Yehowa Ƒe Alẽwo Hiã Beléle Lɔlɔ̃tɔe
“Midze sii be, Yehowa ye nye Mawu! . . . Eƒe dukɔ kple alẽwo le eƒe lãnyiƒe míenye.”—PSALMO 100:3.
1. Aleke Yehowa wɔa nu ɖe esubɔlawo ŋui?
YEHOWA ye nye Alẽkplɔla Gãtɔ. Ne esubɔlawoe míenye la, ebua mí eƒe alẽwoe eye wòléa be na mí lɔlɔ̃tɔe. Mía Dziƒofofo la faa akɔ na mí henaa dzudzɔ mí eye wòkplɔa mí toa “toƒe dzɔdzɔewo le eƒe ŋkɔ la ta.” (Psalmo 23:1-4) Yesu Kristo, Alẽkplɔla Nyui la, lɔ̃ mí ale gbegbe be etsɔ eƒe luʋɔ na ɖe mía ta.—Yohanes 10:7-15.
2. Nɔnɔme ka mee Mawu ƒe amewo le?
2 Mí amesiwo wòléa be na lɔlɔ̃tɔe la ate ŋu awɔ ɖeka kple hakpala la agblɔ be: “Misubɔ Yehowa kple dzidzɔ, eye mitsɔ aseyetsotso do ɖe eŋku me! Midze sii be, Yehowa ye nye Mawu! Eyae wɔ mí, eye etɔ míenye, eƒe dukɔ kple alẽwo le eƒe lãnyiƒe míenye.” (Psalmo 100:2, 3) Ẽ, dzi dzɔa mí eye míele dedie. Ele abe alẽkpɔ si nye glikpɔ sesẽ mee wotsɔ mí dee be lã lénu vɔ̃ɖiwo nagalé mí o ene.—Mose IV, 32:16; Samuel I, 24:4; Zefanya 2:6.
Alẽha la Kplɔla Siwo Lɔ̃ Faa
3. Aleke Kristotɔ hamemegã siwo woɖo wɔa nu ɖe Mawu ƒe alẽha la ŋui?
3 Mewɔ nuku be míenye Mawu ƒe alẽ siwo kpɔa dzidzɔ o! Hamemegã siwo woɖo xɔa ŋgɔ le mía dome. ‘Womeɖua amegã,’ alo aƒetɔ ɖe mía dzi, alo tena kpɔna be yewoaɖu aƒetɔ ɖe míaƒe xɔse dzi o. (Mose IV, 16:13; Mateo 20:25-28; Korintotɔwo II, 1:24; Hebritɔwo 13:7) Kplɔla lɔ̃amewo boŋ wonye, amesiwo wɔa apostolo Petro ƒe aɖaŋuɖoɖoa ŋudɔ be: “Minyi Mawu ƒe alẽha, si le mia dome, eye mikpɔ edzi; menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa le Mawu nu; menye le viɖe ƒoɖi ta o, ke boŋ kple dzi faa; menye abe amesiwo ɖu aƒetɔ ɖe ha me, si wode asi na wo la, dzi ene o, ke boŋ abe amesiwo nye kpɔɖeŋu na hame la ene.” (Petro I, 5:2, 3) Apostolo Paulo gblɔ na ehati hamemegãwo be: “Mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã, si dzikpɔlawo [gbɔgbɔ] kɔkɔe la ɖo mi la dzi, be mianyi [Mawu] ƒe hame, si wòƒle kple ye ŋutɔ [Via, NW] ƒe ʋu la.” Eye aleke gbegbe alẽawo daa akpee nye si be ŋutsu siawo siwo gbɔgbɔ kɔkɔe ɖo la ‘kplɔa alẽha la le lɔlɔ̃ me’!—Dɔwɔwɔwo 20:28-30.
4. Ƒomedodo ka ƒomevie nɔ alẽha la kple Charles T. Russell dome si ame geɖe nya?
4 Yesu tsɔ “nunana siwo nye amewo” la na hamea, ɖewo nye “kplɔlawo,” alo alẽkplɔlawo, amesiwo kplɔa Yehowa ƒe alẽha la le lɔlɔ̃ me. (Efesotɔwo 4:8, 11, NW) Ŋutsu siawo dometɔ ɖekae nye Charles T. Russell, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla gbãtɔ. Woyɔe be Kplɔla Russell le dɔ siwo wòtsɔ lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ wɔ le alẽha la kpɔkplɔ le Alẽkplɔla Gã, Yesu Kristo, ƒe mɔfiafia te me ta. Egbea Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha lae ɖoa Kristotɔ hamemegãwo, eye woɖɔa ŋu ɖo be woagatsɔ dzesideŋkɔwo abe “kplɔla,” “hamemegã,” alo “nufiala” ene anɔ wo yɔmii o. (Mateo 23:8-12) Ke hã egbeŋkekea me hamemegãwo wɔa kplɔlanyenye, alo alẽkpɔkplɔ, ƒe dɔ be wòaɖe vi na alẽ siwo le Yehowa ƒe lãnyiƒe.
5. Nukata wòle be ame yeyewo nadze agbagba anya hamemegã siwo woɖo le Kristo-hamea me?
5 Esi hamemegãwo nye alẽkplɔlawo ta la, wowɔa akpa vevi aɖe le ame yeyewo ƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi me. Eyata agbalẽ yeye si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe axa 168 gblɔ be: “Dze agbagba nànya hamemegã siwo le hamea me. Nuteƒekpɔkpɔ geɖe su wo si le Mawu ŋuti sidzedze tsɔtsɔ wɔ dɔe me, elabena woɖo dzikpɔlawo ƒe nudidi siwo woɖo ɖe Biblia me la gbɔ. (Timoteo I, 3:1-7; Tito 1:5-9) Ne èhiã gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu aɖe be nàɖu numãme alo nɔnɔme aɖe si tsi tre ɖe Mawu ƒe nudidiwo ŋu dzi la, mègahe ɖe megbe le tete ɖe wo ŋu me o. Àkpɔe be hamemegãwo wɔna ɖe Paulo ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi: ‘Mifa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo, mixɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, migbɔ dzi ɖi na amewo katã.’—Tesalonikatɔwo I, 2:7, 8; 5:14.”
Ne Ame Yeyewo Di be Yewoaɖe Gbeƒã
6. Ðoɖo ka nue wozɔna ɖo ne Biblia-nusrɔ̃vi aɖe di be yeava zu Fiaɖuƒegbeƒãɖela?
6 Ne sidzedze su Biblia-nusrɔ̃vi aɖe si eye wòdea kpekpewo hena ɣeyiɣi aɖe la, adi be yeava zu Fiaɖuƒegbeƒãɖela, si nye nyanyuia ƒe gbeƒãɖela. (Marko 13:10) Ne nenemae la, ele be Ðasefo si le nu srɔ̃m kplii la nakpɔ zimenɔla la, amesi awɔ ɖoɖo be hamemegã siwo le Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia me dometɔ ɖeka kple hamemegã bubu nakpe kple Biblia-nusrɔ̃via kpakple eƒe nufiala. Woatu numedzodzroa ɖe agbalẽ si nye Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu ƒe axa 98 kple 99 dzi. Ne hamemegã eve siawo kpɔe be ame yeyea xɔ Biblia me nufiafia veviwo dzi se eye wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ wòsɔ ɖe Mawu ƒe gɔmeɖosewo nu la, woagblɔ nɛ be edze akpɔ gome le dutoƒosubɔsubɔdɔa me.a Ne ebu akɔnta le eƒe subɔsubɔdɔa ŋu to gbeadzisubɔsubɔ ƒe akɔntabubu si wòatsɔ na me la, woaŋlɔe ɖe Hamea me Gbeƒãɖelawo ƒe Nuŋlɔɖigbalẽvi si dzi eƒe ŋkɔ le dzi. Fifia ame yeyea ate ŋu abu akɔnta le eƒe ɖaseɖiɖidɔ ŋu akpe ɖe ame bubu miliɔn geɖe siwo ‘gblɔa Mawu ƒe nya la fiana’ dzidzɔtɔe la ŋu. (Dɔwɔwɔwo 13:5) Woaɖe gbeƒãe na hamea be ezu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃.
7, 8. Mɔ kawo nue woate ŋu ana kpekpeɖeŋu si hiã la gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃ le subɔsubɔdɔa me?
7 Gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃ hiã hamemegãwo kple Kristotɔ tsitsi bubuwo ƒe kpekpeɖeŋu. Le kpɔɖeŋu me, Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ si wòdena la dzi kpɔla tsɔa ɖe le eƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi me vevie. Ðewohĩ asesẽ na gbeƒãɖela yeyea be wòaƒo nu nyuie le aƒeme yi aƒeme dɔa me. (Dɔwɔwɔwo 20:20) Eyata anɔ eme be adi be yeaxɔ kpekpeɖeŋu, vevietɔ tso amesi le Sidzedze ƒe agbalẽa srɔ̃m kplii gbɔ. Kpekpeɖeŋu nyui sia sɔ, elabena Yesu Kristo dzra eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu.—Marko 6:7-13; Luka 10:1-22.
8 Dzadzraɖo nyuie do ŋgɔ hiã nenye be míaƒe subɔsubɔdɔa alé vi. Eyata gbeƒãɖela eveawo akpe gbã ato dzeɖonya siwo ƒe aɖaŋu woɖona le ɣleti sia ɣleti ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me la me. Ne wodze woƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa gɔme la, amesi kpɔ nuteƒe wu la aƒo nu le aƒe gbãtɔ alo le evelia hã me. Ne gbeƒãɖela eveawo ɖe wo ɖokui nu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe vɔ la, woate ŋu ayi edzi aɖi ɖase. Subɔsubɔdɔa wɔwɔ ɖekae kwasiɖa ʋee aɖewo ana woate ŋu awɔ tɔtrɔyi nyuiwo eye woadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme gɔ̃ hã le Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe agbalẽa me. Gbeƒãɖela si kpɔ nuteƒe wu la akpɔ nusɔsrɔ̃a dzi vaseɖe ɣeyiɣi aɖe eye emegbe wòatsɔe de asi na Fiaɖuƒegbeƒãɖela yeyea. Aleke gbegbe gbeƒãɖela eveawo akpɔ dzidzɔe nye si ne Biblia-nusrɔ̃via ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe Mawu ŋuti sidzedzea ŋu!
9. Ðoɖo kawoe wowɔna ne gbeƒãɖela di be yeaxɔ nyɔnyrɔ̃?
9 Ne gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃ le ŋgɔ yim le gbɔgbɔ me la, aɖe adzɔgbe na Mawu le gbedodoɖa me eye wòadi be yeaxɔ nyɔnyrɔ̃. (Tsɔe sɔ kple Marko 1:9-11.) Ele be wòaɖe didi sia agblɔ na hamea ƒe zimenɔla, amesi awɔ ɖoɖo be hamemegãwo nato nyabiabia siwo le Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu ƒe agbalẽa ƒe axa 175 vaseɖe 218 me kple gbeƒãɖela la. Ne anya wɔ la, hamemegã vovovo etɔ̃ ato biabia siwo womã ɖe akpa ene me la me kplii zi etɔ̃. Ne wolɔ̃ ɖe edzi be gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃ la se Biblia me nufiafiawo gɔme nyuie eye wòdze le mɔ bubuwo hã nu la, woagblɔ nɛ be ate ŋu axɔ nyɔnyrɔ̃. Eƒe adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ana wòazu amesi ‘wode dzesii’ hena xɔxɔ.—Xezekiel 9:4-6.
Hiahiã Tɔxɛwo Gbɔ Kpɔkpɔ
10. Ne ame aɖe srɔ̃ Sidzedze ƒe agbalẽa wu enu eye wòxɔ nyɔnyrɔ̃ la, aleke wòawɔ adzi eƒe Ŋɔŋlɔawo me sidzedze ɖe edzii?
10 Ne ame aɖe wu eƒe Biblia sɔsrɔ̃ le Sidzedze ƒe agbalẽa me nu eye wòxɔ nyɔnyrɔ̃ la, mahiã be woaɖoe koŋ agasrɔ̃ agbalẽ evelia, abe Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me ene kplii o.b Le nyateƒe me la, nyɔnyrɔ̃xɔla yeye asrɔ̃ nu geɖe ne edzrana ɖo ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu hedea wo edziedzi. Sidzedze geɖe agasu esi ne nyateƒea ƒe tsikɔ si le ewum la ʋãe be wòaxlẽ Kristotɔwo ƒe agbalẽwo ahasrɔ̃ wo le eɖokui si eye be wòadzro Ŋɔŋlɔawo me nyawo me kple haxɔsetɔwo. Gake nukae woawɔ ne hiahiã tɔxɛwo do mo ɖa?
11. (a) Aleke Priskila kple Akwila kpe ɖe Apolo ŋui? (b) Kpekpeɖeŋu kae woate ŋu ana nyɔnyrɔ̃xɔla yeye si nye ɖekakpui alo ɖetugbi si le srɔ̃ɖeɖe ŋu bum?
11 Eɖe vi na Apolo, amesi ‘nya Ŋɔŋlɔawo nyuie’ eye wòfia nu le Yesu ŋu nyuie la gɔ̃ hã esi Akwila kple Priskila siwo nye Kristotɔ kpɔnuteƒewo la ‘kplɔe va wo ɖokui gbɔ, eye woɖe Mawu ƒe mɔ gɔme fiae kɔte wu tsãtɔ.’ (Dɔwɔwɔwo 18:24-26; tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 19:1-7.) Eyata mítsɔe be ɖekakpui alo ɖetugbui si xɔ nyɔnyrɔ̃ eteƒe medidi o le zɔzɔdoŋgɔnasrɔ̃ɖeɖe kple srɔ̃ɖeɖe ŋu bum. Kristotɔ si kpɔ nuteƒe wu ate ŋu akpe ɖe eŋu wòakpɔ nya siawo ŋuti nyatakakawo le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo me. Le kpɔɖeŋu me, nya siawo ŋuti aɖaŋuɖoɖo nyuiwo dze le agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work ƒe Akpa 7 lia.c Gbeƒãɖela si wɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple ame yeyea la ate ŋu adzro nya sia me kplii, togbɔ be manye nusɔsrɔ̃ si woanɔ wɔwɔm ɣesiaɣi o hã.
12. Kpekpeɖeŋu kae woate ŋu ana srɔ̃tɔ nyɔnyrɔ̃xɔla yeye siwo le go dom kuxiwo?
12 Bu kpɔɖeŋu bubu hã ŋu kpɔ. Ðewohĩ srɔ̃tɔ siwo xɔ nyɔnyrɔ̃ yeyee le go dom kuxiwo le Mawu ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ me. Woate ŋu ate ɖe hamemegã aɖe ŋu, amesi adzro Ŋɔŋlɔawo me kpli wo le fiẽ ʋee aɖewo me ahahe woƒe susu ayi nya siwo le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo me dzi. Gake hamemegã la magaɖo Biblia-nusɔsrɔ̃ anyi anɔ wɔwɔm kple srɔ̃tɔawo o.
Ne Ame Yeye aɖe Da Vo
13. Nukata wòle be hamemegãwo nakpɔ nublanui na nyɔnyrɔ̃xɔla yeye si da vo gake trɔ dzime?
13 Hamemegãwo srɔ̃a Alẽkplɔla Gãtɔ Yehowa ƒe kpɔɖeŋu, amesi gblɔ be: “Nye ŋutɔ manyi nye alẽwo, . . . mabla abi na esiwo ŋe ata, eye mado ŋusẽ esiwo ƒe lãme gblẽ.” (Xezekiel 34:15, 16; Efesotɔwo 5:1) Nusrɔ̃la Yuda de dzi ƒo wòwɔ ɖeka kple gbɔgbɔ ma be woakpɔ nublanui na Kristotɔ amesiamina siwo me ɖikeke le alo ge ɖe nuvɔ̃ me. (Yuda 22, 23) Esi míebiaa nu geɖe wu tso Kristotɔ kpɔnuteƒewo si wòsɔ ta la, ele be míakpɔ nublanui na nyɔnyrɔ̃xɔla yeye—alẽvi dzro ko—si da vo gake trɔ dzime la godoo. (Luka 12:48; 15:1-7) Eyata hamemegã siwo ‘drɔ̃a ʋɔnu na Yehowa’ léa be na alẽ siawo lɔlɔ̃tɔe eye woɖɔa wo ɖo le dɔmefafa me.—Kronika II, 19:6; Dɔwɔwɔwo 20:28, 29; Galatiatɔwo 6:1.d
14. Nukae wòle be woawɔ ne gbeƒãɖela si xɔ nyɔnyrɔ̃ eteƒe medidi o wɔ nuvɔ̃ gã, eye aleke woate ŋu akpe ɖe eŋui?
14 Azɔ hã, mitsɔe be ahamumu ƒe kuxi nɔ gbeƒãɖela si xɔ nyɔnyrɔ̃ nyitsɔ laa ŋu tsã eye egamui zi ɖeka alo zi eve. Alo ɖewohĩ eɖu atamanono si zu numãme nɛ ɣeyiɣi didi aɖe la dzi gake ena ta heno atama le bebeme zi ɖeka alo zi eve. Togbɔ be mía nɔvi yeyea do gbe ɖa bia Mawu ƒe tsɔtsɔke hã la, ele be wòabia hamemegã aɖe ƒe kpekpeɖeŋu ale be nuvɔ̃a nagazu numãme o. (Psalmo 32:1-5; Yakobo 5:14, 15) Ne egblɔ eƒe vodadaa na hamemegãwo dometɔ ɖeka la, hamemegã ma nadze agbagba aɖɔ ame yeyea ɖo le nublanuikpɔkpɔ me. (Psalmo 130:3) Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖo ɖeɖeko ate ŋu akpe ɖe eŋu be wòaɖe mɔ dzɔdzɔewo na eƒe afɔwo le ema megbe. (Hebritɔwo 12:12, 13) Hamemegã sia adzro nɔnɔmeawo me kple hamea ƒe zimenɔla be woanya kpekpeɖeŋu bubu si wòle be woaganae.
15, 16. (a) Ðewohĩ nukae ahiã le nyɔnyrɔ̃xɔla la ƒe nuvɔ̃a ƒe lolome alo alesi wòdzɔe ta? (b) Nukae hamemegãwo ate ŋu awɔ ‘ado ŋusẽ alẽ si le dɔ lém la’?
15 Ke hã la, abia nu geɖe wu ɣeaɖewoɣi. Ne ame geɖe nya nu tso nuvɔ̃a ŋu, agblẽ nu le alẽha la ŋu, alo kuxi gã bubuwo va le eme la, hamemegãwo ƒe ha la ade dɔ asi na hamemegã eve be woadzro nya la me. Ne hamemegã siawo kpɔe be nya gãe wònye ale gbegbe be ehiã be ʋɔnudrɔ̃kɔmiti nakpɔ egbɔ la, ke ele be woagblɔ esia na hamemegãwo ƒe ha la. Emegbe hamemegãwo ƒe ha la aɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti be woakpe ɖe nuvɔ̃wɔla la ŋu. Ele be ʋɔnudrɔ̃kɔmitia nawɔ nu kplii le lɔlɔ̃ me. Ele be woadze agbagba atsɔ Ŋɔŋlɔawo aɖɔe ɖo. Ne ewɔ nu ɖe agbagba siwo ʋɔnudrɔ̃kɔmitia dze le dɔmenyo me nu la, ke woate ŋu akpɔe ɖa ne viɖe aɖe anɔ eme be womagazãe le nuƒolanɔƒea le kpekpewo me le Fiaɖuƒe Akpata me o alo ne woaɖe mɔ nɛ wòaɖo nya ŋu le kpekpewo me.
16 Ne nuvɔ̃wɔla la xɔ kpekpeɖeŋua nyuie la, hamemegã ɖeka alo eve siwo le ʋɔnudrɔ̃kɔmitia me ate ŋu aɖoe awɔ alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔwo be woatsɔ ado ŋusẽ eƒe xɔse eye woatu eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖo ɖe Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo ŋu. Wo dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔ dɔ kplii le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ɣeaɖewoɣi. Woate ŋu azã Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me nyati siwo sɔ adzro Ŋɔŋlɔawo me nya ʋee aɖewo me kplii gake manye Biblia-nusɔsrɔ̃ si woaɖo anɔ wɔwɔm edziedzi o. Beléle lɔlɔ̃tɔe alea ate ŋu ado ŋusẽ nuvɔ̃wɔla la be wòanɔ te ɖe ŋutilãmegbɔdzɔgbɔdzɔwo nu le etsɔme.
17. Afɔɖeɖe kawoe wowɔna ne nyɔnyrɔ̃xɔla si wɔ nuvɔ̃ metrɔ dzime heɖe asi le eƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo ŋu o?
17 Gake nyɔnyrɔ̃xɔla yeye si ame aɖe nye la mefia be ate ŋu ayi edzi anɔ nuvɔ̃ wɔm dzimematrɔmatrɔe o. (Hebritɔwo 10:26, 27; Yuda 4) Ne nyɔnyrɔ̃xɔla wɔnuvɔ̃ aɖe metrɔ dzime heɖe asi le eƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo ŋu o la, woaɖee le hamea me. (Korintotɔwo I, 5:6, 11-13; Tesalonikatɔwo II, 2:11, 12; Yohanes II, 9-11) Ne ehiã be woawɔ afɔɖeɖe sia la, hamemegãwo ƒe ha la aɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti. Ne woɖee le hamea me la, woaɖe gbeƒã nya kpui sia be: “Woɖe . . . le hamea me.”e
Kpe Ðe Wo Ŋu “Woade Ŋgɔgbe Ate Ðe Blibonyenye Ŋuti”
18. Nukata míate ŋu aka ɖe edzi be nu geɖe anɔ anyi ɣesiaɣi be Kristotɔ nyɔnyrɔ̃xɔla yeyewo kple ame bubuwo nasrɔ̃ le Yehowa kple eƒe lɔlɔ̃nu ŋu?
18 Mawu ƒe subɔlawo ƒe akpa gãtɔ siwo sɔ gbɔ ŋutɔ la akpɔtɔ anɔ alẽha la dome. Enye dzidzɔ hã be mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu ate ɖe mía Dziƒofofoa ŋu kplikplikpli wu elabena míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso eya kple eƒe lɔlɔ̃nu ŋu ɣesiaɣi. (Nyagblɔla 3:11; Yakobo 4:8) Edze ƒã be nu geɖe nɔ anyi si wòle be ame akpe geɖe siwo xɔ nyɔnyrɔ̃ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la nasrɔ̃. (Dɔwɔwɔwo 2:5, 37-41; 4:4) Nenema kee wònɔ le Trɔ̃subɔla siwo menya Ŋɔŋlɔawo tsã o hã gome. Le kpɔɖeŋu me, esia nye nyateƒe le amesiwo xɔ nyɔnyrɔ̃ le Paulo ƒe nuƒo megbe le Areopago si le Atene la gome. (Dɔwɔwɔwo 17:33, 34) Egbea hã nu geɖe li si wòle be nyɔnyrɔ̃xɔla yeyewo nasrɔ̃ eye wohiã ɣeyiɣi kple kpekpeɖeŋu be woado ŋusẽ woƒe tameɖoɖo kplikpaa be yewoayi edzi anɔ nusi nyo le Mawu ƒe ŋkume wɔm.—Galatiatɔwo 6:9; Tesalonikatɔwo II, 3:13.
19. Aleke woate ŋu akpe ɖe amesiwo xɔa nyɔnyrɔ̃ ŋu be ‘woade ŋgɔgbe ate ɖe blibonyenye ŋuti’?
19 Ame akpe geɖe xɔa nyɔnyrɔ̃ ƒe sia ƒe eye wohiã kpekpeɖeŋu ale be woate ŋu “[ade] ŋgɔgbe ate ɖe blibonyenye ŋuti.” (Hebritɔwo 6:1-3) Ðewohĩ àte ŋu ato wò nyagbɔgblɔ, kpɔɖeŋu, kple kpekpeɖeŋu nyui nana wo le subɔsubɔdɔa me dzi akpe ɖe wo dometɔ aɖewo ŋu be woado amenyenye yeyea eye ‘woayi edzi azɔ le nyateƒea me.’ (Yohanes III, 4; Kolosetɔwo 3:9, 10) Ne gbeƒãɖela bibie nènye la, hamemegãwo ate ŋu abia tso asiwò be nakpe ɖe haxɔsetɔ yeye aɖe ŋu le gbeadzisubɔsubɔdɔa me alo be nàdzro Ŋɔŋlɔawo me nya vevi aɖewo me kplii kwasiɖa ʋee aɖewo ale be nàdo ŋusẽ eƒe Mawu dzi xɔse, eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu, kple bubuwo. Ƒomedodo si le alẽkplɔlawo kple alẽha la dome le abe alesi vifofo xlɔ̃a nu viawo eye vidada faa tu na woe ene. (Tesalonikatɔwo I, 2:7, 8, 11) Ke hã hamemegã kple subɔsubɔdɔwɔla ʋee aɖewo mate ŋu akpɔ nusianu si hiã le hamea me gbɔ o. Mí katã míele abe ƒome si me tɔwo kpena ɖe wo nɔewo ŋu ene. Mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔ nane atsɔ akpe ɖe mía hati tadeagulawo ŋu. Ðewohĩ wò ŋutɔ àte ŋu ade dzi ƒo na ame, afa akɔ na amesiwo dzi nu te ɖo, ahaxɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo.—Tesalonikatɔwo I, 5:14, 15.
20. Nukae nàte ŋu awɔ atsɔ akaka Mawu ŋuti sidzedze eye nàlé be na alẽ siwo le Yehowa ƒe lãnyiƒe lɔlɔ̃tɔe?
20 Ameƒomea hiã Mawu ŋuti sidzedze, eye esi nènye Yehowa ƒe Ðasefo la, àte ŋu akpɔ gome le ekaka me dzidzɔtɔe. Yehowa ƒe alẽwo hiã na beléle lɔlɔ̃tɔe, eye àte ŋu awɔ akpa aɖe ana kpekpeɖeŋu lɔlɔ̃tɔe le esia gbɔ kpɔkpɔ me. Yehowa neyra ɖe miaƒe subɔsubɔdɔa dzi, eye neɖo agbagba si miadze tso dzime be miakpe ɖe alẽ siwo le eƒe lãnyiƒe ŋu la teƒe na mi.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Le Ɣeyiɣi sia me la, ame yeyea ate ŋu axɔ Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu ƒe agbalẽa.
b Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.
c Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.
d Woƒo nu tso ɖoɖo sia tɔgbe si wowɔ na gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃wo ŋu le nyati si nye “Kpekpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu be Woade Ta Agu na Mawu” si dze le Gbetakpɔxɔ June 15, 1989 me, axa 15-20.
e Ne wotso nya me be woaɖe ame le hamea me eye amea bia be woagbugbɔ nya la adrɔ̃ la, ke woaɖo asi gbeƒãɖeɖea dzi gbɔ. Kpɔ agbalẽ si nye Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta ƒe axa 147-8.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
◻ Aleke Yehowa wɔa nu ɖe eƒe alẽwo ŋui?
◻ Nukae wowɔna ne ame yeyewo di be yewoaɖe gbeƒã?
◻ Aleke haxɔsetɔwo ate ŋu akpe ɖe ame yeye siwo ŋu hiahiã tɔxɛ le ŋu?
◻ Kpekpeɖeŋu kae hamemegãwo ate ŋu ana amesiwo wɔ nuvɔ̃ gake trɔ dzime?
◻ Aleke nàte ŋu akpe ɖe nyɔnyrɔ̃xɔla yeye ŋu be ‘wòade ŋgɔgbe ate ɖe blibonyenye ŋu’?
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Wonya Charles T. Russell nyuie be enye alẽha la kplɔla si lɔ̃a ame
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Alẽkplɔla nublanuikpɔlawo wɔa nu ɖe Mawu ƒe alẽha la ŋu le lɔlɔ̃ me