Ɣeyiɣi Si Me Woxlẽnɛ Kple Viɖe Si Wokpɔna
Ŋdi Kanya:
Ŋutsu aɖe kple srɔ̃a siwo katã dzona le aƒeme ɖawɔa dɔ la, ɖoe be yewoafɔ aɖabaƒoƒo ewo do ŋgɔ ŋdi sia ŋdi eye yewoazã ɣeyiɣi ma atsɔ axlẽ Biblia ɖekae hafi aʋlã ayi dɔ me. Wotsɔa nusi woxlẽna la ɖoa dze nyuie ne wodzo le aƒeme.
Hamemegã aɖe si le Nigeria zãa ɖoɖowɔɖi si le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me na ƒome Biblia xexlẽ le eƒe aƒeme. Woxlẽa eƒe akpa aɖe gbesiagbe ne wodzro ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia me vɔ, eye zi geɖe la, wowɔnɛ le ŋdi me. Ebiana tso ɖeviawo si ɖekaɖeka be woaxlẽ akpa si woɖo ɖi la ƒe akpa aɖe. Emegbe ena wobiaa nyawo le kpukpui siwo woxlẽ la ŋu.
Nyɔnu aƒedzikpɔla aɖe si le Japan xlẽa Biblia bliboa katã ƒe sia ƒe tso ƒe 1985 me. Ewɔ ɖoɖo be yeafɔ ga 5:00 ŋdi sia ŋdi atsɔ aɖaƒoƒo 20 vaseɖe 30 axlẽe. Egblɔ le viɖe siwo wòkpɔna ŋu be: “Edo ŋusẽ nye xɔse. Ena meŋlɔa nye dɔléle be eye nye susu nɔa Paradisomɔkpɔkpɔ la ŋu.”
Nɔvinyɔnu aɖe si wɔ mɔɖeɖedɔa ƒe 30 sɔŋ evɔ srɔ̃a menye Ðasefo o la fɔna ga atɔ̃ ŋdi sia ŋdi xlẽa Biblia. Ewɔ ɖoɖo be yeaxlẽ axa ene le Hebri Ŋɔŋlɔawo me, ta ɖeka tso Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me, kple Lododowo ƒe kpukpui ɖeka. Exlẽa Biblia bliboa ƒe sia ƒe tso ƒe 1959 me ke. Egblɔ be: “Exexlẽ na mese le ɖokuinye me be Yehowa lɔ̃m . . . Mekpɔa dzideƒo, akɔfafa, kple ɖɔɖɔɖo.” Egblɔ kpe ɖe eŋu be: “Biblia xexlẽ le abe ɖe Yehowa le dzo dem menye gbesiagbe ene.”
Nɔvinyɔnu aɖe si srɔ̃ nyateƒea le dukɔ aɖe si me woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔnawo dzi le la hã srɔ̃ tsi tre ɖe eƒe dzixɔsewo ŋu. Ete ŋu xlẽa Biblia tso Dzoɖa vaseɖe Fiɖa tso ŋdi ga 6:00 vaseɖe ga 7:00. Esia do ŋusẽe le ememe. Eƒo nu tso alesi eƒe nuxexlẽa wɔ dɔ ɖe edzii ŋu be: “Míesrɔ̃ alesi míalɔ̃ Yehowa kple Yesu ahanɔ agbe le dzidzɔ me, ne kuxiwo kple nɔnɔme sesẽwo li gɔ̃ hã, le esi míenya be Yehowa ƒe ŋugbedodowo mado kpo emevava o ta.”
Nɔvinyɔnu aɖe si de Mɔɖelawo ƒe Subɔsubɔ Suku ɖoe be yeawɔ ɖe aɖaŋu si woɖo le afima be woaxlẽ Biblia gbesiagbe la dzi. Gbã la, ete ŋu xlẽe tso ŋdi ga 5:00 vaseɖe ga 6:00. Esi eƒe dɔwɔɖui trɔ eye wògblẽ ɖoɖo ma me la, edae ɖe fiẽ ga 9:00 vaseɖe ga 10:00 dzi. Egblɔ be ne kplamatsedonu bubuwo do mo ɖa la, “metrɔa nye ɖoɖowɔɖia ɖe nɔnɔmeawo ŋu.”
Le Ŋdɔ Me:
Nɔvinyɔnu eve siwo nye ŋutilãmenɔviwo le Brazil Betel ƒomea me tsɔa aɖabaƒoƒo 20 xlẽa Biblia ɖekae gbesiagbe le ŋdɔnuɖuɖu megbe. Woxlẽ Biblia bliboa katã to eme wòde zi 25 sɔŋ; gake woŋlɔ bena: “Míekena ɖe nya yeye aɖe ŋu ɣesiaɣi, eyata Biblia xexlẽ mezua nu ɖeka tɔgbe wɔwɔ na mí gbeɖe o.”
Nɔvinyɔnu tre aɖe si le Japan kpɔe be yemenya Ŋɔŋlɔawo nyuie o togbɔ be wonyii wòzu Ðasefo hã; esime wòva zu mɔɖela la, eɖoe be yeaxlẽ Biblia edziedzi. Fifia exlẽa Teokrasi Subɔsubɔ Suku me Biblia xexlẽa ne ele ʋu me yina kɔdzi ŋkeke ɖeka kwasiɖa sia kwasiɖa. Emegbe ne eva ɖo aƒeme la, ewɔa numekuku le nya aɖewo ŋu. Le kwasiɖaa ƒe nuwuwu lɔƒo la, egaxlẽa Biblia, eye exlẽa wo ɖe ɖoɖo si nu woŋlɔ wo ɖo nu.
Ƒe 13 vi aɖe si xlẽ Biblia bliboa katã to eme zi etɔ̃ xoxo la xlẽa ta ɖeka gbesiagbe fifia ne egbɔ tso suku. Egblɔ be esia kpe ɖe ye ŋu “be yegalɔ̃ Yehowa ɖe edzi.”
Ðasefo aɖe si nye dɔwɔla, hamemegã, srɔ̃ŋutsu, kple vifofo si ŋu vovo mele o la ɖoa to Biblia ƒe kasɛtwo ne eɖo keteke yina dɔ me. Ne egbɔ va aƒeme la, eya ŋutɔ gaxlẽa teƒe mawo ke.
Mɔɖela aɖe si le France ɖoa to Biblia ƒe kasɛtwo ne ele nu ɖam, ne ele ʋu kum, ne ele ɣeyiɣi sesẽwo me tom, alo tsɔ ɖea modzakae tsɔ kpe ɖe eya ŋutɔ ƒe Biblia xexlẽ ŋu.
Mɔɖela aɖe si xɔ ƒe 21 le Japan ɖo ŋku edzi be ye dada tea tɔ ɖe edzi be yeaxlẽ gbɔgbɔmenya aɖe gbesiagbe, eye yexlẽa Biblia gbesiagbe tso esime yexɔ ƒe etɔ̃, togbɔ be menye ɣeyiɣi ɖeka dzie yexlẽnɛ o hã. Ne exlẽ akpa si wòtia na ŋkekea vɔ la, ekpɔa egbɔ be yegaxlẽ kpukpui veviawo, eye azɔ etsɔa aɖaƒoƒo ʋee aɖewo toa nusi wòxlẽ la me le susu me.
Ðasefo bubu si nye mɔɖela xlẽ Biblia bliboa katã wòde zi ewo le ƒe 12 siwo va yi me. Srɔ̃aŋutsu nye dzimaxɔsetɔ, eyata ewɔ ɖoɖo be yeaxlẽe le ŋdɔ me.
Fiẽ Me:
Hamemegã aɖe si nye gbesiagbe mɔɖela le Japan eye wòxlẽa Biblia zã sia zã hafi mlɔa anyi la wɔa esia ƒe enyi sɔŋ enye sia. Egblɔ be: “Ŋɔŋlɔ siwo fia alesi Yehowa bua tamee, alesi wòsena le eɖokui me le nyawo ŋu, kple alesi wòkpɔa nyawo gbɔ koŋue dzɔa dzi nam. Ŋɔŋlɔ siawo ŋu bubu kpe ɖe ŋunye be mebua nuwo alesi Yehowa bua woe, eye be makpe ɖe nɔvinye ŋutsu kple nyɔnu Kristotɔwo kple nye ƒomea me tɔwo ŋu.”
Hamemegã aɖe si le France xlẽa Biblia gaƒoƒo ɖeka fiẽ sia fiẽ tso ƒe 1979 me ke. Zi geɖe la, Biblia gɔmeɖeɖe bubu atɔ̃ alo ade nɔa eŋkume wòtsɔa wo sɔna kple wo nɔewo. Egblɔ be yeƒe Biblia xexlẽ ŋuɖɔɖotɔe kpe ɖe ye ŋu yekpɔ “alesi yeawɔ Biblia me sidzedze ŋudɔe le gbesiagbenyawo me.” Esia hã kpe ɖe eŋu wòbi ɖe edzi le aɖaŋuɖoɖo na ame tso Ŋɔŋlɔawo me me.
Nɔviŋutsu aɖe si le Nigeria doa ŋgɔ xlẽa Ŋɔŋlɔawo me Dzodzro Gbesiagbe me mawunyakpukpui si woɖo na ŋufɔke ƒe ŋdi la le fiẽ me ƒe 28 enye sia. Egaxlẽa ta si me woɖe mawunyakpukpuia tsoe la katã hã. Esi wòva ɖe srɔ̃ la, egayi esia wɔwɔ dzi, eye wo kple srɔ̃a woxlẽnɛ hedzroa eme.
Ƒewuivi aɖe si ƒe dzilawo menye Ðasefowo o tsɔa aɖabaƒoƒo atɔ̃ vaseɖe ewo xlẽnɛ zã sia zã hafi mlɔa anyi. Ɣeyiɣi mawo le vevie nɛ ŋutɔ, eye edoa gbe ɖa do ŋgɔ na nuxexlẽa kple emegbe. Eƒe taɖodzinue nye be yeanya gbedasi si Yehowa na Biblia-ŋlɔla ɖesiaɖe ŋlɔ ɖi.
Nɔviŋutsu srɔ̃tɔ aɖe si le subɔsubɔm le Betel gblɔ be yexlẽ Biblia bliboa katã ƒe sia ƒe le ƒe enyi siwo va yi me. Etsɔa aɖabaƒoƒo 20 vaseɖe 30 xlẽnɛ hafi mlɔa anyi le zã me. Ekpɔe be ne ɖeɖi te ye ŋu ŋutɔ hã la, yemete ŋu dɔa alɔ̃ ne yemexlẽe o. Ele be wòafɔ akpɔ gbɔgbɔmenuhiahiã ma gbɔ.