INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 2/1 axa 21-26
  • Ðo Ŋu Ðe Yehowa Kple Eƒe Nya La Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðo Ŋu Ðe Yehowa Kple Eƒe Nya La Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tsri Ŋuɖoɖo Ðe Xexemenunya Ŋu
  • Tsi Tre Ðe Ðikeke ƒe Didi la Ŋu
  • Yehowa ƒe Mɔfiafia Dzi Wɔwɔ le Srɔ̃ɖeɖe Me
  • Sɔhɛwo—Mise Yehowa ƒe Nya
  • Ðe Nèwɔ Nyateƒea Tɔwòea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Mègana Ðikeke Nagblẽ Wò Xɔse Dome O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Nu Kae Kristotɔ Awɔ Be Eƒe Srɔ̃ɖeɖe Navivi?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Srɔ̃ɖegbenɔnɔ Ate Ŋu Adze Edzi Le Egbe Xexeame
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 2/1 axa 21-26

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Kple Eƒe Nya La Ŋu

“Amesiwo dze si wò ŋkɔ la, ɖoa ŋu ɖe ŋuwò.”—PSALMO 9:11.

1. Nukata kakaɖedzi agate ŋu anɔ mía si ɖe Yehowa kple eƒe Nya la ŋu kokoko le fifi ŋkekea me?

LE FIFI xexeame la, ɖewohĩ amekpekpe be woaɖo ŋu ɖe Mawu kple eƒe Nya Biblia ŋu adze nu maɖevi kple nu dzodzro. Gake Mawu ƒe nunya nye nyateƒe ɣeyiɣi didi aɖe. Ŋutsu kple nyɔnu Wɔlae nye srɔ̃ɖeɖe kple ƒome Gɔmeɖoanyila, eye enya míaƒe nuhiahiãwo wu ame bubu ɖesiaɖe. Alesi amegbetɔ ƒe nuhiahiã veviwo metrɔe o la, nenemae nuhiahiã mawo gbɔ kpɔkpɔ ƒe mɔnu veviwo hã metrɔe o. Togbɔ be ƒe alafa nanewoe nye sia si woŋlɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si me nunya le hã la, eganaa mɔfiame nyuitɔ kekeake le agbenɔnɔ kple kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ dzidzedzetɔe me. Edziwɔwɔ na wokpɔa dzidzɔ geɖe—le dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe xexe si me nu geɖe le si me míele gɔ̃ hã me!

2. (a) Ku nyui kawoe Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ tse le Yehowa ƒe amewo ƒe agbenɔnɔ me? (b) Nu bubu kawo hã ƒe ŋugbee Yehowa do na amesiwo sea eya kple eƒe Nya la ƒe gbe?

2 Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ hea viɖe nyuiwo vɛ gbesiagbe. Esia ƒe kpeɖodzi dze le Yehowa Ðasefo miliɔn nane siwo le xexeame godoo, siwo si kakaɖedzi kple dzideƒo le be wowɔa Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi la ƒe agbenɔnɔ me. Ŋuɖoɖo ɖe Wɔla la kple eƒe Nya ŋu sɔe na woawo ya. (Psalmo 9:10, 11) Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ na woɖɔ ʋu wu le dzadzɛnyenye, anukwareɖiɖi, dɔsesẽwɔwɔ, bubudede ame bubuwo ƒe agbe kple woƒe nunɔamesiwo ŋu, kple ŋuɖɔɖo le nuɖuɖu kple ahanono me la me. Ena lɔlɔ̃ kple hehexɔxɔ adodoe nɔa ƒomea me—amedzrowɔwɔ, dzigbɔɖi, nublanuikpɔkpɔ, kple tsɔtsɔke—kpakple nu bubu geɖe. Wote ŋu dze agbagba ŋutɔ ƒo asa na dzikudodo, fuléle, amewuwu, ŋubiabiã, vɔvɔ̃, kuviawɔwɔ, dada, alakpadada, ameŋugbegblẽ, agbevlonɔnɔ, kple agbegbegblẽnɔnɔ ƒe kutsetse vɔ̃ɖiawo. (Psalmo 32:10) Gake Mawu wɔa nu geɖe wu ŋugbe si wòdo na amesiwo léa eƒe sewo me ɖe asi be nu nyuiwo ado tso eme na wo. Yesu gblɔ be amesiwo zɔa Kristotɔwo ƒe mɔ dzi axɔ “teƒeɖoɖo alafa le ɣeyiɣi sia me. . . . dadawo kple viwo kple agblewo hekpe ɖe yometitiwo ŋuti, kple agbe mavɔ le xexe, si gbɔna la me.”—Marko 10:29, 30.

Tsri Ŋuɖoɖo Ðe Xexemenunya Ŋu

3. Kuxi kawoe Kristotɔwo doa goe ɣeaɖewoɣi ne woyi edzi le ŋu ɖom ɖe Yehowa kple eƒe Nya la ŋu?

3 Kuxi si le ame madeblibowo ŋue nye be woɖea Mawu ƒe nudidiwo dzi kpɔtɔna alo woŋlɔa wo be. Wova bunɛ bɔbɔe be yewonya nu wu alo be nunya si tsoa xexe sia ƒe agbalẽnyalagãwo gbɔ la kɔ wu Mawu tɔ, eye be esɔ ɖe ɣeyiɣia nu wu. Nɔnɔme sia ate ŋu age ɖe Mawu subɔlawo hã me le esi wole xexe sia me ta. Eyata esi míaƒe Dziƒofofo la nɔ mía kpem lɔlɔ̃tɔe be míase yeƒe aɖaŋuɖoɖo la, etsɔ nuxlɔ̃ame si sɔ hã kpee be: “Vinye, megaŋlɔ nye nufiame be o, eye wò dzi nedzra nye sededewo ɖo; elabena woahe agbenɔnɔ didi, ƒe nyuiwo kple ŋutifafa vɛ na wò kpaŋkpaŋ. Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò. Meganye nunyala le ɖokuiwò ŋku me o, vɔ̃ Yehowa, eye natsri vɔ̃.”—Lododowo 3:1, 2, 5-7.

4. Aleke gbegbe “xexe sia me nunya” kakae, eye nukata wònye “bometsitsi le Mawu gbɔ”?

4 Xexe sia me nunya bɔ fũ eye wotsoa teƒe geɖe. Nusrɔ̃ƒe geɖewo li eye “agbalẽ geɖe wɔwɔ mekpɔa seƒeɖo o.” (Nyagblɔla 12:12) Fifia edze abe nusi woyɔna be kɔmpiuta ƒe nyatakakanamɔnu gãtɔ ate ŋu ana nyatakaka le nya ɖesiaɖe kloe ŋu ɣesiaɣi ene. Gake nunya siawo katã ƒe anyinɔnɔ mena xexeame dze nunya wu alo kpɔa eƒe kuxiwo gbɔ o. Ke boŋ xexeame ƒe nɔnɔme gblẽna ɖe dzi gbesiagbe. Eme kɔ be Biblia gblɔ na mí be “xexe sia me nunya enye bometsitsi le Mawu gbɔ.”—Korintotɔwo I, 3:19, 20.

5. Nuxlɔ̃ame kawoe Biblia na mí le “xexe sia me nunya” ŋu?

5 Le ŋkeke mamleawo ƒe akpa susɔe sia me la, ele be míakpɔ mɔ be ameblela gãtɔ Satana Abosam aka aʋatso gbogbo aɖewo le agbagbadzedze me be womagaka ɖe Biblia ƒe nyateƒenyenye dzi o. Biblia ŋuti ɖikelawo ta nususugblɔgbalẽwo taŋtaŋ siwo tɔ gbe Biblia ƒe nyateƒenyenye kple kakaɖedzi si le eŋu. Paulo xlɔ̃ nu nɔvia Kristotɔ be: “Oo, Timoteo! Dzra nusi wode asi na wò la ɖo; gbe dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo kple aʋatsosidzedze ƒe nudadafiafia, si me ame aɖewo ʋu, eye wogatre mɔ tso xɔse la gbɔ.” (Timoteo I, 6:20, 21) Biblia gaxlɔ̃ nu be: “Mikpɔ nyuie, bena ame aɖeke nagakplɔ mi ayi aboyo to xexemenunya kple beble dzodzro me o, le amewo ƒe nuɖoanyi kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo la nu, eye menye le Kristo nu o.”—Kolosetɔwo 2:8.

Tsi Tre Ðe Ðikeke ƒe Didi la Ŋu

6. Nukata ŋudzɔnɔnɔ le vevie bene woaxe mɔ na ɖikekewo be wòagaɖo dzia me o?

6 Abosam ƒe ayemɔ fluame bubue nye ɖikeke ƒaƒã ɖe susua me. Enɔa ŋudzɔ ɣesiaɣi be yeakpɔ xɔse aɖe wòagbɔdzɔ vie ale be yeawɔ eŋudɔ ɖe mɔ gbegblẽ nu. Ele be amesiwo me ɖikeke gena ɖo naɖo ŋkui be amesi gblɔ na Xawa be: “Vavãe Mawu gblɔ bena, migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse aɖeke o mahã?” ye le megbe na ɖikeke siawo. Esi Ametekpɔla la de ɖikeke eƒe susu me ko la, nusi wògawɔe nye be eka aʋatso nɛ eye nyɔnua xɔe se. (Mose I, 3:1, 4, 5) Be míagaɖe mɔ ɖikeke nagblẽ míaƒe xɔse dome abe Xawa tɔ ene o la, ele be míanɔ ŋudzɔ. Ne ɖikeke sue aɖe di be yeatsi dzime na wò le Yehowa, eƒe Nya la, alo eƒe habɔbɔa ŋu la, ɖe afɔ kaba nàɖee ɖa hafi wòatsi azu nusi ate ŋu atsrɔ̃ wò xɔse.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 10:12.

7. Nuka woate ŋu awɔ atsɔ aɖe ɖikekewo ɖa?

7 Nukae míate ŋu awɔ? Eŋuɖoɖoe ganye be míaɖo ŋu ɖe Yehowa kple eƒe Nya la ŋu. “Ne mia dometɔ aɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ. Ke neɖe kuku le xɔse me, eye megake ɖi aɖeke o; elabena amesi le ɖi kem la, eɖi ƒutsotsoe, si ya ƒona yina gbɔna la.” (Yakobo 1:5, 6; Petro II, 3:17, 18) Eyata gbedodoɖa na Yehowa vevie ye nye afɔɖeɖe gbãtɔ. (Psalmo 62:9) Emegbe mègahe ɖe megbe le kpekpeɖeŋu biabia dzikpɔla lɔ̃ame siwo le hamea me ŋu o. (Dɔwɔwɔwo 20:28; Yakobo 5:14, 15; Yuda 22) Woakpe ɖe ŋuwò nàdi afisi wò ɖikekeawo tso, si ate ŋu atso dada alo tamebubu gbegblẽ aɖe gbɔ.

8. Aleke xɔsegbesusuwo dzea egɔmee zi geɖe, eye nukae woatsɔ akpɔ egbɔ?

8 Ðe xɔsegbesusuwo alo xexemenunya xexlẽ alo wosese de ɖikeke vɔ̃ɖiwo mewòa? Biblia xlɔ̃ nu nunyatɔe be: “Do vevie be, natsɔ ɖokuiwò afia Mawu abe ame like kple dɔwɔla, si mehiã be, ŋu nakpee o, kpakple amesi mã nyateƒenya la me pɛpɛpɛ ene. Ke si le dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo nu; elabena woayi dzi geɖe wu le mawumavɔ̃mavɔ̃ me, eye woƒe nya la keke ɖe dzi abe abi vɔ̃ ene.” (Timoteo II, 2:15-17) Anyo be míanya be ame geɖe siwo va zu xɔsegbelawo la dze egɔme le mɔ gbegblẽ nu, gbã to nyatoƒoetoto le alesi wose le wo ɖokui me be wole nu wɔm ɖe yewo ŋu le Yehowa ƒe habɔbɔa me dzi. (Yuda 16) Vodada kpɔkpɔ le dzixɔsewo ŋu kplɔe ɖo. Abe alesi amekola wɔna kaba lãa abivɔ̃ ɖae ene la, wɔ kaba nàɖe nyatoƒoetoto ƒe didi ɖesiaɖe si ana màkpɔ ŋudzedze ɖe alesi wole nuwo wɔm le Kristo-hamea me ŋu o la ɖa. (Kolosetɔwo 3:13, 14) Ðe nusianu si dea ɖikeke siawo mewò ɖa.—Marko 9:43.

9. Aleke teokrasidɔwo wɔwɔ nyuie akpe ɖe mía ŋu míanɔ lãmesẽ me le xɔse me?

9 Lé ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa ŋu goŋgoŋ. Srɔ̃ Petro nuteƒewɔwɔtɔe, amesi ɖoe kplikpaa be: “Aƒetɔ, ameka gbɔ gɔ̃ míaʋu ayi mahã? Agbe mavɔ nyawo le asiwò.” (Yohanes 6:52, 60, 66-68) Wɔ ɖoɖo nyui ɖe Yehowa ƒe Nya la sɔsrɔ̃ ŋu be wòana wò xɔse nasẽ ŋu abe akpoxɔnu gã aɖe ene si ate ŋu “atsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe atsurɔ bibiawo.” (Efesotɔwo 6:16) Do vevie Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa, eye nàgblɔ Fiaɖuƒegbedasia na ame bubuwo lɔlɔ̃tɔe. Tsɔ ŋudzedzekpɔkpɔ de ŋugble le alesi Yehowa yra wòe ŋu gbesiagbe. Da akpe be nyateƒea ŋuti sidzedze le asiwò. Ne èwɔ nusiawo katã le Kristotɔ ƒe dɔwɔna nyui me la, ana nàkpɔ dzidzɔ, nado dzi, eye ɖikekewo manɔ mewò o.—Psalmo 40:5; Filipitɔwo 3:15, 16; Hebritɔwo 6:10-12.

Yehowa ƒe Mɔfiafia Dzi Wɔwɔ le Srɔ̃ɖeɖe Me

10. Nukata wòle vevie ŋutɔ be míakpɔ Yehowa sinu na mɔfiafia le Kristotɔ ƒe srɔ̃ɖeɖe me?

10 Esi Yehowa nɔ ɖoɖo wɔm be ŋutsu kple nyɔnu naɖe wo nɔewo anɔ anyi ɖekae la, menye ɖeko wòɖo tame be woadzi ayɔ anyigba dzi le dziɖeɖi me ko o ke be wòadzi woƒe dzidzɔkpɔkpɔ hã ɖe edzi. Gake nuvɔ̃ kple blibomademade kplɔ kuxi sesẽ aɖewo de srɔ̃ɖekadodoa me. Kristotɔwo medo le nusiawo me o elabena ame madeblibowoe woawo hã wonye eye egbeŋkekea ƒe agbemenuteɖeamedziwo vaa woawo hã dzi. Gake zi alesi Kristotɔwo ɖoa ŋu ɖe Yehowa kple eƒe Nya ŋui la, woate ŋu akpɔ dzidzedze nyuie le srɔ̃ɖeɖe kple wo viwo nyinyi me. Xexemenuwɔnawo kple agbenɔnɔ mekpɔ mɔ anɔ Kristotɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖe me o. Mawu ƒe Nya xlɔ̃ nu mí be: “Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o; elabena ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo.”—Hebritɔwo 13:4.

11. Nukae wòle be srɔ̃tɔ evea siaa nade dzesii le srɔ̃ɖeɖemekuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me?

11 Lɔlɔ̃, ɖokuitsɔtsɔna, kple dedienɔnɔ nɔa srɔ̃ɖeɖe si wowɔ le Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo nu la me. Ŋutsu kple srɔ̃a siaa sea tanyenye ƒe gɔmeɖosea gɔme eye wodea bubu eŋu. Ne kuxiwo do mo ɖa la, Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo aɖe dzi mawɔmawɔ gbɔe wotsona zi geɖe. Be woakpɔ kuxi aɖe si li xoxoxo gbɔ la, ele be srɔ̃tɔ eveawo nalé ŋku ɖe nusi tututu kuxia nye ŋu anukwaretɔe eye woatɔ ŋkume afisi wòtso va tsɔ wu nusi wòhe vɛ. Ne numedzodzro si srɔ̃tɔawo wɔ nyitsɔ laa na woƒe gbe sɔ vie alo mesɔ kura o la, ke woate ŋu abia dzikpɔla lɔ̃ame aɖe be wòakpe ɖe yewo ŋu ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe.

12. (a) Srɔ̃ɖeɖemekuxi bɔbɔ kawo ŋue Biblia ɖo aɖaŋu le? (b) Nukata wòhiã be srɔ̃tɔ evea nawɔ nuwo alesi Yehowa dii?

12 Dzeɖoɖo, bubudede wo nɔewo ƒe seselelãme ŋu, bubudede tanyenye ŋu, alo alesi wowɔa nyametsotsowoe ŋue kuxia ku ɖoa? Ðeviwo nyinyi alo dadasɔ le gbɔdɔnyawo me ŋu nya yea? Alo ƒomea ƒe ganyawo, modzakaɖeɖe, hadede, ne nyɔnua awɔ dɔ alo mawɔe o, alo afisi mianɔ yea? Kuxi kae wòɖanye o Biblia na aɖaŋuɖoɖo nyuiwo to sewo dede me tẽ alo to gɔmeɖose siwo mele tẽ o dzi. (Mateo 19:4, 5, 9; Korintotɔwo I, 7:1-40; Efesotɔwo 5:21-23, 28-33; 6:1-4; Kolosetɔwo 3:18-21; Tito 2:4, 5; Petro I, 3:1-7) Ne srɔ̃tɔ eveawo tsri nubiabia ɖokuitɔdiditɔe eye wona lɔlɔ̃ wɔ dɔ bliboe le woƒe srɔ̃ɖeɖea me la, woakpɔ dzidzɔ geɖe wu. Ele be srɔ̃tɔ evea siaa nadi vevie be yewoawɔ tɔtrɔ siwo hiã, awɔ nu alesi Yehowa dii. “Amesi léa to ɖe nya ŋu la, eƒe asi sua nyui dzi; amesi ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, woayrae!”—Lododowo 16:20.

Sɔhɛwo—Mise Yehowa ƒe Nya

13. Nukata mele bɔbɔe na sɔhɛ Kristotɔwo be woatsi eye xɔse sesẽ nanɔ wo si ɖe Yehowa kple eƒe Nya la me o?

13 Mele bɔbɔe be sɔhɛ Kristotɔwo natsi ahasẽ ŋu le xɔse me esi xexe vɔ̃ɖi sia ƒo xlã wo keŋ o. Nusiwo tae ɖekae nye be “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ” Satana Abosam “me.” (Yohanes I, 5:19) Sɔhɛwo le futɔ vɔ̃ɖi sia si ate ŋu ana vɔ̃ nadze abe nyui ene ƒe amedzidzedze te. Tɔnye-ko-nenyo nuwɔnawo, ɖokuitɔdidi vevie, nu gbegblẽ kple ŋutasesẽ ƒe dzodzrowo, kple agbeɖuɖu vivivo—esiawo katãe ƒo ƒu va zu tamebubu bɔbɔ si woɖɔ le Biblia me be enye “gbɔgbɔ, si le ŋu sẽm azɔ le vi sẽtowo me” la. (Efesotɔwo 2:1-3) Satana do “gbɔgbɔ” sia ɖe ŋgɔ le sukunusrɔ̃gbalẽwo, hadzidzi siwo li dometɔ geɖe, kamedefefewo, kple modzakaɖeɖe bubu ƒomeviwo me ayetɔe. Ehiã be dzilawo nanɔ ŋudzɔ axe mɔ ɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi siawo nu to kpekpe ɖe wo viwo ŋu be woatsi aɖo ŋu ɖe Yehowa kple eƒe Nya la ŋu me.

14. Aleke sɔhɛwo ate ŋu “[asi] le ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo nu”?

14 Paulo ɖo vifofo ƒe aɖaŋu na eƒe zɔhɛ ɖekakpui Timoteo be: “Si le ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye, xɔse, lɔlɔ̃ kple ŋutifafa yome hekpe ɖe amesiwo katã yɔ Aƒetɔ la le dzi dzadzɛ me la ŋu.” (Timoteo II, 2:22) Togbɔ be menye “ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo” katãe gblẽ le wo ɖokui me o hã la, ele be sɔhɛwo ‘nasi le wo nu’ le susua nu be mele be woana nusiawo naxɔ ɣeyiɣi le wo si ale be, ne woakpɔ ɣeyiɣi hã la, ke sue aɖe ko woakpɔ ɖe mawumedɔwo ŋu o. Togbɔ be ŋutilãtutuɖo, kamedefefewo, hadzidzi, modzakaɖeɖe, modzakaɖedɔwo, kple mɔzɔzɔ megblẽ kokoko o hã la, woate ŋu anye mɔ̃ ne wova zu nu vevitɔwo wu le agbe me. Si le dzeɖoɖo ƒuƒluwo, tsaɖiɖi gbɔlowo, ɖetsɔtsɔ le gbɔdɔdɔ me tsukukutɔe, kuviawɔwɔ si ana nu nati kɔ na wò, kple nyatoƒoetoto be ye dzilawo mesea nu gɔme na ye o la nu kura.

15. Nukawoe ate ŋu adzɔ le ɣaɣlaƒe le aƒeme si ate ŋu ana sɔhɛwo nanɔ agbe eve?

15 Afɔku ate ŋu ade xa ɖi na sɔhɛwo le ɣaɣlaƒe le aƒeme gɔ̃ hã. Ne agbegbegblẽnɔnɔ alo nuvlowɔwɔ le television kple video-wɔnawo me ye wokpɔna la, ate ŋu aƒã nugbegblẽwɔwɔ ƒe didi ɖe wo me. (Yakobo 1:14, 15) Biblia xlɔ̃ nu be: “Mi amesiwo lɔ̃a Yehowa la, milé fu vɔ̃!” (Psalmo 97:10; 115:11) Ne ame aɖe te kpɔ be yeanɔ agbe eve la, Yehowa nyana. (Lododowo 15:3) Sɔhɛ Kristotɔwo, mitsa ŋku le miaƒe xɔwo me. Kamedefefewɔlawo alo hadzila nugbegblẽwɔla gãwo ƒe nɔnɔmetatawoe mieklã ɖe gliawo ŋua, alo nu vavã siwo nye ŋkuɖodzinu nyuiwoe mieklã ɖia? (Psalmo 101:3) Le miaƒe xɔ viwo me ɖe, awu ɖɔʋuwoe lia, alo ɖe miaƒe nudodo aɖewo ɖe xexe sia ƒe awudodo gbɔmewo fia? Abosam ate ŋu ato ayemɔwo dzi aɖe mi ne miena tetekpɔ be miasrɔ̃ vɔ̃ wɔwɔ ɖu mia dzi. Biblia ɖo aɖaŋu nunyatɔe be: “Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ; elabena miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene.”—Petro I, 5:8.

16. Aleke Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo ate ŋu akpe ɖe sɔhɛ ŋu be wòana amesiame nakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu?

16 Biblia gblɔ na mi be mialé ŋku ɖe miaƒe hadede ŋu. (Korintotɔwo I, 15:33) Ele be miaƒe zɔhɛwo nanye amesiwo vɔ̃a Yehowa. Migana zɔhɛwo ƒe nyaƒoɖeamenu naɖu mia dzi o. (Psalmo 56:12; Lododowo 29:25) Miɖo to mia dzila siwo vɔ̃a Mawu la. (Lododowo 6:20-22; Efesotɔwo 6:1-3) Mixɔ mɔfiafia kple dzideƒo tso hamemegãwo gbɔ. (Yesaya 32:1, 2) Miaƒe susu kple ŋku nenɔ gbɔgbɔmedzidzenuwo kple taɖodzinuwo ŋu. Midi mɔnukpɔkpɔwo miawɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me eye miakpɔ gome le hamea me dɔwo me. Misrɔ̃ alesi miatsɔ miaƒe asiwo awɔ dɔe. Mitsi, miasẽ ŋu ahanɔ lãmesẽ me le xɔse me, ekema miaɖee afia be ame vevi ŋutɔŋutɔwoe yewonye—amesiwo dze akpɔ agbe le Yehowa ƒe xexe yeyea me! Mía Dziƒofofo la ada ɖe mia dzi, mia dzila siwo le anyigba dzi akpɔ dzidzɔ ɖe mia ŋu, eye mianye dzideƒo na mia nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo. Emae le vevie!—Lododowo 4:1, 2, 7, 8.

17. Viɖe kawoe amesiwo ɖoa ŋu ɖe Yehowa kple eƒe Nya ŋu kpɔna?

17 Gbɔgbɔ ʋã hakpala la wògblɔ le hakpanya me be: “Yehowa . . . metea nu nyui amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o la o. Yehowa Zebaot, woayra amesi ɖoa ŋu ɖe ŋuwò la!” (Psalmo 84:12, 13) Ẽ, dzidzɔkpɔkpɔ kple nudzedziname, menye mɔkpɔkpɔbuɖeame kple kpododonu o, ye amesiwo katã ɖoa ŋu ɖe Yehowa kple eƒe Nya Biblia ŋu la akpɔ.—Timoteo II, 3:14, 16, 17.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ Nukata mele be Kristotɔwo naɖo ŋu ɖe “xexe sia me nunya” ŋu o?

◻ Nukae wòle be woawɔ ne ɖikekewo ɖo ame aɖe me?

◻ Aleke nuwo wɔwɔ alesi Yehowa dii hea nudzedziname kple dzidzɔkpɔkpɔ vaa srɔ̃ɖeɖe mee?

◻ Aleke Biblia kpena ɖe sɔhɛwo ŋu be “[woasi] le ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo nu”?

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Kristotɔwo trɔna ɖe Yehowa kple eƒe Nya la ŋu, eye wogbea “xexe sia me nunya” be enye bometsitsi.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Nudzedziname kple dzidzɔkpɔkpɔ geɖe nɔa ƒome siwo ɖoa ŋu ɖe Yehowa kple eƒe Nya ŋu la si

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe