Nusi Wòle Be Nànya le Ŋuʋaʋã Ŋu
NUKAE nye ŋuʋaʋã? Enye seselelãme sesẽ aɖe si ate ŋu ana woatsi dzimaɖi, alé blanui, alo ado dziku. Ne ame aɖe kpɔ dzidzedze le dɔwɔna aɖe me wu mí la, míate ŋu aʋã ŋui. Alo ne wokafu mía nɔvi aɖe wu mí la, míaʋã ŋui. Gake ɣesiaɣi koe ŋuʋaʋã nyea nu gbegblẽa?
Amesiwo me ŋuʋaʋã xɔ aƒe ɖo la, bua nazã ɖe amesiwo dze abe wole nu ɖeka ʋlim kpli wo ene la ŋu. Blema Israel Fia Saul nye esia ƒe kpɔɖeŋu aɖe. Gbã eƒe adekplɔvi Dawid ƒe nu lé dzi nɛ, eye wòdoe ɖe ŋgɔ be wòanɔ aʋawɔlawo nu gɔ̃ hã. (Samuel I, 16:21; 18:5) Ke gbeɖeka Fia Saul se nyɔnuwo nɔ Dawid kafum be: “Saul wu akpe, Dawid wu akpe nane!” (Samuel I, 18:7) Mele be Saul naɖe mɔ esia nagblẽ wo kple Dawid dome ƒomedodo me hafi o. Gake edo dziku. “Tso gbemagbe dzi Saul va Dawid kpɔ ge ɖe ƒomevii.”—Samuel I, 18:9.
Manye ɣesiaɣie ŋuʋãla adi vɔ̃e na ame o. Ðeko ehavi ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ave dɔme nɛ eye wòadi vevie be ye kplii ƒe nuwɔna alo nɔnɔmewo nasɔ. Le go bubu me la, ne ŋuʋaʋã ƒomevi vɔ̃ɖi aɖe le ame me la, anɔ ŋu biãm amewo. Ŋubiãla media nyui na amesi wòle ŋu ʋãmee o alo adi be dzɔgbevɔ̃e nadzɔ ɖe edzi. Ɣeaɖewoɣi la, ŋubiãla mete ŋu ɣlaa eƒe seselelãmewo o. Ewɔnɛ be wòwɔa nuvevi ame bubu gaglãa abe alesi Fia Saul di be yeawu Dawid ene. Saul da akplɔ be “yeatɔ Dawid amimi ɖe gli ŋu” wu zi ɖeka.—Samuel I, 18:11; 19:10.
Àgblɔ be, ‘Gake nyemeʋãa ŋu o ɖe.’ Nyateƒee, ŋuʋaʋã makpɔ ŋusẽ ɖe wò agbe dzi keŋkeŋ o. Gake ŋuʋaʋã gblẽa nu le mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu le go aɖewo me—mía ŋutɔwo míaƒe ŋuʋaʋã kple ame bubuwo tɔ. Togbɔ be míakpɔ ame bubuwo ƒe ŋuʋaʋã adze sii kaba hã la, mía ŋutɔwo tɔ menya kpɔna kaba na mí o.
‘Ŋuʋaʋã ƒe Nɔnɔme’
Amegbetɔ nuvɔ̃me si ƒe nuŋlɔɖi le Mawu ƒe Nya, Biblia me la, na be wosea ŋubiabiã ƒe nuvɔ̃wo gɔme zi geɖe. Èɖo ŋku Kain kple Abel ƒe ŋutinya la dzia? Adam kple Xawa vi eve siawo sa vɔ na Mawu. Abel sa vɔa le xɔse si le esi ta. (Hebritɔwo 11:4) Exɔ Mawu dzi se be ŋutete le esi wòana eƒe tameɖoɖo wɔnuku si ku ɖe anyigba ŋu la nava eme. (Mose I, 1:28; 3:15; Hebritɔwo 11:1) Abel xɔe se hã be Mawu atsɔ agbe aɖo eteƒe na nuteƒewɔlawo le Paradisonyigba si ava la me. (Hebritɔwo 11:6) Eyata Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe Abel ƒe vɔsa la ŋu. Ne ɖe Kain lɔ̃ nɔvia nyateƒe la, akpɔ dzidzɔ be Mawu yra Abel. Ðe eteƒe la, Kain “bi dzi ŋutɔ.”—Mose I, 4:5.
Mawu de dzi ƒo na Kain be wòawɔ nu nyui be woayra eya hã. Mawu xlɔ̃ nui yi edzi be: “Ne mèwɔ nyui o la, ekema nuvɔ̃ de xa ɖe ʋɔtru nu, eye wòɖo tame aɖe ɖe ŋuwò; ke wò la ɖu edzi!” (Mose I, 4:7) Nublanuitɔe la, Kain meɖu ŋuʋaʋã ƒe dziku si le eme la dzi o. Ena be wòwu nɔvia si nye ame dzɔdzɔe. (Yohanes I, 3:12) Tso ema dzi la, wotsrɔ̃ ame miliɔn geɖe le dzre kple aʋawɔwɔwo me. The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Nusiwo koŋ hea aʋawɔwɔ vɛ ate ŋu anye anyigba geɖe wu didi, ŋusẽ geɖe wu didi, kesinɔnu geɖe wu didi, alo dedienɔnɔ geɖe wu didi.”
Kristotɔ vavãwo mekpɔa gome le xexe sia me ʋawɔwɔwo me o. (Yohanes 17:16) Gake nublanuitɔe la, Kristotɔ aɖewo wɔa dzre ɣeaɖewoɣi. Ne hamea me tɔ bubuwo hã de nu eme la, dzre siawo trɔ zua nyaʋawɔwɔ vɔ̃ɖiwo. Biblia-ŋlɔla Yakobo bia haxɔsetɔwo be: “Afika aʋawɔwɔ kple dzrewɔwɔ, siwo le mia dome la tsoa?” (Yakobo 4:1) Egblɔ tsɔ ɖo nya ma ŋui be woƒe ŋutilã me ŋukekle gbɔe wòtso, eye wògagblɔ kpee be: “Miedzroa nu,” alo “mieʋãa ŋu.” (Yakobo 4:2, NW, etenuŋɔŋlɔ) Nyateƒee, ŋutilãmenudidi ate ŋu ana woaklẽ ŋu eye woaʋã ŋu amesi wòwɔ abe nu dze edzi na ene. Esia ta Yakobo xlɔ̃ nu tsi tre ɖe ‘ŋuʋaʋã ƒe nɔnɔme’ ŋuti—Yakobo 4:5.
Viɖe kawoe le nusiwo hea ŋuʋaʋã vɛ la me dzodzro me? Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanye anukwareɖilawo eye míanɔ kadodo nyui me kple ame bubuwo. Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu hã míanye nugɔmeselawo, dzigbɔɖitɔwo kple amesiwo tsɔ kena wu. Ƒo wo katã ta la, efia alesi gbegbe amegbetɔ hiã vevie na ɖeɖekpɔkpɔ si Mawu ana lɔlɔ̃tɔe tso ameƒomea ƒe nuvɔ̃menyenye si me lae.—Romatɔwo 7:24, 25.
Xexe si me Ŋuʋaʋã Vɔ̃ɖi Manɔ O
Le amegbetɔ ƒe nukpɔsusu nu la, xexe si me ŋuʋaʋã vɔ̃ɖi manɔ o mate ŋu ava o. Agbalẽŋlɔla Rom Landau lɔ̃ ɖe edzi be: “Nunya gbogbo si nu woƒo ƒu le dzidzime geɖe me kple nunyalagãwo . . . kpakple susuŋutinunyalawo ƒe nya si wogblɔ tso nyatia ŋu la mena mɔfiafia aɖeke amegbetɔ si ŋuʋaʋã le fu ɖem na o. . . . Ðe atikewɔla aɖe da ŋuʋaʋã na ame kpɔa?”
Gake Mawu ƒe Nya ɖo agbedeblibonɔnɔ ŋuti mɔkpɔkpɔ le xexe yeye me afisi ŋuʋaʋã alo ŋubiabiã si metso Mawu me o la magaɖe fu na ame aɖeke le o la ŋkume na mi. Hekpe ɖe eŋu la, amesiwo si nɔnɔme vloe ma le, magblẽ xexe yeye ma ƒe ŋutifafa me o.—Galatiatɔwo 5:19-21; Petro II, 3:13.
Gake menye ŋuʋaʋã ɖesiaɖee nye nu gbegblẽ o. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be “Mawu ŋuʋãla” Yehowa nye. (Mose II, 34:14) Nukae wòfia? Eye nukae Biblia gblɔ tso ŋuʋaʋã si nyo la ŋu? Le ɣeyiɣi ma ke me la, aleke woate ŋu awɔ aɖu ŋuʋaʋã vɔ̃ɖitɔ dzi? Kpɔ nyati siwo kplɔ esia ɖo.