INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 5/1 axa 4-7
  • Madidi O, Ame Aɖeke Magada Ahe O!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Madidi O, Ame Aɖeke Magada Ahe O!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpekpeɖeŋu si Li na Ame Dahewo
  • Kpekpeɖeŋu le Akɔkpekpe Kple Ahedada Me
  • Ahedada Nu Ava Yi Mlɔeba!
  • Ahedada ƒe Nuwuwu Gogo
    Nyɔ!—1998
  • Srɔ̃ Yesu Ƒe Kpɔɖeŋu Eye Nàtsɔ Ðe Le Eme Na Ame Dahewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Xexe si me Ahedada Manɔ O Tu Aƒe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Hiãkame Nusi Aɖee Ða Keŋkeŋ Didi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 5/1 axa 4-7

Madidi O, Ame Aɖeke Magada Ahe O!

“MIGAVƆ̃ O! Elabena kpɔ ɖa, meva dzidzɔ gã ŋutinya gblɔ ge fia mi, esi lanye na dukɔ blibo la katã.” (Luka 2:10) Alẽkplɔla siwo ɖi vo le afisi te ɖe Betlexem ŋu le zã si me wodzi Yesu lae se dzideƒonya siawo. Yesu te gbe ɖe “nyanyui” la dzi vevie le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa wɔɣi wòwɔ ɖeka kple nya ma. Esi wònye ga koŋue míetsɔ kpɔa míaƒe nuhiahiãwo gbɔe egbea ta la, aleke Yesu ŋuti nyanyui la ate ŋu aɖe vi na míi?

Yesu Kristo ɖe gbeƒã ‘nyanyuia fia ame dahewo.’ (Luka 4:18) Mateo 9:35 gblɔ be: “Yesu yi ɖato duawo kple kɔƒeawo katã me, hele nu fiam le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle fiaɖuƒe la ŋutinya nyui la gblɔm.” Eƒe gbedasia de dzi ƒo na ame dahewo. “Esi wòkpɔ amehawo la, eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋuti; elabena woƒe lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene.” (Mateo 9:36) Enye nyateƒe be Yesu gblɔ be, “Ame dahewo li kpli mi ɖaa” ya, gake mele be míatsɔ nya siawo aƒo nya tae be mɔkpɔkpɔ aɖeke meli na ame dahewo o. (Yohanes 12:8) Zi alesi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia kpɔtɔ li la, ame dahewo anɔ anyi, eɖanye nuka gbɔe woƒe nɔnɔme wɔnublanuia tso o. Mawu ƒe Nya megbe be ahedada meli o, gake mehea susu yia nɔnɔme madeamedziwo dzi o. Ke boŋ enaa kpekpeɖeŋu ame dahewo le tenɔnɔ ɖe agbe me dzimaɖitsitsiwo nu me.

Kpekpeɖeŋu si Li na Ame Dahewo

Eɖe dzesi be wogblɔna be: “Agba kpekpetɔ kekeake si ame ate ŋu atsɔe nye nyanya be ame aɖeke metsɔa ɖeke le eme alo sea nu gɔme na ye o.” Gake togbɔ be ame akpa gãtɔ ƒe dɔme metrɔna ɖe ame ŋu o hã la, nyanyui li na ame dahewo kokoko—fifia kple etsɔ me siaa.

Ewɔ nublanui be ame geɖe metsɔa ɖeke le kpekpeɖeŋu nana ame dahewo me o. The World Book Encyclopedia gblɔ be ame aɖewo xɔe se be “dukɔmeviwo le ʋiʋlim be yewoatsi agbe eye . . . amesiwo ƒe asi kpena ye va zua ŋusẽtɔwo kple kesinɔtɔwo.” Amesiwo xɔ nya sia si woyɔna be Darwin ƒe hadomenunya dzi se la abu ame dahewo be wonye kuviatɔwo alo gadomegblẽlawo ko. Gake zi geɖe la, kɔƒenutome agbatedɔwɔlawo, amesiwo ʋu yi dukɔ bubuwo me va le dɔ wɔm, kple ame bubuwo wɔa dɔ sesĩe ŋutɔ tsɔ kpɔa woƒe ƒomewo dzii togbɔ be fetu sue aɖe ko wokpɔna hã.

Ahedada bɔ ŋutɔ le dukɔ geɖe me. Eyata womenaa ame dahe—siwo sɔ gbɔ wu la—sena le wo ɖokui me be yewodo kpo nu o. Gake ame aɖewo le dukɔ siawo me siwo ɖua agbe ŋutɔ le ame dahewo dome. Aƒe nyui dzeaniwo nɔa xɔ madeamedzi siwo me amewo tege ɖo la dome. Fetugãxɔlawo kua woƒe ʋu xɔasiwo toa ablɔ siwo dzi hiãtɔwo kple dɔmakpɔwɔetɔwo bɔ ɖo dzi. Le dukɔ siawo me la, ame dahewo sea veve ɖe woƒe nɔnɔmea ta vevie. The World Book Encyclopedia gblɔ be le nyateƒe me la, “menye nunyuimakpɔɖu, aƒe madeamedzi me nɔnɔ, kple atike nyui mawɔmawɔ koe wɔa fu ame dahewo o, ke dzitsitsi ɖe woƒe nɔnɔmea ŋu ɣesiaɣi hã wɔa fu wo. Esi womekpɔa dɔ nyui si woawɔ ɖaa o ta la, womegabua wo ɖokui ɖe naneke me o.” Ke aleke amesiwo da ahe kolikoli la dometɔ aɖewo te ŋu nɔa te ɖe woƒe nɔnɔmea nui? Nukae Yesu ŋuti nyanyui la wɔna le akɔkpekpe kple nɔnɔmea me?

Gbã la, ɖo ŋku edzi be nuwɔna gbegblẽwo ate ŋu ana ame nagada ahe ɖe edzi. Bu kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ. Valdecir gblɔ be yegblẽa ga ɖe agbegbegblẽnɔnɔ ŋu esi ye srɔ̃ kple ye vi suewo mekpɔa nu ɖuna o. Egblɔ be: “Togbɔ be menɔ dɔ wɔm hã ga aɖeke menɔ asinye o, ke boŋ lototikiti vovovowoe nɔa nye kotoku me ɣesiaɣi.” Milton ƒe dɔ si me ame 23 le la ge le esi le eƒe ahanono kple atamanono fũ ta. Egblɔ be: “Metsia ablɔ dzi dɔna le esi nyemate ŋu ayi aƒeme o ta, eye nye ƒomea kpe fu ŋutɔ le nye agbenɔnɔ ta.”

João hã gblẽ eƒe fetu ɖe nu gbegblẽwo wɔwɔ ŋu. “Nyememlɔa aƒeme o hena ŋkeke geɖe. Nye fetu mesu na nye nugbegblẽwɔwɔwo kple ahiãdzedze o. Nɔnɔmea nu meganyanɔ nɔnɔm na srɔ̃nye o, eye wòdi be mía dome naklã.” Kuxi bubuwo hã nɔ edzi tsɔ kpe ɖe eƒe ganya kple srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo ŋu. Egblɔ be: “Mede masɔmasɔ mía kple ƒometɔwo kple aƒelikawo dome, eye medo go kuxiwo vevietɔ le dɔ me. Esia na dɔ ge le asinye zi geɖe.” Júlio nye amesi atike vɔ̃ɖiwo zazã mã. Gake egblɔ be: “Esi nye fetu mesu na nye atikezazã ƒe agbenɔnɔ la o ta la, medze atike sesẽwo dzadzra gɔme ale be magahiã be maƒle atikewo o.”

Esi ƒome dahe si me ame enyi le mee wonyi José le ta la, edi be nane nanɔ ye ŋutɔ ye si. Esi wòɖoe be yemana yeƒe nɔnɔmea nagblẽ ɖe edzi o la, ekpe ɖe sɔhɛ bubuwo ŋu wodaa adzo ame bubuwo. Esi mɔkpɔkpɔ bu ɖe sɔhɛ bubu aɖe ta la, eva zu adzoha aɖe si ŋkɔe nye Ametagbãlawo me tɔ. Egblɔ be: “Esi mía dometɔ akpa gãtɔ míenye hiãtɔ kolikoliwo ta la, míekpɔ dzidzeme aɖe le nuwo gbagbã kple amewo dzi dzedze me.”

Gake amesiawo kple woƒe ƒomewo megada ahe kakaka alo sea veve hedoa dɔmedzoe nenema gbegbe o. Womeganye kpeɖeŋutɔmanɔsitɔwo alo mɔkpɔkpɔmanɔsitɔwo o. Nukatae? Elabena wosrɔ̃ nyanyui si Yesu ɖe gbeƒãe. Wotsɔa Biblia me aɖaŋuɖoɖowo wɔa dɔe hedea ha kple amesiwo si susu ma tɔgbe le le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me. Eye wosrɔ̃ nu vevi ŋutɔ aɖewo tso kesinɔnuwo kple ahedada ŋu.

Kpekpeɖeŋu le Akɔkpekpe Kple Ahedada Me

Gbã la, wosrɔ̃e be ne wotsɔ Biblia me gɔmeɖosewo wɔ dɔe la, woate ŋu aɖe nu gbegblẽ siwo ahedada hena vɛ la dzi akpɔtɔ. Biblia bu fɔ agbegbegblẽnɔnɔ, ahamumu, akɔdada, kple atike vɔ̃ɖiwo zazã. (Korintotɔwo I, 6:9, 10) Nusiawo gblẽa ga geɖe ŋutɔ. Woate ŋu ana kesinɔtɔ nazu ame dahe, eye ame dahe nazu hiãtɔ kolikoli. Nu gbegblẽ siawo kple bubu siwo ɖi emawo tsitsri kpena ɖe ƒomewo ŋu geɖe be woƒe ganya naka ɖe eme.

Evelia, wokpɔe be nanewo li siwo xɔ asi sã wu kesinɔnuwo le agbe me. Nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me la ɖe nukpɔsusu si da sɔ fia: “Nunya doa vɔvɔli, eye ga hã doa vɔvɔli; eye sidzedze ƒe viɖe enye: Nunya léa amesi si wòle la ƒe agbe ɖe te.” (Nyagblɔla 7:12) Ẽ, ga hiã. Gake nunya si tso Biblia me kple Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋuti sidzedze ɖea vi vevie wu. Le nyateƒe me la, ne ga gbogbo le ame tsibome si la, ate ŋu azu agba nɛ abe ɖe naneke mele esi o ene. Biblia ŋlɔla la do gbe ɖa nunyatɔe be: “Megana ahedada kple hotsuim o; na maɖu nye nusi nye tɔnye, ne nyemagaɖi ƒo akpa ahasẽ nu agblɔ bena: ‘Amekae nye Yehowa hã’ o; eye ne nyemagaɖo ko ayi fi fi ge ahada aƒu ɖe nye Mawu ƒe ŋkɔ ŋu o.”—Lododowo 30:8, 9.

Etɔ̃lia, wokpɔe be ne ame aɖe nɔ agbe ɖe nyanyui si Yesu ɖe gbeƒãe nu la, mehiã be wòasee le eɖokui me be yetsi akogo o. Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋue nyanyui la ku ɖo. Woyɔa gbedasia be “fiaɖuƒeŋutinyanyui,” eye wole gbeƒã ɖemee le anyigba dzi katã le míaƒe ŋkekea me. (Mateo 24:14) Yesu gblɔ na mí be woado alɔ mí ne míekpɔ mɔ na Fiaɖuƒe ma. Egblɔ be: “Midi mawufiaɖuƒe la kple [Mawu ƒe] dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.” (Mateo 6:33) Mawu medo ŋugbe be yeana ʋu dzeaniwo alo aƒe nyuiwo mí o. Agbemenuhiahiãwo ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe, abe nuɖuɖu kple avɔtata ene. (Mateo 6:31) Gake ame miliɔn geɖe siwo li egbea ate ŋu aɖi ɖase be kakaɖedzi le Yesu ƒe ŋugbedodo la ŋu. Womegblẽa amesi da ahe kolikoli gɔ̃ hã ɖi kuraa o ne etsɔ Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔ.

Enelia, wokpɔe be ganya ƒe sesẽ mevea dɔme na amesiwo tsɔa Mawu ƒe Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔ la o. Ẽ, ele be ame dahe nawɔ dɔ sesĩe ya. Gake ne esubɔa Mawu la, mɔnukpɔkpɔ sua esi be ƒomedodo va nɔa eya kple Ewɔla la dome, amesi ŋu Biblia gblɔ le be: “Medo vlo, eye menyɔ ŋu hiãtɔ ƒe hiã o, meɣla ŋku me ɖee o, eye esi wòdo ɣli nɛ la, eɖo to.” (Psalmo 22:25) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ame dahe kpɔa kpekpeɖeŋu le akɔkpekpe kple agbemekuxiwo me. Esea vivi le hadede kple hati Kristotɔwo me eye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu si wòɖe fia ŋuti sidzedze le esi eye wòka ɖe edzi. Nusiawo tɔgbe “[nyo] wu sika kple sika nyuitɔ geɖe.”—Psalmo 19:11.

Ahedada Nu Ava Yi Mlɔeba!

Mlɔeba la, amesiwo ɖoa to nyanyuia kpɔnɛ be Yehowa Mawu ɖo tame be yeakpɔ ahedada ƒe kuxi la gbɔ zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu to eƒe Fiaɖuƒe dzi. Biblia do ŋugbe be: “Womaŋlɔ ame dahe be ɖikaa o, eye hiãtɔwo ƒe mɔkpɔkpɔ mabu tegbee o.” (Psalmo 9:19) Fiaɖuƒe la nye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ si woɖo anyi ɖe dziƒowo eye Yesu Kristoe nye eƒe Dziɖula. Eteƒe madidi o, Fiaɖuƒe ma axɔ ɖe amegbetɔdziɖuɖuwo teƒe akpɔ amegbetɔ ƒe nyawo gbɔ. (Daniel 2:44) Ekema Yesu, Fia si woɖo zi dzi la, “ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me, eye woƒe ʋu axɔ asi le eŋku me.”—Psalmo 72:13, 14.

Mixa 4:3, 4 gblɔ le mɔkpɔkpɔ na ɣeyiɣi ma ŋuti be: “Wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ; elabena Yehowa Zebaot ƒe nue gblɔe.” Amekawo ŋue woƒo nu tsoe le afisia? Amesiwo katã bɔbɔa wo ɖokui ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe te lae. Fiaɖuƒe ma akpɔ kuxi siwo katã ɖea fu na ameƒomea gbɔ—akpɔ dɔléle kple ku ƒe kuxiwo gɔ̃ hã gbɔ. “Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.” (Yesaya 25:8; 33:24) Xexeme si to vovo kae nye si wòanye! Eye ɖo ŋku edzi be míate ŋu aka ɖe ŋugbedodo siawo dzi elabena Mawu ŋutɔ ƒe gbɔgbɔ mee wotso. Egblɔ be: “Nye dukɔ anɔ ŋutifafa teƒe kple dziɖeɖi teƒewo kpakple ablɔɖe gbɔɖemeƒewo.”—Yesaya 32:18.

Kaka ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea dzi ɖua bubumadeameɖokuiŋu si ahedada hena vɛ zi geɖe la dzi. Kristotɔ dahe nya be yele vevie le Mawu ƒe ŋkume abe Kristotɔ kesinɔtɔ ke ene. Mawu lɔ̃ wo ame evea siaa sɔsɔe, eye mɔkpɔkpɔ ɖekae le wo katã si. Wo ame evea siaa le mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me ahedada maganɔ anyi o le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te vevie. Ŋutikɔkɔe ƒe ɣeyiɣi kae nye si wòanye! Mlɔeba la, ame aɖeke magada ahe o!

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Nukata nàgblẽ ga ɖe akɔdada, atamanono, ahatsunono, atike vɔ̃ɖiwo zazã, alo agbegbegblẽnɔnɔ ŋu?

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Yehowa Mawu ato eƒe Fiaɖuƒea dzi akpɔ amegbetɔ ƒe ahedada ƒe kuxiwo gbɔ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe