Dzinyelawo Ƒe Afɔtoƒewo Yomedzedze
ABE ALESI HILDA PADGETT GBLƆE ENE
Nyadzɔdzɔgbalẽ ka nya ta be: “Metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe na Dziƒoʋĩtɔ subɔsubɔ, eye nyemate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o.” Nya mawo siwo meŋlɔ ɖo ɖe Britania Dɔwɔlawo kple Dukɔa Subɔsubɔ Dɔwɔƒe ƒe amegãwo le ƒe 1941 me ɖe nusitae megbe wɔwɔ ɖe woƒe mɔfiafia si nye be mawɔ dɔ le kɔdzi le Xexemeʋa II lia me la me. Emegbe kpuie la, wobu fɔm eye wodem gaxɔ me ɣleti etɔ̃ le esi megbe ta.
NUKAE kplɔm de nɔnɔme sesẽ sia me? Ao, menye sɔhɛ ƒe susu gbegblẽ alo aglãdzenuwɔna aɖekee o. Ke susu siwo tae la tso keke nye ɖevi me ke.
Papa ƒe Dzonɔameme ɖe Fiaɖuƒea Ŋu
Wodzim le June 5, 1914 dzi le Horsforth si gogo Leeds le England ƒe dzigbe gome. Dzinyelawo Atkinson kple Pattie Padgett nye nufialawo le Kwasiɖagbe suku eye wole Blema Methodist Sɔleme ƒe hadziha me, afisi Papa ƒoa saŋku le. Esi menye ɖevi la, dzidzɔkpɔkpɔ nɔ mía ƒeme gake nu bubu aɖe hã nɔ anyi. Xexeame ƒe nɔnɔmewo ɖea fu na Papa. Elé fu aʋawɔwɔ kple ŋutasesẽ eye wòxɔ Biblia ƒe se si gblɔ be: “Megawu ame o” la dzi se.—Mose II, 20:13.
Le ƒe 1915 me la, dziɖuɖua bia tso sɔhɛwo katã si be woatsɔ lɔlɔ̃nu faa age ɖe asrafodɔ me be ne woagava zi wo dzi emegbe o. Papa tsi dzodzodzoe nɔ tsitre ɖe tsidzadza me ŋkekea katã nɔ lalam be woaxɔ ye ɖe asrafodɔ me. Esi ŋu ke ko la, eƒe agbenɔnɔ bliboa trɔ!
Esime wònɔ pɔmpi dzram ɖo le aƒe gã aɖe me la, eɖo dze kple dɔwɔla bubuwo tso xexemenudzɔdzɔwo ŋu. Aƒea dzi kpɔla la tsɔ trakt sue aɖe si nye Gathering the Lord’s Jewels nɛ. Papa tsɔe va aƒeme, exlẽe eye wògaxlẽe ake. Egblɔ be: “Ne nyateƒea enye sia la, ekema nu bubuawo katã mesɔ o.” Esi ŋu ke la, ebia numekɔkɔ bubuwo, eye wòsrɔ̃a Biblia zã bliboa vaseɖe fɔŋli kwasiɖa etɔ̃ sɔŋ. Enya be ye ke ɖe nyateƒea ŋu! Le Kwasiɖagbe, January 2, 1916 dzi la, eƒe nuŋlɔɖigbalẽa gblɔ be: “Mede Sɔleme ŋdi, eye mede I.B.S.A. [Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe Habɔbɔ, si nye ŋkɔ si wonya na Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi le England] le zã me—mesrɔ̃ Hebritɔwo 6:9-20—emae nye zi gbãtɔ si mesrã nɔviawo kpɔ.”
Medidi hafi tsitretsiɖeŋu dze egɔme o. Míaƒe ƒometɔwo kple hati sɔlemedelawo bui be tsu kum Papa nɔ. Gake etso nya me xoxo. Kpekpewo dede kple nusɔsrɔ̃e nye eƒe nu vevitɔ, eye le March me la, exɔ nyɔnyrɔ̃ ɖe tsi me tsɔ ɖo kpe eƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzii. Papa ɖeka koe dea kpekpeawo eye le kwasiɖa ʋee aɖewo megbe la, Dada megatsia tre ɖe eŋu o. Danye kɔm ɖe vidzĩwo ƒe kekevi me eye wòzɔ kilometa enyi va ɖo Leeds, le kpekpea ƒe nuwuwu tututu. Papa kpɔ dzidzɔ ale gbegbe. Tso ema dzi la, míaƒe ƒomea wɔ ɖeka le Yehowa subɔsubɔ me.
Nɔnɔme si me Papa nɔ la sesẽ ŋutɔ—elɔ̃ faa ge ɖe asrafodɔ me eye kwasiɖa ʋee aɖewo megbe ko la, wòbe yegbe dɔa le dzitsinya ta. Esi woyɔe la, egbe be yematsɔ tu ɖe ame ŋu o, eye le July 1916 me la, edze ŋgɔ eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ atɔ̃wo dometɔ gbãtɔ eye wobu fɔe dee mɔ ŋkeke 90. Esi Papa ƒe ɣeyiɣia de la, woɖe asi le eŋu, eye le kwasiɖa eve ƒe dzudzɔ megbe la, egadze ŋgɔ ʋɔnudrɔ̃ƒe bubu si bu fɔe dee mɔ ŋkeke 90 bubu. Esi wòyi mɔ zi evelia megbe la, woɖoe ɖe Dziɖuɖu ƒe Atikewɔsrafowo ƒe Aʋakɔ me, eye le February 12, 1917 dzi la, wotsɔe de asrafotɔdziʋu ɖo ɖe Rouen France. Eƒe nuŋlɔɖigbalẽ gblɔ be yeƒe dɔwɔna kua dzi na ye ɖe edzi gbesiagbe le afima. Eva de dzesii be ɖeko yele abi blam na asrafowo be woagatrɔ ayi aʋa.
Egagbe be yemawɔe o. Fifia ʋɔnudrɔ̃ƒea dee mɔ le Britaniatɔwo ƒe asrafowo ƒe gaxɔ me ƒe atɔ̃ le Rouen. Esi Papa bia be woaɖe ye yi amesiwo menye asrafo o ƒe gaxɔ me abe amesi gbe aʋa yiyi le dzitsinya ta ene la, wohe to nɛ ɣleti etɔ̃ eye abolo kple tsi ko wona nɛ, emegbe woga nɛ gaxɔmenuɖuɖu vaseɖe esime wògakpɔ lãme; eye wogawɔe nenema ke. Wodea kunyowu asi nɛ ɖe megbe le ŋkeke me eye wodenɛ ɖe ŋgɔ le zã me kple le nuɖuɣiwo. Le eƒe agbenɔɣi katã la, abiteƒewo tsi alɔtinu nɛ afisi kunyowu si le sue akpa ɖu eƒe ŋutilã wòzu abi le. Wode kɔsɔkɔsɔ eƒe afɔwo hã ti ɖe eƒe ali ŋu.
Asrafomegãwo wɔ nusianu si woate ŋui be yewoana wòana ta gake womete ŋu kpe edzi o. Woxɔ eƒe Biblia kple agbalẽwo le esi. Mexɔa lɛta ɖeke tso aƒeme o eye meɖoa ɖeke ɖe ame aɖeke o. Le ƒe eve megbe la, eɖoe be yeaɖe yeƒe nuteƒetɔnyenye afia to dɔtsitsi dzi. Eɖoe kplikpaa wɔ esia hena ŋkeke adre meɖua nu alo noa tsi hã o, eyata edze dɔ vevie, eye wokɔe yi gaxɔmekɔdzie. Togbɔ be eɖee fia be nuteƒewɔlae yenye hã la, eku kloe. Le ƒe aɖewo megbe la, elɔ̃ ɖe edzi be yeda vo be yede yeƒe agbe afɔku me nenema, eye be yemagawɔe azɔ o.
Aʋa la ke le November 1918 me, eye Papa ganɔ gaxɔ me kokoko le Rouen, gake le ƒe si kplɔe ɖo ƒe gɔmedzedze la, woɖee yi amesiwo menye asrafo o ƒe gaxɔ me le England. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wòkpɔ esi wòxɔ Dada ƒe lɛtawo kple nunana siwo li kɔ ɖi kpe ɖe Biblia kple agbalẽ siwo le vevie nɛ la ŋu! Woɖee yi Winchester Gaxɔ me, afisi wòdo go nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe si ƒe aʋame nuteƒekpɔkpɔwo sɔ kple etɔ la le. Eŋkɔe nye Frank Platt si va subɔ emegbe le London Betel ƒe geɖe. Wowɔ ɖoɖo be woado go ne ŋu ke, gake wova ɖe Frank yi teƒe bubu.
Le April 12, 1919 dzi la, danye xɔ telegram si xlẽ be: “Halleluya! Megbɔna aƒeme—Meƒo ka ɖo ɖe London.” Dzidzɔɣi kae nye si wònye le ƒe etɔ̃ ƒe dodokpɔ, tetekpɔ, kple kaklã tso ame nɔewo gbɔ megbe! Nu gbãtɔ si va susu me na Papa enye be wòaƒo ka na nɔvi siwo le Betel le London. Wodo dzaa nɛ lɔlɔ̃tɔe le 34 Craven Terrace. Esi Papa le tsi, ƒlɔ ge, do awu heɖɔ kuku siwo wòɣe vɔ la, egbɔ va aƒeme. Kpɔ alesi míegli kple dzidzɔe ɖa? Esusɔ ʋee maxɔ ƒe atɔ̃ ɣemaɣi, eye nyemete ŋu kpɔe dze sii o.
Kpekpe gbãtɔ si Papa de le esi woɖe asi le eŋu megbe enye Ŋkuɖodzia. Esi wònɔ akpata ƒe atrakpuiwo flɔm la, ame gbãtɔ si wòdo goe nye Frank Platt si woɖe yi asrafokɔdzi le Leeds. Dzidzɔ kae nye si wokpɔ le woƒe nuteƒekpɔkpɔwo gbɔgblɔ na wo nɔewo me! Frank nɔa mía gbɔ ɣesiaɣi tso ema dzi vaseɖe esime woɖe asi le eŋu.
Danye ƒe Subɔsubɔ Nuteƒewɔwɔtɔe
Ɣeyiɣi siwo katã me Papa menɔ anyi o la, Danye nyãa awu na amewo be wòakpɔ ga aɖe akpe ga sue si wòxɔna le dziɖuɖua gbɔ. Nɔviwo nyo dɔme na mí ŋutɔ. Ɣesiaɣi le kwasiɖa ʋee aɖewo megbe la, hamemegã ɖeka tsɔa lɛtakotoku sue aɖe si me nunana si míenya amesi gbɔ wòtso o le vanɛ na mí. Danye gblɔna ɣesiaɣi be nɔviawo ƒe lɔlɔ̃e te ye ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli eye wòkpe ɖe ye ŋu be yete ŋu do dzi to ɣeyiɣi sesẽ mawo katã me. Ede kpekpewo katã nuteƒewɔwɔtɔe le ɣeyiɣi siwo katã Papa menɔ anyi o me. Eƒe dodokpɔ sesẽtɔ kekeakee nye ɣeɣiɣi si wu ƒe ɖeka si me menya ne Papa le agbe loo alo eku o. Nusi gadzi eƒe agbanɔamedzia ɖe edzi enye be le ƒe 1918 me la, Spaniatɔwo ƒe dzamezã dze mía kple Danye siaa dzi. Amewo nɔ kukum. Aƒelika siwo yi ɖakpe ɖe aƒelika bubuwo ŋu hã xɔ dɔlélea eye woku. Ðikeke mele eme o be nuɖuɖu ƒe veve si nɔ anyi ɣemaɣi lae wɔe be amewo megate ŋu nɔa te ɖe dɔléle nu o.
Apostolo Petro ƒe nyawo nye nyateƒe le míaƒe ƒomea gome: “Amesiwo kpe fu vi aɖe ko la, . . . [Mawu] . . . ado ŋusẽ mi, ali ke mi”! (Petro I, 5:10) Dzinyelawo ƒe fukpekpe wɔe be xɔse si meʋuʋuna o le wo si ɖe Yehowa ŋu, kakaɖedzi blibo le wo si be ekpɔa mía ta eye naneke mate ŋu amã mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ la gbɔ o. Woyram etɔxɛ le hehe ma si mexɔ le xɔse me la ta.—Romatɔwo 8:38, 39; Petro I, 5:7.
Sɔhɛmenɔɣi ƒe Subɔsubɔ
Esi woɖe asi le Papa ŋu vɔ la, Fiaɖuƒesubɔsubɔ va zu míaƒe nu vevitɔ. Nyemeɖo ŋkui be kpekpe aɖe tsi ŋunye kpɔ o, negbe ne medze dɔ ko. Le Papa ƒe tɔtrɔgbɔ va aƒeme megbe kpuie la, edzra eƒe fotoɖemɔ̃ kple Dada ƒe sikalɔnuga bene míate ŋu akpɔ ga ayi takpekpe. Togbɔ be míete ŋu dea mɔkekeɖuƒewo o hã la, takpekpe siawo medaa mí ƒuna o, nenema ke nye esiwo wowɔna le London hã.
Esi aʋa ke vɔ la, ƒe eve alo etɔ̃ gbãtɔwo nye gbɔɖemeƒewo. Papa kple Dada zã mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe be woade ha ahawɔ ɖeka kple ame bubuwo. Meɖoa ŋku alesi míesrãa nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kpɔe la dzi, eye esi menye nyɔnuvi sue ta la, menɔa anyi nɔa nu tam henɔ ama demee, ame tsitsiawo ƒoa nu gaƒoƒo geɖe tso nyateƒea ƒe gɔmesese yeyewo ŋuti. Dzeɖoɖo ɖekae, hadzidzi kple saŋku nana be wosea vivi le hadede me, eye wònyea dzidzɔ kple gbɔɖeme na wo.
Dzinyelawo kpɔ egbɔ be yewona hehe nyuim. Nye nuwɔna to vovo le suku, esi mexɔ ƒe atɔ̃ gɔ̃ hã la, metsɔa nye “Nubabla Yeyea” ɖe asi xlẽna le sukuxɔ me ne sukuvi mamleawo le katekismo srɔ̃m. Woyɔm ɖe sukua katã ƒe ŋkume abe “amesi gbe aʋa yiyi le dzitsinya ta” ene elabena megbe be nyemakpɔ gome le Aʋadelawo ƒe Ŋkuɖodzizã ɖuɖu me o.a Hehe si wonam la de dzinye. Le nyateƒe me la, ametakpɔnu aɖe wònye nam eye ena wònɔ bɔbɔe nam be manɔ ‘mɔ xaxɛ’ la dzi. Afisiafi si dzinyelawo yi, eɖanye gbeadzi alo kpekpewo o, mele wo ŋu.—Mateo 7:13, 14.
Meɖoa ŋku Kwasiɖagbe ŋdi ma si medze gbeƒãɖeɖe gɔme zi gbãtɔ le ɖokuinye si la dzi vevie. Ƒe 12 ko mexɔ ɣemaɣi. Esi meɖo sɔhɛ me la, meɖo ŋkui be megblɔ Kwasiɖa ŋdi aɖe be matsi aƒeme. Ame aɖeke mehe nya kplim alo zi dzinye o, menɔ abɔ me nɔ Biblia srɔ̃m eye nyemenɔ dzidzɔ kpɔm o. Le kwasiɖa ɖeka alo eve megbe la, megblɔ na Papa be: “Madi be mayi kpli wò ŋdi sia!” Tso ema dzi la meyi edzi wɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me.
Ƒe wɔnuku kae ƒe 1931 nye ale! Menye ŋkɔ yeye, Yehowa Ðasefowo, si míetsɔ ta koe o, ke mexɔ nyɔnyrɔ̃ hã le dukɔa me takpekpe si míewɔ le Alexandra Palace le London la me. Nyemaŋlɔ ŋkeke ma be gbeɖe o. Míedo awu legbe yibɔwo eye tɔnye ƒo tsi elabena ame aɖee zãe hafi mexɔ do!
Taɖodzinu si nɔ asinye tso ɖevime ke enye be mazu colporteur, ŋkɔ si woyɔna na ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawo ɣemaɣi. Esi menɔ tsitsim la, mebunɛ be ele be mawɔ geɖe wu le Yehowa ƒe subɔsubɔ me. Eyata esi mexɔ ƒe 18, le March ƒe 1933 me la, mege ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo dome.
Ɣeyiɣi siwo míekpɔa dzidzɔ etɔxɛe nye “Mɔɖelawo ƒe Kwasiɖawo” esime ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla siwo ade wuieve va kpea ta, dzea afima nɔviwo gbɔ hewɔa dɔ le ƒuƒoƒo me. Míemã agbalẽviwo na subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo kple ame ŋkutatɔ bubuwo. Ehiã dzideƒo hafi míate ɖe wo ŋu. Zi geɖe womexɔa mí kura o, eye wodoa ʋɔ ɖe mía dometɔ geɖe nu. Esia meɖea fu na mí kura o, elabena dzo nɔ mía me ale gbegbe be míekpɔa dzidzɔ be woadzu mí le Kristo ƒe ŋkɔ la ta.—Mateo 5:11, 12.
Le Leeds la, míezã vidzĩ ƒe keke, afɔtietɔ̃keke, kple Papa ƒe dzokeke si ŋu wotsi agbatsɔnu ɖo, kpakple emegbe eƒe ʋu tsɔ kɔa nuƒomɔ̃ lae. Nɔviŋutsu eve tsɔa nuƒomɔ̃a yia ablɔdzi, wodzea haƒoƒo gɔme bene amewo nado va woƒe ʋɔtruwo nu eye emegbe woƒoa Nɔviŋutsu Rutherford ƒe nuƒo si wolé ɖi la aɖaƒoƒo atɔ̃. Azɔ wogayia mɔdodo bubu dzi, eye mí gbeƒãɖelawo míekplɔa wo ɖo nɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo mãm.
Hena ƒe geɖe, Kwasiɖagbe fiẽ ɖesiaɖe le kpekpe megbe la, míeyia Dua ƒe Takpexɔ me, afisi wowɔ Nuƒolanɔƒe ɖo eye míekpea asi ɖe dɔa ŋu to Nɔviŋutsu Rutherford ƒe gaƒoƒo ɖeka ƒe nuƒo si wolé ɖe agba dzi la sese me, eye míemãa traktwo heƒoa nu na amesiame si ɖe ɖetsɔleme fia. Wova nya mí nyuie le afima. Kpovitɔwo gɔ̃ hã dea bubu mía ŋu. Míeƒo ƒu fiẽ aɖe me abe alesi míewɔnɛ ɣesiaɣi ene, eye míese ʋuƒoƒo kple hadziha aɖe ŋkɔ ɖaa. Kasia Fasitɔwo siwo ade ame 100 lɔ gbɔ va do. Wozɔ va tɔ ɖe mía megbe hedo woƒe aflagawo ɖe dzi. Hadzidzia tɔ eye ɖoɖoe zi esi Nɔviŋutsu Rutherford ƒe gbe te ɖiɖi: “Mina woade ta agu na woƒe aflagawo eye woakafu amewo ne wolɔ̃. Míawo ya míasubɔ eye míakafu mía Mawu Yehowa ko!” Míevɔ̃ be nukae ava dzɔ! Gake naneke medzɔ o, ke ɖase ko woɖi na wo nyuie, eye kpovitɔwo na be wozi ɖoɖoe bene míate ŋu ase dutoƒonuƒo mamlea.
Fifia, nuƒomɔ̃ va kpe ɖe mía ŋu míeɖi ɖase geɖe. Le aƒewo me la, míeƒoa mɔ̃a na amewo hedea dzi ƒo na wo be woase Biblia me mawunya hena aɖaƒoƒo atɔ̃. Zi geɖe la, aƒeamenɔlawo kpea mí be mía ge ɖe eme eye edzɔa dzi na wo be míagatrɔ va aƒo agba bubuwo na wo.
Ƒe 1939 nye ƒe si me xaxa eye wòsesẽ le tsitretsiɖeŋu kple ŋutasesẽ si dzɔ la ta. Do ŋgɔ na míaƒe takpekpewo dometɔ ɖeka la, nuvlowɔlawo ho ɖe mía nɔviwo ŋu hedo ɣli ɖe wo ta. Eyata esime takpekpea nɔ edzi yim la, wowɔ ɖoɖo na nɔvi aɖewo be woanɔ ʋu me aɖe gbeƒã le teƒe siwo ʋunyaʋunya le, eye nɔvinyɔnuwo kple nɔvi bubuwo woyi teƒe si afɔku mele o. Esi menɔ dɔ wɔm kple ƒuƒoƒo aɖe le mɔa aɖe dzi la, meto mɔ xaxɛ aɖe dzi be mayi aƒe siwo le mɔa godo la me. Esi meɖo aƒea me la, mese ʋunyaʋunya dze egɔme—amewo nɔ ɣli dom sesiẽ le mɔa dzi. Meyi nye nuƒoƒoa dzi na amea le aƒea me, vaseɖe esime mese be nuwo nu fa vie hafi. Emegbe mezɔ to mɔ xaxɛa dzi do ɖe mɔa dzi eye mekpɔ be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu bubuwo nɔ vɔvɔ̃m esi womekpɔm o! Gake emegbe le ŋkekea me la, nugblẽlawo di be yewoatɔtɔ míaƒe kpekpea gake nɔviwo kplɔ wo do goe.
Xexemeʋa II lia Dze Egɔme
Gege ɖe asrafodɔ me zu dzizizi eye nɔviŋutsu sɔhɛ geɖewo yi mɔ̃ hena ɣleti 3 vaseɖe 12. Mɔnukpɔkpɔ bubu gasu Papa si ɣemaɣi be wòasrã gamenɔlawo kpɔ. Ewɔa Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ Kwasiɖagbe ɖesiaɖe le míagbɔ gaxɔa me. Esrãa nɔviwo kpɔ le gaxɔa me le Kuɖagbewo. Esi gaxɔmenɔnɔ ɣeyiɣi didi ƒe nuteƒekpɔkpɔ sesẽ si me wòto le xexemeʋa I me su esi ta la, enye dzidzɔ tɔxɛ nɛ be wòakpe ɖe amesiwo le tetekpɔ ma tɔgbe me tom la ŋuti. Ewɔ dɔ sia ƒe 20 sɔŋ vaseɖe eƒe kugbe le 1959 me.
Le ƒe 1941 me la, míete ŋu nɔa anyi kple fuléle kple ŋutasesẽ siwo tso ame geɖe gbɔ va mía dzi le míaƒe akpaɖekedzimademade ta. Menɔ bɔbɔe be nàtɔ ɖe mɔ dzi kple magazinewo adze ŋgɔ nɔnɔme sia o. Le ɣeyiɣi ma ke me la, míekpɔa dzidzɔ be míekpena ɖe sisila siwo va le míaƒe nutoa me ŋu. Dzidzɔ kae nye si Latviatɔwo, Polandtɔwo, Estoniatɔwo, kple Germaniatɔwo kpɔ—esime woxɔ Gbetakpɔxɔ alo Consolation (si nye Nyɔ! fifia) la le wo degbe me!
Azɔ wodrɔ̃ ʋɔnum le nye akpaɖekedzimademade le Xexemeʋa II lia me ta. Wotuam ɖe gaxɔ me gaƒoƒo 19 le gaƒoƒo 24 ɖesiaɖe me, gaxɔa me nɔnɔ sesẽ ŋutɔ. Ŋkeke etɔ̃ gbãtɔwoe sesẽ wu elabena nye ɖeka koe nɔ anyi. Le ŋkeke eneagbe la, woyɔm ɖe mɔmefia ƒe dɔwɔƒe eye mekpɔ ɖetugbi eve hã le tsitre ɖe afima. Wo dometɔ ɖeka do dalĩ nam be: “Nukatae wode wò gaxɔ me?” Meɖo ŋu nɛ be: “Awɔ nuku na wò ne megblɔe na wò” Edo dalĩ dzaa biam se be: “Yehowa Ðasefoe nènyea?” Ðetugbi kemea se nya si wògblɔ eye wòbia mía kple eve siaa be: “Yehowa Ðasefowoe mienyea?” eye mía ame etɔ̃a katã míekpla asi kɔ na mía nɔewo. Míegatsi akogo o!
Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔ si me Dzidzɔ Le
Esi woɖe asi le ŋunye le gaxɔa me la, meyi nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi, eye ɖetugbi ƒe-16-vi aɖe si do le suku teti enye ma la va kpe ɖe ŋunye. Míeʋu yi Ilkley si nye du nyui aɖe si le Yorkshire Dales gbɔ la me. Míedze agbagba vevie ɣleti ade sɔŋ be míakpɔ teƒe aɖe si sɔ na míaƒe kpekpewo. Mlɔeba míehaya ʋudaɖoƒe sue aɖe si míetrɔ wòzu Fiaɖuƒe Akpata. Papa na kpekpeɖeŋu mí, esi wòna mí akaɖi kple mɔ̃ si nana dzoxɔxɔ. Edzra xɔa hã ɖo nyuie na mí. Hame si te ɖe mía ŋu kpe ɖe mía ŋu ƒe geɖe esi wotiana nɔviwo be woaƒo dutoƒonuƒo na mí kwasiɖa ɖesiaɖe. To Yehowa ƒe yayra dzi la, míekpɔ dzidzedze hetsi ɖe edzi eye mlɔeba míeva zu hame.
Papa dze dɔ kpata le January 1959 me. Woɖo du ɖam megbɔ va aƒeme eye wòku le April me. Ƒe siwo kplɔe ɖo la sesẽ ŋutɔ. Danye ƒe lãme gblẽ eye eƒe susu megate ŋu léa nu o, esia zu agba nam. Gake Yehowa ƒe gbɔgbɔ nɔ kplim mekpɔ edzi vaseɖe esime wòku le ƒe 1963 me.
Mexɔ yayra geɖe tso Yehowa gbɔ ƒe geɖe. Wosɔ gbɔ ale gbegbe be nyemate ŋu axlẽ wo o. Míaƒe hamea tsi ɖe edzi eye womãe zi ene sɔŋ, woɖo gbeƒãɖelawo, kple mɔɖelawo, wo dometɔ aɖewo nye dutanyanyuigblɔlawo tso afisia yi ɖe dukɔ siwo didi abe Bolivia, Laos, kple Uganda ene me. Nɔnɔmeawo va yi ale be nyemete ŋu ɖe srɔ̃ alo ɖo ƒome o. Esia mena melé blanui o; dɔ geɖe nɔ asinye mewɔna. Togbɔ be ŋutilã me ƒome mele asinye o hã la, viwo kple mamayɔvi alafa geɖe le asinye le Aƒetɔ la me.—Marko 10:29, 30.
Mekpea sɔhɛ mɔɖelawo kple sɔhɛ bubuwo vaa nye aƒeme eye míesea vivi le Kristotɔwo ƒe hadede me. Míedzrana ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ ŋu ɖekae. Míegblɔa nuteƒekpɔkpɔwo eye míedzia Fiaɖuƒehawo abe alesi tututu dzinyelawo wɔna ene. Esi sɔhɛwo ƒe ƒuƒoƒo kpɔdzidzɔ aɖe ƒo xlãm ta la, mewɔa nu abe sɔhɛ ene hekpɔa dzidzɔ. Nu bubu aɖeke megadoa dzidzɔ nam le agbe me wu mɔɖeɖedɔa o. Medaa akpe na Yehowa be mɔnukpɔkpɔ su asinye be medze dzinyelawo ƒe afɔtoƒewo yome. Nye gbedodoɖa enye be mayi edzi anɔ Yehowa subɔm yi ɖe mavɔ me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ƒe 1918, kple emegbe ƒe 1945 ƒe ŋutasesẽ ƒe nuwuwu ŋkuɖodzizã ɖuɖu.
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Hilda Padgett kple edzilawo, Atkinson kple Pattie
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Trakt si nyɔ Papa ƒe ɖetsɔleme ɖe nyateƒea ŋu