Ƒe Sia Ƒe Takpekpe—October 7, 1995
WOAWƆ Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania ƒe ƒe sia ƒe takpekpe le October 7, 1995 dzi, le Yehowa Ðasefowo ƒe Takpexɔ si le 2932 Kennedy Boulevard, Jersey City, New Jersey me. Woawɔ habɔbɔ sia me tɔwo ɖeɖeko ƒe kpekpe aɖe do ŋgɔ le ŋdi ga 9:30 me, eye le ema megbe la, woawɔ ƒe sia ƒe takpekpea ŋutɔ si woɖea mɔ be ame bubuwo hã nava la le ŋdi ga 10:00 me.
Habɔbɔa me tɔwo nana Agbalẽŋlɔla ƒe Dɔwɔƒea nanya adrɛs ƒe tɔtrɔ ɖesiaɖe si wowɔ le ƒe si va yi me la fifia ale be nyanyanagbalẽ kple amesiwo axɔ ɖe wo teƒe ne womate ŋu ava o la ƒe ŋusẽnagbalẽ siwo woɖona ɖe wo la naɖo wo gbɔ le July me.
Ele be woatrɔ ŋusẽnagbalẽ siwo woaɖo ɖe wo la kple ƒe sia ƒe takpekpea ƒe nyanyanagbalẽvia aɖo ɖe Habɔbɔa ƒe Agbalẽŋlɔla ƒe Dɔwɔƒea hafi August 1 nava yi. Habɔbɔa me tɔ ɖesiaɖe nakpe eƒe ŋusẽnagbalẽvi ɖo atrɔe aɖo ɖa enumake, eye wòagblɔe ne eya ŋutɔ ava takpekpea loo alo mava o. Ele be nyatakaka ɖesiaɖe si woagblɔ ku ɖe nya sia ŋu la me nakɔ nyuie, elabena eya dzie woanɔ te ɖo anya amesiwo ŋutɔ ava la ƒe xexlẽme.
Míele mɔ kpɔm be ɖoɖoawo katã, si me habɔbɔa ƒe dɔwɔnyawo kple nyatakakawo hã le la, awu enu le ŋdɔ ga 1:00 me alo le ema megbe teti. Ŋdɔ me takpekpe manɔ anyi o. Esi nɔƒe mesɔ gbɔ o ta la, amesiwo wona amekpegbalẽviwoe koe ava. Womawɔ ɖoɖo aɖeke be woato telefonkadodo dzi ase ƒe sia ƒe takpekpea le takpexɔ bubuwo me o.