INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 4/15 axa 30
  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Te Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Gbɔdzɔgbɔdzɔ, Vɔ̃ɖivɔ̃ɖi, Kple Dzimetɔtrɔ Nyanya
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Aleke Nàna Wò Gbedodoɖawo Nanyo ɖe Edzii?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Na Wò Gbedodoɖawo Nanyo Ðe Edzi Wu To Biblia Sɔsrɔ̃ Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 4/15 axa 30

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe nèkpɔ dzidzɔ ɖe Gbetakpɔxɔ siwo do nyitsɔ laa xexlẽ ŋua? Enyo, ke kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

▫ Nukata Kristotɔ gbãtɔwo meɖu Yesu ƒe dzigbezã o?

The World Book Encyclopedia gblɔ be “Kristotɔ gbãtɔwo meɖu [Yesu ƒe] dzigbezã o elabena wobu amesiame ƒe dzigbezãɖuɖu be enye trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnu.”—12/15, axa 4.

▫ Ðe wòle be woado gbe ɖa na Yesua?

Ao, elabena gbedodoɖa nye tadedeagu ƒomevi aɖe na Mawu Ŋusẽkatãtɔ la dzaa ko. Ne míaƒe gbedodoɖawo katã yi na Yehowa Mawu la, míele eɖem fia be míexɔ Yesu ƒe mɔfiafia be míado gbe ɖa be: “Mía Fofo, si le dziƒowo!” la de dzi me. (Mateo 6:9)—12/15, axa 25.

▫ Nukata wodrɔ̃ ʋɔnu Fia Dawid ɖe eƒe nuvɔ gã la ta wòto vovo na nuvɔ̃ si Anania kple Safira wɔ? (Samuel II, 11:2-24; 12:1-14; Dɔwɔwɔwo 5:1-11)

Ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔe na Fia Dawid wɔ nuvɔ̃ ma. Esi wotsɔ nusi wòwɔ tui la, etrɔ dzime eye Yehowa tsɔe kee—togbɔ be eƒe nuvɔ̃ me tsonuwo va edzi hã. Anania kple Safira wɔ nuvɔ̃ si nye be woɖoe koŋ te kpɔ be yewoable Kristo-hamea si wɔe be ‘woka aʋatso na gbɔgbɔ kɔkɔe la kple Mawu.’ (Dɔwɔwɔwo 5:3, 4) Esia fia be dzi vɔ̃ɖi nɔ wo si eyata wodrɔ̃ ʋɔnu sesẽ wo wu ɖo.—1/1, axa 27, 28.

▫ Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míatsɔ dzi kpɔdzidzɔ asubɔ Yehowa?

Ele be míatu kakaɖedzi ƒe nɔnɔme ɖo eye míakpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe yayra kple mɔnukpɔkpɔ siwo Mawu na mí la ŋu, eye mele be míaŋlɔ be gbeɖe o be ne míewɔ Mawu ƒe Nya dzi la, ke míele nusi dzea eŋu wɔm.—1/15, axa 16, 17.

▫ Nu eve kawoe le be wòanɔ susu me na mí ale be míade dzi ƒo na ame nyuie?

Gbã, bu nya si nàgblɔ ŋu ale be wò dzideƒonamea naku ɖe nane ŋu tẽ. Evelia, di mɔnukpɔkpɔ si me nàte ɖe amesi dze kafukafu alo amesi wòhiã be woatu ɖo la ŋu.—1/15, axa 23.

▫ Nukata “ameha gã” la lé “deʋayawo ɖe asi”? (Nyaɖeɖefia 7:⁠9)

Deʋaya siwo woʋuʋu fia be “ameha gã” la tsɔ dzidzɔ le dzaa dom na Yehowa ƒe Fiaɖuƒea kple eƒe Fia Yesu Kristo si wòsi ami na. (Kpɔ Mose III, 23:39, 40.)—2/1, axa 17.

▫ Nufiame vevi kawoe le Hiob ƒe agbalẽa me?

Hiob ƒe agbalẽa fia alesi míakpɔ kuxiwo gbɔe mí. Alesi woaxlɔ̃ nu amesi le fu kpem—kple alesi mele be woaxlɔ̃ nui o—ƒe kpɔɖeŋu ʋãmewo dze le eme. Gakpe ɖe eŋu la, nusiwo me Hiob ŋutɔ to ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nu le mɔ si da sɔ nu ne nya sesẽwo dzɔ ɖe mía dzi.—2/15, axa 27.

▫ Nukae Yesu ƒe nukunuwo fia mí?

Yesu ƒe nukunuwo kɔ Mawu ŋuti, eye wònye kpɔɖeŋu na Kristotɔwo be woakafu Mawu. (Romatɔwo 15:6) Wode nunyuiwɔwɔ, dɔmenyonyo, kple nublanuikpɔkpɔ ƒe dzi ƒo.—3/1, axa 8.

▫ Nukata hamemegãwo dzroa nyabiabia siwo wodzra ɖo ɖi me kple adzɔgbeɖela yeyewo?

Esia ɖoa kpe edzi be wo dometɔ ɖesiaɖe se Biblia ƒe nufiafia veviwo gɔme nyuie eye wònya nusi Yehowa ƒe Ðasefo nyenye bia tso ame si.—3/1, axa 13.

▫ Aleke gbedodoɖa siwo woŋlɔ ɖe Biblia me ate ŋu aɖe vi na míi?

Ne míedzro Ŋɔŋlɔawo me gbedodoɖawo me nyuie la, míate ŋu akpɔ esiwo wodo ɖa le nɔnɔme siwo ɖi mía tɔ me. Keke ɖe gbedodoɖa siawo ŋu, wo xexlẽ, kple ŋugbledede le wo ŋu akpe ɖe mía ŋu be mía ŋutɔwo ƒe nuƒoƒo kple Yehowa nanyo ɖe edzi.—3/15, axa 3, 4.

▫ Nukae nye mawuvɔvɔ̃?

Mawuvɔvɔ̃ nye Yehowa-vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya, bubu deto dede eŋu, kple vɔvɔ̃ be míagawɔ nusi madze eŋu o la o. (Psalmo 89:8)—3/15, axa 10.

▫ Mɔ etɔ̃ kawo nue Biblia ɖee fia le be míexɔ asi le Mawu ŋkume?

Biblia fia nu be asixɔxɔ le mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu le Mawu ŋkume (Luka 12:6, 7); eɖe nusi xɔ asi na Yehowa le mía me la me (Maleaxi 3:16); eye egblɔ nusi Yehowa wɔ tsɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃ na mí fia. (Yohanes 3:16)—4/1, axa 11, 12, 14.

▫ Nukata Hebritɔwo 10:24, 25 de ŋgɔ wu sedede ko be Kristotɔwo nakpe ta ɖekae?

Paulo ƒe nya siawo ɖo dzidzenu si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me hena Kritotɔwo ƒe kpekpewo katã—le nyateƒe me la, eku ɖe wɔna ɖesiaɖe ŋu ne Kritotɔwo ƒo ƒu.—4/1, axa 16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe