Ŋutasesẽ Ðeɖeɖa Tegbee—Alekee?
BE WOATSI ŋutasesẽ ƒe dzidziɖedzi nu la, United States ƒe dugã aɖewo te susu yeye aɖe si wodo ɖa la kpɔ—amewo natrɔ woƒe tuwo vɛ axɔ ga alo nuzazãwo ɖe eteƒe nya aɖeke mabiamabia woe. Nukae do tso eme? Le kpɔɖeŋu me, dugã si nye St. Louis zã ga $341,000 tsɔ xɔ tu 8,500 le amewo sii. Woxɔ tu siwo wu akpe ɖeka le ɖoɖo sia tɔgbe si wowɔ le New York Dugã me.
Ŋusẽ kae esiawo katã kpɔ ɖe nuvlowɔwɔ dzi? Nublanuitɔe la, sue aɖe koe. Tu tsɔtsɔ wu amee de dzi bobobo wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe le St. Louis le ƒe si kplɔe ɖo me. Tu siwo wosusu be ade miliɔn eve gakpɔtɔ le ame gbɔlowo si le New York Dugã me. Tu siwo ade miliɔn 200 le ame gbɔlowo si le United States, si ade ɖe ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi ɖesiaɖe kloe nu. Le dukɔ bubuwo me la, tu zazã le ŋutasẽnuwɔnawo me le dzidzim ɖe edzi wu gbɔgblɔ. The Economist gblɔ be: “Le 1983 kple 1993 dome la, agɔdzedze ŋuti nuŋlɔɖi siwo kpovitɔwo wɔ si me wozã tuwo le la dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve kloe ɖo 14,000” le Britania. Togbɔ be amewunuwɔnawo ɖiɖi va anyi me ne wotsɔe sɔ kple afi bubuwo tɔ hã la, amewunu si mele be wòanɔ ame si o siwo ade miliɔn ɖeka la le dukɔ ma me.
Nyateƒee, ne xexlẽme dziŋɔ mawo aɖiɖi vie la anye ŋgɔyiyi nyui aɖe. Gake ƒã hafi afɔɖeɖe abe esiwo ŋu nya míegblɔ ɖe etame ene la wɔa dɔ le nusiwo koŋ hea ŋutasesẽ vɛ la ŋu. Nukawoe henɛ vanɛ? Wogblɔ nu geɖe, gake wo dometɔ ʋee aɖewo koŋ ye henɛ vɛ. Ƒomewo ƒe kemalimali kple agbenyuinɔnɔ ŋuti mɔfiame manamanae na be sɔhɛ geɖe va ge ɖe nuvlowɔhawo me be yewoase le wo ɖokui me be wotsɔ ɖe le eme na yewo. Viɖe gãwo kpɔkpɔ ƒe dzodzro na ame geɖe trɔ ɖe ŋutasesẽ ŋu. Numadzɔmadzɔwɔwɔ na ame geɖe toa ŋutasẽnuwɔnawo dzi be yewoatsɔ akpɔ nyaawo gbɔ. Dukɔmevinyenye kple ŋutigbalẽ ƒe amadede ƒe dada alo ame ƒe ɖoƒe le agbe me wɔnɛ be amewo ŋea aɖaba ƒua ame bubuwo ƒe fukpekpewo dzi. Esiawo nye nusiwo ƒo ke ɖe to ale gbegbe be wo gbɔ kpɔkpɔ mele bɔbɔe o.
Nukae Woate Ŋu Awɔ?
Kpovitɔ geɖe, gaxɔmenɔnɔ ŋuti se sesẽwo, tu ŋuti sewo, ku tsɔtsɔ he toe na ame—wodo mɔnu siawo katã ɖa kpɔ hete wo kpɔ be woatsɔ atsi nuvlowɔwɔ kple ŋutasesẽ nui. Wokpɔ dzidzedze le mɔ vovovowo nu, gake nyateƒenya wɔnublanui lae nye be ŋutasesẽ gakpɔtɔ le mía dome. Nukatae? Elabena emetsonuawo gbɔ koe mɔnu siawo kpɔna.
Le go bubu me la, eŋutinunyala aɖewo susui be nufiafia amewo tso eŋu koe ate ŋu aɖe ŋutasesẽ ɖa. Togbɔ be nukpɔsusu sia sɔ hã la, ele be míade dzesii be menye dukɔ siwo me nusɔsrɔ̃ ƒe mɔnukpɔkpɔwo mele o ko mee ŋutasẽnuwɔnawo le o. Le nyateƒe me la, edze abe dukɔ siwo me ŋutasẽnuwɔnawo bɔ ɖo lae agbalẽnyanya de ŋgɔ le wu. Mesesẽ be woakpɔe dzesii be menye nusi hiãe nye nufiame ko o ke boŋ nufiame nyuitɔ ye. Ka tɔgbee wòanye? Ðe ame aɖe li si ate ŋu afia nu amewo be woanye ŋutifafalɔ̃lawo kple ame dzɔdzɔewoa?
“Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la. Ðe wònye ɖe nèɖo to nye seawo la, anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.” (Yesaya 48:17, 18, Míawoe te gbe ɖe edzi.) Aleke Yehowa Mawu fiaa nu amewo be woanye ŋutifafalɔ̃lawo kple ame dzɔdzɔewoe? To eƒe Nya Biblia la koŋ dzie.
Ŋusẽ si Le Mawu ƒe Nya la Ŋu
Menye blemagliwo kple nyagbɔgblɔ siwo zu tsigãdzinu kpakple esiwo ŋu viɖe mele o ye Biblia la nye kura o. Emenyawo nye gɔmeɖose kple nukpɔsusu siwo tso ameƒomea Wɔla si nya amegbetɔ ƒe nɔnɔme wu amesiame le eƒe nukpɔkpɔ si kɔ wu ɖesiaɖe nu la gbɔ. Yehowa Mawu gblɔ be: “Alesi dziƒo kɔ boo wu anyigbae la, nenema nye mɔwo kɔ wu miaƒe mɔwo kple nye susuwo wu miaƒe susuwoe.”—Yesaya 55:9.
Susu sia tae apostolo Paulo ɖi ɖase be: “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nuevee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la.” (Hebritɔwo 4:12) Nyateƒee, ŋusẽ le Mawu ƒe Nya la ŋu be wòage ɖe ame ƒe dzi me aɖo eƒe dzi gbɔ eye wòatrɔ eƒe tamesusu kple agbenɔnɔ. Ðe menye nusiae hiã egbea ne woatsɔ atrɔ amewo ƒe ŋutasẽnuwɔnawoe oa?
Yehowa Ðasefo siwo ƒe xexlẽme ade miliɔn atɔ̃ le anyigba siwo wu 230 dzi la nye kpeɖodzi sẽŋu si li be ŋusẽ le Mawu ƒe Nya ŋu be wòaɖɔ amewo ƒe agbenɔnɔ ɖo wòanyo wu vavã. Wonye amesiwo tso dukɔ, gbegbɔgblɔ, kple ameƒomevi ɖesiaɖe me. Wonye amesiwo si ɖoƒe vovovo le eye woto hadomegbenɔnɔ ɖesiaɖe ƒomevi me kpɔ. Wo dometɔ aɖewo nɔ ŋutasesẽgbe kple esi me afɔku le tsã. Gake le esi teƒe be woaɖe mɔ nusiawo nana dɔmedzoedodo, kewɔwɔ, vovototo dede ame nɔewo dome, kple fuléle nanɔ wo dome la, wosrɔ̃ alesi woaɖu mɔxenu siawo dzi eye wonye ŋutifafalɔ̃lawo kple amesiwo wɔ ɖeka le xexeame godoo. Nukae na esia va eme?
Dɔwɔna si Ðea Ŋutasesẽ Ða
Yehowa Ðasefowo tsɔ wo ɖokui na be yewoakpe ɖe amewo ŋu be Mawu ƒe tameɖoɖo si wòɖe fia le eƒe Nya Biblia me la ƒe sidzedze vavã nasu wo si. Le xexeame ƒe dzogoe ɖesiaɖe me la, wole amesiwo le didim be yewoasrɔ̃ Yehowa ƒe mɔwo eye wòafia nu yewo la dim. Woƒe agbagbadzedzewo le ku tsem. Nufiafiadɔ sia me tsonu enye be nyagblɔɖi wɔnuku aɖe le eme vam.
Anɔ abe ƒe 2,700 ene va yi la, gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Yesaya wòŋlɔ ɖi be: “Ava me le ŋkeke mlɔeawo me be, . . . dukɔ geɖewo atso agblɔ bena: Mina míayi Yehowa ƒe to la, Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia nu mí le eƒe mɔwo ŋu, eye míazɔ eƒe toƒewo.”—Yesaya 2:2, 3.
Yehowa ƒe nufiafia ame kple eƒe mɔwo dzi zɔzɔ ate ŋu ahe tɔtrɔ wɔnukuwo ava amewo ƒe agbenɔnɔ me. Wogblɔ tɔtrɔ mawo dometɔ ɖeka ɖi le nyagblɔɖi ma ke me be: “Woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.” (Yesaya 2:4) Ame geɖe xlẽ ŋɔŋlɔ sia kpɔ. Le nyateƒe me la, woɖe kpukpui sia ɖe Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Takpeƒe ƒe gli ŋu le New York Dugã me. Eɖoa ŋku nusi Dukɔ Ƒoƒuawo ɖo be yewoawɔ gake wodo kpoe la dzi na ame. Menye amegbetɔ ƒe dunyahehabɔbɔ aɖekee aɖe aʋawɔwɔ kple ŋutasesẽ sia ɖa o. Nusi Yehowa Mawu ɖeɖeko ate ŋu awɔe wònye. Aleke wòana esia nava emee?
Edze ƒã be menye amesiamee awɔ ɖe yɔyɔ si nye be ‘woayi ɖe Yehowa ƒe to la gbɔ’ eye ‘wòafia nu wo le eƒe mɔwo ŋu’ eye ‘woazɔ eƒe toƒewo’ la dzi o; eye menye wo katã hãe alɔ̃ “[atsɔ] woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe” o. Nukae Yehowa awɔ tso ame mawo ŋu? Maʋu mɔnukpɔkpɔa da ɖi ɖaa alo anɔ wo lalam be woatrɔ o. Ne Yehowa aɖe ŋutasesẽ ɖa la, aɖe amesiwo yia woƒe ŋutasẽnuwɔnawo wɔwɔ dzi la hã ɖa.
Nusɔsrɔ̃ Vevi Aɖe
Nusi Mawu wɔ le Noa ƒe ŋkekea me la nye nufiame si me nuxlɔ̃ame le na mí egbea. Biblia ƒe nuŋlɔɖia ɖe xexeme si ƒomevi nɔ anyi le ɣemaɣi la fia be: “Xexeame gblẽ le Mawu ƒe ŋku me, eye nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi.” Le esia ta la, Mawu gblɔ na Noa be: “Ŋutilãwo katã ƒe nuwuwu ɖo azɔ, elabena woƒe nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi; kpɔ ɖa, matsrɔ̃ wo kple anyigba siaa.”—Mose I, 6:11, 13.
Ele be míade dzesi nya vevi aɖe. Esime Mawu he Tsiɖɔɖɔ va dzidzime ma dzi la, ekpɔ Noa kple eƒe ƒomea ta. Nukatae? Biblia ɖo eŋu be: “Noa enye ame dzɔdzɔe kple ame maɖifɔ le eŋɔlimetɔwo dome, eye Noa zɔ kple Mawu.” (Mose I, 6:9; 7:1) Togbɔ be mefia kokoko be amesiamee nye ŋutasẽla ɣemaɣi o hã la, Noa kple eƒe ƒomea koe “zɔ kple Mawu.” Ema tae wotsi agbe esi wotsrɔ̃ xexeme sẽŋuta ma.
Esi míekpɔe be ‘ŋutasesẽ gale anyigba la dzi xɔm’ la, míate ŋu aka ɖe edzi be meɣla ɖe Mawu o. Abe alesi wòwɔe le Noa ƒe ŋkekea me ene la, nenema ke wòagawɔe kpuie eye wòaɖe ŋutasesẽ ɖa—aɖee ɖa tegbee. Gake akpɔ amesiwo le alesi ‘woazɔ kple Mawu’ la srɔ̃m fifia, amesiwo le wɔwɔm ɖe eƒe ŋutifafa ƒe nufiafiadɔ gã la dzi la ta.
Yehowa gblɔ kakaɖedzinya sia to hakpala la dzi be: “Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, eye ne èɖe ŋku ɖe eteƒe la, màgakpɔe o. Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:10, 11.
Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoasrɔ̃ Biblia la kpli wò be wò hã nakpe ɖe amesiwo le gbɔgblɔm be: “Mina míayi Yehowa ƒe to la, Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia nu mí le eƒe mɔwo ŋu, eye míazɔ eƒe toƒewo” la ŋu. (Yesaya 2:3) Ne èwɔe alea la, àte ŋu anɔ amesiwo akpɔe be woɖe vɔ̃ɖinyenye kple ŋutasesẽ ɖa la dome. ‘Dzi adzɔ wò ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.’
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 5]
Reuters/Bettmann