Toɖoɖo Le Mawuvɔvɔ̃ Me le ƒome si me mã le mawusubɔsubɔ gome
“EVENA wu ŋutilã me vevesese ɖesiaɖe. . . . Mesena le ɖokuinye me abe ɖe nye ŋutilã katã xɔ abi ene, evɔ ame aɖeke mate ŋu akpɔe hã o.” “Agbenɔnɔ tia kɔ nam vevie ɣeaɖewoɣi . . . alo medina be madzo le aƒeme eye nyemagatrɔ agbɔ o.” “Esesẽna nam be nye susu nadze kɔ anyi.”
Vevesenya mawo ɖe mɔkpɔkpɔbuɖeame kple akogotsitsi ƒe seselelãmewo fia. Amesiwo wodzunae gblɔ nya mawo—fɔbuamenyawo, ŋɔdzidonamewo, gbɔɖiameŋkɔwo, keléle ame —amesiwo ŋu wo srɔ̃ kple ƒometɔwo gɔ̃ hã wɔa anyrã le. Nukatae wosẽa ŋuta le amesiawo ŋu vevie alea? Le esi woƒe subɔsubɔdzixɔsewo to vovo ta koe. Yehowa subɔsubɔ nyea dɔ blibo le nɔnɔme siawo me le aƒe si me mã le mawusubɔsubɔ gome la me. Gake Kristotɔ siwo wowɔa fui alea dometɔ geɖe ɖoa to le mawuvɔvɔ̃ me dzidzedzetɔe.
Dzidzɔtɔe la, menye aƒe siwo me mã le mawusubɔsubɔ gome katã mee dzodzodzoetsitsi kple nuteɖeamedzi mawo le o. Gake ele ɖewo me. Aleae wò aƒeme lea? Ke ɖewohĩ toɖoɖo srɔ̃wò alo dziwòlawo asesẽ na wò. Ne srɔ̃nyɔnu alo ɖevie nènye le nɔnɔme alo aƒe ma tɔgbe me la, aleke nàwɔ akpɔ dzidzedze le toɖoɖo le mawuvɔvɔ̃ me ɖeɖefia le aƒe si me mã le mawusubɔsubɔ gome? Kpekpeɖeŋu kae ame bubuwo ate ŋu ana? Eye aleke koŋ Mawu bua nya lae?
Nukatae Toɖoɖo Sesẽna?
Xexeame ƒe ɖokuitɔdidi kple ŋudzedzemakpɔmakpɔ kple wò ŋutɔ wò blibomademade kpɔa ŋusẽ ɖe dziwò, eye wòna toɖoɖo le mawuvɔvɔ̃ me zua avu kple kɔ ɣesiaɣi. Satana nya esia eye edi be yeagblẽ wò nuteƒewɔwɔ me. Zi geɖe la, ezãa ƒometɔ siwo mekpɔa ŋudzedze ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo ŋu alo dea bubu wo ŋu o la. Wò gbɔgbɔ me kple agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo toa vovo na wò ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo tɔ zi geɖe. Esia na miaƒe nukpɔsusuwo tsia tre ɖe wo nɔewo ŋu le agbenɔnɔ kple dɔwɔna me. (Petro I, 4:4) Nyaƒoɖeamenu be nàdzudzɔ wɔwɔ ɖe Kristotɔwo ƒe dzidzenuwo dzi nu ate ŋu asẽ, le esi nèwɔna ɖe sedede sia dzi ta: “Migade ha kple viviti me dɔwɔwɔ, siwo metsea ku o la o.” (Efesotɔwo 5:11) Wò nuwɔna aɖeke megasɔna na wo gbeɖe o. Wò mawusubɔsubɔ tae wowɔa nusiawo katã ɖo. Esi ɖeviwo ƒe dɔdzedze zu agba na vidada aɖe eye wòbia srɔ̃a be wòakpe ɖe ye ŋu la, eda gbe ɖe egbɔ be, “Èkpɔ vovo ɖe wò subɔsubɔ ya ŋu; mèhiã na kpekpeɖeŋu o.” Nya mawo tɔgbe wɔnɛ be to meganya ɖona o.
Azɔ hã ɖewohĩ gbe madze gbe dzi na mia nɔewo o le nya siwo meda le Ŋɔŋlɔawo dzi tẽ o ŋuti ɣeaɖewoɣi. Evɔ nèkpɔe be yele ƒome aɖe me, eye le ema ta agba aɖewo le ye dzi. Connie gblɔ be: “Ne mele alesi fofonye wɔ nui ɖe mía ŋu ŋuti bum la, etena ɖe dzinye vevie elabena mekpɔe be esena le eɖokui me be yetsi akogo. Megblɔna na ɖokuinye zi geɖe be mele be fofonye ƒe tsitretsiɖeŋu naku dzi nam o. Ehiã be magblɔ na ɖokuinye be susu vevi aɖe li si tae wòtsia tre ɖe míaƒe tenɔnɔ ŋu alo gbenɛ ɖo. Sanatae le nuɖoanyi sia dzi ɖum.” Susan si ɖe dzimaxɔsetɔ la gblɔ be: “Gbã la, mebunɛ be ele be mía dome naklã—gake nyemegabunɛ nenema o. Menya be Satanae le ezãm ɖe ŋunye.”
Ðewohĩ agbagba siwo Satana adze be nàse le ɖokuiwò me be mèle ɖeke me o la adze abe ɖe enu matso o ene. Ŋkekewo ate ŋu ava yi si srɔ̃wo maƒo nu na wò o. Àtsi akogo vevie. Esia ɖea kakaɖedzi kple bubudeameɖokui ŋu ɖa eye ado wò toɖoɖo le mawuvɔvɔ̃ me akpɔ. Eɖea fu na ɖeviwo hã le seselelãme kple ŋutilã me. Edzɔ kpɔ be togbɔ be sɔhɛ Mawu subɔla etɔ̃ aɖewo dzilawo tsi tre ɖe wo ŋu hã la, wode Kristotɔwo ƒe kpekpewo nuteƒewɔwɔtɔe. Wo dometɔ ɖeka si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla fifia la gblɔ be: “Míetsia yaa eye nu tia kɔ na mí; míete ŋu dɔa alɔ̃ o; míeléa blanui vevie.”
Nukae Mawu Di tso Asiwò?
Toɖoɖo Mawue nye nu gbãtɔ ɣesiaɣi, eye ele be bubudede srɔ̃ŋutsu ƒe tanyenye ŋu vaseɖe afi aɖe nanɔ abe alesi Yehowa fiae ene. (Dɔwɔwɔwo 5:29) Ema ate ŋu asesẽ, gake anya wɔ. Yi edzi nànɔ Mawu sinu kpɔm be wòakpe ɖe ŋuwò. Edi be ‘nàsubɔ ye le gbɔgbɔ kple nyateƒe me’ eye nàse yeƒe nufiame ahawɔ wo dzi. (Yohanes 4:24) Ne sidzedze si tso Mawu ƒe Nya la me xɔ aƒe ɖe dzi si tɔgbe nyo me la, eʋãa ame wòlɔ̃na ɖoa to. Togbɔ be wò nɔnɔmewo ate ŋu atrɔ hã la, Yehowa kple eƒe Nya la matrɔ o. (Maleaxi 3:6; Yakobo 1:17) Srɔ̃ŋutsu sie Yehowa tsɔ tanyenye de. Elɔ̃ ɖe Kristo ƒe tanyenye dzi alo melɔ̃ ɖe edzi o esia metrɔna o. (Korintotɔwo I, 11:3) Togbɔ be ɖokuibɔbɔ ɖe srɔ̃ŋutsu dzimaxɔsetɔ ƒe tanyenye te asesẽ ne èdze ŋgɔ ŋlɔmiwɔwɔ kple gbɔɖiame atraɖii hã la, nusrɔ̃la Yakobo gblɔ be: “Nunya, si tso dziƒo la, . . . elɔ̃na wogbea nya nɛ.” (Yakobo 3:17) Lɔlɔ̃ ɖe tanyenye sia dzi ɖikekemanɔmee kple ɖokuibɔbɔ ɖe ete bia Mawu ƒe gbɔgbɔ, vevietɔ eƒe kutsetse si nye lɔlɔ̃.—Galatiatɔwo 5:22, 23.
Ne èlɔ̃ ame aɖe la, wɔwɔ ɖe ŋusẽ ƒe ɖoɖo si Mawu wɔ dzi nɔa bɔbɔe wu. Efesotɔwo 5:33 xlɔ̃ nu be: “Mia dome ɖesiaɖe nalɔ̃ ye ŋutɔ srɔ̃anyɔnu nenema ke, abe ye ŋutɔ ɖokui ene; ke nyɔnu hã nasi srɔ̃a ɖa.”
Bu Yesu ŋu kpɔ. Wodzui eye wɔwɔ nuvevii gake eya medzu ame aɖeke o. Mewɔ nuvɔ̃ o. (Petro I, 2:22, 23) Be Yesu nalɔ̃ woaɖi gbɔe nenema la bia be dzideƒo blibo kple lɔlɔ̃ si nu metsina o la nanɔ esi na Fofoa Yehowa. Gake lɔlɔ̃ la ‘doa dzi le nuwo katã me.’—Korintotɔwo I, 13:4-8.
Paulo ɖo ŋku edzi na eƒe dɔwɔhati Timoteo eye wòɖo ŋku edzi na míawo hã egbea be: “Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mí o, ke boŋ ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kpakple ɖokuidziɖuɖugbɔgbɔe wòna mí.” (Timoteo II, 1:7) Lɔlɔ̃ deto na Yehowa kple Yesu Kristo ate ŋu aʋã wò nàɖo to le mawuvɔvɔ̃ me ne edze abe ɖe màte ŋu anɔ te ɖe nɔnɔmea nu o ene hã. Ðokuidziɖuɖu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò nukpɔsusu nada asɔ eye wò susu nanɔ mia kple Yehowa kpakple Yesu Kristo dome ƒomedodo dzi.—Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 3:8-11.
Srɔ̃tɔ Siwo Ðoa To le Mawuvɔvɔ̃ me Dzidzedzetɔe
Ɣeaɖewoɣi la, ele be nàlala ɣeyiɣi didi si nàte ŋui akpɔ alesi Yehowa akpɔ wò kuxiawo gbɔe. Ke hã la, eƒe alɔ meto ɖe eme o. Ame aɖe si ɖoa to le mawuvɔvɔ̃ me dzidzedzetɔe ɖo aɖaŋu be: “Wɔ nusiwo katã ƒe gome kple mɔnukpɔkpɔ Yehowa na wò ŋudɔ ɣesiaɣi—be nàsubɔe le kpekpewo kple takpekpewo me, nàsrɔ̃ nu, nàwɔ subɔsubɔdɔa, eye nàdo gbe ɖa.” Wò agbagbadzedzewo dzie Yehowa yrana ɖo, ke menye nusiwo nète ŋu wɔ ko dzi o. Apostolo Paulo gblɔ le Korintotɔwo II, 4:17 be, ‘xaxa nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko, gake ehea ŋutikɔkɔe mavɔ vɛ na mí.’ Bu nya sia ŋu. Alé wò ɖe te. Srɔ̃nyɔnu aɖe ɖo ŋku edzi be: “Nye ƒomegbenɔnɔ mele nyonyom o, eye ɣeaɖewoɣi la, mebua eŋu nenye be nye nu dzea Yehowa ŋu. Gake nu ɖeka si menya be enye eƒe yayrae nye be meɖu kuxi siawo dzi nyuie wu srɔ̃nye. Nyanya be míaƒe nuwɔnawo dzea Yehowa ŋu wɔnɛ be xaxawo katã ɖea vi.”
Yehowa do ŋugbe be yemana nusi awu tsɔtsɔ na wò nava dziwò o. Ðo ŋu ɖe eŋu. Enya nɔnɔmea nyuie wu wò ŋutɔ, eye enya wò wu alesi nènya ɖokuiwòe. (Romatɔwo 8:35-39; 11:33; Korintotɔwo I, 10:13) Gbedodoɖa na Yehowa le ɣeyiɣi sesẽwo me kpena ɖe ame ŋu. Do gbe ɖa ne eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe nafia mɔ wò, vevietɔ ne mènya afisi nàtrɔ ɖo alo alesi nàkpɔ nya aɖe gbɔe o. (Lododowo 3:5; Petro I, 3:12) Ƒo koko nɛ ɣesiaɣi be wòana dzigbɔɖi, ɖokuidziɖuɖu, kple ɖokuibɔbɔ wò be nàɖo to ŋusẽ siwo le wò agbe me. Hakpala la gblɔ be: “Yehowa, nye agakpe, nye mɔ̃, kple nye xɔnametɔ.” (Psalmo 18:3) Ŋkuɖoɖo esia dzi doa ŋusẽ amesiwo le ƒome siwo me mã le mawusubɔsubɔ gome la me.
Ƒo wo katã ta la, dze agbagba ɖesiaɖe nàna dzidzɔ nanɔ wò srɔ̃ɖeɖe me. Ẽ, Yesu kpɔe do ŋgɔ be nyanyui la ade mamã amewo dome. Gake do gbe ɖa be wò nuwɔna alo agbenɔnɔ mahe mamã aɖeke vɛ o. (Mateo 10:35, 36) Le susu sia ta ɖekawɔwɔ ɖea srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo dzi kpɔtɔna. Ne nɔnɔme nyui sia ɖeɖeko ɖem nèle fia gɔ̃ hã la, ate ŋu atsi kuxiwo nu geɖe be womazu nugɔmemasemase kple dzrehehe siwo agbɔ eme o. Dzigbɔɖi kple lɔlɔ̃ le vevie ale gbegbe. ‘Fa tu’ eye ‘nàdo dzi le vɔ̃ me.’—Timoteo II, 2:24.
Apostolo Paulo zu ‘nusianu na amewo katã.’ (Korintotɔwo I, 9:22) Nenema ke togbɔ be màɖe asi le wò Kristotɔwo ƒe dɔdasiwo ŋu o hã la, ahiã be nàtrɔ asi le wò ɖoɖowo ŋu ɣeaɖewoɣi be nàkpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe srɔ̃wò kple ƒomea ŋu. Zã ɣeyiɣi geɖe alesi nàte ŋui ɖe amesi nètia be yeanɔ agbe kplii la ŋu. Ðe Kristotɔwo ƒe ameŋububu fia. Esia nye toɖoɖo le mawuvɔvɔ̃ me ɖeɖefia.
Srɔ̃nyɔnu mawuvɔ̃la kple ɖokuibɔbɔla si ƒe nya me mesẽ o, si sea veve ɖe ame nu te ŋu ɖoa to bɔbɔe le mawuvɔvɔ̃ me. (Efesotɔwo 5:22, 23) Nyaŋuɖoɖo fafɛ si me “dze” le wɔnɛ be dzrehehe siwo ate ŋu ado mo ɖa enuenu la dzi naɖe akpɔtɔ.—Kolosetɔwo 4:6; Lododowo 15:1.
Nunya si tso Mawu gbɔ xlɔ̃ nu mi be miakpɔ nyawo gbɔ kaba eye miagblɔ nya nyui siwo tua ame ɖo be ŋutifafa nanɔ anyi, tsɔ wu be miatsɔ “dɔmedzoe” ayi alɔ̃ mee. (Efesotɔwo 4:26, 29, 31) Esia bia ɖokuibɔbɔ blibo. Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe be wòado ŋusẽ wò. Kristotɔ nyɔnu aɖe gblɔ ɖokuibɔbɔtɔe be: “Esi medo gbe ɖa vevie vɔ la, mekpɔe be Yehowa ƒe gbɔgbɔ do ŋusẽm be mawɔ nu ɖe srɔ̃nye ŋu le lɔlɔ̃ me.” Mawu ƒe Nya xlɔ̃ nu mí be: “Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o . . . ke tsɔ nu nyui la ɖu nu vɔ̃ɖi la dzi boŋ.” (Romatɔwo 12:17-21) Nunya le aɖaŋuɖoɖo sia me eye wònye toɖoɖo le mawuvɔvɔ̃ me.
Ðevi Siwo Ðoa To le Mawuvɔvɔ̃ Me
Nuxlɔ̃ame si Yehowa na mi ɖevi siwo le aƒe siwo me mã le mawusubɔsubɔ gome enye be: “Miɖo to mia dzilawo le nusianu me; elabena esia dze Aƒetɔ la ŋu nyuie.” (Kolosetɔwo 3:20) Mide dzesii be woyɔ Aƒetɔ Yesu Kristo hã de nya la me. Eyata toɖoɖo dzilawo meƒo nuwo katã ta o. Ne míagblɔe la, aɖaŋuɖoɖo si le Dɔwɔwɔwo 5:29 be “woabu Mawu awu amewo” la ku ɖe Kristotɔ sɔhɛwo hã ŋu. Nɔnɔme aɖewo ado mo ɖa siwo me wòle be nànɔ te ɖe nusiwo nènya be wonyo le Ŋɔŋlɔawo nu dzi atso nya me le nusi nàwɔ ŋu. Ðewohĩ adzɔ be woahe to na wò le esi nègbe be yemakpɔ gome le alakpasubɔsubɔnuwɔna aɖe me o ta. Togbɔ be esia mavivi nuwò o hã la, àte ŋu akpɔ akɔfafa alo akpɔ dzidzɔ gɔ̃ hã elabena ènyae be nusi nyoa Mawu ŋu wɔwɔ tae fukpekpea va ye dzi ɖo.—Petro I, 2:19, 20.
Esi wònye Biblia ƒe gɔmeɖosewo nue nèbua tame ɖo ta la, ɖewohĩ wò susu ato vovo na dziwòlawo tɔ le nya aɖewo me. Esia mewɔ wo wò futɔwoe o. Ne womenye Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo o hã la, wodze na bubu deto. (Efesotɔwo 6:2) Salomo gblɔ be: “Ðo to fofowò, si dzi wò, eye megado vlo dawò . . . o!” (Lododowo 23:22) Dze agbagba nàse alesi wò dzixɔse si adze nu tutɔ na wo ave dzi na woe la gɔme. Ðo dze kpli wo eye nàna ‘woanya wò tufafa.’ (Filipitɔwo 4:5) Na woanya wò seselelãmewo kple dzimaɖitsitsiwo. Lé Mawu ƒe dzidzenuwo me ɖe asi sesĩe, gake “ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me!” (Romatɔwo 12:18) Esi wònye nyateƒe be èwɔa dziwòlawo ƒe sewo dzi fifia la ɖee fia Yehowa be nèdi be yeanye Fiaɖuƒea tevi si ayi edzi aɖo to.
Nusi Ame Bubuwo Ate Ŋu Awɔ
Kristotɔ siwo le ƒome siwo me mã le mawusubɔsubɔ gome me la hiã kpekpeɖeŋu kple nugɔmesese tso nɔvi tadeagulawo gbɔ. Esia dze le nya siwo wo dometɔ ɖeka gblɔ me be: “Esi naneke meli ame aɖeke nawɔ o, eye naneke meli mawɔ atsɔ atrɔ nɔnɔmeae o ta la, mɔkpɔkpɔ bu ɖem keŋkeŋ eye wɔna vɔ le ŋunye. Meɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu be nuka kee adzɔ o, mawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le míaƒe ƒomea me.”
Hadede kple gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me nye sitsoƒe. Amesia ke ƒo nu tso eƒe agbenɔnɔ ŋu be ele “abe xexeme eve ƒomevi ene. Ehiã be manɔ ɖeka me godoo, eye ɖeka ya me nɔnɔ vivia nunye.” Nɔviawo ƒe lɔlɔ̃ na wòle bɔbɔe na fukpela siawo be woado dzi ahasubɔ le nɔnɔme ɖesiaɖe me. Mido gbe ɖa ɖe wo ta. (Efesotɔwo 1:16) Migblɔ dzideƒonyawo, nya nyuiwo, akɔfanyawo na wo ɣesiaɣi le nɔnɔme ɖesiaɖe me. (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Ne esɔ eye wòanya wɔ la, mitsɔ wo de miaƒe teokrasi kple hadome nuwɔnawo me.
Toɖoɖo le Mawuvɔvɔ̃ me ƒe Yayrawo kple Viɖewo
De ŋugble le yayra kple viɖe siwo le toɖoɖo le mawuvɔvɔ̃ me ŋu gbesiagbe le aƒe si me mã le mawusubɔsubɔ gome. Dze agbagba nàɖo to. ‘Ðeɖi megate ŋuwò o.’ (Galatiatɔwo 6:9) Dzidodo le xaxawo me kple fu madzɔmadzɔwo kpekpe ‘le dzitsinya si vɔ̃a Mawu ta nye amenuveve’ le Mawu gbɔ. (Petro I, 2:19, 20) Ðo to vaseɖe afisi màna ta le Yehowa ƒe gɔmeɖose kple se dzɔdzɔeawo dzi wɔwɔ me o. Esia fia wɔwɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo dzi. Wò agbenyuinɔnɔ ate ŋu akpɔ srɔ̃wò, viwòwo, alo dziwòlawo ta gɔ̃ hã.—Korintotɔwo I, 7:16; Petro I, 3:1.
Ne èle akɔ kpem kple ƒome si me mã le mawusubɔsubɔ gome ƒe nudidiwo kple nusiwo wokpɔ mɔ be nàwɔ la, ɖo ŋku nuteƒewɔwɔ na Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ƒe vevienyenye dzi. Àte ŋu ana ta le nyaʋiʋli aɖewo me, gake nuteƒemawɔmawɔ fia tanana le nusianu kple agbe ŋutɔ hã me. Apostolo Paulo gblɔ be: “Mawu ƒo nu . . . kple míawo hã le ŋkeke mamletɔ siawo me le Via me, amesi wòɖo nuwo katã ƒe domenyila, amesi hã dzi wòto wɔ xexeame.” “Xɔxɔ gã sia” si anɔ susu me na wò ado ŋusẽ wò be nàɖo to.—Hebritɔwo 1:1, 2; 2:3.
Tenɔnɔ sesĩe kple wɔwɔ ɖe nɔnɔme kple dzidzenu nyuiwo dzi tamanamanae nye takpɔkpɔ blibo na mia kple srɔ̃wò dzimaxɔsetɔ la. Nuteƒewɔwɔ nana ƒomekadodo lia ke sesĩe. Lododowo 31:11 gblɔ le nyɔnu zãzɛ kple nuteƒewɔla ŋu be: “Srɔ̃a ɖoa dzi ɖe eŋu.” Agbe dzadzɛ nɔnɔ kple bubu deto dede srɔ̃wòŋutsu dzimaxɔsetɔa ŋu ate ŋu aʋu eƒe ŋku. Ate ŋu ana wòava xɔ Mawu ƒe nyateƒea.
Toɖoɖo le mawuvɔvɔ̃ me le vevie eye enye agbetakpɔkpɔ nyateƒe. Tsɔ esia de gbedodoɖa me le wò ƒomegbenɔnɔ me. Ana wò susu nadze akɔ anyi eye wòanye kafukafu na Yehowa.