INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 8/1 axa 3-4
  • Ɣeyiɣiawo Trɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ɣeyiɣiawo Trɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Wònye Kpɔɖeŋu Nyui Nàsrɔ̃a, Alo Nuxlɔ̃amekpɔɖeŋue?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Amesiwo Ahedada De Gae
    Nyɔ!—1998
  • Agbagbadzedze Be Woaɖe Ahedada Ða
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Ahedada ƒe Nuwuwu Gogo
    Nyɔ!—1998
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 8/1 axa 3-4

Ɣeyiɣiawo Trɔ

ALEKE gbegbe agbenɔnɔ le blema Israel le nuteƒewɔla Fia Salomo ƒe dziɖuɖu nyui la te avivii enye si! Ŋutifafa, nudzedziname, kple dzidzɔkpɔkpɔ nɔ anyi ɣemaɣi. Ɣeyiɣi si me Salomo do tadedeagu vavãtɔ ɖe ŋgɔ vevie me la, Yehowa yra dukɔa geɖe. Menye kesinɔnu koe Mawu na Fia Salomo fũ o ke etsɔ “dzi nyanu, si sea nu gɔme la” nɛ bene Salomo nate ŋu aɖu dzi le dzɔdzɔenyenye kple lɔlɔ̃ me. (Fiawo I, 3:12) Biblia gblɔ be: “Anyigba dzi fiawo katã di Salomo ŋku me, be yewoakpɔ, ne yewoase eƒe nunya, si Mawu de dzi me nɛ la.”—Kronika II, 9:23.

Yehowa tsɔ dedienɔnɔ, ŋutifafa, kple nu nyuiwo ɖi ƒo na dukɔ lae taŋ. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Yuda kple Israel sɔ gbɔ abe ƒutake ene; woɖua nu, noa nu, eye wokpɔa dzidzɔ.” Le agbenɔnɔ ŋutɔŋutɔ kple le kpɔɖeŋumɔ nu la, dukɔ la “dome amesiame nɔ eƒe weinka kple gboti te bɔkɔɔ . . . le Salomo ƒe agbe me ŋkekewo me.”—Fiawo I, 4:20; 5:5.

Ɣeyiɣiawo trɔ. Agbenɔnɔ egbea to vovo na gbaɖegbe dzidzɔkpɔɣi mawo sãsãsã. Hiãkamee nye kuxi sesẽtɔ egbea, evɔ menɔ alea le Salomo ŋɔli o. Hiãkame le dukɔ deŋgɔwo gɔ̃ hã me. Le kpɔɖeŋu me, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ŋgɔyidɔwo Dzikpɔha de dzesii be le United States kple Europa-dukɔwo ƒe Habɔbɔa me la, hiã ka wo dometɔ siwo ade 15 kloe le alafa me.

The State of the World’s Children 1994 si nye UNICEF (Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo ƒe Nyagbɔkpɔha) ƒe xexeame katã ŋuti nyatakaka aɖe gblɔ be amesiwo le xexeame ƒe akpa atɔ̃liawo ƒe ɖeka da ahe kolikoli, eye wògagblɔ be hiãtɔ siwo le xexeame ƒe akpa gãtɔ ƒe agbenɔnɔ “le sesẽm ɖe edzi mɔkpɔkpɔmanɔŋutɔe.”

Le dukɔ aɖewo me la, nuwo ƒe asixɔxɔ na hiãtɔwo gale fu kpem wu. Nyɔnu aɖe si le Afrika-dukɔ aɖe me gblɔ be: “Àkpɔ nane le asime agblɔ be, ‘Oo, mava tsɔ ga le aƒeme ava ƒlee.’ Kaka nàtrɔ gbɔ le gaƒoƒo ɖeka megbe ko woagblɔ na wò be wò ga mede o elabena fifi laa ko wogada ɖe edzi. Nuka wɔ ge nàla? Esesẽ ŋutɔ.”

Nyɔnu bubu si hã tso afima gblɔ be: ‘Be míatsi agbe la, míeɖea nuhiahiã bubuwo le susu me. Alesi míawɔ akpɔ nu aɖu ŋu koe míebuna fifia.’

Dukɔ Ƒoƒuawo gblɔ be etsɔme manyo kura o. Le kpɔɖeŋu me, UNICEF bu akɔnta be ne alesi amewo le agbɔ sɔmee fifia ayi edzi nenema la, ame dahewo ƒe xexlẽme adzi ɖe edzi zi gbɔ zi ene le “agbenɔɣi ɖeka ko” me.

Gake togbɔ be ganyawo kple hadomegbenɔnɔ le gbegblẽm ɖe edzi hã la, mɔkpɔkpɔ le Mawu subɔlawo ya si. Togbɔ be amesiwo si etsɔme mɔkpɔkpɔ nyui aɖeke mele o domee Mawu subɔlawo le hã la, wotsɔa dzidzɔ kple kakaɖedzi kpɔa mɔ na etsɔme. Nyati si kplɔe ɖo aɖe nusitae la me.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

De Grunne/Sipa Press

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe