INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 9/15 axa 30
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpɔ Wò Nufiafia Dzi Nyuie Ɣesiaɣi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Srɔ̃ Nu Tso Yesu Nɔvi Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Míesu Te Blibo Be Míanye Mawu Ƒe Nya Fialawo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Alẽkplɔlawo, Misrɔ̃ Alẽkplɔla Gãtɔwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 9/15 axa 30

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukae nusrɔ̃la Yakobo wɔnɛ esime wògblɔ be: “Nɔvinyewo, migazu nufialawo taŋtaŋ o, esi mienyae bena, ʋɔnudɔdrɔ̃ sesẽ wu kpɔ ge míala la ŋuti”?—Yakobo 3:1.

Yakobo menɔ dzi ɖem le Kristotɔwo ƒo kura be woagafia nyateƒea ame bubuwo o. Yesu de se na eƒe nusrɔ̃lawo le Mateo 28:19, 20 be “miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, . . . miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la.” Eyata ele be Kristotɔwo katã nanye nufialawo. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Hebri Kristotɔwo elabena womenye nufialawo ɣemaɣi haɖe o. Eŋlɔe be: “Ele na mi be, mianye nufialawo le ɣeyiɣi la ƒe didi nu; gake egahiã mi be, woagafia nusiwo nye Mawu ƒe nyawo ƒe gɔmedzenuwo mi.”—Hebritɔwo 5:12.

Ke nuka gblɔm Yakobo le? Amesiwo si nufiafia ƒe mɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo su le hamea mee wòwɔnɛ. Míexlẽ le Efesotɔwo 4:11 be: “Eya [Yesu Kristo si nye hamea ƒe Ta] ke ɖo ame aɖewo wonye apostolowo, eye ame aɖewo hã nye nyagblɔɖilawo, eye ame aɖewo hã nye nyanyuigblɔlawo, eye ame aɖewo hã nye kplɔlawo kple nufialawo.” Nufiafia ƒe mɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo nɔ ƒe alafa gbãtɔ hamea me abe alesi wòli egbea hãe ene. Le kpɔɖeŋu me, Dziɖuha la le “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” teƒe eye agba tɔxɛ le edzi be wòakpɔ xexeame katã ƒe hamea ƒe nufiafia dzi. (Mateo 24:45) Nufiafia ƒe agba tɔxɛwo le dzikpɔla mɔzɔlawo kple hamemegãwo hã dzi.

Ðe Yakobo nɔ gbɔgblɔm na Kristotɔ ŋutsu siwo dze la be woagalɔ̃ axɔ nufiafia ƒe dɔa o le vɔvɔ̃ be Mawu adrɔ̃ ʋɔnu sesẽ wo taa? Kura o. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee hamemegãwo ƒe ɖoƒea nye abe alesi Timoteo I, 3:1 gblɔ ene be: “Ne ame aɖe le dzikpɔladɔ dim la, ele dɔwɔwɔ nyui dim.” Nudidi siwo woakpɔ hafi aɖo ame hamemegãe dometɔ ɖekae nye be ‘wòanya nufiafia.’ (Timoteo I, 3:2) Yakobo metsi tre ɖe Paulo ƒe nya siwo tso gbɔgbɔ me la ŋu o.

Gake edze abe ɖe ame aɖewo nɔ wo ɖokui ɖom nufialawoe le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me ene, togbɔ be womedze o eye womeɖo wo o hafi. Woanya susui be ŋkɔxɔxɔ aɖe le ɖoƒe ma nɔnɔ me eye wodi bubu na wo ɖokui. (Tsɔe sɔ kple Marko 12:38-40; Timoteo I, 5:17.) Apostolo Yohanes yɔ Diotrefo ‘si di be yeaɖo tɔ ɖe wo nu gake mexɔ naneke tso Yohanes gbɔ bubutɔe o.’ (Yohanes III, 9) Timoteo I, 1:7 ƒo nu tso ame aɖewo siwo ‘di be yewoanye sefialawo, gake womese nusiwo wogblɔna alo nusiwo dzi woka ɖo sesĩe la gɔme o’ la ŋuti. Amesiwo dina be yewoanye nufialawo evɔ wònye didi gbegblẽe le wo me koŋue Yakobo 3:1 me nyawo sɔ na. Ame mawo ate ŋu agblẽ nu le alẽha la ŋu vevie, eye esia ta woadrɔ̃ ʋɔnu si sesẽ wu la wo.—Romatɔwo 2:17-21; 14:12.

Yakobo 3:1 ganye ŋkuɖodzinya nyui aɖe na amesiwo dze eye wonye nufialawo la. Esi wotsɔ nu geɖe de asi na wo ta la, woabia nu geɖe hã tso wo si. (Luka 12:48) Yesu gblɔ be: “Nya dzodzro sia nya dzodzro, si amegbetɔwo lagblɔ la, woabu akɔnta le eŋuti le ʋɔnudrɔ̃gbeŋkeke la dzi.” (Mateo 12:36) Esia nye nyateƒe vevietɔ le hamemegã siwo woɖo, amesiwo ƒe nyawo kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi wu la gome.

Hamemegãwo ana akɔnta le alesi wowɔ nu ɖe Yehowa ƒe alẽha ŋui la ŋu. (Hebritɔwo 13:17) Nusi wogblɔ la kpɔa ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbe dzi. Eyata ele be hamemegã nakpɔ nyuie be wòagado eya ŋutɔ ƒe susu ɖe ŋgɔ alo awɔ ŋlɔmi le alẽha la ŋu abe alesi Farisitɔwo wɔe ene o. Ele be wòadze agbagba aɖe lɔlɔ̃ deto si Yesu ɖe fia la tɔgbe ke afia. Le nufiafia ɖesiaɖe me, vevietɔ ne hamemegã la le ʋunɔdrɔ̃nyawo gbɔ kpɔm la, ele be wòada eƒe nyawo kpɔ nyuie be manɔ nyawo gblɔm ko wo ŋu mabumabui alo anɔ eya ŋutɔ ƒe susuwo ko gblɔm o. Ne alẽkplɔla la ɖo ŋu ɖe Yehowa, eƒe Nya la, kple eƒe mɔfiame siwo toa eƒe habɔbɔa dzi ŋu bliboe la, Mawu ayrae geɖe, eye ‘madrɔ̃ ʋɔnu si sesẽ wu’ lae o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe