INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 8/15 axa 12-17
  • Amekpekpe Si Me Lɔlɔ̃ Le Na Amesiwo Gbɔdzɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amekpekpe Si Me Lɔlɔ̃ Le Na Amesiwo Gbɔdzɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amesiwo ‘Le Agbagba Dzem eye Agba Le Wo Wum’
  • Nusi Koŋ He Nɔnɔme Sesẽawo Vɛ
  • Yesu ƒe Amekpekpe Egbea
  • Gbɔdzɔe Kple Dzudzɔ
  • “Miva Gbɔnye, . . . Eye Nye La, Mana Gbɔdzɔe Mi”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Gbɔdzɔekpɔkpɔ Tso Nuteɖeamedzi Me—Eƒe Mɔnu Nyui Aɖe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Nu Ka Tae Míaƒo Ƒu Ðekae?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Yesu Do Baba Na Dzidzime Sẽdzime Aɖe
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 8/15 axa 12-17

Amekpekpe Si Me Lɔlɔ̃ Le Na Amesiwo Gbɔdzɔ

“Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la mana dzudzɔ mi.”—MATEO 11:28.

1. Nukae Yesu kpɔ le Galilea le eƒe gbeƒãɖeɖe ƒe mɔzɔzɔ etɔ̃lia me?

LE ƑE 32 M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, Yesu nɔ eƒe gbeƒãɖeɖe ƒe mɔ etɔ̃lia zɔm le Galilea-nutoa me. Eto duawo kple kɔƒeawo me “hele nu fiam le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle fiaɖuƒe la ŋutinya nyui la gblɔm hele dɔlélewo kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa.” Esi wònɔ esia wɔm la, ekpɔ amehawo, eye “eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋuti; elabena woƒe lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene.”—Mateo 9:35, 36.

2. Aleke Yesu kpe ɖe ameawo ŋui?

2 Gake Yesu wɔ nu geɖe wu eƒe dɔme si trɔ ɖe amehawo ŋu ko. Esi wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa na Yehowa Mawu, “nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la” megbe la, edɔ wo be woayi aɖakpe ɖe amewo ŋu. (Mateo 9:38; 10:1) Emegbe egblɔ alesi eya ŋutɔ ka ɖe mɔ si dzi ameawo ato akpɔ gbɔɖeme kple akɔfafa vavãtɔe dzi na wo. Ekpe wo dzidzɔtɔe be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la mana dzudzɔ mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo.”—Mateo 11:28, 29.

3. Nukatae Yesu ƒe amekpekpea faa dzi na ame egbea hã?

3 Egbea míele ɣeyiɣi si me ame geɖe senɛ le wo ɖokui me be agba wu yewo la me. (Romatɔwo 8:22; Timoteo II, 3:1) Le ame aɖewo gome la, nusi ŋu woanɔ agbe ɖo didi ɖeɖe xɔa woƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ ale gbegbe be womegakpɔa ɣeyiɣi ɖe woƒe ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo, alo nu bubu aɖeke ŋu kura o. Dɔléle sesẽwo, fukpekpewo, nuteɖeamedzi, kple ŋutilã me kpakple seselelãme kuxi bubuwo do agba na ame geɖe. Esi ame aɖewo xaxa ta la, wotenɛ kpɔna be yewoakpɔ gbɔdzɔe to wo ɖokui nyɔnyrɔ̃ ɖe vivisese yomenɔnɔ, nuɖuɖu, ahanono, kple atike vɔ̃ɖiwo gɔ̃ hã zazã me vĩ. Gake nɔnɔme siwo vɔ̃ɖi wu me koe esia kplɔa wo denɛ, eye wòdzia woƒe kuxiwo kple dzodzodzoetsitsiwo ɖe edzi. (Romatɔwo 8:6) Edze ƒã be Yesu ƒe amekpekpe lɔlɔ̃tɔe la doa dzidzɔ na ame egbea abe alesi wòdo dzidzɔ na amewo ɣemaɣi ene.

4. Nyabiabia kawo mee wòle be míadzro ale be míakpɔ viɖe tso Yesu ƒe amekpekpe lɔlɔ̃tɔe la me?

4 Gake nukawo tee amewo nɔ le Yesu ƒe ŋkekea me, si na wodze amesiwo ƒe “lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ,” si na Yesu ƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu? Agba kawoe wòle be woatsɔ, eye aleke Yesu ƒe amekpekpea akpe ɖe wo ŋui? Nyabiabia siawo ƒe ŋuɖoɖo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ŋutɔ be alesi Yesu kpe amesiwo gbɔdzɔe la naɖe vi na mí.

Amesiwo ‘Le Agbagba Dzem eye Agba Le Wo Wum’

5. Nukatae wòsɔ be apostolo Mateo ye ka nya ta le Yesu ƒe subɔsubɔdɔ me nudzɔdzɔ sia ŋu?

5 Enyo be míade dzesii be Mateo koe ka nya ta le Yesu ƒe subɔsubɔdɔ me nudzɔdzɔ sia ŋu. Esi Mateo, si wogayɔna hã be Lewi, nye nudzɔla kpɔ ta la, enya nu tso agba aɖe si nɔ ameawo dzi la ŋu nyuie. (Mateo 9:9; Marko 2:14) Agbalẽ si nye Daily Life in the Time of Jesus gblɔ be: “Adzɔ siwo [wònɔ na Yudatɔwo be] woatsɔ ga axe alo woadzɔ nu bubuwo ɖe wo teƒe la lolo ŋutɔ, eye nusi na wòganye agba kpekpe wue nye be wonɔ adzɔ ƒomevi eve xɔm le wo si, dukɔa ƒe adzɔwo kple mawusubɔsubɔ me adzɔwo; eye wo dometɔ aɖeke mele bɔbɔe o.”

6. (a) Adzɔxɔxɔ ƒe ɖoɖo kae nɔ anyi le Yesu ƒe ɣeyiɣia me? (b) Nukata ŋkɔ gbegblẽ nɔ adzɔxɔlawo ŋu nenema gbegbe? (d) Nuka dzie Paulo kpɔ be ehiã be yeaɖo ŋkui na ehati Kristotɔwo?

6 Nusi gana esiawo katã zu agba kpekpe wue nye adzɔxɔxɔ ƒe ɖoɖo si nɔ anyi ɣemaɣi. Roma-dziɖuɖumegãwo dzraa adzɔxɔxɔ ƒe ŋusẽa na amesiwo na ga gbogbotɔ ɖe dɔ ma wɔwɔ ta. Woawo hã xɔa amewo le wo gbɔ nutowo me be woakpɔ adzɔxɔdɔa ŋutɔ dzi. Adzɔxɔxɔ ƒe ɖoɖo sia me tɔ ɖesiaɖe se le eɖokui me be ye tɔ dzɔ be yeaka ga akpe ɖe yeƒe fetu, alo gome ŋuti. Le kpɔɖeŋu me, Luka gblɔ be “ŋutsu aɖe, si ŋkɔ woyɔna be Zaxeo la li, eye wònye nudzɔlawo ƒe amegã ganye kesinɔtɔ hã.” (Luka 19:2) Anye be “nudzɔlawo ƒe amegã” Zaxeo kple eteviwo tafa ameawo tsɔ kpɔ gae. Ŋlɔmiwɔwɔ kple nugbegblẽwɔwɔ si ɖoɖo sia he vɛ la na ameawo bu nudzɔlawo nuvɔ̃wɔla kple gbolowoe, eye ɖewohĩ wo dometɔ geɖe dze be woabu wo nenema. (Mateo 9:10; 21:31, 32; Marko 2:15; Luka 7:34) Esi ameawo see le wo ɖokui me be agba kpekpe si wu tsɔtsɔ kloe ye le yewo dzi ta la, mewɔ nuku o be apostolo Paulo kpɔe be ehiã be yeaɖo ŋku edzi na ye hati Kristotɔwo be woagadze aglã le Romatɔwo ƒe kɔkuti la te o, ke boŋ ‘woatu fe na amesiame, alesi dze; amesi tɔ nye nudzɔdzɔ la, woadzɔ nu nɛ; amesi tɔ nye adzɔnana la, woana adzɔe.’—Romatɔwo 13:7a; tsɔe sɔ kple Luka 23:2.

7. Aleke Romatɔwo ƒe to hehe na ame gado agba na ameawo ɖe edzii?

7 Paulo ɖo ŋku edzi hã na Kristotɔwo be “amesi dze vɔvɔ̃ la, mivɔ̃e; amesi dze bubu la, mibui.” (Romatɔwo 13:7b) Wonya Romatɔwo be wosẽa ŋuta eye wohea to sesẽwo na ameawo. Zi geɖe la, wotsɔa ati kple atam ƒoa amee, wodea amewo mɔ hetsoa afia sesẽwo na wo, eye wowua amewo be woatsɔ abɔbɔ ameawo ɖe wo te. (Luka 23:32, 33; Dɔwɔwɔwo 22:24, 25) Wona ŋusẽ Yudatɔwo ƒe kplɔlawo gɔ̃ hã be woahe to na amewo alea alesi dze wo ŋu. (Mateo 10:17; Dɔwɔwɔwo 5:40) Edze ƒã be ɖoɖo sia nye amedzizizi sesẽtɔ kekeake kple ameteteɖeanyi tẽ gɔ̃ hã na amesiame si nɔ ete.

8. Aleke subɔsubɔhakplɔlawo do agba na ameawoe?

8 Gake nusi vloe wu Romatɔwo ƒe adzɔxɔxɔ kple sewoe nye agba si subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi ɣemaɣi do na ame tsɛwo. Le nyateƒe me la, edze abe esia ŋue Yesu tsi dzi ɖo wu ene esi wògblɔ be ameawo le ‘agbagba dzem eye agba le wo wum.’ Yesu gblɔ be le esi teƒe be subɔsubɔhakplɔlawo nana mɔkpɔkpɔ kple akɔfafa amesiwo wote ɖe anyi la, “wodoa agba kpekpe, siwo wu tsɔtsɔ la, hetsɔna ɖoa amewo ƒe abɔta; gake woawo ŋutɔ melɔ̃na be, woƒe asibide ɖeka naka wo ŋu o.” (Mateo 23:4; Luka 11:46) Alesi Nyanyuiawo ɖɔ subɔsubɔhakplɔlawo—vevietɔ agbalẽfialawo kple Farisitɔwo—vodadamanɔmee be wonye dadalawo, ŋutasẽlawo, kple alakpanuwɔlawo la dze ƒã. Wobua ame tsɛwo agbalẽmanyalawo kple ame makɔmakɔwoe, eye wodoa vlo amedzro siwo le wo dome. Woƒo nu tso woƒe nɔnɔme ŋu be: “Fifia ne ame aɖe gado agba na sɔ akpa la, adze se me. Ke amesi tsɔ se 613 do agba na ‘ame tsɛ’ siwo womena mawusubɔsubɔ ƒe hehe aɖekee o; eye emegbe wobua wo mawumavɔ̃lawoe esi womewɔ naneke be woatsɔ akpe ɖe wo ŋu o la ya ɖe?” Le nyateƒe me la, menye Mose ƒe Sea ye nye agba la o, ke kɔnyinyi gbogbo siwo woli kɔ ɖe ameawo dzi koŋue.

Nusi Koŋ He Nɔnɔme Sesẽawo Vɛ

9. Aleke nɔnɔme siwo me ameawo nɔ le Yesu ƒe ɣeyiɣia me to vovo na alesi nuwo nɔ le Fia Salomo ƒe ŋkekea mee?

9 Ɣeaɖewoɣi la, agba si wodona na wo le ŋutilã me la kpena ale gbegbe be enaa ame geɖe zu kotɔwoe. Enɔ na Israel-viwo be woaxe adzɔ siwo woɖo le Mose ƒe Sea te si melolo fũ o. Emegbe le Salomo ƒe dziɖuɣi la, ameawo dzɔ nu wotsɔ kpɔ dukɔa ƒe dɔ gã siwo bia nu geɖe abe gbedoxɔa kple xɔ gã bubuwo tutu ene gbɔe. (Fiawo I, 7:1-8; 9:17-19) Gake Biblia gblɔ na mí be dukɔ la “[ɖua] nu, noa nu, eye wokpɔa dzidzɔ. . . . Eye Yuda kple Israel dome amesiame nɔ eƒe weinka kple gboti te bɔkɔɔ tso Dan vaseɖe Beer-Seba le Salomo ƒe agbe me ŋkekewo me.” (Fiawo I, 4:20; 5:5) Nukae na nɔnɔmea to vovo?

10. Nukae he nɔnɔme si me Israel nɔ le ƒe alafa gbãtɔ me vɛ?

10 Le ɣeyiɣi siwo me dukɔa lé fɔ ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu la, Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu eye wòtsɔ dedienɔnɔ kple dzidzedzekpɔkpɔ yra woe togbɔ be wozã nu geɖe ɖe dukɔa ƒe dɔwo ŋu hã. Gake Yehowa xlɔ̃ nu wo be ne ‘wode megbe le ye ŋu eye womelé yeƒe sewo me ɖe asi o la,’ dzɔgbevɔ̃e dziŋɔwoe aɖi kpe wo. Le nyateƒe me la, “Israel azu hamelo kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome.” (Fiawo I, 9:6, 7) Nenema tututue wòva dzɔe. Israel va nɔ dukɔ bubu ƒe dziɖuɖu te, eye ŋutikɔkɔe ƒe fiaɖuƒe si nɔ anyi tsã la trɔ zu dukɔ si dzi dutadziɖuɖuwo ɖuna. Aɖabaŋeŋe ƒu gbɔgbɔmegbanɔamedziwo dzi me tsonu dziŋɔ kae nye si!

11. Nukatae Yesu see le eɖokui me be ameawo ƒe “lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene”?

11 Esiawo katã kpe ɖe mía ŋu míese nusita Yesu se le eɖokui me be amesiwo yekpɔ la ƒe “lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ” la gɔme. Yehowa ƒe amewoe Israel-vi siawo nye, amesiwo ne míagblɔe gbadzaa la, wonɔ agbagba dzem be yewoanɔ agbe ɖe Mawu ƒe sewo nu ahade ta agu le mɔ nyuitɔ nu. Gake menye dunyahehe kple asitsatsa dziɖuɖuwo koe wɔ ŋlɔmi le wo ŋu hete wo ɖe anyi o, ke subɔsubɔhakplɔla xɔsegbela siwo le wo dome hã wɔe. Wonɔ abe “alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene” elabena ame aɖeke meli alé be na wo alo aʋli wo ta o. Wohiã na kpekpeɖeŋu be woakpe akɔ kple nɔnɔme sesẽ ŋutɔwo. Aleke gbegbe Yesu ƒe amekpekpe lɔlɔ̃tɔe si faa dzi na ame la sɔ ɖe ɣeyiɣia nui enye si!

Yesu ƒe Amekpekpe Egbea

12. Nyaƒoɖeamenu kawoe Mawu subɔlawo kple dzinyuitɔ bubuwo sena le wo ɖokui me egbea?

12 Nɔnɔmeawo sɔ kple egbetɔwo le mɔ geɖe nu. Dzinyuitɔ siwo le agbagba dzem be yewoanye anukwareɖilawo la kpɔe be nuɖoanyi gbegblẽ sia ƒe nyaƒoɖeamenu kple nuhiahiãwo wu tsɔtsɔ na yewo. Womeɖe amesiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa gɔ̃ hã le eme o. Nyatakakawo ɖee fia be ele sesẽm ɖe edzi na Yehowa subɔla aɖewo be woatsɔ woƒe agbanɔamedziwo katã, togbɔ be wodi be yewoatsɔ wo hã. Wosenɛ le wo ɖokui me be agba wu yewo, ɖeɖi te yewo ŋu, eye yewogbɔdzɔ. Ame aɖewo gɔ̃ hã senɛ le wo ɖokui be anye gbɔdzɔe na yewo ne ɖe yewoate ŋu aɖe ta le agbanɔamedzi ɖesiaɖe te ahabu le amewo dome vie ale be yewoavo vie le susu me. Ðe nèse le ɖokuiwò me nenema kpɔa? Ðe wò ame nyanyɛ aɖe le nɔnɔme ma mea? Ẽ, gɔmesese geɖe le Yesu ƒe amekpekpe dodzidzɔname la ŋu na mí ŋutɔ egbea.

13. Nukata míate ŋu aka ɖe edzi be Yesu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ gbɔdzɔe kple dzudzɔ?

13 Hafi Yesu nagblɔ eƒe amekpekpe si me lɔlɔ̃ le la, egblɔ be: “Fofonye tsɔ nuwo katã de asi nam; eye ame aɖeke menya Vi la kpɔ o, negbe Fofo la ko; eye ame aɖeke menya Fofo la hã kpɔ o, negbe Vi la ko, kple amesi ke Vi la lɔ̃ bena, yeaɖee afiae.” (Mateo 11:27) Ƒomedodo kplikplikpli si le Yesu kple Fofoa dome na míeka ɖe edzi be ne míewɔ ɖe Yesu ƒe amekpekpea dzi va zu eƒe nusrɔ̃lawo la, ƒomedodo kplikplikpli ava nɔ mía kple Yehowa, “akɔfafawo katã ƒe Mawu la,” dome. (Korintotɔwo II, 1:3; tsɔe sɔ kple Yohanes 14:6.) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi ‘wotsɔ nuwo katã de asi na’ Yesu Kristo ta la, eya ko sie ŋutete kple ŋusẽ le be wòaɖe le míaƒe agbawo dzi. Agba kawo? Agba siwo dunyahehe, asitsatsa, kple mawusubɔsubɔ nuɖoanyi gbegblẽwo do na mí kpakple esiwo nuvɔ̃ kple blibomademade siwo dome míenyi he vɛ na mí lae. Dzideƒo kple kakaɖedzi nya kae nye si wògblɔ tsɔ dze nya la gɔmee!

14. Dagbadagba ka mee Yesu naa dzudzɔ ame le?

14 Yesu yi edzi gblɔ be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la mana dzudzɔ mi.” (Mateo 11:28) Edze ƒã be menye dɔsesẽwɔwɔ ŋue Yesu ƒo nu tsitre ɖo o, elabena eɖo aɖaŋu na eƒe nusrɔ̃lawo enuenu be woado vevie nu le dɔ si wɔm wole me. (Luka 13:24) Gake ‘agbagbadzedze’ (“dagbadagba,” Kingdom Interlinear) fia dɔ sesẽ wɔwɔ ɣeyiɣi didi, si me womekpɔa nu boo aɖeke tsonɛ zi geɖe o. Eye nusi ‘agbawuame’ fiae nye be woado agba na ame wu alesi wòate ŋu atsɔ. Míate ŋu atsɔ vovototo si le eme la asɔ kple ŋutsu si le tome kum hele nu xɔasi aɖe dim kple amesi le ʋewo ɖem le asaɖa si me wotsɔa dɔsesẽwɔwɔ hea to na ame le. Dɔ sesẽ ɖeka tɔgbe wɔm wole. Ame ɖeka tsɔ didi vevie le dɔa wɔm, gake ame kemea ya tɔ nye dɔ sesẽ tikɔname wɔwɔ si nuwuwu meli na o. Tameɖoɖo si le dɔa ŋu alo ɖeke si mele eŋu o ye nye vovototoa.

15. (a) Nya kawoe wòle be míabia mía ɖokui ne míekpɔ be míetsɔ agba kpekpe? (b) Nukae míate ŋu agblɔ le nusi gbɔ míaƒe agbawo tso ŋu?

15 Ðe nèse le ɖokuiwò me be yele ‘dagbadagbam eye agba le ye wum’ ale gbegbe be nu geɖe le yeƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ xɔm akpaa? Ðe agba siwo tsɔm nèle la le kpewòma? Ne nenemae la, ke anyo be nàbia ɖokuiwò be, ‘Nukae mele agbagba dzem be makpɔ? Agba ka ƒomevie metsɔ?’ Biblia me nyawo me ɖela aɖe gblɔ le esia ŋu ƒe 80 kple vɔe nye sia be: “Ne míebu nusiwo doa agba na mí le agbe me ŋu la, womã ɖe hatsotso eve me; míayɔ wo be wonye esiwo mía ŋutɔ míehe va mía ɖokui dzi kple esiwo ŋu míate ŋu awɔ naneke le o: Esiwo tso mía ŋutɔ ƒe nuwɔna gbɔ, kple esiwo metso míaƒe vodada me o.” Azɔ egblɔ kpe ɖe eŋu be: “Awɔ nuku na mía dometɔ geɖe ne míedzro mía ɖokui me nyuie hekpɔe be mía ŋutɔwoe do agbawo ƒe akpa gãtɔ na mía ɖokui.”

16. Agba kawoe ɖewohĩ míado na mía ɖokui nunya manɔmee?

16 Nukawoe nye agba siwo míado na mía ɖokui la dometɔ aɖewo? Egbea míele ŋutilãmenudidi, vivisese yomenɔnɔ, kple agbegbegblẽnɔnɔ ƒe xexe me. (Timoteo II, 3:1-5) Woƒoa nya ɖe Kristotɔ ɖeadzɔgbewo gɔ̃ hã nu ɣesiaɣi be woado awu ahanɔ agbe wòaɖi xexeame. Apostolo Yohanes ŋlɔ nu tso “ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo” ŋu. (Yohanes I, 2:16) Esiawo nye nusiwo kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi si ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu bɔbɔe. Míenyae be ame aɖewo lɔ̃ nyi fe gãwo ale be woakpɔ gome le xexeame ƒe vivisesewo me alo be woanɔ agbe ƒomevi aɖe. Emegbe wova kpɔnɛ be ele be yewoazã ɣeyiɣi gbogbo aɖe atsɔ awɔ dɔe, alo woawɔ dɔ le teƒe geɖe, be woakpɔ ga axe wo ŋu fewo.

17. Nɔnɔme kae ate ŋu ana agba la tsɔtsɔ nasesẽ ɖe edzi, eye aleke míakpɔ esia gbɔe?

17 Togbɔ be ame aɖe abu be menye nu gbegblẽ wònye be nusiwo le ame bubuwo si nanɔ ye si alo awɔ nusiwo wɔm ame bubuwo le o hã la, ele vevie be wòadzro eme akpɔ be ɖe yele agba si mehiã hafi o dom na ye ɖokui hã. (Korintotɔwo I, 10:23) Esi wònye agba kpekpeme aɖe koe ame ate ŋu atsɔ ta la, ele be wòadro ɖewo ɖi hafi ate ŋu atsɔ bubu. Zi geɖe la, nusiwo hiã na míaƒe gbɔgbɔmededienɔnɔ—ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃, kpekpewo dede, kple gbeadzisubɔsubɔdɔ—boŋ ŋue míeɖea asi le. Emetsonue nye be ŋusẽ megava nɔa mía ŋu le gbɔgbɔ me o, si ne edzɔ nenema la, enaa agba la tsɔtsɔ gasesẽna wu. Yesu Kristo xlɔ̃ nu le afɔku sia ŋu esime wògblɔ be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o.” (Luka 21:34, 35; Hebritɔwo 12:1) Asesẽ be woakpɔ mɔ̃ adze sii ahaƒo asa nɛ ne agba wu ame eye ɖeɖi te eŋu.

Gbɔdzɔe Kple Dzudzɔ

18. Nukae Yesu naa amesiwo vaa egbɔ?

18 Eyata Yesu na egbɔkpɔnua mí lɔlɔ̃tɔe be: “Mite va gbɔnye, . . . eye nye la mana dzudzɔ mi.” (Mateo 11:28) Nya siwo nye “dzudzɔ” si wozã le afisia kple “dzudzɔ” si le kpukpui 29 lia me la tso Helagbe me nya siwo sɔ kple nya si Septuagint ƒe gɔmeɖeɖea zãna na “dzudzɔgbe” la alo “dzudzɔgbe ɖuɖu” le Hebrigbe me. (Mose II, 16:23) Eyata Yesu medo ŋugbe be amesiwo ava ye gbɔ la magawɔ dɔ o, ke boŋ edo ŋugbe be yeana woadzudzɔ ale be woasu te na dɔ si wòle be woawɔ wòasɔ kple Mawu ƒe tameɖoɖo la wɔwɔ.

19. Aleke ‘woava Yesu gbɔe’?

19 Gake aleke ‘wovaa Yesu gbɔe’? Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ne ame aɖe lɔ̃ bena, yeanɔ yonyeme la, negbe nu le eya ŋutɔ ɖokui gbɔ, ne wòatsɔ eƒe [fuwɔameti], eye wòadze yonyeme.” (Mateo 16:24) Eyata Yesu gbɔ vava bia be woatsɔ Mawu kple Kristo ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ na ame ŋutɔ tɔ, eye woaxɔ agbanɔamedzi aɖewo atsɔ ɣesiaɣi. Ðe esiawo katã bia nu geɖe akpa tso ame sia? Ðe nusi wòabia be nàwɔ la kɔkɔ akpaa? Mina míadzro nya si Yesu gblɔ esi wòkpe amesiwo ŋu ɖeɖi te lɔlɔ̃tɔe vɔ megbe me akpɔ.

Àte Ŋu Aɖo Ŋku Wo Dzia?

◻ Mɔ kawo nue wodo agba na amewo le le Yesu ƒe ŋkekea me?

◻ Nuka koŋ gbɔe nɔnɔme sesẽ si me ameawo nɔ la tso?

◻ Aleke wòle be míadzro mía ɖokui mee ne míese le mía ɖokui me be agba wu tsɔtsɔ na mí?

◻ Agba kawoe míate ŋu ado na mía ɖokui nunya manɔmee?

◻ Aleke míawɔ axɔ dzudzɔ si ƒe ŋugbe Yesu do la?

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Nukawoe nye agba siwo ɖewohĩ míado na mía ɖokui la dometɔ aɖewo?

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 15]

Le Bahamas Ministry of Tourism ƒe mɔɖeɖe nu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe