋu hetsɔ ɣeyiɣi sue aɖe ɖe gbeƒãe. Le esi teƒe be mana kesinɔnuwo didi ƒe mɔ̃ naɖem la, mewɔ ɖoɖo ɖe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu. Menya be manɔ bɔbɔe o, eye mebu be nyemate ŋu awɔe gɔ̃ hã o. Eyata le ƒe 1948 me la, meɖoe koŋ dze mɔɖeɖedɔa gɔme le ƒea ƒe ɣeyiɣi vɔ̃ɖitɔ me tsɔ do ɖokuinye kpɔe—le December me.

Mɔɖeɖedɔa Gɔmedzedze

Yehowa yra ɖe nye agbagbadzedzewo dzi. Le kpɔɖeŋu me gbeɖeka la, yame fa miamiamia gbɔ eme ɖo dzidzenu degree 17, eye ya hã nɔ ƒoƒom si na yame gafa wu. Menɔ ablɔdziɖaseɖiɖi si mewɔna edziedzi la wɔm henɔ nye asiwo trɔm edziedzi—metsɔa esi fa la dea nye kotoku me eye metsɔa kemea léa magazinewo vaseɖe esime wòafa miamiamia eye wòahiã be magatrɔe de kotokua me. Ŋutsu aɖe te ɖe ŋunye. Egblɔ be yede dzesi dɔ si wɔm mele ɣeyiɣi aɖee nye sia, eye wòbia be: “Nya kawoe le magazine mawo me siwo le vevie nenema gbegbe? Tsɔ eve mawo nam mava xlẽ.”

Le ɣeyiɣi ma me la, mekpɔe be nye hadede kple nye ƒomea na nye gbɔgbɔmemenyenye ɖo afɔku me, eyata mebia Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa wòna dɔdasi yeyem le Miles City, Montana. Mesubɔ le afima abe hamesubɔla ene, si nye dzikpɔla zimenɔla fifia. Menɔ xɔ si nye meta 2 kple 3 togodo si ʋu hena me, eye mewɔa ɣeyiɣi kpui ƒe dɔ le awunyãƒe aɖe tsɔ kpɔa ɖokuinye dzii. Ɣeaɖewoɣi la, wokplɔam yia dɔ si melɔ̃ wu la wɔƒee—nuŋeŋe.

Le ɣeyiɣi sia me la, mesea alesi nye ƒomea ƒe gbɔgbɔmenɔnɔme le gbegblẽm ɖe edzii la ŋu nya. Mlɔeba la, woa kple Detroit Lakes Hamea me tɔ bubuwo va tsi tre ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu. Fiaɖuƒegbeƒãɖela 17 siwo nɔ hamea me la dometɔ 7 koe yi edzi ɖi anukware. Nye ƒomea ɖoe be yewoana nye hã mado le Yehowa ƒe habɔbɔa me, eyata mekpɔe be egbɔkpɔnu ɖeka koe li, si nye be magayi ŋgɔ wu. Gake aleke mawɔe?

Dutanyanyuigbɔgblɔdɔa Didi

Le dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le New York City le ƒe 1950 me la, mekpɔ dutanyanyuigblɔla sukuvi siwo wu Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Biblia Gilead Suku ƒe klass 15 lia nu ƒe sukunuwuwu ƒe wɔnawo teƒe. Mebu be, ‘O, wonexɔm de amesiawo siwo yina Yehowa subɔ ge le dutadɔdasi me la dome.’

Meɖo dɔbiagbalẽvi ɖa eye woxɔm be manɔ Gilead ƒe klass 17 lia si dze egɔme le February 1951 me la me. Afisi sukua nɔ le agble aɖe dzi le New York ƒe dzigbe gome la dzeani ŋutɔ. Aleke dɔwɔwɔ le agblea me ne míekpã le suku vivia nunye, le nyikpoa me alo le agblemenuawo me le agblea dzi, enye si! Gake John Booth si nye Fiaɖuƒe ƒe Agblea dzikpɔla ɣemaɣi gblɔ be nye koe nya nu tso awunyanyã ŋu. Eyata wode dɔ ma asi nam.

Gilead-suku dede menɔ bɔbɔe na amesi de suku se ɖe klass atɔ̃lia dzi ko o. Togbɔ be ele be woatsi xɔmekaɖiwo le zã ga 10:30 me hã la, mesrɔ̃a nu edziedzi vaseɖe zãtsiƒe. Gbeɖeka nufialawo dometɔ ɖeka yɔm yi eƒe dɔwɔƒee. Egblɔ be: “Carl, mekpɔe be wò dɔwo menyo tututu o.”

Megblɔ na ɖokuinye be: ‘Edzɔ vɔ, wole gbɔgblɔ ge be madzo.’

Gake nufiala la ɖo aɖaŋu nam lɔlɔ̃tɔe le alesi mate ŋu awɔ nye ɣeyiɣi ŋudɔ nyuie si mahiã be masrɔ̃ nu zã nado akpa o. Metsɔ vɔvɔ̃ bia be: “Ðe mate ŋu akpɔtɔ anɔ Gilead afisia?”

Eɖo eŋu be: “Ẽ, àte ŋui. Gake nyemenya ne àdze axɔ ɖaseɖigbalẽ o.”

Sukua ƒe zimenɔla Nathan H. Knorr ƒe nyawo de dzi ƒo nam. Egblɔ na sukuviawo do ŋgɔ be dzesi nyuiwo xɔxɔ mekpɔa ŋusẽ ɖe ye dzi wòdea dutanyanyuigblɔla siwo kpɔtɔ nɔa woƒe dɔdasi wɔwɔ dzi ƒe “kuku ɖe dɔ ŋu anukwareɖiɖitɔe” nu o.

Nusɔsrɔ̃ si sesẽ nam wue nye Spaniagbe, gake menɔ mɔ kpɔm be woade dɔ asi nam le Alaska, afisi yame ƒe fafa sɔ kple mía de tɔ si me nɔnɔ mãm. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mate ŋu aɖe gbeƒã le Eŋlisigbe me. Eyata àte ŋu akpɔ alesi wòwɔ mo yaa nam le nusɔsrɔ̃a ƒe domedome lɔƒo esi mexɔ dɔdasi be mayi Ecuador, Dziehe Amerika. Ẽ, ahiã be mado Spaniagbe eye manɔ afisi tututu anyigbamemãfli dzi ŋdɔkutsu me!

Gbeɖeka Dziɖuɖu ƒe Nyagɔmekula aɖe va gbɔnye le Gilead Sukua. Ebia hamesubɔla ƒe vi aɖe si do le míaƒe habɔbɔa me le Detroit Lakes hamea me la ta. Korea Ʋa la nɔ edzi yim, eye ɖekakpui sia gblɔ be Yehowa Ðasefoe yenye eyata mewɔ asrafodɔ o. Megblɔ nɛ be meganye Yehowa Ðasefo o. Esi wònɔ dzodzom la, egblɔ be: “Miaƒe Mawu la nayra mi le miaƒe dɔa me.”

Emegbe mese be wowu ɖekakpui la le eƒe aʋakpekpe gbãtɔwo dometɔ ɖeka me le Korea. Nublanuinya kae nye si do tso eme na amesi ate ŋu ayi ŋgɔ aɖo tsitsi gbɔ le Mawu ƒe habɔbɔa me hafi!

Mlɔeba la, míaƒe sukunuwugbe si dzi míekpɔ dzidzɔ le la ɖo le July 22, 1951 me. Nye ƒometɔ aɖeke menɔ eteƒe ya o, gake mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi mexɔ ɖaseɖigbalẽ le ŋgɔyiyi si mewɔ ta.

Tɔtrɔ Ðe Dutanyigba Dzi Nɔnɔ Ŋu

Esi meɖo nye dɔdasia wɔƒe la, mekpɔe be hehe si Danye nam la ɖe vi ŋutɔ. Nuɖaɖa, asi tsɔtsɔ anyã nuwoe, kple pɔmpi ƒe anyimanɔmanɔ menye nu yeyewo nam o. Gake gbeƒãɖeɖe le Spaniagbe me sesẽ nam! Mezã Spaniagbe me dzeɖonya si wota ɖe agbalẽ dzi hena ɣeyiɣi aɖe. Ƒe etɔ̃ va yi hafi mete ŋu ƒo dutoƒonuƒo le Spaniagbe me eye mezã nuŋlɔɖi geɖe hafi te ŋui.

Esi meva ɖo Ecuador le ƒe 1951 me la, Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo mede 200 le afima o. Edze abe nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa menɔ afɔ tsɔm tututu le ƒe 25 gbãtɔawo me o ene. Míaƒe Biblia me nufiafiawo to vovo tso Katolikotɔwo ƒe kɔnuwɔwɔ siwo metso Ŋɔŋlɔawo me o la gbɔ, eye alesi míeku ɖe Biblia ƒe mɔfiafia be woaɖi anukware na ame srɔ̃ ŋu la meɖi naneke kura le afima o.—Hebritɔwo 13:4.

Gake míete ŋu na Biblia-srɔ̃gbalẽ geɖe. Míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ le Machala si le akɔɖugblewo titina la nye esia ƒe kpɔɖeŋu. Mía kple Nicholas Wesley koe nye Ðasefowo le afima esi míeva ɖo le ƒe 1956 me. Míeɖoa nulɔʋu siwo wozã le mɔ siwo wonɔ dodom le ŋkeke mawo me la dzona ŋdi kanya. Ne míeɖo didiƒe la, míeɖina heɖoa ta mía nɔƒe henɔa ɖase ɖim na amewo le mɔ dzi.

Le ŋkeke tɔxɛ aɖe dzi la, mía kple Nick míewɔ nuŋlɔɖi be míakpɔ mía dometɔ si ana magazine geɖe wu. Meɖo ŋku edzi be menɔ ŋgɔ na Nick le ŋdɔ me, gake kaka wòaɖo ɣetrɔ me la, mía dometɔ ɖesiaɖe na magazine 114. Míenaa míaƒe magazine alafa geɖe amesiwo nye míaƒe magazine ƒe ademɔwo. Zi ade sɔŋ mena magazine wowu akpe ɖeka le ɣleti ɖeka me. Bu amesiwo ate ŋu asrɔ̃ Biblia me nyateƒea tso magazine mawo me ŋu kpɔ!

Mɔnukpɔkpɔ su mía si hã be míetu hamea ŋutɔ ƒe Fiaɖuƒe Akpata gbãtɔ le Machala, Ecuador. Ƒe 35 enye si va yi, le ƒe 1960 me. Le gɔmedzeɣi mawo me la, ame 15 koe vaa míaƒe kpekpewo. Egbea la, hame 11 siwo me dzo le ye le Machala!

Meɖi Tsa Yi United States

Le ƒe 1970 ƒeawo ƒe nuwuwu lɔƒo la, metrɔ yi United States va ɖu mɔkeke eye metsɔ aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo nɔ fonye Frank gbɔ. Etsɔm ɖe eƒe ʋu me yi togbɛ sue aɖe si dzi woate ŋu anɔ akpɔ Red River Valley ƒe teƒe didiwo la dzi. Edzeani ŋutɔ, eye ƒo ɖiɖiwo nɔ ya mum le eme, wònye ƒogble gã gbahoo aɖe. Sheyenne Tɔsisi si to atiwo nɔ fũ la nɔ dzedzem le adzɔge ɖaa. Fonye gadze nya siwo wògblɔna ɖaa la gɔme tsɔ gblẽ ɖoɖoezizi nyui ma me.

“Ne menye ɖe nètsi bome hele tsatsam le Dziehe Amerika afima o la, anye ne esia ate ŋu azu wò hã tɔwò hafi!”

Metsi nya ɖe enu enumake be: “Frank, tɔe ɖe afima ko.”

Megagblɔ nya aɖeke o. Ƒe ʋee aɖewo megbe la, lãmetutudɔ wui kpata, wògblẽ agble dzeani etɔ̃ siwo le Anyiehe Dakota siwo katã ƒe lolome wu agbleka akpe ɖeka, kple tɔɖinye ƒe agbleka 640 si le Montana si dome wònyi la ɖi.

Fifia nye ƒometɔwo katã ku. Gake edzɔ dzi nam be gbɔgbɔmeƒome si me Kristotɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo wu 90 le la le asinye le Detroit Lakes hame si me mí katã míeva zu Yehowa Ðasefowo le le ƒe siwo va yi me la me.

Meyi Edzi le Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi Wɔm

Míexa nu geɖe le gbɔgbɔmenuŋeŋedɔa me le Ecuador afisia le ƒe 15 siwo va yi me. Fiaɖuƒegbeƒãɖela 5,000 siwo nɔ anyi le ƒe 1980 me la dzi ɖe edzi zu ame 26,000 kple edzivɔ fifia. Mekpɔ yayra geɖe le kpekpe ɖe amesiawo dometɔ siwo wu alafa ɖeka ŋu woxɔ nyɔnyrɔ̃ me.

Fifia si mexɔ ƒe 80 la, esesẽna nam be makpɔ gaƒoƒo 30 wu alesi mewɔna hafi kpɔa nye gaƒoƒonudidi 150 le ƒe 1951 me. Tso ƒe 1989 me esi mese be dɔdzẽ le nye aɖuɖɔgo me la, mezãa ɣeyiɣi si metsɔ le dɔ dam la tsɔ xlẽa nui. Tso ƒe ma me la, mexlẽ Biblia to eme zi 19 sɔŋ eye mexlẽ agbalẽ si nye Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom hã to eme zi 6. Esia na megale ŋgɔ yim le gbɔgbɔ me.

Ẽ, mɔnukpɔkpɔwo su asinye be makpɔ ŋutilãmenuwo le United States ƒe agblenyigbawo dzi hafi. Gake ŋutilãmekesinɔnu siwo makpɔ la meɖi naneke o ne metsɔe sɔ kple dzidzɔ si mekpɔ le gbɔgbɔmenuŋeŋedɔa me. Alɔdzedɔwɔƒe si le Ecuador afisia la gblɔ nam be mena magazine 147,000 kple edzivɔ kple agbalẽ 18,000 le nye dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me. Mebua esiawo katã gbɔgbɔmenukuwoe eye wo dometɔ geɖe mie xoxo; bubuwo agamie le amewo ƒe dziwo me ne woxlẽ nu tso Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒenya siawo ŋu.

Mebunɛ be naneke menyo de ŋgɔyiyi si mía kple nye gbɔgbɔmeviwo katã kpakple ame miliɔn geɖe siwo tiae be yewoasubɔ mía Mawu, Yehowa, míawɔ ayi Mawu ƒe xexe yeyea me la nu o. Ga makpɔ ame ta le xexe vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu me o. (Lododowo 11:4; Xezekiel 7:19) Gake míaƒe gbɔgbɔmedɔ ayi edzi atse ku—ne mía dometɔ ɖesiaɖe yi edzi yi ŋgɔ ɖo tsitsi gbɔ.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Mele klalo be mawɔ mɔɖeɖedɔa le Miles City, Montana, le ƒe 1949 me

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Tsidzedze hena zazã le míaƒe dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒea me le ƒe 1952 me

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Gbeƒãɖeɖe le Machala le ƒe 1957 me

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Tso esime medze dɔ le ƒe 1989 me la, mexlẽ Biblia to eme zi 19 sɔŋ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe