‘Woxlãm Ðe Anyi, Gake Wometsrɔ̃m O’
ABE ALESI ULF HELGESSON GBLƆE ENE
Le July 1983 me la, ɖɔkta siwo nɔ ŋunye do ɣli be: “Enyɔ!” Woɖe nutete si didi sentimeta 12 le nye dzimeƒu me le dɔ sesẽ si wowɔ nam gaƒoƒo 15 me. Nye lãme gbã keŋkeŋ.
ŊKEKE ʋee aɖewo megbe la, wokɔm yi kɔdzi aɖe si didi kilometa 60 kloe tso mía de Hälsingborg le Sweden ƒe anyigbe gome. Medze ŋutilãtutuɖo ƒe kamedewɔna aɖe gɔme le afima. Kamededetikewɔla la gblɔ be abia agbagbadzedze geɖe, gake medi vevie be mawɔe. Medi kokoko be magazɔ azɔli ake. Esi mewɔ ɖe kamedede gaƒoƒo atɔ̃ gbesiagbe ƒe ɖoɖowɔɖia dzi veviedodotɔe la, ŋusẽ ɖo ŋunye kabakaba.
Ɣleti ɖeka megbe esi dzikpɔla mɔzɔla va subɔ míaƒe hamea la, eya kple Kristotɔ hamemegã bubuawo zɔ mɔ didi ma va wɔ hamemegãwo ƒe kpekpe le gbɔnye le kɔa dzi. Nɔvilɔlɔ̃ ɖeɖefia sia dzɔ dzi nam ŋutɔ! Dɔnɔdzikpɔla siwo le dɔnɔxɔa me tsɔ tii kple nuɖuɖu aɖewo vɛ na ƒuƒoƒoa me tɔwo katã le kpekpea megbe.
Gbã la, alesi menɔ hayahayamee wɔ nuku na ɖɔktawo. Ɣleti etɔ̃ megbe la, mete ŋu nɔa anyi ɖe nye bunɔkeke me eye menɔa tsitrenu sẽ gɔ̃ hã. Dzi nɔ dzɔyem eye meɖoe kplikpaa be magazɔ. Nye ƒomea kple hati Kristotɔwo dea dzi ƒo nam geɖe ne wosrãm kpɔ. Meyia aƒeme ɖanɔa afima vie gɔ̃ hã.
Mɔxenu Gã Aɖe
Gake le ema megbe la, nye lãme megasẽ wu ema o. Eteƒe medidi o kamededetikewɔla la gblɔ dzigbãnya la nam be: “Màgahaya wu esia o!” Tameɖoɖo si li fifia koe nye be woado ŋusẽm manɔ nye bunɔkekea me anɔ tsatsam le ɖokuinye si. Mebua eŋu be nukae ava dzɔ ɖe dzinye. Aleke agbea anɔ na srɔ̃nye? Wowɔ dɔ sesẽ aɖe na eya ŋutɔ hã eye wòhiã nye kpekpeɖeŋu. Ðe wòava hiã be mava nɔ dɔnɔdzikpɔƒe ɖaa?
Melé blanui vevie. Kakaɖedzi, dzideƒo, kple ŋusẽ si nɔ menye vɔ keŋ. Ŋkeke aɖewo va yi eye megale teƒe ɖeka ko. Menye ŋutilã me koe megbɔdzɔ le o ke mefa le seselelãme kple gbɔgbɔ me hã. ‘Woxlãm ɖe anyi.’ Mebua ɖokuinye gbɔgbɔmeme sesẽe ɣesiaɣi. Mexɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea dzi se vevie. (Daniel 2:44; Mateo 6:10) Meka ɖe Biblia ƒe ŋugbedodo be woada dɔléle kple nuwɔamewo katã le Mawu ƒe xexe yeye dzɔdzɔea me eye be woagana agbe deblibo ameƒomea le afima la dzi. (Yesaya 25:8; 33:24; Petro II 3:13) Ke nyee nye sia gbã tsi anyi, menye le ŋutilã me ko o ke le gbɔgbɔ me hã. Mese le ɖokuinye me abe ɖe ‘wotsrɔ̃m’ ene.—Korintotɔwo II, 4:9.
Hafi magayi nuƒoa dzi la, na magblɔ nye ɖevimenya aɖewo na wò.
Ƒome Kpɔdzidzɔ Aɖe
Wodzim le ƒe 1934 me eye menɔ lãmesẽ nyui me ɣesiaɣi. Medo go Ingrid le ƒe 1950-awo ƒe gɔmedzedze eye míeɖe mía nɔewo le ƒe 1958 me eye míeva ʋu tsi Östersund le titina Sweden. Míaƒe agbenɔnɔ trɔ le ƒe 1963 me esime míete Biblia sɔsrɔ̃ kple Yehowa Ðasefowo. Vi etɔ̃ nɔ mía si ɣemaɣi—Ewa, Björn, kple Lena. Eteƒe medidi o míaƒe ƒome bliboa nɔ nu srɔ̃m henɔ ŋgɔ yim nyuie le Biblia me nyateƒeawo ƒe sidzedze me.
Esi míedze nusɔsrɔ̃ gɔme megbe kpuie la, míeʋu yi Hälsingborg. Afimae mía kple srɔ̃nye míeɖe adzɔgbe na Yehowa le eye míexɔ nyɔnyrɔ̃ le ƒe 1964 me. Míegakpɔ dzidzɔ ɖe edzi esi mía vinyɔnuvi tsitsitɔ, Ewa, xɔ nyɔnyrɔ̃ le ƒe 1968 me. Ƒe adre megbe la, Björn kple Lena hã xɔ nyɔnyrɔ̃ le 1975 me, eye le ƒe si kplɔe ɖo me la, woɖom hamemegãe le Kristo-hamea me.
Nye ŋutilãmedɔ na mete ŋu kpɔ nye ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ nyuie. Eye míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ gba go esi Björn kple Lena ge ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Emegbe kpuie la, woyɔ Björn be wòasubɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Arboga. Magblɔ be nu dze edzi na mí le agbe me. Ke le ƒe 1980-awo ƒe gɔmedzedze la, nutete ma si wova ɖe le amekoko gã ma me le 1983 me la va nɔ nu gblẽm le ŋunye.
Gbɔgbɔ me Gbɔdzɔgbɔdzɔ Dzi Ðuɖu
Esi wogblɔ nam be nyemagazɔ o la, ewɔ abe ɖe mɔkpɔkpɔ bu ɖem keŋkeŋ ene. Aleke mewɔ be ŋusẽ gaɖo ŋunye le gbɔgbɔ me? Mesesẽ kura abe alesi mesusui ene o. Ðeko metsɔ nye Biblia henɔ exlẽm. Zi alesi mexlẽe la, zi nenemae mexɔa gbɔgbɔ me ŋusẽdodoe. Ƒo wo katã ta la, meva kpɔ ŋudzedze ɖe Yesu ƒe Todzimawunya la ŋu ɖe edzi. Mexlẽe zi geɖe hede ŋugble le eŋu.
Dzidzɔkpɔkpɔ ɖe agbe ŋu gaɖo menye. To nuxexlẽ kple ŋugbledede me la, meva nɔ mɔnukpɔkpɔwo boŋ kpɔm ɖe mɔxenuwo teƒe. Didia gaɖo menye be magblɔ Biblia me nyateƒea na ame bubuwo eye mewɔ didi sia dzi to ɖaseɖiɖi na kɔdzidɔwɔlawo kple ame bubu siwo medo goe me. Nye ƒomea do alɔm bliboe eye woxɔ hehe le alesi woalé be nam ŋuti. Wova ɖem le kɔa dzi mlɔeba.
Mlɔeba la, megbɔ va aƒeme. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye na mí katã gbemagbe! Nye ƒomea wɔ ɖoɖowɔɖi aɖe eye alesi woalé be nam hã nɔ eme. Vinyeŋutsu, Björn, tso nya me ɖe asi le dɔ si wɔm wòle le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒea ŋu, eye wògbɔ va aƒeme va na kpekpeɖeŋu le dzinye kpɔkpɔ me. Efa akɔ nam ŋutɔŋutɔ be nye ƒomea tsɔ lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme ma gbegbe nam.
Tenɔnɔ Ðe Mɔxenu Bubu Nu
Gake esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, nye lãme gblẽ ɖe edzi eye tsotso zu dɔ nam. Mlɔeba togbɔ be nye ƒomea dze agbagba alesi dze hã la, beléle nam le aƒeme va glo wo. Eyata mekpɔe be ne meyi dɔnɔdzikpɔƒe la, anyo wu. Esia hã bia tɔtrɔwɔwɔ kple ɖoɖowɔwɔ yeye. Gake nyemeɖe mɔ esia xe mɔ nam le gbɔgbɔ me o.
Nyemedzudzɔ Biblia xexlẽ kple numekuku wɔwɔ gbeɖe o. Nusi mate ŋu awɔ ŋu ko mebuna, ke menye nusi nyemate ŋu awɔ o. Medea ŋugble le gbɔgbɔmeyayra si le Yehowa Ðasefowo katã si la ŋu. Menɔa Yehowa ŋu kplikplikpli le gbedodoɖa me, eye mewɔa mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ ɖia ɖase na ame bubuwo.
Fifia menɔa dɔnɔdzikpɔƒea le zã kple ŋkekea ƒe ɣeyiɣi aɖewo me. Menɔa aƒeme alo míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo me le ŋdɔ kple fiẽsiwo me. Habɔbɔ aɖe si kpena ɖe dɔnɔwo ŋu wɔ ɖoɖo be woakɔm ayi kpekpewo kple aƒeme agakɔm agbɔe. Nye ƒome si ku ɖe ŋunye, hamea me nɔviwo, kple dɔnɔdzikpɔƒedɔwɔlawo lé be nam ale gbegbe.
Nusi Mate Ŋui Wɔwɔ
Nyemebua ɖokuinye nuwɔametɔe o eye nye ƒomea kple nɔvinye Kristotɔwo hã mewɔa nu ɖe ŋunye nenema o. Woléa be nam lɔlɔ̃tɔe si na mete ŋu le hamemegã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm nyuie. Mekpɔa Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ aɖe dzi kwasiɖa ɖesiaɖe, kple hame ƒe kwasiɖa sia kwasiɖa Gbetakpɔxɔ nusɔsrɔ̃ hã dzi le Fiaɖuƒe Akpata me. Asi tsɔtsɔ ʋu Biblia sesẽna nam, eyata wodee asi na ame aɖe be wòakpe ɖe ŋunye le eʋuʋu me le kpekpeawo me. Menɔa nye bunɔkekea me kpɔa kpekpewo dzi heƒoa nuƒowo hã.
Eyata megate ŋu wɔa nusiwo dzɔa dzi nam tsã la dometɔ geɖe, alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔwo hã le eme. (Petro I, 5:2) Mewɔa esia ne nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo va kpekpeɖeŋu alo aɖaŋuɖoɖo xɔ ge le gbɔnye. Mezãa telefon hã eye medzea agbagba ƒoa ka na amewo. Míedea dzi ƒo na mía nɔewo le esia wɔwɔ me. (Romatɔwo 1:11, 12) Xɔ̃nye aɖe gblɔ nyitsɔ laa be: “Ɣeyiɣi si me nu te ɖe dzinye tututue nèƒoa ka dea dzi ƒo nam.” Gake edea dzi ƒo na nye hã elabena menya be Yehowa le nye agbagbadzedzewo yram.
Mebɔa ha kple ɖevi siwo le hamea me nyuie do ŋgɔ na kpekpeawo kple emegbe. Esi wònye nye bunɔkekea mee menɔna ta la, mía kpli wo míenɔa tasɔsɔ me nɔa dze ɖom. Woƒe anukwareɖiɖi kple nuƒoƒo faa dzea ŋunye ŋutɔ. Ŋutsuvi aɖe gblɔ nam kpɔ be: “Nuwɔametɔ bubume si tɔgbe mebɔ o ye nènye!”
Esi nye susu nɔa nusi mate ŋu awɔ ŋu ke menye nuxaxa le nusi nyemate ŋu awɔ ŋu o ta la, mele vivi sem le Yehowa subɔsubɔ me. Mesrɔ̃ nu geɖe tso nusi dzɔ ɖe dzinye me. Mekpɔe be dodokpɔ siwo vaa mía dzi naa hehe mí hedoa ŋusẽ mí.—Petro I, 5:10.
Mekpɔe be amesiwo le lãmesẽ me dometɔ geɖe medea dzesii be ele be míatsɔ mía Dziƒofofo la subɔsubɔ vevie ɣesiaɣi o. Ne míetsɔe nenema o la, míaƒe nusɔsrɔ̃, kpekpewo dede, kple gbeadziyiyi ƒe ɖoɖowɔɖiwo ate ŋu ava zu kɔnu ko míanɔ wɔwɔm. Mebua ɖoɖo siawo be wole vevie hena agbetsitsi le xexe sia ƒe nuwuwu me ayi ɖe Paradisonyigba si ŋugbe Mawu do dzi.—Psalmo 37:9-11, 29; Yohanes I, 2:17.
Ele be agbenɔnɔ le Mawu ƒe xexe yeye si gbɔna me ŋuti mɔkpɔkpɔa nanɔ dzime na mí vevie ɣesiaɣi. (Tesalonikatɔwo I, 5:8) Mesrɔ̃e hã be mele be mana ta le avuwɔwɔ kple dziɖeleameƒo ƒe susu ɖesiaɖe me o. Mesrɔ̃e be mabu Yehowa be enye Fofonye eye eƒe habɔbɔa be enye Danye. Meva de dzesii be ne míedze agbagba la, Yehowa ate ŋu azã mía dometɔ ɖesiaɖe wòazu esubɔla bibi aɖe.
Togbɔ be mesena le ɖokuinye me ɣeaɖewoɣi le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu be ‘woxlãm ɖe anyi’ hã la, ‘wometsrɔ̃m o.’ Yehowa kple eƒe habɔbɔa megblẽm ɖi kpɔ o eye nye ƒomea kple nɔvinye Kristotɔwo hã megblẽm ɖi o. Biblia si metsɔ hedze exexlẽ gɔmee na ŋusẽ gaɖo ŋunye le gbɔgbɔ me. Medaa akpe na Yehowa Mawu, amesi ‘naa ŋusẽ si wu dzɔdzɔmetɔ’ mí ne míeɖo ŋu ɖe eŋu la.—Korintotɔwo II, 4:7.
Metsɔ kakaɖedzi kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu blibo le mɔ kpɔm na etsɔ si gbɔna vevie. Meka ɖe edzi be eteƒe madidi o Yehowa Mawu awɔ eƒe ŋugbedodo si ku ɖe paradiso si woagaɖo ɖe anyigba sia dzi kple yayra wɔnuku siwo wòahe vɛ ŋu la dzi.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.