INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 2/1 axa 27-31
  • Nye Agbe Me Mɔkpɔkpɔ—Be Nyemaku Akpɔ O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nye Agbe Me Mɔkpɔkpɔ—Be Nyemaku Akpɔ O
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukatae Reg Ku?
  • Biblia me Nyateƒea Xɔxɔ
  • Ðoɖowɔwɔ Ðe Gbeƒãɖeɖedɔa Ŋu
  • Aʋaŋɔli Nuteƒekpɔkpɔwo
  • Dzidodo le Xɔse ƒe Dodokpɔwo Me
  • Ŋgɔdzedze Etsɔme Kple Kakaɖedzi
  • Yehowa Hea Ame Tsɛwo Vaa Nyateƒea Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Tiatia Nyuiwo Wɔwɔ He Yayrawo Vɛ Nam Le Nye Agbemeŋkekewo Katã Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Vi Enyi Hehe Le Yehowa Ƒe Mɔwo Nu Me Kuxiwo Kple Dzidzɔwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 2/1 axa 27-31

Nye Agbe Me Mɔkpɔkpɔ—Be Nyemaku Akpɔ O

ABE ALESI HECTOR R. PRIEST GBLƆE ENE

Ðɔkta la gblɔ be: “Dɔdzẽ la manya da o. Naneke meli míagate ŋu awɔ na wò o.” Wokpɔ dɔléle ma le ŋunye ƒe ewo kple edzivɔe nye sia. Gake Biblia me mɔkpɔkpɔ gale asinye kokoko be manɔ agbe le anyigba dzi tegbee eye nyemaku akpɔ o.—Yohanes 11:26.

DZINYELAWO nye Methodisttɔ veviedonula siwo dea sɔleme ɣesiaɣi le du sue aɖe me, si medidi boo tso ƒomea ƒe agblekɔƒe gbɔ o me. Wodzim le Wairarapa ƒe agbledebali dzeani la me, si anye kilometa 130 tso Wellington ƒe anyieheɣedzeƒe le New Zealand. To siwo tame sno le, tsi zɔzrɔ̃e siwo le sisim tso toa dzi, togbɛwo, kple gbadzaƒe damawo nyea nukpɔkpɔ dodzidzɔname.

Wofia mí le Methodist-ha la me be ame nyuiwo katã ayi dziƒo gake be ame vɔ̃ɖiwo ayi dzomavɔ me, afisi woawɔ funyafunya wo le. Nyemete ŋu se egɔme nusita wòanye Mawu ƒe didi be amegbetɔwo nanɔ dziƒo evɔ metsɔ wo da ɖe afima tso gɔmedzedzea me o. Mevɔ̃a ku eye medea ŋugble zi geɖe tso nusita wòle be míaku ŋu. Afɔku gã aɖe dzɔ ɖe míaƒe ƒomea dzi le ƒe 1927 me esime mexɔ ƒe 16. Ema gbɔe wòtso be medi ŋuɖoɖo na nye biabiawo.

Nukatae Reg Ku?

Nɔvinyeŋutsu Reg va dze dɔ vevie esime wòxɔ ƒe 11. Ðɔkta la mete ŋu kpɔ ta na eƒe dɔlélea o eyata mete ŋu na kpekpeɖeŋui o. Dada yɔ Methodist-nunɔla la. Edo gbe ɖa ɖe Reg ta gake esia mena akɔfafa aɖeke Dada o. Le nyateƒe me, egblɔ na nunɔla la be viɖe mele eƒe gbedodoɖawo ŋu o.

Esi Reg ku la, Dada ƒoa nu na amesiame eye wòdzea agbagba be yeakpɔ ŋuɖoɖo vavã na yeƒe biabiawo le nusita wòle be yeviŋutsuvia naku ŋu. Esi wònɔ nu ƒom na ŋutsu asitsala aɖe le dua me la, ebia nenye be enya nane tso ame kukuwo ƒe nɔnɔme ŋu hã. Menyɛ o gake egblɔ be: “Ame aɖe gblẽ agbalẽ aɖe ɖe afisia eye àte ŋu axɔe faa.”

Dada tsɔ agbalẽa va aƒeme eye wòdze exexlẽ gɔme. Exlẽe keŋkeŋ. Ʋeʋeʋe la, eƒe nɔnɔme blibo trɔ. Egblɔ na ƒomea be, “Eyae nye sia; nyateƒe lae nye sia.” Agbalẽ lae nye The Divine Plan of the Ages, si nye Studies in the Scriptures ƒe babla gbãtɔ. Medzɔ dzi nam gbã o eye mehe nya le alesi agbalẽa ƒo nu tso Wɔla la ƒe tameɖoɖo ŋue ŋu. Mlɔeba la, nye nyaheheawo nu va tso.

Biblia me Nyateƒea Xɔxɔ

Mebu nya sia ŋu be, ‘Kpɔe ɖa be woanɔ agbe tegbee eye womaku akpɔ o!’ Esiae nye nusi woakpɔ mɔ na tso Mawu lɔlɔ̃tɔ gbɔ. Paradisonyigba! Ẽ, ele be manɔ eme.

Esi Dada srɔ̃ nyateƒe wɔnuku siawo vɔ la, eya kple nɔvinyɔnu Kristotɔ etɔ̃ bubu siwo tso Wellington—Nɔvinyɔnu Thompson, Barton, kple Jones—wozɔa mɔ ŋkeke geɖe yia didiƒe kple kpuiƒewo le dukɔa me va kakaa Fiaɖuƒea ƒe kuwo. Togbɔ be nyanyuigbɔgblɔ le duta ƒe gbɔgbɔ menɔ Papa me abe alesi wònɔ Dada me o hã la, edo alɔe le eƒe dɔa wɔwɔ me.

Mexɔ edzi se be nyateƒea enye sia, gake hena ɣeyiɣi aɖe la, nyemewɔ naneke tso nye dzixɔsewo ŋu o. Meɖe Rowena Corlett le ƒe 1935 me eye eteƒe medidi o míedzi mía vinyɔnu Enid, kple viŋutsu Barry. Lãsitsalae menye, meƒlea nyi akpe geɖe le lãnyila siwo le nutoa me gbɔ dzrana. Ne lãnyila siawo le nu ƒom tso dunyahehe ŋu la, edzɔa dzi nam ne megblɔ na wo be: “Amegbetɔwo ƒe agbagbadzedze siawo ƒe ɖeke madze edzi o. Mawu ƒe Fiaɖuƒea koe nye dziɖuɖu si akpɔ dzidzedze.”

Nublanuitɔe la, atama zazã va zu numãme nam; sigar nɔa nu nam ɣesiaɣi. Medidi o nye lãme va gblẽ eye dɔmeɖui sesẽ aɖe wɔe be woxɔm ɖe kɔdzi. Wogblɔ nam be atamanonoa wɔe be nye dɔme wɔ abi vevie. Togbɔ be meva dzudzɔ hã la, mekua drɔ̃e edziedzi be melé sigar alo atama aɖe si gbe vɔvɔ ɖe nu. Numãme vɔ̃ɖi ka gbegbee nye si atama nye!

Esi medzudzɔ atamanono vɔ la, mewɔ tɔtrɔ vevi bubu aɖewo hã. Le ƒe 1939 me esime mexɔ ƒe 28 la, mexɔ nyɔnyrɔ̃ le Mangatai Tɔsisi si te ɖe míaƒe aƒe ŋu la me le kɔƒea me. Robert Lazenby si va kpɔ gbeƒãɖeɖedɔa dzi le New Zealand zɔ mɔ tso keke Wellington va ƒo nuƒoa le míaƒe aƒeme eye wòna nyɔnyrɔ̃m. Tso ɣemaɣi la, meva zu Yehowa ƒe Ðasefo veviedonula.

Ðoɖowɔwɔ Ðe Gbeƒãɖeɖedɔa Ŋu

Le nye nyɔnyrɔ̃xɔxɔ megbe wotiam be manye dzikpɔla le Eketahuna Hamea me. Srɔ̃nye Rowena mekpɔ xɔ Biblia me nyateƒea o. Gake mena wònya be medi be makpe Alf Bryant be wòatso Pahiatua ava fiam alesi maɖi ɖase nyuie tso aƒeme yi aƒemee. Medi be mawɔ ɖoɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu eye míakpe míaƒe anyigbamamã la ɖo le ɖoɖo nu.

Rowena gblɔ be: “Hector, ne èdo yi va ɖi ɖase tso aƒeme yi aƒeme la, màtrɔ gbɔ ava tum le afisia o. Mafɔ agba adzo. Afisiae wò agbanɔamedzi le—le aƒeme kple wò ƒomea gbɔ.”

Nyemenya nusi mawɔ o. Meva dzra ɖo mlɔeba. Menɔ egblɔm le susu me be, ‘Ele be mawɔe. Nye agbe kple nye ƒomea ƒe agbe nɔ te ɖe edzi.’ Eyata mena kakaɖedzi Rowena be nyemedi be mawɔ naneke si ate ɖe edzi o. Megblɔ nɛ be melɔ̃e vevie gake Yehowa ƒe ŋkɔ kple dziɖulanyenye, kpakple mía ŋutɔwo ƒe agbe nɔ te ɖe edzi, esia tae wòle be maɖe gbeƒã le mɔ sia nu ɖo.

Mía kple Alf míeyi ʋɔtru gbãtɔ nu eye wòxɔ ŋgɔ dze nuƒoa gɔme. Gake ɖeko meva xɔ nya le enu hegblɔ na aƒemenɔla la be nusi dzɔ le Noa ƒe ŋkekea me la nye kpɔɖeŋu na nusi le edzi yim le míaƒe ŋkekea me eyata ele be míawɔ nane si ana míaka ɖe míaƒe xɔxɔ dzi. (Mateo 24:37-39) Metsɔ agbalẽvi aɖewo nɛ.

Esi míedzo yina la, Alf gblɔ be: “Afikae nèkpɔ sidzedze siawo katã le? Mehiã be nàyɔm kura o. Yi le ɖokuiwò si, eye míakpe anyigbamamã la ƒe teƒe eve ɖo.” Eyata míewɔe nenema.

Esi míetrɔ gbɔna aƒeme la, nyemenya nusi teƒe míava kpɔ o. Ewɔ nuku eye wònye dzidzɔ nam be Rowena wɔ tii da ɖi nɔ mía dzɔm. Srɔ̃nye va kpe ɖe ŋunye le gaglãgbesubɔsubɔdɔa wɔwɔ me le kwasiɖa eve megbe eye eƒe Kristotɔ ƒe dzonɔameme ɖeɖefia va zu kpɔɖeŋu nyui aɖe.

Ame gbãtɔ siwo va zu Yehowa Ðasefowo le míaƒe ƒomea me dometɔ ɖekae nye Maud Manser, viaŋutsu William, kple vianyɔnu Ruby. Maud srɔ̃ŋutsu nye amenuɖiala eye wòwɔa nu ŋutasesẽtɔe. Gbeɖeka mía kple Rowena míeyi woƒe agblekɔƒea be míava kplɔ Maud ayi gbeadzii. Ðekakpui William wɔ ɖoɖo be míazã yeƒe ʋu, gake fofoa ya ɖo nu bubu ɖe tame.

Menɔ bɔbɔe kura o. Metsɔ mía vinyɔnu sue Enid na Rowena be wòalé ɖe asi. Mege ɖe William ƒe ʋua me hekui sesĩe do tso ʋutɔɖoƒea esime Aƒetɔ Manser wɔ kaba be yeatu ʋutɔɖoƒegboa ɖe mía nu. Gake mete ŋui o. Esi mekui yi ŋgɔ vie la, míetɔ eye meɖi le ʋua me zɔ yi va do go Aƒetɔ Manser si do dziku vevie. Megblɔ nɛ be: “Míeyina gbeadzi eye Aƒenɔ Manser hã ayi kpli mí.” Meɖe kuku nɛ eye eƒe dzikua nu fa vie. Ne meɖo ŋku edzi la, mekpɔe be ɖe wòle be makpɔ nya la gbɔ le mɔ bubu nu hafi, gake emegbe eva kɔ mo ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu togbɔ be eya ŋutɔ mezu Ðasefo o hã.

Yehowa ƒe amewo mesɔ gbɔ kura le ƒe mawo me o, eye míekpɔ dzidzɔ ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla siwo va dzea míaƒe agblekɔƒea me la ƒe sasrãkpɔwo ŋu eye woƒe vava ɖea vi na mí hã vavã. Amedzro siawo dometɔ aɖewoe nye Adrian Thompson kple nɔvianyɔnu Molly, siwo katã de Gbetakpɔxɔ Gilead Biblia Suku si woɖo na dutanyanyuigblɔlawo le eƒe gɔmedzeɣi eye wosubɔ le duta le Japan kple Pakistan.

Aʋaŋɔli Nuteƒekpɔkpɔwo

Xexemeʋa II dze egɔme le September 1939 me, eye le October 1940 me la, New Zealand dziɖuɖua ɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi. Wokplɔ mía nɔvi Kristotɔ geɖe yi dukɔa ƒe ʋɔnui. Wode wo dometɔ aɖewo dɔwɔsaɖawo me eye woɖe wo le wo srɔ̃wo kple wo viwo ŋu. Togbɔ be nyiwo nɔ mía si hã la, esi aʋaa nɔ sesẽm la, menɔ eŋu bum nenye be woakplɔ nye hã ade asrafodɔ me. Ke woɖe gbeƒã be mele be woagakplɔ agbledelawo dzoe le agblewo dzi be woava wɔ asrafodɔwo azɔ̃ o.

Mía kple Rowena míeyi míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa dzi eye mía dometɔ ɖesiaɖe zãa gaƒoƒo 60 kple edzivɔ ɣleti ɖesiaɖe ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Mɔnukpɔkpɔ su asinye le ɣeyiɣi sia me mena kpekpeɖeŋu sɔhɛ Ðasefo siwo nɔ agbagba dzem be yewoalé yewoƒe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade me ɖe asi. Menɔ wo teƒe le Wellington, Palmerston North, Pahiatua, kple Masterton ʋɔnudrɔ̃ƒewo. Zi geɖe la, subɔsubɔhaŋgɔnɔla aɖe nɔa nyamedzrolawo dome eye evivia nunye be maɖe woƒe nuwɔna si to vovo na Kristotɔwo tɔ si nye alesi wode aʋawɔwɔa dzii la ɖe go.—Yohanes I, 3:10-12.

Le zã aɖe me esi mía kple Rowena míenɔ Gbetakpɔxɔ srɔ̃m la, adzamekpovitɔwo va do ɖe mía dzi. Woka nuwo me eye wokpɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo le míaƒe aƒea me. Wogblɔ na mí be: “Miate ŋu ayi gaxɔ me ɖe esia ta.” Esime adzamekpovitɔawo ge ɖe woƒe ʋu me be yewoadzo la, wokpɔe be ʋua mete ŋu wòazɔ o le esi nane gblẽ le etɔnua ŋu ta. William Manser va dzra ʋua ɖo na wo eye tso ema dzi míegase ŋutsuawo ŋkɔ o.

Míetsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɣlana ɖe agblexɔ aɖe me le míaƒe agblea ƒe teƒe tsoabo aɖe le ɣeyiɣi si me woɖo asi dɔa dzi. Meyia New Zealand ƒe alɔdzedɔwɔƒe le zã titina va lɔa agbalẽwo dea nye ʋua. Ekema metsɔnɛ yia aƒeme hedzranɛ ɖo ɖe teƒe tsoabo la. Esi meɖo alɔdzedɔwɔƒea le zã aɖe me be matsɔ agba ɣaɣlawo la, ɖeko wosi akaɖiwo ɖe dzinye! Kpovitɔawo do ɣli be: “Míelé wò!” Gake nukutɔe la, woɖe asi le ŋunye be mayi nyaʋiʋli aɖeke manɔmee.

Mía kple Rowena míedzra agblea le ƒe 1949 me eye míeɖoe be míawɔ mɔɖeɖedɔa vaseɖe esime míaƒe ga navɔ. Míeʋu yi aƒe aɖe me le Masterton eye míewɔ mɔɖeɖedɔa le Masterton Hamea me. Le ƒe eve megbe woɖo Featherston Hamea si me gbeƒãɖela 24 nɔ, eye wotiam menye zimenɔla. Emegbe le ƒe 1953 me la, mekpɔ mɔnu zɔ mɔ yi United States va de Yehowa Ðasefowo ƒe ŋkeke enyi ƒe dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le Yankee Stadium le New York City. Rowena mete ŋu yi kplim o le esi wòhiã be wòalé be na mía vinyɔnu Enid si ƒe susu ŋu nane gblẽ le si wɔe be wòzu wɔametɔ ta.

Eva hiã be madi dɔ awɔ esi metrɔ gbɔ va New Zealand. Míegatrɔ yi Masterton Hamea me, afisi wotiam zimenɔlae le. Ɣemaɣie William Manser ƒle Fefewɔƒe Sue si le Masterton eye esia va zu Fiaɖuƒe Akpata gbãtɔ le Wairarapa. Le ƒe 1950-awo me la, míaƒe hamea kpɔ ŋgɔyiyi nyuie le gbɔgbɔ me eye wòdzi ɖe edzi. Eyata ne nutome sue dzikpɔla srã mí kpɔ la, edea dzi ƒo na amesiwo wɔ ŋgɔyiyi la be woayi dukɔa ƒe akpa bubuwo ava na kpekpeɖeŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me le teƒe mawo, eye ame geɖe wɔ ɖe esia dzi.

Míaƒe ƒomea tsi Masterton, eye le ƒe geɖe siwo kplɔe ɖo me la, menye ɖeko mɔnukpɔkpɔ geɖe va su asinye le hamea me ko o ke edzɔ dzi nam be mexɔ dɔdasiwo le takpekpewo me le dukɔa me kple le dukɔ bubuwo hã me. Rowena kpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me dzonɔamemetɔe eye wòkpena ɖe ame bubuwo hã ŋu ɣesiaɣi be woawɔ nenema.

Dzidodo le Xɔse ƒe Dodokpɔwo Me

Abe alesi megblɔe le gɔmedzedzea me ene la, wokpɔe le ƒe 1985 me be mexɔ dɔdzẽ si manya da o. Enye mía kple srɔ̃nye wɔnuteƒe Rowena, kpakple mía viwo ƒe didi vevie be míanɔ ame miliɔn geɖe siwo maku akpɔ o la dome! Gake ɖɔktawo ɖe asi le ŋunye be mayi aɖaku le aƒeme. Gake do ŋgɔ la, wobia nusi mebu tso dɔlélea ŋu lam.

Meɖo eŋu be: “Mayi ava ɖe dzi ɖi eye malé mɔkpɔkpɔ me ɖe asi.” Vavãe, Biblia ƒe lododo va zu nusi lém ɖe te: “Dzi si kpɔ dziɖeɖi nye agbe na ŋutilã la.”—Lododowo 14:30, NW.

Dɔdzẽŋutinunyalawo kafu Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo ma. Wogblɔ be: “Nukpɔsusu mae nye dɔyɔyɔa ƒe akpa 90 le alafa me na dɔdzẽlélawo.” Wogblɔ hã be anyo be woazã keklẽŋusẽ ƒe dɔdada kwasiɖa adre. Dzidzɔtɔe la, mete ŋu kpɔ dɔyɔyɔ na dɔdzẽ la mlɔeba.

Afɔku gã aɖe va dzɔ ɖe dzinye le ɣeyiɣi sesẽ sia me. Ʋu ɖuɖu ɖe srɔ̃nye dzetugbe wɔnuteƒe la ƒe susu me eye wòku. Mekpɔ akɔfafa tso nuteƒewɔla siwo ƒe kpɔɖeŋu woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me kple le alesi Yehowa kpɔ woƒe kuxiwo gbɔe na wo esi wolé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la me. Esia wɔe be nye mɔkpɔkpɔ na xexeme yeye la sẽ ɖe edzi—Romatɔwo 15:4.

Gake meva lé blanui eye meɖoe be maɖe asi le hamemegãnyenye ŋu. Nɔvi siwo le mía gbɔ de dzi ƒo nam vaseɖe esime ŋusẽ gaɖo ŋunye be mayi edzi. Esia wɔe be le ƒe 57 siwo va yi me la, mesubɔ madzudzɔmadzudzɔe abe Kristotɔ hamemegã kple dzikpɔla ene.

Ŋgɔdzedze Etsɔme Kple Kakaɖedzi

Yehowa subɔsubɔ le ƒe siawo katã me nye mɔnukpɔkpɔ manyagblɔ aɖe nam. Mekpɔ yayra geɖe ale gbegbe! Ewɔ abe nyitsɔ laa koe wònye ene esime menye ƒe-16-vi eye mese danye gblɔ be: “Eyae nye sia; nyateƒe lae nye sia!” Danye yi edzi nye Ðasefo nuteƒewɔla kple veviedonula vaseɖe eƒe kuɣi le ƒe 1979 me, esime wòxɔ ƒe 100 kple edzivɔ. Vianyɔnu kple viaŋutsu ade hã va zu Ðasefo nuteƒewɔlawo.

Nye didi vevie enye be manɔ agbe akpɔe woakɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu tso vlodoamewo katã me. Ðe nye asi asu nye agbe me mɔkpɔkpɔ be nyemaku akpɔ o la dzia? Ema ya, míegbɔna ekpɔ ge. Gake meka ɖe edzi be ame geɖe, ẽ, ame miliɔn geɖe akpɔ yayra ma mlɔeba. Eyata zi alesi mele agbe la, malé mɔkpɔkpɔa me ɖe asi be manɔ amesiwo maku akpɔ o la dome.—Yohanes 11:26.

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Danye

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Mía kple srɔ̃nye kple ɖeviawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe