Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Aleke Kristo Yesu ƒe nunɔlagã ƒe dɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Hebritɔwo 4:15, 16 la le vi ɖem na ‘alẽ bubuawo’ fifiae?
Togbɔ be gɔmesese vevi aɖe le Yesu ƒe Nunɔlagã ƒe dɔa ŋu na amesiwo anɔ anyi kplii le dziƒo hã la, Kristotɔ siwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le hã kpɔa viɖe tso Yesu ƒe nunɔlanyenye ƒe dɔwo me fifia.
Nuvɔ̃ do agba na amegbetɔwo tso Adam dzi ke. Míekpea fu le blibomademade si ƒe dome míenyi ta abe alesi Israel-viwo kpee ene. Wotrɔ ɖe nunɔlagãwo kple nunɔlatevi geɖe siwo va ɖe wo nɔewo yome ŋu, amesiwo saa vɔ ɖe woa ŋutɔwo ƒe nuvɔ̃wo kple dukɔa siaa tɔ ta. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wosi ami na Yesu abe nunɔla ene “le Melxizedek ƒe kɔa nu.” Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre megbe la, edo ɖe Yehowa ŋkume be wòatsɔ eƒe amegbetɔ deblibo ƒe vɔsa ŋuti asixɔxɔ ana.—Psalmo 110:1, 4.
Nukae esia fia mí egbea? Le Paulo ƒe agbalẽ si wòŋlɔ na Hebritɔwo me la, edzro Yesu ƒe subɔsubɔ abe Nunɔlagã ene la me. Le Hebritɔwo 5:1 la, míexlẽ be: “Nunɔlagã sia nunɔlagã, si wotsɔ tso amewo dome la, woɖoe anyi le amewo ta le Mawu ƒe dɔwo gome, bene wòatsɔ nunanawo kple numemewo ana le nuvɔ̃wo ta.” Eye le kpukpui 5 kple 6 lia me la, Paulo ɖee fia be Yesu zu nunɔlagã, si ate ŋu ahe viɖewo vɛ na mí.
Nukatae wòle nenema? Paulo ŋlɔe be: “Vi wònye hafi, gake wòsrɔ̃ toɖoɖo le fu, siwo wòkpe la me; eye esi wowɔe blibo la, ezu agbexɔxɔ mavɔ ƒe gɔmeɖola na amesiwo katã ɖoa toe.” (Hebritɔwo 5:8, 9) Gbã la, kpukpui ma anya na míaƒe susu nayi alesi míate ŋu akpɔ viɖe le xexe yeyea me dzi, esime amesiwo wɔ nuteƒe na Mawu kple Yesu akpɔ woƒe nuvɔ̃wo tsɔtsɔke ƒe viɖewo katã eye woana agbe mavɔ wo. Esia nye mɔkpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ si wotu ɖe Yesu ƒe vɔsa ƒe asixɔxɔ si naa ɖeɖe kple eƒe Nunɔlagã ƒe dɔ la dzi.
Gake le nyateƒe me la, eƒe Nunɔlagãnyenye ate ŋu aɖe vi na mí fifia hã. Se nya si Hebritɔwo 4:15, 16 gblɔ ɖa: “Menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mí o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o. Eyata minɛ míatsɔ dzideƒo ate va eƒe amenuvevezikpui la gbɔ, bene míaƒe asi nasu nublanuikpɔkpɔ dzi, eye míakpɔ amenuveve hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe.” Ɣekaɣie anye “hiahiãgbe” la? Eyae nye esime míehiã nublanuikpɔkpɔ kple amenuveve. Ele be wòahiã mí katã fifia le míaƒe blibomademade ta.
Hebritɔwo 4:15, 16 gblɔ be Yesu—si nye nunɔla le dziƒo fifia la—nye amegbetɔ kpɔ, eyata ate ŋu ase veve ɖe ame nu. Ðe amekawo nu? Ðe mía nu. Ɣekaɣi? Fifia. Esime Yesu nye amegbetɔ la, eto xaxa kple nuteɖeamedzi siwo me amegbetɔwo tona la me. Dɔ kple tsikɔ wu Yesu kpɔ. Eye togbɔ be ede blibo hã la, ɖeɖi te eŋu. Ele be ema nadzi míaƒe kakaɖedzi ɖe edzi. Nukatae? Esi ɖeɖi te Yesu ŋu kpɔ ta la, enya alesi míesena le mía ɖokui me zi geɖe. Ðo ŋku edzi be ehiã be Yesu nakpe akɔ kple ŋuʋaʋã ƒe dzrehehe siwo nɔ eƒe apostolowo dome la hã zi geɖe. (Marko 9:33-37; Luka 22:24) Ẽ, dzi ɖe le eƒo ɣeaɖewoɣi. Ðe mele be ema nana míaka ɖe edzi be ate ŋu ase nu gɔme na mí ne nusi míele mɔ kpɔm na meva eme o alo dzi ɖe le mía ƒo oa? Ele be wòanae mí godoo.
Ne dzi ɖe le ƒowò la, nukae nàte ŋu awɔ? Ðe Paulo gblɔ be ele be nàlala vaseɖe xexe yeyea me esime wò Nunɔlagã Yesu akpe ɖe ŋuwò nàde blibo le susu kple ŋutilã me vɔ hafia? Ao. Paulo gblɔ be: “Míakpɔ amenuveve hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe,” eye fifia hã le eme. Hekpe ɖe eŋu la, esime Yesu nye amegbetɔ la, ekpe fu eye wòto nɔnɔme sesẽwo me, eye “enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene.” Eyata ne míedo go nusiawo la, ele klalo be yeanɔ te ɖe alesi wòse nusi me tom míele gɔmee la dzi akpe ɖe mía ŋu. Ðe ema mena nète ɖe eŋu kplikplikpli oa?
Azɔ se nya si kpukpui 16 lia gblɔ. Paulo gblɔ be mí—eye esia ku ɖe amesiaminawo kple alẽ bubuawo alo ameha gã la me tɔwo siaa ŋu—be míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu aƒo nu kplii faa. (Yohanes 10:16) Menye ɖe apostoloa le gbɔgblɔm be míate ŋu agblɔ nya sia nya si dze mía ŋu ko le gbedodoɖa me faa, ne eganye dziku alo nya madzemadzewo hã o. Ke boŋ le Yesu ƒe vɔsa la kple Nunɔlagã ƒe dɔ si wɔm wòle ta la, míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu togbɔ be míenye nuvɔ̃wɔlawo gake.
Mɔ bubu si nu míaƒe Nunɔlagã Yesu Kristo ƒe dɔwo ate ŋu aɖe vi na mí fifia la ku ɖe míaƒe nuvɔ̃wo alo vodadawo ŋu. Kakaɖedzitɔe la, míele mɔ kpɔm be Yesu azã eƒe vɔsa ƒe asixɔxɔ ɖe mía ŋu bliboe le fifi nuɖoanyi sia me o. Ne ezãe ɖe mía ŋu kura hã la, agbe mavɔ masu mía si fifia o. Èɖo ŋku nudzɔdzɔ si ŋu Luka 5:18-26 ƒo nu tsoe le ŋutsu lãmetututɔ si ƒe aba woɖiɖi ɖe anyi to xɔta la dzia? Yesu gblɔ nɛ be: “Ame, wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò!” Mefia be nuvɔ̃ aɖewo koŋ siwo wòwɔe na wònɔ lãmetutudɔ lém o. Ate ŋu afia ŋutsua ƒe nuvɔ̃ ɖesiaɖe ƒomevi ko, eye va ɖo afi aɖe la, ate ŋu afia blibomademade si ƒe dome wònyi, si wɔa fu ame.
Yesu ate ŋu anɔ te ɖe vɔ si wòasa dzi, atsɔ ŋutsua ƒe nuvɔ̃wo ayii abe alesi Asasel-gbɔ̃ tsɔa Israel-viwo ƒe nuvɔ̃wo yinae le Avuléŋkekea dzii ene. (Mose III, 16:7-10) Gake amegbetɔ ko ŋutsu lãmetututɔa kpɔtɔ nye. (Romatɔwo 5:12; 6:23) Nya si Yesu gblɔ mefia be ŋutsua kpɔ agbe mavɔ enumake o. Ke boŋ woyra ŋutsua to eƒe nuvɔ̃wo tsɔtsɔ kee me vaseɖe afia aɖe le ɣeyiɣi ma me.
Azɔ bu nɔnɔme si me míele ŋu kpɔ. Esi míede blibo o ta la, míedaa vo gbesiagbe. (Yakobo 3:2) Nukae míate ŋu awɔ tso eŋu? Nunɔlagã si kpɔa nublanui la le mía si le dziƒo, amesi dzi míate ŋu ato ate ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me. Ẽ, abe alesi Paulo ŋlɔe ene la, mí katã míate ŋu “atsɔ dzideƒo ate va [Mawu ƒe] amenuvevezikpui la gbɔ, bene míaƒe asi nasu nublanuikpɔkpɔ dzi, eye míakpɔ amenuveve hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe.” Eyata nunɔlagã ƒe dɔ si wɔm Kristo le la le vi wɔnukuwo ɖem hekpe ɖe dzitsinya dzadzɛ ƒe amesinɔnɔ ŋuti na amesiwo katã nye alẽ bubuawo me tɔwo.
Kristotɔ siwo katã si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le ate ŋu akpɔ mɔ na viɖe siwo lolo wu le xexe yeye si le aƒe tum la me. Ɣemaɣi míaƒe Nunɔlagã si le dziƒo la awɔ eƒe vɔsa la ƒe asixɔxɔ bliboa ŋudɔ ana míakpɔ nuvɔ̃ tsɔtsɔke keŋkeŋ. Ahe viɖe gãwo wu hã vɛ to amewo ƒe ŋutilã me kple gbɔgbɔ me lãmesẽ gbɔ kpɔkpɔ me. Eye Yesu akeke hehenana Mawu ƒe ame siwo le anyigba dzi ɖe enu, elabena Se la fiafia nye agba gã aɖe si nɔ Israel-nunɔlawo dzi. (Mose III, 10:8-11; Mose V, 24:8; 33:8, 10) Eyata togbɔ be Yesu ƒe nunɔlanyenye le vi ɖem na mí fifia hã la, geɖe gale ŋgɔ míava kpɔ!