INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 12/1 axa 14-19
  • Yehowa Doa Ŋusẽ Amesi Ŋu Ðeɖi Te

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Doa Ŋusẽ Amesi Ŋu Ðeɖi Te
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbedodoɖa ƒe Ŋusẽ
  • Dzidzɔ si le Nɔviwo ƒe Habɔbɔa Me
  • Mawu ƒe Nya la ƒe Ŋusẽ
  • Hamemegã Siwo Nye “Sitsoƒe tso Ya Nu”
  • Migana Ta O!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Yehowa Doa Ŋusẽ Amesiwo Ŋu Ðeɖi Te
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • “Mibia Yehowa Kple Eƒe Ŋusẽ Ta Se”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • “Edoa Ŋusẽ Ame Si Ŋu Ðeɖi Te”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 12/1 axa 14-19

Yehowa Doa Ŋusẽ Amesi Ŋu Ðeɖi Te

“Ŋusẽ yeye ɖoa amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa ya ŋu, woɖɔa li fu abe hɔ̃ ene.”—YESAYA 40:31.

1, 2. Nukae Yehowa naa amesiwo ɖoa dzi ɖe eŋu, eye nuka mee míadzro fifia?

DZIƑOXEVI sesẽtɔ kekeakewo dometɔ aɖewoe nye hɔ̃wo. Woate ŋu anɔ agba sam ayi teƒe didiwoe woƒe aʋala maƒomaƒo. Hɔ̃ si ƒe amadede le abe sika ene eye eƒe aʋalawo keke wu meta eve, si nye “Xeviwo ƒe Fia la,” nye “esi ƒe nu wɔa dɔ ɖe ame dzi wu le hɔ̃ bubuawo katã dome; ne edzo yi dzi gbɔ togbɛwo kple gbadzaƒewo ta la, [enɔa] agba sam le togbɛka aɖe tame gaƒoƒo geɖe, eye enɔa xlã ƒom nɔ dzi yim vaseɖe esime wòzua nu yibɔ sue aɖe le yame ʋĩ.”—The Audubon Society Encyclopedia of North American Birds.

2 Alesi hɔ̃ te ŋu dzonae la nɔ susu me Yesaya wòŋlɔ bena: “[Yehowa] naa lãmesesẽ amesiwo ŋu ɖeɖi te, eye wònaa ŋusẽ geɖe ame beliwo. Nu tia kɔ na ɖekakpuiwo, eye ɖeɖi tea wo ŋu, eye ŋutsuwo dzea anyi; ke ŋusẽ yeye ɖoa amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa ya ŋu, woɖɔa li fu abe hɔ̃ ene, woƒua du metia wo o, wozɔa azɔli ɖeɖi metea wo ŋu o.” (Yesaya 40:29-31) Aleke gbegbe wòfaa akɔ na amee nye si be míanya be Yehowa naa ŋusẽ amesiwo ɖoa ŋu ɖe eyama ŋu la be woayi dɔ dzi, abe ɖe wòtsɔ hɔ̃ si dzona yia yame ƒe aʋala siwo ŋu nu metena o na wo ene! Fifia de ŋugbe le mɔnuɖoɖo siwo wòwɔ be wòado ŋusẽ amesi ŋu ɖeɖi te la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

Gbedodoɖa ƒe Ŋusẽ

3, 4. (a) Nukae Yesu ƒoe ɖe nusrɔ̃lawo nu be woawɔ? (b) Nukae míate ŋu akpɔ mɔ be Yehowa awɔ le míaƒe gbedodoɖawo ŋu ɖoɖo me?

3 Yesu ƒoe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo nu be “woado gbe ɖa ɖaa, eye ɖeɖi nagate wo ŋu o.” (Luka 18:1) Ne edze abe ɖe agbe me nyaƒoɖeamenuwo ɖe dzi le mía ƒo ene la, ɖe míaƒe dzimenyawo gbɔgblɔ na Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu nyateƒe be ŋusẽ nagaɖo mía ŋu eye míagana ta oa? Ẽ, gake nanewo li siwo wòle be míalé ɖe susu me.

4 Ele be míanya nusi tututu míakpɔ mɔ be Yehowa awɔ atsɔ aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋui. Kristotɔ aɖe si dzi nu va te ɖo vevie la de dzesii emegbe be: “Yehowa mewɔa nukunuwo fifia abe alesi wòle le lãmegbegblẽ bubuwo gome ene o. Gake ekpena ɖe mía ŋu be míanɔ te ɖe enu eye be míaƒe lãme nasẽ alesi míate ŋui le nuɖoanyi sia me.” Esi wònɔ nusita eƒe gbedodoɖawo na nuwo ka ɖe eme me ɖem la, egblɔ kpee be: “Mate ŋu abia Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe kpekpeɖeŋu gaƒoƒo 24 gbesiagbe.” Eyata Yehowa mexea mɔ ɖe agbe me nyaƒoɖeamenu siwo ate ŋu ado agba na mí nu o, gake ‘enaa gbɔgbɔ kɔkɔe amesiwo bianɛ!’ (Luka 11:13; Psalmo 88:2-4) Gbɔgbɔ ma ate ŋu ana míanɔ te ɖe dodokpɔ alo nyaƒoɖeamenu ɖesiaɖe si míado goe nu. (Korintotɔwo I, 10:13) Ne ehiã la, ate ŋu ade “ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gbã go” la mía me be míado dzi vaseɖe esime Mawu ƒe Fiaɖuƒea naɖe kuxi sesẽwo katã ɖa le xexe yeye si gogo ŋutɔ la me.—Korintotɔwo II, 4:7.

5. (a) Be míaƒe gbedodoɖawo nanyo la, nu eve kawoe le vevie? (b) Aleke míado gbe ɖae ne míele avu wɔm kple ŋutilãmegbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe? (d) Nukae míaƒe kutrikuku kple gbedodoɖa siwo gblɔ nusi hiã mí tẽ ɖena fiaa Yehowa?

5 Gake be míaƒe gbedodoɖawo nawɔ dɔ la, ele be míaku kutri eye ele be míagblɔ nusi tututu hiã mí. (Romatɔwo 12:12) Le kpɔɖeŋu me, ne nu te ŋuwò ɣeaɖewoɣi le avuwɔwɔ kple ŋutilãmegbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe me la, le ŋkeke ɖesiaɖe ƒe gɔmedzedze la, ɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò be màgana ta le gbɔdzɔgbɔdzɔ ma me le ŋkekea me o. Do gbe ma ke ɖa le ŋkeke bliboa me kple hafi nàmlɔ anyi zã sia zã. Ne ègava wɔe ake la, ɖe kuku na Yehowa be wòatsɔe ake wò, gake ƒo nu tso nusi na nègava wɔe kple nusi nàwɔ aƒo asa na nɔnɔme mawo ɣebubuɣi la ŋu nɛ. Kutrikuku ƒe gbedodoɖa siawo siwo gblɔa nya la tẽ la aɖe wò didi anukwaretɔe be yeaɖu aʋa la dzi afia ‘Gbedodoɖasela’ la.—Psalmo 65:3; Luka 11:5-13.

6. Nukata wòsɔ be míakpɔ mɔ be Yehowa ase míaƒe gbedodoɖawo ne míese le mía ɖokui me be míedze o hã?

6 Gake ɖewohĩ amesiwo ŋu ɖeɖi te asee le wo ɖokui me ɣeaɖewoɣi be yewomedze ado gbe ɖa o. Kristotɔ nyɔnu si se le eɖokui me nenema gblɔ emegbe be: “Susu si me afɔku le ŋutɔe wònye elabena efia be míetsɔe ɖo mía ɖokui dzi be míadrɔ̃ ʋɔnu mía ɖokui, gake menye míaƒe dɔe wònye o.” Le nyateƒe me la, “Mawu ŋutɔe nye Ʋɔnudrɔ̃la.” (Psalmo 50:6, NW) Biblia na kakaɖedzi mí be togbɔ be “míaƒe dzi bu fɔ mí hã la, Mawu enye gã wu míaƒe dzi, eye wònya nuwo katã.” (Yohanes I, 3:20) Aleke gbegbe wòfaa akɔ na mí enye si be míanya be ne ɖewohĩ míebu fɔ mía ɖokui be míedze ado gbe ɖa o hã la, Yehowa mase le eɖokui me nenema ɖe mía ŋu o! “[Enya] nuwo katã” le mía ŋu, kple nɔnɔme si me míeto le agbe me si ɖewohĩ ewɔnɛ be míebuna be míedze kura o. (Psalmo 103:10-14) Eƒe dɔmenyo kple nugɔmesese deto ʋãnɛ wòsea gbedodoɖa siwo tso “dzi gbagbã, si tugu” me. (Psalmo 51:19) Aleke wòado toku kpekpeɖeŋu si míebiana esime eya ŋutɔ mekpɔa dzidzɔ ɖe “amesi xe nu to me ɖe ame dahewo ƒe ɣlidodo” ŋu o?—Lododowo 21:13.

Dzidzɔ si le Nɔviwo ƒe Habɔbɔa Me

7. (a) Ðoɖo bubu kae Yehowa wɔ be wòakpe ɖe mía ŋu ŋusẽ nagaɖo mía ŋu? (b) Nuka nyanya le míaƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ŋue ate ŋu ado ŋusẽ mí?

7 Mɔnuɖoɖo bubu si Yehowa wɔ be wòakpe ɖe mía ŋu ŋusẽ nagaɖo mía ŋue nye míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa. Mɔnukpɔkpɔ xɔasi kae nye si wònye be míanɔ xexeame katã ƒe ƒome si me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo le la me! (Petro I, 2:17) Ne agbemekuxiwo do agba na mí la, dzidzɔ si le míaƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ŋusẽ nagaɖo mía ŋu. Alekee? Nyanya be menye míawo koe dze ŋgɔ kuxi sesẽwo o ɖeɖe ate ŋu ado ŋusẽ mí. Ðikeke mele eme o be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo le mía dome siwo dze ŋgɔ nyaƒoɖeamenu alo dodokpɔ mawo tɔgbe eye wose le wo ɖokui me abe alesi míesena le mía ɖokui me ene. (Petro I, 5:9) Nyanya be nusi me tom míele la bɔ eye be míaƒe seselelãmewo menye nu madzɔkpɔ o la naa kakaɖedzi mí.

8. (a) Kpɔɖeŋu kawoe ɖe alesi míakpɔ kpekpeɖeŋu kple akɔfafa si míehiã geɖe le míaƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa mee fia? (b) Mɔ ka nue ‘xɔlɔ̃ vavã’ aɖe kpe ɖe wò ŋutɔ ŋuwò alo fa akɔ na wò le kpɔ?

8 Míate ŋu akpɔ ‘xɔlɔ̃ vavãwo’ le nɔviwo ƒe habɔbɔ dodzidzɔnamea me, amesiwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu kple akɔfafa si míehiã vevie la mí ne míele fu kpem. (Lododowo 17:17) Zi geɖe la, akɔfanya aɖewo gbɔgblɔ alo ameŋububu ƒe nuwɔna aɖewo koe hiã. Kristotɔ aɖe si wɔ avu kple amegbɔlonyenye ƒe seselelãmewo ɖo ŋku edzi be: “Xɔlɔ̃ aɖewo ƒoa nu tsoa nu nyuiwo ŋu nam tso ɖokuinye ŋu be wòakpe ɖe ŋunye maɖu nye susu gbegblẽawo dzi.” (Lododowo 15:23) Le nɔvinyɔnu aɖe ƒe vinyɔnu sue ƒe ku megbe la, esesẽ nɛ le gɔmedzedzea me be wòadzi Fiaɖuƒehawo le hamea ƒe kpekpewo me, vevietɔ hadzidzi siwo ƒo nu tso tsitretsitsia ŋu. Egblɔ be: “Gbeɖeka nɔvinyɔnu aɖe si nɔ akpataa ƒe akpa keme la kpɔm menɔ avi fam. Eva gbɔnye, kpla asi kɔ nam, eye wòdzi hadzidzia ƒe akpa mamlea kplim. Lɔlɔ̃ na nɔviŋutsuawo kple nɔvinyɔnuawo va yɔm fũ eye mekpɔ dzidzɔ ɖe kpekpeawo dede ŋu ale gbegbe, elabena mekpɔe dze sii be Fiaɖuƒe Akpata mee míekpɔa kpekpeɖeŋu tsonɛ.”

9, 10. (a) Aleke míawɔ ana dzidzɔ nanɔ míaƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me? (b) Amekawoe hiã na hadede tuameɖo vevie? (d) Nukae míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe amesiwo hiã na dzideƒo ŋu?

9 Le nyateƒe me la, enye mía dometɔ ɖesiaɖe ƒe agbanɔamedzi be míana dzidzɔ nanɔ Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me. Eyata ele be ‘míakeke’ míaƒe dziwo wòaɖo mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo katã gbɔ. (Korintotɔwo II, 6:13) Nublanuinya kae nye si wòanye na amesiwo ŋu ɖeɖi te be woakpɔe be nɔviwo megaɖea lɔlɔ̃ fiaa yewo o! Gake Kristotɔ aɖewo gblɔna be yewotsi akogo eye wogblẽ yewo ɖi. Nɔvinyɔnu aɖe si srɔ̃ tsi tre ɖe nyateƒea ŋu ɖe kuku be: “Amekae medi alo hiã xɔlɔ̃wɔwɔ tuameɖowo, dzidedeƒoname, kple hadede si me lɔlɔ̃ le o? Taflatse miɖo ŋku edzi na mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo be míehiã wo!” Ẽ, vevietɔ amesiwo nɔnɔmewo do agba na le agbe me—amesiwo srɔ̃ nye dzimaxɔsetɔwo, dzila ɖekɛwo, amesiwo ƒe dɔléle mele vɔvɔm o, ame tsitsiwo, kple ame bubuwo—hiã na hadede tuameɖo. Ðe wòle be woaɖo ŋku ema dzi na mía dometɔ aɖewoa?

10 Nukae míate ŋu atsɔ ana kpekpeɖeŋu? Mina míakeke míaƒe lɔlɔ̃ ɖeɖefia ɖe enu. Ne míele amewo kpem be míanyo dɔme na wo la, migana míaŋlɔ amesiwo hiã na dzideƒo la be o. (Luka 14:12-14; Hebritɔwo 13:2) Le esi teƒe be míabui be woƒe nɔnɔmewo mana woalɔ̃ ava o la, nukatae míakpe wo akpɔ o? Na woa ŋutɔwo natso nya me. Ne womeva o hã la, ɖikeke mele eme o be ade dzi ƒo na wo be woanya be ame bubuwo bu yewo ŋu. Ðewohĩ ema koe nye nusi wohiã be ŋusẽ nagaɖo wo ŋu.

11. Mɔ kawo nue amesiwo dzi nu te ɖo ahiã na kpekpeɖeŋu le?

11 Amesiwo dzi nu te ɖo ahiã kpekpeɖeŋu le mɔ bubuwo nu. Le kpɔɖeŋu me, vidada srɔ̃manɔsitɔ adi be nɔviŋutsu tsitsi aɖe naɖe ɖetsɔleme afia ye viŋutsuvi tɔmanɔsi la. (Yakobo 1:27) Nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu si le dɔ lém vevie ahiã na kpekpeɖeŋu le nuƒeƒle alo aƒemedɔwo wɔwɔ me. Ame tsitsi ahiã na zɔhɛ alo ahiã kpekpeɖeŋu be wòate ŋu ado ava wɔ gbeadzisubɔsubɔdɔa. Ne kpekpeɖeŋu sia hiã ɖaa la, ‘edoa míaƒe lɔlɔ̃ ƒe vavãnyenye kpɔna’ ŋutɔ. (Korintotɔwo II, 8:8) Le esi teƒe be míate ɖa le amesiwo hiã tu ŋu le ɣeyiɣi kple agbagbadzedze si wòbia ta la, mina míato Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ ƒe dodokpɔa me dzidzedzetɔe boŋ to ŋkuléle ɖe ame bubuwo ƒe nuhiahiãwo ŋu kple kpekpeɖeŋu nana wo me.

Mawu ƒe Nya la ƒe Ŋusẽ

12. Aleke Mawu ƒe Nya la kpena ɖe mía ŋu be ŋusẽ nagaɖo mía ŋu?

12 Ŋutete alo ŋusẽ avɔ le amesi dzudzɔ nu ɖuɖu ŋu kaba. Nenema kee mɔ bubu si nu Yehowa naa ŋusẽ mí be míayi dɔ dzie nye egbɔkpɔkpɔ be míeɖu nu ɖi ƒo nyuie le gbɔgbɔ me. (Yesaya 65:13, 14) Gbɔgbɔmenuɖuɖu kawoe wòna mí? Esi ƒo ye katã tae nye eƒe Nya, Biblia. (Mateo 4:4; tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 4:12.) Aleke wòate ŋu akpe ɖe mía ŋu be ŋusẽ nagaɖo mía ŋu? Ne nyaƒoɖeamenu kple kuxi siwo míedoa goe te ŋusẽ xɔxɔ le mía si la, nuxexlẽ tso ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ƒe seselelãmewo kple agbemedagbadagbawo ŋu ate ŋu ado ŋusẽ mí. Togbɔ be wonye nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesiwo hã la, amegbetɔ siwo ‘nu vɛna abe míawo ke ene’ ye wonye. (Yakobo 5:17; Dɔwɔwɔwo 14:15) Wodo go tetekpɔ kple nyaƒoɖeamenu siwo ɖi mía tɔ. Bu kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.

13. Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ƒe seselelãmewo kple nuteƒekpɔwo ɖi mía tɔ?

13 Blemafofo Abraham xa nu vevie le srɔ̃a ƒe ku ta togbɔ be exɔ tsitretsitsia dzi se hã. (Mose I, 23:2; tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 11:8-10, 17-19.) Dawid si trɔ dzi me la bu be yeƒe nuvɔ̃wo na yemedze asubɔ Yehowa o. (Psalmo 51:13) Mose se le eɖokui me be yemedze na dɔ aɖewo wɔwɔ o. (Mose II, 4:10) Epafrodito xa nu ŋutɔ esime wòva nya be dɔléle sesẽ aɖe na yeƒe dɔwɔwɔ le “Kristo ƒe dɔwɔwɔ” la me dzi ɖe kpɔtɔ. (Filipitɔwo 2:25-30) Enɔ na Paulo be wòawɔ aʋa atsi tre ɖe ŋutilã madebliboa ŋu. (Romatɔwo 7:21-25) Edze ƒã be Ewodia kple Sintixe, nɔvinyɔnu amesiamina eve siwo nɔ Filipi-hamea me dome menɔ vivim o. (Filipitɔwo 1:1; 4:2, 3) Aleke wòdea dzi ƒo na mí enye si be míanya be nuteƒewɔla siawo ƒe seselelãmewo kple nuteƒekpɔkpɔwo nɔ abe mía tɔ ene, gake womena ta o! Eye Yehowa hã megblẽ wo ɖi o.

14. (a) Dɔwɔnu kae Yehowa zã tsɔ kpe ɖe mía ŋu be míakpɔ ŋusẽ tso eƒe Nya la me? (b) Nukata wotaa nyati siwo ku ɖe hadomegbenɔnɔ, ƒome, kple seselelãme ƒe kuxiwo ŋu ɖe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe magazineawo me?

14 Yehowa zãa dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela habɔbɔa tsɔ naa ‘nuɖuɖu mi ɖe ɣeyiɣi nyui dzi’ ɣesiaɣi be wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋusẽ tso eƒe Nya la me. (Mateo 24:45) Ɣeyiɣi didi aɖee nye sia si dɔla nuteƒewɔla la zã Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe magazineawo tsɔ ʋli Biblia me nyateƒea ta eye wòtsɔ ɖea gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒea be eyae nye amegbetɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia. Vevietɔ le ƒe ʋee siwo va yi me la, wota Ŋɔŋlɔawo me nyati siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia nu siwo ku ɖe hadomegbenɔnɔ, ƒome, kple seselelãme me kuxi siwo Mawu ƒe amewo gɔ̃ hã doa goe ŋu la ɖe magazine siawo me. Tameɖoɖo ka tae wotaa nya siawo? Eyae nye be woatsɔ akpe ɖe amesiwo le kuxi siawo me tom ŋu be woakpɔ ŋusẽ kple dzideƒo tso Mawu ƒe Nya la me. Gake nyati siawo kpena ɖe mí katã ŋu hã be míase nusiwo me mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo anɔ totom la gɔme nyuie wu. Esia dzraa mí ɖo nyuie wu be míawɔ ɖe Paulo ƒe nyawo dzi be: “Mifa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo, mixɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, migbɔ dzi ɖi na amewo katã.”—Tesalonikatɔwo I, 5:14.

Hamemegã Siwo Nye “Sitsoƒe tso Ya Nu”

15. Nya kae Yesaya gblɔ ɖi le amesiwo nye hamemegãwo ŋu, eye agba kae esia da ɖe wo dzi?

15 Yehowa na nu bubu si hã akpe ɖe mía ŋu ne ɖeɖi te mía ŋu—hamemegãwo. Nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔ le amesiawo ŋu be: “Amesiame anɔ abe sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu, tɔʋu le gbegbe kple agakpe gã nyadri ƒe vɔvɔli le kuɖiɖinyigba dzi ene.” (Yesaya 32:1, 2) Ekema agba le hamemegãwo dzi be woawɔ nu wòasɔ kple nya si Yehowa gblɔ ɖi le wo ŋu. ‘Ele be woanye’ akɔfafa kple ŋusẽ tsoƒe na ame bubuwo eye woalɔ̃ “[anɔ] wo nɔewo ƒe agbawo [alo, “fuɖenamenuwo”; le nyaa ŋutɔŋutɔ nu la, “nu kpekpewo”] tsɔm.” (Galatiatɔwo 6:2, Reference Bible ƒe etenuŋɔŋlɔ) Aleke woawɔ esiae?

16. Nukae hamemegãwo awɔ atsɔ kpe ɖe amesi se le eɖokui me be yemedze ado gbe ɖa o ŋu?

16 Abe alesi míegblɔe va yi ene la, ɖewohĩ amesi ŋu ɖeɖi te ase le eɖokui me be yemedze ado gbe ɖa o. Nukae hamemegãwo ate ŋu awɔ? Woate ŋu ado gbe ɖa kple amea ahado gbe ɖa ɖe eta. (Yakobo 5:14) Alesi amesi ŋu ɖeɖi te la anɔ eteƒe anɔ esem esi míabia Yehowa be wòakpe ɖe eŋu wòanya alesi gbegbe Yehowa kple ame bubuwo lɔ̃e la afa akɔ nɛ godoo. Hamemegã ƒe gbedodoɖa vevie si tso dzi me la sese ado ŋusẽ amesi le fu kpem la ƒe kakaɖedzi. Woate ŋu akpe ɖe eŋu wòakpɔe be ne hamemegãwo ka ɖe edzi be Yehowa aɖo gbe si wodo ɖa ɖe ame ma ta ŋu la, ekema eya ŋutɔ hã ate ŋu aka ɖe edzi nenema.

17. Nukatae wòle be hamemegãwo nanye toɖola veveseɖeamenulawo?

17 Yakobo 1:19 gblɔ be: “Amesiame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me.” Be hamemegãwo nakpe ɖe amesiwo ŋu ɖeɖi te ŋu be ŋusẽ nagaɖo wo ŋu la, ele be woanye toɖola siwo sea veve ɖe ame ti. Ɣeaɖewoɣi la, hamea me tɔ aɖewo anɔ avu wɔm kple kuxi alo nyaƒoɖeamenu siwo gbɔ womate ŋu akpɔ le nuɖoanyi sia me o. Ekema ɖewohĩ manye kuxia “gbɔ kpɔkpɔ” ŋuti aɖaŋuɖoɖo ye ahiã wo o ke boŋ toɖola nyui si woaƒo nu nae wohiã. Toɖola nyui nye amesi magblɔ alesi wòsusu be amewo nase le wo ɖokui me o ke boŋ eɖoa to ʋɔnumadrɔ̃madrɔ̃e.—Luka 6:37; Romatɔwo 14:13.

18, 19. (a) Aleke ablaɖeɖe le nusese me akpe ɖe hamemegã ŋu be mana amesi ŋu ɖeɖi te ƒe agba nagakpe ɖe edzi o? (b) Nukae dona tsoa eme ne hamemegãwo ɖe ‘nublanuikpɔkpɔ’ fia?

18 Hamemegãwo, ablaɖeɖe le nusese me ate ŋu akpe mia ŋu be miagana amesi ŋu ɖeɖi te ƒe agba nagakpe ɖe edzi le manyamanya me o. Le kpɔɖeŋu me, ne kpekpe aɖewo to nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe ŋu alo eƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ ɖiɖi vie la, ɖe wòahiã na aɖaŋuɖoɖo ŋutɔŋutɔ le alesi wòado vevie nu wu le subɔsubɔdɔa me alo le kpekpewo vava edziedzi wu ŋua? Ðewohĩ ahiã nenema. Gake ɖe mienya nu tso nɔnɔmea ŋu bliboea? Ðe eƒe lãmegbegblẽwo do gã ɖe edzia? Ðe eƒe ƒomegbanɔamedziwo trɔ nyitsɔ laa? Ðe nɔnɔme alo nyaƒoɖeamenu bubuwo li siwo le agba dom nɛa? Miɖo ŋku edzi be ɖewohĩ amea anɔ fɔ bum eɖokui xoxo le esi mete ŋu wɔa geɖe o ta.

19 Ekema aleke miakpe ɖe nɔviŋutsua alo nɔvinyɔnua ŋui? Hafi miaƒo nya ta ahaɖo aɖaŋu la, ele be miaɖo toe! (Lododowo 18:13) Mibia nya siwo ana miase nɔnɔmea gɔme miatsɔ ‘anya’ alesi amea sena le eƒe dzi me. (Lododowo 20:5) Migaŋe aɖaba ƒu seselelãme siawo dzi o—mibu wo nya veviwoe. Ðewohĩ ahiã be woaka ɖe edzi na amesi ŋu ɖeɖi te la be Yehowa tsɔa ɖe le mía me eye esea egɔme be míaƒe nɔnɔmewo ate ŋu aɖe míaƒe dɔwɔwɔ dzi akpɔtɔ ɣeaɖewoɣi. (Petro I, 5:7) Ne hamemegãwo ɖe ‘nublanuikpɔkpɔ’ fia alea la, amesiwo ŋu ɖeɖi te ‘akpɔ dzudzɔ na woƒe luʋɔwo.’ (Petro I, 3:8; Mateo 11:28-30) Ne wokpɔ dzudzɔ alea la, magahiã be woagblɔ na wo be woawɔ geɖe o; woƒe dzi aʋã wo be woawɔ woƒe ŋutete katã le Yehowa subɔsubɔ me alesi dze.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 8:12; 9:7.

20. Esi dzidzime vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu gogo alea gbegbe ta la, nukae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?

20 Nyateƒee, amegbetɔ ƒe ŋutinya me ɣeyiɣi sesẽtɔ kekeake mee míele. Satana ƒe xexea me nɔnɔ ƒe nyaƒoɖeamenuwo le dzidzim ɖe edzi esi míele gegem ɖe nuwuɣia me ʋĩ. Miɖo ŋku edzi be Abosam, si le abe dzata si le nu dim be yealé ene la, le mɔ kpɔm be ɖeɖi nate mía ŋu ne míana ta ale be wòawɔ nɔnɔmea ŋudɔ atsɔ alé mí bɔbɔe. Aleke gbegbe míada akpee nye si be Yehowa doa ŋusẽ amesi ŋu ɖeɖi te! Mina míawɔ ɖoɖo siwo wòwɔ be wòatsɔ ado ŋusẽ mí míayi dɔ dzi abe hɔ̃ si dzona yia yame ƒe aʋala sesẽawoe wòna mí ene la ŋudɔ bliboe. Esi dzidzime vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu gogo alea gbegbe ta la, menye fifiae wòle be míadzudzɔ dua ƒuƒu le míaƒe duɖimekeke hena teƒeɖoɖofetu—si nye agbe mavɔ la me o.—Hebritɔwo 12:1.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ Nukae míate ŋu míakpɔ mɔ be Yehowa awɔ atsɔ aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋui?

◻ Mɔ kawo nue míakpɔ ŋusẽ tso míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me le?

◻ Aleke Mawu ƒe Nya la kpena ɖe mía ŋu be ŋusẽ nagaɖo mía ŋu?

◻ Nukae hamemegãwo ate ŋu awɔ akpe ɖe amesiwo ŋu ɖeɖi te ŋu be ŋusẽ nagaɖo wo ŋu?

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Ne míele amewo kpem la, migana míaŋlɔ amesiwo hiã na dzideƒo be o

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Hamemegãwo ate ŋu abia Yehowa be wòakpe ɖe amesiwo ŋu ɖeɖi te ŋu woanya alesi gbegbe wolɔ̃ woe

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe