INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 4/1 axa 30-31
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gɔmesese si le Wò Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ Ŋu
    Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • Kristotɔzuzu Bia Be Ame Naxɔ Nyɔnyrɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Nu Kae Nye Nyɔnyrɔxɔxɔ?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Nyɔnyrɔxɔxɔ Ana Nàkpɔ Yayra Geɖe!
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 4/1 axa 30-31

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nɔnɔme kae wòle be woaɖe fia le Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ me?

Biabia nyui aɖee nye ema, elabena togbɔ be míaƒe nuxlẽla geɖe xɔ nyɔnyrɔ̃ xoxo hã la, eka wo abe alesi wòka amesiwo wole nyɔnyrɔ̃ namee ene. Gbã la, mina míaƒo nu tso amesiwo wole nyɔnyrɔ̃ namee, siwo woanyrɔ̃ ɖe tsi me keŋkeŋ la ŋu. Nɔnɔme kae le be wòanɔ wo si?

Yesu gblɔ na eyomedzelawo le Mateo 28:19, 20 be woayi aɖawɔ amewo nusrɔ̃lawoe, woafia nu wo eye woanyrɔ̃ wo. Meƒo nu tso nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ŋu abe seselelãme sẽŋu aɖe si age ɖe ame me si nye nane si woase le ame ɖokui me zi ɖeka ko atso awɔ nu ene o. Afɔɖeɖe si nye ŋkubiãnyae wònye, abe alesi míekpɔe le Yesu ƒe kpɔɖeŋua mee ene. Luka 3:21 gblɔ be: ‘Wona nyɔnyrɔ̃ Yesu hã, eye esime wònɔ gbe dom ɖa la, dziƒo nu ʋu.’ Ẽ, míaƒe Kpɔɖeŋuɖola la bu nyɔnyrɔ̃xɔxɔ nu vevii, le gbedodoɖa me. Míate ŋu asusui be awɔ nusi fia be eɖu dzi le eƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ megbe, eye wòanɔ asi dam ɖe yame anɔ aʋadziɖuɣli dom sesĩe o, gake ame aɖewo wɔ nusiawo tɔgbe nyitsɔ laa. Kura o, esi eya kple Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela dzaa nɔ afima la, Yesu trɔ ɖe Fofoa ŋu le gbedodoɖa me.

Gake Biblia mele fiafiam be ele be nyɔnyrɔ̃xɔxɔ nanye nublanuinuwɔwɔ alo be woaɖo adã si abia be woanɔ nɔnɔme aɖe me anɔ nya tɔxɛ aɖewo gblɔm ne wole ame nyrɔ̃m, abe alesi Kristodukɔa ƒe sɔlemeha aɖewo bia be woawɔ egbea ene o. Bu Pentekoste-ŋkeke si dzi Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla akpe geɖe woto Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ me ŋuti kpɔ. Wosrɔ̃ Mawu ƒe Sea xoxo eye wova le ƒomedodo me kplii. Eyata ɖeko woasrɔ̃ nu le Mesia si nye Yesu ŋu ahaxɔ edzi ase. Ne wowɔ esia la, woate ŋu axɔ nyɔnyrɔ̃ faa.

Dɔwɔwɔwo 2:41 ka nya ta be: “Amesiwo xɔ eƒe nyaa [kple dzi blibo la, wonyrɔ̃ wo,” NW]. Weymouth ƒe Biblia gɔmeɖeɖe xlẽ be: “Eyata amesiwo xɔ eƒe nya la kple dzidzɔ la, wonyrɔ̃ wo.” Mesia la ŋuti nya ʋãme la do dzidzɔ na wo, eye kakaɖedzitɔe la, dzidzɔ ma keke ɖe enu ɖo woƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔa ŋutɔŋutɔ, si wona wo le eteƒekpɔla alafa geɖe siwo hã nɔ dzidzɔ kpɔm la ŋkume. Mawudɔla siwo le dziƒo gɔ̃ hã nɔ eteƒe kpɔm kple dzidzɔ. Ðo ŋku Yesu ƒe nya siwo wògblɔ la dzi be: “Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti.”—Luka 15:10.

Mɔ vovovowo li siwo nu mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu aɖe alesi nyɔnyrɔ̃xɔxɔ nye nya vevii kple dzidzɔnui la afia le. Le sɔlemeha aɖewo me la, amesiwo wodi be woade mawutsi ta la doa awuʋlaya ɣi alo yibɔwo. Ŋɔŋlɔawo mebia nusiawo dometɔ aɖeke tso ame si o. Ke hã awudodo ɖekematsɔlemetɔe alo tsimeyiwu siwo me wodzena le masɔ le ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa gome o. Eye abe alesi míegblɔe va yi ene la, mele be Kristotɔ yeye la nawɔ wɔna tɔxɛ aɖe alo wòawɔ nu abe amesi ɖu dzi le hoʋiʋli gã aɖe me ene ne edo go tso tsia me o. Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me tɔ mamlewo katã kpɔ dzidzɔ be ame yeyea xɔ nyɔnyrɔ̃. Gake ele be wòase egɔme be nuteƒewɔgbenɔnɔ si ana eƒe nu nadze Mawu ŋu ƒe mɔ didi la ƒe gɔmedzedze koe xɔse ɖeɖefia sia nye.—Mateo 16:24.

Mí amesiwo nye eteƒekpɔlawo míekpɔa dzidzɔ kple wo le wɔna sia me, vevietɔ ne míaƒe ƒometɔ alo míaƒe Biblia-nusrɔ̃vie xɔ nyɔnyrɔ̃a. Be míaƒe dzidzɔa nade blibo la, ele be mía kple nyɔnyrɔ̃xɔlaawo míase nuƒo bliboa katã, míasee woaɖo nyabiabia eveawo ŋu le dutoƒo, eye míawɔ ɖeka kple wo le gbedodoɖa la me. Ne míewɔ alea la, akpe ɖe mía ŋu be nukpɔsusu nyuitɔ nanɔ mía si ɖe nyɔnyrɔ̃xɔxɔa ŋu; míabui abe alesi Mawu bunɛ ene. Ne amea xɔ nyɔnyrɔ̃a vɔ la, míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ mebia be míalɔ gbɔ abe amesiwo ɖu dzi ene, alo míawɔ seƒoƒowo vɛ na nyɔnyrɔ̃xɔlaa alo aɖo kplɔ̃ nɛ o. Gake míate ŋu ayi mía nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu yeyea gbɔ agblɔ dzidzɔ si míekpɔ ɖe afɔɖeɖe wɔnuku si wòwɔ la ŋu eye míado vivi ɖe eŋu nyuie axɔe ava míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me.

Kpuie ko la, ele be mí katã, kple amesiwo wona nyɔnyrɔ̃e, míatsɔ moveviɖoɖo si dze la awɔ nui ɖe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ŋu. Menye aƒãdoɣi, kplɔ̃ɖoɣi, alo dzidzɔ si gbɔ eme kpɔɣie wònye o. Gake menye nublanuinuwɔɣi alo adãɖoɣi hã o. Esɔ be dzi nadzɔ mí be ame yeyewo va kpe ɖe mía ŋu le agbe mavɔ mɔ la dzi. Eye míate ŋu atsɔ dzidzɔ ado dzaa na mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu yeyeawoe.

[Nɔnɔmetata si xɔ axa bliboa si le axa 31]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe