Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta
Ðaseɖiɖi Tsea Ku le Aƒeme Kple Suku Siaa
KRISTOTƆWO ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa aɖee nye nyuiwɔwɔ na ame bubuwo, vevietɔ to Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyui gbɔgblɔ na wo me. Lododowo 3:27 gblɔ be: “Megate nu nyui hiãtɔ, nenye be ŋutete le ŋuwò na ewɔwɔ o.” Le Argentina la, Ðasefo sɔhɛ aɖe si le suku kɔkɔ ƒe ƒe etɔ̃lia me di be yeagblɔ Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia na eƒe suku xɔlɔ̃ aɖe. Esi wòwɔ nenema la, nu gbogbo aɖewo do tso eme.
Ðasefo sɔhɛa gblɔ na xɔ̃a gbeɖeka be menye subɔsubɔhawo katãe nyo o. Esi ɖekakpuia ɖo eŋu be yemewɔa nuvɔ̃ aɖeke o la, Ðasefoa gblɔ be: “Gake mèwɔa naneke na Mawu hã o.” Esia na ɖekakpuia bu tame. Emegbe Ðasefoa ɖe eme nɛ be ŋkeke mamleawoe nye sia eye ele be Biblia me sidzedze vavãtɔ nasu ame si eye wòawɔ eŋudɔ hafi Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. Eƒe sukuhatia lɔ̃ ɖe edzi. Gake ɖe eƒe ƒomea aɖe mɔ woasrɔ̃ Biblia kpliia? Ðasefoa bia tso xɔ̃a si be wòaxlẽ agbalẽ si nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi be wòakpɔ nane ade ŋugble le eŋu.
Ɣeyiɣi geɖe va yi, eye exɔlɔ̃a dzudzɔ sukudede. Ƒe ɖeka va yi eye mese nya aɖeke tso egbɔ o. Ke gbeɖeka ewɔ mo yaa na Ðasefoa esi xɔ̃a ƒo ka nɛ hegblɔ be yekpɔe be Biblia me nyagblɔɖiwo le eme vam ŋutɔŋutɔ. Enumake Ðasefoa wɔ Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo kplii.
Esi wòyi eƒe tsã suku xɔlɔ̃a ƒe aƒeme la, ede dzesii be xɔ̃a dzilawo tsi dzi ɖe nusi wo viŋutsua nɔ wɔwɔm ŋu vevie. Xɔ̃a tsɛ gɔ̃ hã bu be tsu kumee ye fo le. Eyata wo dzilawo na tsɛa va nɔ anyi kpɔ nusɔsrɔ̃ si wogawɔ la teƒe. Emegbe la, aɖatsi nɔ gegem le ɖekakpui sia ƒe mo wògblɔ na dzilaawo be menye tsu kum ye fo le o, eye esia na dadaa do ɣli be, “Ao, fifia nye kuxia zu eve boŋ, meganye ɖeka o!”
Eyata eya ŋutɔ va nɔ nusɔsrɔ̃ si wogawɔ la me eye wòlɔ̃ ɖe edzi be menye tsu kum ŋutsuviawo le o. Emegbe wowɔ Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo kple eya kpakple srɔ̃a. Eteƒe medidi o, ƒome bliboa dze hamea ƒe kpekpewo dede gɔme le Fiaɖuƒe Akpata me. Mlɔeba la, dadaa dzilawo hã dze Biblia sɔsrɔ̃ kple kpekpewo dede gɔme. Ðekakpui gbãtɔa xɔ nyɔnyrɔ̃ ɣemaɣi. Eɖe srɔ̃, eye wo kple srɔ̃a nye gbeƒãɖela dovevienuwo.
Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Ðasefo sɔhɛ la to vomeɖaseɖiɖi le suku me kpe ɖe sukuhati eve bubuwo kple wo dometɔ ɖeka dada kpakple nɔvianyɔnu ŋu wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme. Le ye katã me la, ame 11 srɔ̃ Biblia me nyateƒea le esi Ðasefo sɔhɛ la mehe ɖe megbe le nyuiwɔwɔ na eƒe sukuhatiwo ŋu o ta. Nu dodzidzɔname kawoe nye si do tso eme! Nyateƒee, “Woayra dukɔ, si ƒe Mawu Yehowa nye!”—Psalmo 144:15.