Xexe Si Me Nugbegblẽwɔwɔ Manɔ O Ƒe Ŋugbedodo La
NUGBEGBLẼWƆWƆ ɖo hadomegbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa. Eɖanye dziɖuɖu, dzɔdzɔmeŋutinunya, kamedefefe, mawusubɔsubɔ, alo asitsatsa me o, ewɔ abe ɖe womete ŋu le nugbegblẽwɔwɔ nu lém o ene.
Wogblɔa nugbegblẽwɔwɔ ŋuti nya wɔnublanuiwo le nyadzɔdzɔwo me le xexeame katã. Wole nu klom le ame geɖe siwo ka atam be yewoakpɔ amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ dzi be woxɔa zãnu eye woxɔa ga le amewo si ɖe dɔ si wowɔ ta tsɔ dia viɖe na wo ɖokui. Yeaɖi ɔfis-dɔwɔlawo ƒe nuvlowɔwɔ bɔ ŋutɔ. Amesiwo le nɔƒe kɔkɔwo le hadomegbenɔnɔ me alo wonye gatɔwo siwo le agbɔ sɔm ɖe edzi la wɔa nu gbegblẽ dziŋɔwo tsɔ dana le agbenyuinɔnɔ kple nuvlowɔwɔ ŋuti sewo dzii le woƒe gbesiagbedɔwo me.
Amewo va le dzi tsim vevie ɖe nusi Europatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe yɔ be “‘amegãwo ƒe nugbegblẽwɔwɔ’ la ŋu—dɔmemegãwo, dziɖuɖumegãwo kple, zi geɖe la, dukplɔlawo ƒe gaxɔxɔ le ame si hafi ada asi ɖe nu gãwo ƒeƒle kple ŋgɔyidɔ gãwo wɔwɔ dzi.” Britania magazine si nye The Economist gblɔ be le dukɔ aɖe me la, togbɔ be “kpovitɔwo tsɔ ƒe eve wɔ numekuku eye woléa amewo gbesiagbe hã la, mexe mɔ ɖe nugbegblẽwɔla siwo gbe tɔtrɔ la nu o.”
Le nugbegblẽwɔwɔ si keke ta alea ta la, ame geɖe bui be ame aɖeke meli si dzi woate ŋu aka ɖo egbea o. Wogblɔa nya siwo Biblia ŋlɔla Dawid gblɔ la tɔgbe be: “Wo keŋ wote ɖe aga, wo katã tim wogblẽ. Ame ɖeka hã meli, si wɔa nu nyui o, ɖeka hɔ̃ hã meli o.”—Psalmo 14:3.
Aleke nèkpea akɔ kple nugbegblẽwɔwɔ ƒe fievododo si nye nu ŋutɔ le dzɔdzɔm lae? Egbea ɖeko ame akpa gãtɔ ŋea aɖaba ƒua edzi ko. Gake ne èŋe aɖaba ƒu nugbegblẽwɔwɔ dzi hã la, awɔ nuvevi wò kokoko. Alekee?
Nugbegblẽwɔwɔ Gblẽa Nu le Ŋuwò
Nugbegblẽwɔwɔ gãwo kple suewo siaa dzia ga si míegblẽna ɖe agbenɔnɔ ŋu ɖe edzi, woɖea adzɔnuwo ƒe nyonyo dzi kpɔtɔna, eye wonaa dɔwɔɖuiwo megabɔna o eye fetuwo ɖiɖina. Le kpɔɖeŋu me, wobu akɔnta be ne mede ɖeke o hã la, nusi asibubluɖegame kple ametafatafa gblẽna sɔa gbɔ zi gbɔ zi ewo wu kpɔdzedze, adzodada, kple fififi tsɔtsɔ ƒo ƒui. The New Encyclopædia Britannica (1992) gblɔ be “wobu akɔnta be adzɔhawo me nuvlowɔwɔ le United States gblẽa ga si ade dɔlar 200,000,000,000 ƒe sia ƒe—ga si nuvlowɔwɔ siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo gblẽna teƒe etɔ̃.” Agbalẽ sia ɖe eme be togbɔ be míakpɔ eƒe nugblẽƒewo adze sii bɔbɔe o hã la, “nuvlowɔwɔ siawo kpɔa ŋusẽ ɖe dɔwɔlawo, nuƒlelawo, kple nutoa me ƒe dedienɔnɔ dzi vevie.”
Kuxi siwo nugbegblẽwɔwɔ hena vɛ na míeɖoa ŋku Fia Salomo ƒe nyawo dzi be: “Megaɖe ŋku ɖe ameteteɖeanyi, siwo katã dzɔna le ɣea te la, eye kpɔ ɖa, amesiwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo le tsyɔtsyɔm, ke akɔfala aɖeke meli na wo o; amesiwo te wo ɖe anyi la, sẽ ŋuta le wo ŋu, ke akɔfala aɖeke meli na wo o.”—Nyagblɔla 4:1.
Ekema ɖe wòle be míaɖe asi le nugbegblẽwɔwɔ ŋu koa? Womate ŋu aɖee ɖa oa? Ðe xexe si me nugbegblẽwɔwɔ manɔ o mate ŋu ava oa? Dzidzɔtɔe la, ŋuɖoɖoae nye ao! Biblia na míenya be eteƒe madidi o woaɖe numadzɔmadzɔwɔwɔ kple sedzimawɔmawɔ ɖa.
Nya si Biblia Gblɔ na Mí
Biblia gblɔ na mí be nugbegblẽwɔwɔ dze egɔme esime mawudɔla triakɔ aɖe dze aglã ɖe Mawu ŋu heble ame eve gbãtɔwo wowɔ ɖeka kplii. (Mose I, 3:1-6) Nu nyui aɖeke medo tso woƒe nuvɔ̃ la me o. Ke boŋ Adam kple Xawa dze egɔme kpe nugbegblẽwɔwɔ me tsonu gbegblẽwo ƒe fu tso ŋkeke si dzi wowɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa Mawu ŋu. Woƒe ŋutilãwo dze gbegblẽ gɔme, heɖo ta ku si womate ŋu aƒo asa na o me. (Mose I, 3:16-19) Tso ɣemaɣi la, zãnuxɔxɔ, amebeble, kple ametafatafa ƒe nɔnɔme vovovowoe va yɔ ŋutinya me fũ. Ke hã la, edze abe nugbegblẽwɔla akpa gãtɔ sina le toheheawo nu ene.
Womedea dɔdzikpɔla kple dunyahela gbegblẽwo gaxɔ me alo na woxea fe ɖe ga si woto mɔ fitifiti dzi kpɔ la ta abe adzodala bubuwo ene o. Le alesi zãnuxɔxɔ, gaxɔxɔ ɖe dɔ si wowɔ ta, kple viɖe ƒoɖiwo mamã yia edzi le bebeme ta la, zi geɖe la, esesẽna be woaklo nu le amegãwo ƒe nugbegblẽwɔwɔwo dzi. Gake esia mefia be xexe si me nugbegblẽwɔwɔ manɔ o mate ŋu ava o.
Amegbetɔwɔla, Yehowa Mawu, ye ate ŋu aɖe mí tso nugbegblẽwɔwɔ me. Mawu ƒe nudede nya la me koe nye egbɔkpɔnu ɖeka kolia. Nukatae? Elabena amegbetɔ ƒe futɔ makpɔmakpɔ, Satana Abosam, yi edzi le ameƒomea blem. Abe alesi míexlẽe le Yohanes I, 5:19 ene la, “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” Ne menye eyae o la, ke nuka hãe na nugbegblẽwɔwɔ le dzidzim ɖe edzi—si ƒe akpa gãtɔ ŋu tohehe menɔna o?
Amegbetɔ ƒe agbagbadzedze aɖeke mate ŋu aɖu Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi o. Mawu ƒe nudede nya la me koe ate ŋu ana ameƒomea me tɔ toɖolawo nakpɔ “mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la.” (Romatɔwo 8:21) Yehowa do ŋugbe be eteƒe madidi o woasika Satana ale be magate ŋu able ameƒomea azɔ o. (Nyaɖeɖefia 20:3) Gake ne míedi be míanɔ Mawu ƒe xexe yeye si me nugbegblẽwɔwɔ manɔ o me la, ke ele be míatsri xexe sia me nugbegblẽwɔwɔwo hafi ɣemaɣi naɖo.
Amewo Ate Ŋu Atrɔ
Le Yesu Kristo ƒe ŋkekeawo me la, ame aɖewo nɔ anyi siwo wɔ woƒe ŋusẽ ŋudɔ le mɔ gbegblẽ nu eye wote wo haviwo ɖe anyi. Le kpɔɖeŋu me, wonya adzɔxɔlawo nyuie le woƒe nugbegblẽwɔwɔwo ta. Enɔ alea togbɔ be Mawu de se eme kɔ be: “Megaxɔ zãnu o, elabena zãnunana gbãa ŋku na nukpɔlawo, eye wòtrɔa ame dzɔdzɔe ƒe nya bua anyi” hã. (Mose II, 23:8) Zaxeo, nudzɔlawo ƒe amegã la, lɔ̃ ɖe edzi be yeka aʋatso ɖe amewo si tsɔ da adzo wo. Gake le esi teƒe be Yesu nagbugbɔ hadomegbenɔnɔ aɖɔ ɖo le afisiafi la, egblɔ na ame ɖekaɖekawo boŋ be woatrɔ le woƒe dzi me ahaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu. Nusi do tso emee nye be nudzɔla siwo ame geɖe nya le woƒe nugbegblẽwɔwɔ ta abe Mateo kple Zaxeo ene ɖe asi le woƒe tsã gbenɔnɔ ŋu.—Mateo 4:17; 9:9-13; Luka 19:1-10.
Amesiwo kpɔa gome le anukwaremaɖimaɖi ƒe nuwɔnawo me egbea hã ate ŋu atsri nugbegblẽwɔwɔ nenema ke to “ame yeye, si wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme nu la, le nyateƒe la ƒe dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye la me” dodo me. (Efesotɔwo 4:24) Ðewohĩ manɔ bɔbɔe na wo be woaxe adzɔwo le anukwareɖiɖi me alo adzudzɔ gomekpɔkpɔ le nuwɔna siwo ŋu nya ku ɖo me o. Gake agbagba ɖesiaɖe si woadze la aɖe vi geɖe.
Esi amesiwo tsɔ ɖe le ame bubuwo ƒe nyonyo me megawɔa nu ɖe xexe gbegblẽ sia ƒe nɔnɔmewo nu o ta la, wokpɔa ŋutifafa le ememe. Womevɔ̃na be woalé yewo le nugbegblẽwɔwɔ ta o. Ke boŋ dzitsinya nyui nɔa wo si. Wosrɔ̃a nyagblɔɖila Daniel si ƒe nya wogblɔ le Biblia me la ƒe kpɔɖeŋu. Biblia me nuŋlɔɖi gblɔ be dziɖuɖumegãwo nɔ nya dim le Daniel ŋu ɣesiaɣi. “Ke womete ŋu kpɔ nya alo nu gbegblẽ wɔwɔ aɖeke o, elabena eɖi anukware, eye womekpɔ vototo alo nu gbegblẽ wɔwɔ le eŋu o.”—Daniel 6:5.
Yehowa ƒe Ŋugbedodo
Yehowa do ŋugbe be “ne nuvɔ̃wɔla wɔa vɔ̃ zi alafa, gake nɔa agbe didie hã la, nyea menyae be, eme anyo na mawuvɔ̃la, siwo sia eƒe ŋku me. Ke eme manyo na ame vɔ̃ɖiwo o, eye abe vɔvɔli ene womanɔ agbe didie o, elabena womevɔ̃a Mawu o.”—Nyagblɔla 8:12, 13.
Gbɔdzɔe ka gbegbee nye si wòanye ne nugbegblẽwɔwɔ magahe dzidzɔmakpɔmakpɔ vɛ azɔ o! Yayra ka gbegbee nye si wòanye be míanɔ agbe tegbee le xexe si me nugbegblẽwɔwɔ mele o me! Esia menye nusi mate ŋu ava eme o. Biblia ƒo nu tso “agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ŋu, si Mawu, amesi meka aʋatso o la, do ŋugbe, hafi ɣeyiɣi mavɔmavɔwo dze gɔme.” (Tito 1:2) Ne èlé fu nugbegblẽwɔwɔ eye nèlɔ̃ dzɔdzɔenyenye la, ke àte ŋu akpɔ xexe si me nugbegblẽwɔwɔ manɔ o si ƒe ŋugbe Mawu do la me vava teƒe.
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Nugbegblẽwɔwɔ bɔ ɖe dziɖuɖu kple asitsanyawo me
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Zi geɖe la, nugbegblẽwɔwɔ gblẽa nuwɔwɔ kple dudzikpɔlawo dome